Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Vavãa?

“Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Vavãa?

“Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Vavãa?

NUDZƆDZƆ aɖewo siwo ma ɖe hatsotso eve mee akpe ɖe mía ŋu míade dzesi ɣeyiɣi si Biblia yɔ be ŋkeke mamlɛawo. Gbã la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ nudzɔdzɔ aɖewo, siwo adzɔ le “xexeame ƒe nuwuwu” la, ŋu nyawo ɖii. (Mateo 24:3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo anye tɔtrɔ siwo ava amewo ƒe agbenɔnɔ me le “ŋkeke mamlɛawo” me la hã ŋu.—Timoteo II, 3:1.

Xexeame nudzɔdzɔwo kple amewo ƒe agbenɔnɔ ɖee fia be míele ŋkeke mamlɛawo me, eye be eteƒe madidi o Mawufiaɖuƒea ahe yayra mavɔwo vɛ na amesiwo lɔ̃a Mawu. Mina míadzro nu etɔ̃ aɖewo, siwo Yesu gblɔ be woadzɔ le ŋkeke mamlɛawo me, me gbã.

“Fuɖuame ƒe Gɔmedzedze”

Yesu gblɔ be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame . . . kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo. Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” (Mateo 24:7, 8) Mina míadzro “nenem nusiawo” me ɖekaɖeka.

Ame gbogbo aɖewo ku le aʋawɔwɔ kple gbevovodolawo dome nyaʋiʋliwo me le ƒe alafa 20 lia si va yi la me. Agbalẽnyala siwo le Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Habɔbɔ me ƒe nuŋlɔɖi aɖe ka nya ta be: “Amesiwo ku le aʋawɔwɔ me, le ƒe alafa [20 lia] ɖeɖe dzaa ko me, la sɔ gbɔ wu amesiwo katã ku le aʋawɔwɔ me tso ƒe alafa gbãtɔ M. Ŋ. me vaseɖe ƒe 1899 [si nye ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu] me la, zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ.” Jonathan Glover gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Humanity—A Moral History of the Twentieth Century me be: “Akɔnta si wobu ku ɖe nusiwo dzɔ tso ƒe 1900 me vaseɖe ƒe 1989 me ŋu ɖee fia be ame miliɔn 86 ye ku le aʋawɔwɔ me. . . . Ame agbɔsɔsɔme si ku le ƒe alafa blavelia ƒe aʋawɔwɔwo me la wɔ nuku ale gbegbe. Esi wònye be xexemeʋa eveawo mee amesiawo dometɔ miliɔn 58 sɔŋ ku le ta la, manya wɔ be woanya ame xexlẽme si ku le ƒe ɖesiaɖe me la pɛpɛpɛ o. Gake ne woama ame kukuawo ƒe xexlẽme ɖe ƒe 90 mawo nu le mama dedie nu la, ekema ame 2,500 kloe ye kuna le aʋa me gbesiagbe, si fia be ame 100 kple edzivɔwo kuna gaƒoƒo ɖeka ɖesiaɖe tsia ɖe enu.” Wò ya bu nuxaxa kple vevesese si gbegbe esia anye na ame kukuawo ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo la ŋu kpɔ.

Togbɔ be wodea agble gagagãwo le xexeame hã la, woyɔ dɔwuame hã de ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesiawo dome. Numekulawo gblɔ be le ƒe 30 siwo va yi me la, alesi wokeke agblewo ɖe enu le xexeame godoo la na be nuɖuɖu dzi ɖe edzi wu alesi amewo dzi ɖe edzii. Ke hã, dɔ to le xexeame ƒe akpa aɖewo le esi ame geɖe mekpɔ anyigba ade agble o, alo le esi ga mele wo si woaƒle nuɖuɖu si asu wo o ta. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, Amerika dɔlar ɖeka alo esi mede nenema o nue ame biliɔn 1, miliɔn 200 (1,200,000,000) sɔŋ nɔa agbe ɖo gbesiagbe. Dɔ wua amesiawo dometɔ miliɔn 780 kloe gbesiagbe. Le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nya nu la, nu nyui maɖumaɖu nana ɖevi miliɔn atɔ̃ kple edzivɔ kuna ƒe sia ƒe.

Ke anyigbaʋuʋu siwo ŋu nya wogblɔ ɖi ya ɖe? Anyigbaŋutinunya Numekuƒe si le Amerika ka nya ta be tso ƒe 1990 dzaa ko me la, anyigbaʋuʋu siwo te ŋu nana aƒewo ƒe akpa aɖe gbãna 17 ye dzɔna ƒe sia ƒe le mama dedie nu. Anyigbaʋuʋu siwo nu sẽna ale gbegbe be wote ŋu gbãna aƒewo gudugudu la dzɔna zi ɖeka ya teti ƒe sia ƒe le mama dedie nu. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe hã gblɔ be: “Anyigbaʋuʋu ɖe ame akpe gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖa le ƒe 100 siwo va yi me.” Susu siwo ta wòle alea ɖo la dometɔ ɖekae nye be tso ƒe 1914 me la, amewo va le agbɔ sɔm ɖe nuto siwo me anyigba ate ŋu aʋuʋu le me.

Nudzɔdzɔ Ðedzesi Bubuwo

Yesu gblɔ be: “Dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Wowɔ ŋgɔyiyi le atikewɔwɔ me egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Ke hã, dɔléle siwo li xoxoxo kple bubu siwo le totom fifia gakpɔtɔ le nu gblẽm le ameƒomea ŋu vevie. Numekuhabɔbɔ aɖe si le Amerika gblɔ be: “Tso ƒe 1973 me ke la, dɔléle ƒomevi 20 aɖewo koŋue—siwo dometɔ aɖewoe nye yɔmekpe, asrã, kple koléra—le kakam ɖe xexeame ƒe teƒe geɖe hele ame geɖe wum, evɔ atike siwo wokpɔ na wo la nu mesẽ ada wo keŋkeŋ o. Tso ƒe 1973 ma ke me la, wova de dzesi dɔlékui 30 aɖewo siwo menɔ anyi tsã o, eye womele atike aɖeke kura gɔ̃ hã kpɔm na o. Dɔlékui siawo dometɔ aɖewoe hea dɔléle siwo nye AIDS (ɖikanakudɔ), Ebola (ʋuɖuɖuleameŋudɔ), aklãdɔ, kple Nipah (gbɔgbɔtsixetsiameƒo) vɛ.” Nyatakaka si Red Cross (Croix Rouge) habɔbɔa na le June 28, 2000, dzi ɖee fia be amesiwo dɔxɔleameŋuwo wu la sɔ gbɔ, zi gbɔ zi 160 sɔŋ, wu amesiwo ku le dzɔdzɔmefɔkuwo me, le ƒe 1999 me.

Ŋkeke mamlɛawo me nudzɔdzɔ ɖedzesi bubue nye “nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ.” (Mateo 24:12) Le xexeame ƒe teƒe geɖewo egbea la, amewo medoa go le woƒe aƒeme ʋɔ matumatui o, eye wovɔ̃na le mɔwo dzi le zã me. Ke alesi sedzimawɔmawɔ na be amewo ƒoa ɖi ya, tsi, kple anyigbaa ya ɖe? Esia hã nye Biblia me nyagblɔɖi ƒe me vava. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi si dzi ‘wòatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la’ ŋu.—Nyaɖeɖefia 11:18.

Amewo ƒe Nɔnɔme le Ŋkeke Mamlɛawo Me

Taflatse, ʋu wò Biblia eye nàxlẽ Timoteo II, 3:1-5. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.” Emegbe eyɔ nɔnɔme vovovo 20 siwo anɔ mawumavɔ̃lawo si. Ðe nède dzesi nɔnɔme siawo dometɔ aɖe le amesiwo le miaƒe nutoa me la ŋua? Se nya siwo wogblɔ nyitsɔ laa tso amesiwo le xexeame egbea ŋu la ɖa.

“Ðokuilɔ̃lawo.” (Timoteo II, 3:2) England nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Ðokuitɔdidi va bɔ egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. [Amewo] le wo ɖokuiwo wɔm mawuwoe hedi be amewo nanɔ yewo subɔm.”—Financial Times.

“Galɔ̃lawo.” (Timoteo II, 3:2) Indonesia nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Ŋutilãmenuwo yometiti vivivo va xɔ ɖe agbe tsɛ nɔnɔ ƒe gbɔgbɔ teƒe. Ne kesinɔnuwo mebɔ ɖe asiwò o la, ekema womabu wò ɖe nemi gɔ̃ hã me le hadome o.”—Jakarta Post.

“Ame maɖoto dzilawo.” (Timoteo II, 3:2) Amerika magazine aɖe gblɔ be: “Ewɔa nuku na dzilawo be woakpɔ wo vi si xɔ ƒe ene wòanɔ gbe ɖem na yewo abe Fia ene alo, wovi si xɔ ƒe enyi wòado ɣli agblɔ be ‘Migaɖe fu nam o!’”—American Educator.

‘Ame mawɔnuteƒewo.’ (Timoteo II, 3:2) Amerika magazine aɖe hã gblɔ be: “Ðewohĩ alesi ŋutsuwo sina dzona le wo srɔ̃wo kple wo viwo gbɔ lae nye tɔtrɔ gãtɔ kekeake si va agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenuwo me le [ƒe 40 siwo va yi me].”—Wilson Quarterly.

“Amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (Timoteo II, 3:3) Amerika magazine bubu hã gblɔ be: “Ŋutasesẽ le ƒometɔwo ŋue nye nusi va bɔ wu le dukɔ geɖe me le xexeame godoo egbea.”—Journal of the American Medical Association.

“Amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o.” (Timoteo II, 3:3) Thailand nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Nya geɖe siwo dzena le nyadzɔdzɔgbalẽwo me ŋdi sia ŋdi la ɖee fia be ame ɖokui dzi maɖumaɖu, eɖoɖo koŋ ada le agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenuwo dzi, kpakple nublanui makpɔmakpɔ na ame havi kple na ame ɖokui gɔ̃ hã va bɔ ale gbegbe. . . . Ne wometsi nusiawo nu o la, ke eteƒe madidi o, agbenyuinɔnɔ ayi to keŋkeŋ.”—Bangkok Post.

“Ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:3) South Africa nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Dziku dodo madzemadzee alo dɔmedzoe dodo helĩhelĩ bɔ le ʋukulawo dome le mɔwo dzi, le ƒometɔwo dome le aƒeme, . . . kple [le] anyrãwɔwɔ manyatalenu, siwo hea ku vɛ zi geɖe la, me. Esi wònye be menɔa ŋuɖoɖo me na amewo be woawɔ anyrã le yewo ŋu o ta la, wotsina dzodzodzoe, ne wole amewo dome gɔ̃ hã, eye womesena le wo ɖokui me be yewole dedie o.”—Business Day.

“Amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:4) Internet dzi magazine aɖe gblɔ be: “Agbegbegblẽnɔnɔ dodo ɖe ŋgɔ va zu aʋa woho ɖe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu.”—Boundless.

“Amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.” (Timoteo II, 3:5) Amerika nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “[Nyɔnu aɖe si wɔ gbolo kpɔ le Netherlands] lɔ̃ ɖe edzi be amesiwo gbena be dziɖuɖua negaɖe mɔ ɖe [gbolowɔwɔ] ŋu o la dometɔ akpa gãtɔ nye subɔsubɔha aɖe me tɔwo. Etɔ vie heko alɔgbɔnu gblɔ be esime yenye gbolo la, amesiwo vaa ye gbɔ edziedzi wu la dometɔ gbogbo aɖewo nye [subɔsubɔha] ŋgɔnɔlawo. Egblɔ kpee be ‘gbolowo gblɔna ɣesiaɣi be sɔlemedelawoe nye yewoƒe asisi nyuitɔ kekeakewo,’ eye wògako nu ake.”—National Catholic Reporter.

Aleke Etsɔme Anɔ?

Abe alesi Biblia gblɔe ɖii ene la, xexeame yɔ fũ kple xaxawo egbea. Ke hã, woƒo nu tso nu nyui aɖe hã ŋu le nyagblɔɖi siwo ku ɖe [Kristo] ƒe anyinɔnɔ kple xexeame ƒe nuwuwu ƒe dzesi ŋu la me. Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:3, 14) Wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒeŋutinya nyui sia le dukɔ siwo wu 230 me. Ame miliɔn ade kple edzivɔ, siwo “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” lae le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ sia wɔm dzonɔamemetɔe. (Nyaɖeɖefia 7:9) Nukawoe le dodom tso woƒe veviedodo le dɔ sia wɔwɔ me la me? Eyae nye si: Anyigbadzinɔlawo katã kloe te ŋu le nusi Fiaɖuƒea nye, nusiwo wòava wɔ, kple alesi míawɔ axɔ eƒe yayrawo la ŋuti gbedasia sem. Ẽ, ‘sidzedze vavãtɔ le dzidzim ɖe edzi le nuwuɣi sia me.’—Daniel 12:4.

Ele be nàdze agbagba be sidzedze sia nasu asiwò. Bu nusi adzɔ ne woɖe gbeƒã nyanyuia ɖo afisi Yehowa di be wòaɖo la vɔ megbe ŋu kpɔ. Yesu gblɔ be: “Ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Ɣeyiɣia ade na Mawu be wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigbaa dzi. Lododowo 2:22 gblɔ be: “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” Ke Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ya ɖe? Woatsɔ wo aƒu gbe ɖe aʋli me, bene woagable dukɔwo azɔ o. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) ‘Nuteƒewɔlawo kple ame maɖifɔwo asusɔ’ ɖe anyigba la dzi. Eye woaxɔ Fiaɖuƒea ƒe yayra geɖewo.—Lododowo 2:21; Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Nukae Nàte Ŋu Awɔ?

Màte ŋu ake ɖi nya sia kura o be: Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ. Amesiwo ŋena aɖaba ƒua ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesiawo dzi la manɔ dzadzraɖo ɖi hafi nuwuwua nava o, eye woatsi eme. (Mateo 24:37-39; Tesalonikatɔwo I, 5:2) Eyata Yesu gblɔ na amesiwo nɔ eƒe nyawo sem la be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.”—Luka 21:34-36.

Amesiwo anɔ tenɔnɔ nyuie me le Yesu, Amegbetɔvi la, ŋkume koe atsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Aleke gbegbe wòle vevie nye si be míawɔ ɣeyiɣi si susɔ la ŋudɔ atsɔ anɔ nusiwo ana be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la wɔmee! Yesu gblɔ le gbedodoɖa aɖe me na Mawu be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Eyata nunya le eme ŋutɔ be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa Mawu kple eƒe nudidiwo ŋu. Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me alɔ̃ faa akpe ɖe ŋuwò nànya nusi nye Biblia ƒe nufiafia. Míele dzi dem ƒo na wò lɔlɔ̃tɔe be nàbia kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ, alo be nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

ŊKEKE MAMLƐAWO ƑE DZESIWO

NUDZƆDZƆ GÃWO:

▪ Aʋawɔwɔwo.—Mateo 24:6, 7.

▪ Dɔwuame.—Mateo 24:7.

▪ Anyigbaʋuʋuwo.—Mateo 24:7.

▪ Dɔvɔ̃wo.—Luka 21:11.

▪ Sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi.—Mateo 24:12.

▪ Anyigba la gbegblẽ.—Nyaɖeɖefia 11:18.

AMEWO:

▪ Ðokuilɔ̃lawo.—Timoteo II, 3:2.

▪ Galɔ̃lawo.—Timoteo II, 3:2.

▪ Dadalawo.—Timoteo II, 3:2.

▪ Ame maɖoto dzilawo.—Timoteo II, 3:2.

▪ Ame madakpewo.—Timoteo II, 3:2.

▪ Ame mawɔnuteƒewo.—Timoteo II, 3:2.

▪ Amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.—Timoteo II, 3:3.

▪ Amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o.—Timoteo II, 3:3.

▪ Ame wɔadãwo. —Timoteo II, 3:3.

▪ Amesiwo lɔ̃a agbeɖuɖu.—Timoteo II, 3:4.

▪ Alakpanuwo wɔwɔ le mawusubɔsubɔ me.—Timoteo II, 3:5.

MAWUSUBƆLA VAVÃWO:

▪ Ƒe sidzedze dzi ɖe edzi.—Daniel 12:4.

▪ Le gbeƒã ɖem nyanyuia le xexeame godoo.—Mateo 24:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

UNITED NATIONS/Photo by F. GRIFFING