Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee

Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee

Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee

AME akpa gãtɔ siwo le subɔsubɔha vovovowo me le xexeame kpɔa mɔ be yewoava nɔ agbe tegbee le mɔ aɖe nu. Togbɔ be alesi subɔsubɔha ɖesiaɖe ɖea nya sia mee to vovo hã la, mɔkpɔkpɔ ɖeka ŋu koe wo katã woƒoa nu tsoe, si nye agbe nɔnɔ dzidzɔtɔe le nɔnɔme deamedziwo me tegbee. Ðe wò hã màdii nenema oa? Nukatae ame geɖe xɔ agbe mavɔ ƒe nyaa dzi se nenema gbegbe ɖo? Ðe agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ava eme gbaɖegbea?

Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Wɔla la ŋutɔe tsɔ agbe tegbee nɔnɔ ƒe didia de amegbetɔ ƒe dzi me tso gɔmedzedzea me ke, tso esime wòwɔ atsu kple asi gbãtɔ. Biblia gblɔ be: “[Mawu] de mavɔmavɔ dzi me na wo.”—Nyagblɔla 3:11.

Gake hafi atsu kple asi gbãtɔa nanɔ agbe tegbee abe alesi Mawu dee dzi me na wo ene la, ele be woalɔ̃ ɖe edzi be Mawue atso nya me le nyuie kple vɔ̃ ŋu na yewo. Ne ɖe wowɔe nenema la, anye ne Yehowa ana woanɔ ‘agbe tegbee’ le Eden-bɔ, si nye teƒe si wòdzra ɖo na wo, la me hafi.—Mose I, 2:8; 3:22.

Wobu Agbe Tegbee Nɔnɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔa

Biblia me nuŋlɔɖia ɖee fia be Mawu na “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la” mie ɖe abɔa me, eye wòde se na Adam kple Xawa be woagaɖu eƒe tsetse o bene woagaku o. (Mose I, 2:9, 17) Adam kple Xawa aɖee afia Mawu be yewolɔ̃ be wòanye yewoƒe dziɖula ne womeɖu atikutsetse ma o. Ke ne woɖui la, afia be womelɔ̃ ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi o. Adam kple Xawa meɖo to Yehowa ƒe mɔfiamewo o, ke boŋ wowɔ ɖeka kple Satana, amesi nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu. Eyata Mawu tso nya me wòsɔ nyuie be, Adam kple Xawa megadze anɔ agbe tegbee o.— Mose I, 3:1-6.

Agbe kple ku, alo agbe nɔnɔ kple agbe manɔmanɔ, ye nye nu eve siwo Mawu tsɔ ɖo wo ŋkume. Woƒe tomaɖomaɖoa me tsonu koe nye ku, alo woƒe agbe manɔmanɔ kuraa. Adam kple Xawa, alo woƒe dzidzimevi aɖeke, mete ŋu nɔ agbe tegbee to akunyawɔwɔ mɔnu aɖe dzi loo alo to luʋɔ makumaku dzi o. *

Aglãdzedze siae na Adam ƒe dzidzimeviwo katã le fu kpem. Apostolo Paulo ƒo nu tso emetsonuawo ŋu. Eŋlɔ bena: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12.

Wogaʋu Agbe Tegbee Nɔnɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔa Ake

Apostolo Paulo tsɔ nɔnɔme si me Adam ƒe dzidzimeviwo le la sɔ kple nɔnɔme si me ƒe alafa gbãtɔa me kluviwo nɔ. Le nuvɔ̃ si ƒe dome Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo nyi ta la, tso gbesigbe wodzi wo ko la, wozu ‘nuvɔ̃ ƒe kluvi’ siwo ava ku godoo. (Romatɔwo 5:12; 6:16, 17) Ne ɖe Yehowa mewɔ naneke tsɔ ɖe wo tso kluvinyenye sia me o la, anye ne womate ŋu ado le eme gbeɖe o. Paulo gblɔ be: “Alesi to vodada ɖeka [si Adam wɔ] me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke to nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka me agbe ƒe afiatsotsoname hã va amewo katã dzi.” “Nu dzɔdzɔe wɔwɔ” mae nye Yesu ƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔ hena “fexexe ɖe amewo katã ta.” Yehowa kpɔe be esɔ le se nu be yeanɔ te ɖe tafea dzi aɖe ameƒomea tso “fɔbubu” ƒe “ʋɔnudɔdrɔ̃ la” me.—Romatɔwo 5:16, 18, 19; Timoteo I, 2:5, 6.

Le susu sia ta la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu ake ɖe nusi ana ame nanɔ agbe tegbee la ŋu le ame ƒe domenyiŋusẽfianu me gbeɖe o—menye afimae kuxia le o. Biblia ɖee fia be menye ŋutilãmekuxi aɖekee nana míekuna o, ke boŋ kuxia ku ɖe agbenɔnɔ kple senyawo ŋu. Eyata nusi aʋu agbe mavɔ ƒe mɔa, si nye Yesu ƒe tafe vɔsa la, hã lɔ senyawo ɖe eme. Tafea ganye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple amenuveve hã ɖeɖefia. Ke amekawoe tafea aɖe vi na ale be woanɔ agbe tegbee?

Makumakunyenye ƒe Nunana La

Yehowa Mawu li “tso mavɔ me yi mavɔ me.” Mate ŋu aku o. (Psalmo 90:2) Ame gbãtɔ si Yehowa tsɔ makumakunyenye sia nae nye Yesu Kristo. Apostolo Paulo ɖe eme be: “Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpɔ o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o.” (Romatɔwo 6:9) Esi Paulo ƒo nu tso Yesu, si wofɔ ɖe tsitre, ŋu be megale kuku ge akpɔ o la, enɔ eɖem fia be vovototo gã aɖe le Yesu kple dziɖula siwo le anyigba dzi la dome. Yesu anɔ anyi “yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Hebritɔwo 7:15-17, 23-25; Timoteo I, 6:15, 16.

Menye Yesu ɖeka koe axɔ makumakunyenye ƒe nunana la o. Tsitretsitsi si ƒomevi su Yesu si la kee asu Kristotɔ siwo wotia hetsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na, be woaɖu fia le ŋutikɔkɔe me le dziƒo la hã si. (Romatɔwo 6:5) Apostolo Yohanes ɖee fia be ame 144,000 sie mɔnukpɔkpɔ sia asu. (Nyaɖeɖefia 14:1) Ẽ, woawo hã woaxɔ makumakunyenye. Paulo gblɔ tso amesiawo ƒe tsitretsitsia ŋu be: ‘Ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi Mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽe, eye míawo la woatrɔ míaƒe nɔnɔme. Elabena ele be, nu gbegblẽ sia nado magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia nado makumaku.’ Ku magakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe amesiwo akpɔ gome le tsitretsitsi sia tɔgbe me la dzi o.—Korintotɔwo I, 15:50-53; Nyaɖeɖefia 20:6.

Nyateƒee, ɖeɖefia sia si tso Mawu gbɔ la ɖe dzesi ŋutɔ. Togbɔ be mawudɔlawo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo hã la, makumakunyenye sia mesu woawo ya si o. Nusi ɖo kpe nya sia dzie nye nyateƒenya si wònye be woava tsrɔ̃ gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo dometɔ siwo wɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedzea me la. (Mateo 25:41) Yesu ƒe hatidziɖulawo ya axɔ makumakunyenye ƒe nunana la, si nye kpeɖodzi be Yehowa ka ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ dzi bliboe.

Ðe esia fia be ame 144,000 siwo le ʋɛ ŋutɔ ne wotsɔ woƒe xexlẽmea sɔ kple ame biliɔn geɖe siwo nɔ agbe kpɔ la koe anɔ agbe tegbeea? Kpao. Nukatae? Na míakpɔe ɖa.

Agbe Tegbee Nɔnɔ le Paradisonyigba Dzi

Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso ameha gã manyaxlẽ aɖe si si mɔnukpɔkpɔ asu be woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi la ŋu. To vovo na ameha sia la, woafɔ ame aɖewo siwo ku la hã ɖe tsitre le lãmesẽ blibo me. (Nyaɖeɖefia 7:9; 20:12, 13; 21:3, 4) Wokplɔ wo yi “agbetsitɔsisi aɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu . . . ƒe fiazikpui me” la gbɔ. ‘Agbetiwo’ le tɔsisia ƒe goawo kple eve dzi. “Atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.” Azɔ Yehowa le amewo kpem lɔlɔ̃tɔe be: “Amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.”—Nyaɖeɖefia 22:1, 2, 17.

Menye agbe didi nɔnɔ ƒe atike alo sɔhɛmenɔnɔ ɖaa ƒe tsidzɔƒe, si agbediditikedilawo kple duyeyedilawo nɔ didim vevie ƒe alafa gbogbowo enye esia, ye atiawo kple tɔsisia nye o. Ke boŋ wotsi tre ɖi na ɖoɖo si Mawu wɔ to Yesu Kristo dzi be yeana amegbetɔwo nagava nɔ agbe le blibodede me tegbee abe alesi wònɔ le gɔmedzedzea me la ene.

Tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be amegbetɔ toɖolawo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la metrɔ o. Tameɖoɖo ma ava eme, elabena Yehowa mekaa aʋatso o. Psalmo 37:29 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Ŋugbedodo sia ʋãa mí amesiwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi kple amesiwo woana makumakunyenye le dziƒo la siaa be woagblɔ be: “[Yehowa] Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! [Yehowa], amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe.”—Nyaɖeɖefia 15:3, 4.

Àdi be agbe mavɔ ƒe nunana xɔasi sia nasu ye hã sia? Ekema ele be nàɖo to “dukɔwo dzi Fia la” ahawɔ nuteƒe nɛ. Ehiã be nàsrɔ̃ nu tso Yehowa kple Yesu Kristo, amesi dzi wòato ana agbe mavɔ mí la, ŋu. “Agbe mavɔ” ƒe nunana la asu amesiwo katã awɔ ɖe nyui kple vɔ̃ ƒe nudidi siwo Mawu ɖo anyi la dzi si.—Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Taflatse, àte ŋu akpɔ luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la ŋuti numeɖeɖe tsitotsito le agbalẽ gbadza si nye Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, si Yehowa Ðasefowo ta, me.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nusi Dim Wole Vevie tso Gbaɖegbe Ke

Mesopotamiatɔwo ƒe blemaŋutinyagbalẽ aɖe (Epic of Gilgamesh), si woŋlɔ le ƒe 2000-awo D.M.Ŋ. me la, ƒo nu tso kalẽtɔ aɖewo siwo nɔ sɔhɛmenɔnɔ ɖaa dim la ŋu. Blema Egiptetɔwo nɔa atike sim na ame kukuwo be woagagblẽ o, le esi wosusui be ameawo ƒe luʋɔ meku o, eye be luʋɔ siawo agava ɖo ŋutilã kukuawo me ake la ta. Esi Egiptetɔwo susui vodadatɔe be ame kukuawo gale agbe le afi aɖe ta la, wotsɔa nusiwo katã wosusu be ame kukua ahiã le afima la dea yɔdo aɖewo me.

Tso keke ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. lɔƒo me ke la, Chinatɔ agbediditikedilawo xɔe se be amegbetɔ ate ŋu anɔ agbe tegbee; eye le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me la, wosusui be asia anya wɔ to akunyawɔwɔ dzi. Europatɔ kple Arabiatɔ agbediditikedila siwo nɔ anyi le titinaɣeyiɣiwo me dze agbagba ɖa atike aɖewo heno be yewoanɔ agbe didi. Aɖi aɖewo, siwo ate ŋu awu ame, nɔ atike siawo dometɔ aɖewo me. Wo dometɔ gbogbo aɖewo gɔ̃ hã anya ku le atike siawo nono ta.

Ɣeaɖeɣi va yi la, glitoto aɖe hã va bɔ ku ɖe Sɔhɛmenɔnɔ Ðaa ƒe Tsidzɔƒe aɖe ŋu. Wogblɔ be amesiame si ano tsidzɔƒe sia ƒe tsi la, maku amegã alo nyagã o.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Agbe Tegbee Nɔnɔ—Ðe Wòati Amea?

Ame aɖewo gblɔna be agbe tegbee nɔnɔ ava ti ame, be ɖeko wòanɔ abe “gomekpɔkpɔ le modzakaɖeɖe aɖe si me vivisese aɖeke mele o tsɔ yi ɖaa” ene. Ðewohĩ amesiawo le esusum be agbe tegbee nɔnɔ afia agbe nɔnɔ le nɔnɔme manyatalenu siwo me míele fifia, siwo ti ame geɖe ŋutɔ la, me tegbee. Ke hã, Mawu do ŋugbe be, le Paradiso si yeaɖo anyi me la, “dzi adzɔ [amegbetɔwo] ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Mɔnukpɔkpɔ asu amegbetɔwo si le Paradisoa me be woava nya nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu nyuie wu, ahakpɔ vovo ɖe aɖaŋu nyui ƒomevi ɖesiaɖe tutuɖo ŋu, kple ɖe nusɔsrɔ̃ kple dɔwɔna siwo ŋu míekua drɔ̃e le egbea la ŋu.

Ðr. Aubrey de Grey, amesi nye agbedidiŋutinumekula le Cambridge Yunivɛsiti gblɔ be: “Egbea, agbea metina amesiwo de suku kɔkɔ eye wokpɔe be ɣeyiɣi geɖe le ŋgɔ yewoate ŋu atsɔ awɔ nusiwo yewosrɔ̃ ŋudɔ lae o, eye mevana susu me na wo be ate ŋu ava dzɔ be yewomagate ŋu ava wɔ nu yeye siwo yewodi be yewoawɔ la o.” Ke hã, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la na míenya be “amegbetɔ manya mɔnu le nusiwo Mawu vavã wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.”—Nyagblɔla 3:11.