Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”

“Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”

“Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”

PSALMO 119 lia nye ha aɖe si me ekpala la ɖe alesi wòsena le eɖokui me ɖe Mawu ƒe gbedasi, alo nya, si tso gbɔgbɔ me ŋu fia le. Hakpala la dzi ha be: ‘Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me.’ ‘Nye dzeme akɔ ɖe wò ɖoɖowo ŋu.’ ‘Wò afiatsotsowo yome didi ɣesiaɣi na nye luʋɔ gbã gudugudu.’ ‘Wò ŋkuɖodzinyawo nye nye dzidzɔ.’ ‘Kpɔ ɖa, wò sewo le dzroyem.’ ‘Nye dzeme akɔ ɖe wò se siwo melɔ̃na la ŋu.’ ‘Made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.’ Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.’—Psalmo 119:11, 16, 20, 24, 40, 47, 48, 97.

Ŋudzedze ka gbegbee nye si hakpala la kpɔ ɖe Mawu ƒe Nya ŋu! Ðe nèsena le ɖokuiwò me nenema ɖe gbedasi si le Mawu ƒe Nya, Biblia, me ŋua? Ðe nàdi be wòanɔ ye hã dzrom vevie nenema? Ekema ehiã be nàna Biblia xexlẽ edziedzi, alo exexlẽ gbesiagbe kura gɔ̃ hã, nazu numame na wò gbã. Yesu Kristo gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Emegbe la, ele be nàde ŋugble le nusi nèxlẽ la ŋu. Ŋugble dede le nyateƒe siwo ku ɖe Mawu, eƒe nɔnɔmewo, eƒe lɔlɔ̃nu, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu akpe ɖe ŋuwò be alesi nèdea asixɔxɔ Biblia ŋu nagadzi ɖe edzi. (Psalmo 143:5) Eye dze agbagba nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le eme la dzi gbesiagbe.—Luka 11:28; Yohanes 13:17.

Aleke ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia ƒe nyawo ŋu aɖe vi na wòe? Psalmo 119:2 gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo wɔa Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi.’ Ŋkuɖodzinya siwo le Biblia me la akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbemekuxiwo nu dzidzedzetɔe. (Psalmo 1:1-3) Nunya, gɔmesese, kple nugɔmesese asu asiwò eye woakpe ɖe ŋuwò be ‘nàte wò afɔ ɖe megbe tso toƒe vɔ̃ɖiwo katã gbɔ.’ (Psalmo 119:98-101) Mawu kple eƒe tameɖoɖo na anyigba ŋuti nyateƒea nyanya ana viɖe nava nɔ wò agbe ŋu wu, eye wòana nànɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe.—Yesaya 45:18; Yohanes 17:3; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yehowa Ðasefowo di vevie be yewoakpe ɖe amewo ŋu bene woanya Biblia nyuie wu eye woalɔ̃ gbedasi si le eme la. Míetsɔ dzidzɔ le biabiam tso asiwò be nàna woava srã wò akpɔ.