Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Amegbetɔwo Le Agbe Tegbee Nɔnɔ Dimee

Alesi Amegbetɔwo Le Agbe Tegbee Nɔnɔ Dimee

Alesi Amegbetɔwo Le Agbe Tegbee Nɔnɔ Dimee

AGBE tegbee nɔnɔ dzroa amegbetɔwo tso gbaɖegbe ke. Ke hã, didi sia meva eme na wo kpɔ o—ame aɖeke meke ɖe alesi woawɔ aɖu ku dzi ŋu o. Gake nyitsɔ laa la, atikeŋutinunyalawo gagbugbɔ dzo de mɔkpɔkpɔ si nɔ wo si be anya wɔ be yewoana amegbetɔ ƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi sasasã wu alesi wòle fifia la me. Wò ya se numekuku vovovo siwo wɔm dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le le go sia me la ŋu nya aɖewo ɖa.

Nugbagbeŋutinunyalawo le asi trɔm le nunyiame tɔxɛ aɖe si le amegbetɔ ƒe lãme, si woyɔna be telomerase, ŋu bene wòana be lãmenugbagbevi siwo nana míenɔa agbe la nayi edzi anɔ dzidzim ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nyae be ŋutilã te ŋu dzina lãmenugbagbevi yeyewo wova xɔna ɖe esiwo ku la teƒe. Le nyateƒe me la, nu geɖe le amegbetɔ ƒe lãme siwo nɔa wo ɖokuiwo ɖɔlim le amea ƒe agbenɔɣi me. Le numekulawo ƒe susu nu la, ne liɖɔɖɔ sia ate ŋu anɔ edzi yim ɖaa la, “amegbetɔ ate ŋu anɔ agbe ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ, alo anɔ agbe tegbee gɔ̃ hã.”

Dɔyɔɖaŋuŋutinunyalawo gblɔna be yewoate ŋu ato numekuku ƒomevi aɖe dzi azã dɔnɔ aɖe ƒe lãmenugbagbeviwo atsɔ awɔ aklã, ayiku, alo dzi bubu si sɔ bliboe ahade nɛ. Ke hã, amewo kea ɖi le nya sia ŋu vevie.

Numekula bubu aɖewo hã gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava si me ɖɔktawo ato lãmenugbagbevi aɖewo vɛ, siwo woado na amewo be woatsrɔ̃ kansa dɔlékuiwo kple dɔlékui vɔ̃ɖi bubuwo ɖa le ameawo ƒe lãme. Ame aɖewo xɔe se be dɔyɔɖaŋu sia kple esi me wodea domenyiŋusẽfianu bubu lãmenugbagbeviwo me le, ava na wòanya wɔ be amegbetɔ nanɔ agbe tegbee.

Amesiwo si nukpɔsusua le be woate ŋu ava kpɔ atike atsɔ agbɔ agbe ame kukuwo la, dzraa ame kuku aɖewo ɖo bene woagagblẽ o. Woƒe susue nye be yewoadzra ame kuku siawo ɖo halase esime woava to atikewɔɖaŋu aɖewo vɛ, siwo akpe ɖe ɖɔktawo ŋu be woate ŋu ada dɔ ɖesiaɖe, aɖe amegãkuku ɖa, ahagbɔ agbe ame kukuwo bene woava nɔ lãmesẽ blibo me. Amerikatɔwo ƒe magazine aɖe ɖɔ nuwɔna sia be enye “egbegbe nuwɔna si ɖi alesi blema Egiptetɔwo dzraa ame kukuwo ɖoe be woagagblẽ o la tɔ.”—American Journal of Geriatric Psychiatry.

Alesi amegbetɔwo le agbe tegbee nɔnɔ dim atraɖii tae wòsesẽna na wo be woalɔ̃ ɖe edzi be ku nye ame ƒe agbe ƒe nuwuwu ɖo. Ðe amegbetɔwo ate ŋu ava nɔ agbe tegbee gbaɖegbea? Nukae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.