Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣekaɣie Nye “Ŋkeke Mamlɛawo”?

Ɣekaɣie Nye “Ŋkeke Mamlɛawo”?

Ɣekaɣie Nye “Ŋkeke Mamlɛawo”?

ÐE NÈBIA ɖokuiwò kpɔ be aleke etsɔme ava nɔ na ye kple yeƒe ame veviwoe mahã? Ame geɖe kea to ɖe nyadzɔdzɔwo ŋu alo kea ŋku ɖe wo me be yewoanya alesi xexeame ƒe nudzɔdzɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzii. Gake toɖoɖo Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me nana míesea nuwo gɔme nyuie. Nusita wòle alea ɖoe nye be Biblia gblɔ nusiwo le dzɔdzɔm le anyigba dzi fifia kple esiwo ava dzɔ le etsɔme siaa ŋu nyawo ɖi xoxoxo.

Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, egblɔ nya geɖe tso Mawufiaɖuƒea ŋu. (Luka 4:43) Esɔ be amesiwo nɔ eƒe nyawo sem la di be yewoanya ɣeyiɣi si me Fiaɖuƒe wɔnuku ma ava. Eyata esime wòsusɔ ŋkeke etɔ̃ ne woawu Yesu madzemadzee la, eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Ka enye wò vava la [le fiaɖuƒe ŋusẽ me] kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” (Mateo 24:3) Yesu na wonya be Yehowa ɖeka hɔ̃ koe nya ɣeyiɣi si tututu dzi Fiaɖuƒea ate anyigbaa dzi ɖuɖu bliboe. (Mateo 24:36; Marko 13:32) Ke hã, Yesu Kristo ŋutɔ kple ame bubuwo gblɔ nudzɔdzɔ aɖewo, siwo aɖee fia be yele dzi ɖum le Fiaɖuƒeŋusẽ me la, ŋu nya ɖi.

Hafi míadzro dzesi siwo le dzedzem ŋutɔŋutɔ siwo ɖee fia be míele fifi nuɖoanyia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me me la, mína míalé ŋku ɖe nane si dzɔ le dziƒo la ŋu kpuie. (Timoteo II, 3:1) Yesu Kristo zu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me. * (Daniel 7:13, 14) Esi Yesu nya xɔ Fiaɖuƒeŋusẽ teti ko la, eɖe afɔ aɖe. Biblia gblɔ na mí be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la.” (Nyaɖeɖefia 12:7) Yesu Kristo si zu Fia le dziƒo lae nye “Mixael, mawudɔla gã la.” * (Yuda 9; Tesalonikatɔwo I, 4:16) Ʋɔ driba lae nye Satana Abosam. Nukae do tso aʋawɔwɔ sia me na Satana kple mawudɔla vɔ̃ɖi, siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃, siwo dze eyome la? Woɖu wo dzi le aʋa la me, eye wotsɔ wo “ƒu gbe,” alo nyã wo tso dziƒo, ɖo ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:9) Eyata “dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me,” siwo nye mawudɔla wɔnuteƒewo la, kpɔ dzidzɔ. Amegbetɔwo ya mekpɔ dzidzɔ ma tɔgbe o. Biblia gblɔe ɖi be: “Baba na anyigba . . . elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:12.

Esɔ be wodo baba na anyigba, elabena Satana he fukpekpe kple nuteɖeamedzi geɖe va anyigbadzinɔlawo dzi le eƒe dzikua ta. Ke hã, “vovoɣi vi aɖe” koe wòkpɔ hena esia wɔwɔ. Vovoɣi siae Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo.” Míate ŋu akpɔ dzidzɔ be Abosam ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe anyigbaa dzi nu ayi kpuie. Gake kpeɖodzi kae li be míele ŋkeke mamlɛawo me vavã?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

[Picture Credit Lines on page 2]

COVER: Foreground: © Chris Stowers/​Panos Pictures; background: FAROOQ NAEEM/​AFP/​Getty Images