Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Mɔ Na Yehowa, Eye Nàlé Dzi Ðe Ƒo

Kpɔ Mɔ Na Yehowa, Eye Nàlé Dzi Ðe Ƒo

Kpɔ Mɔ Na Yehowa, Eye Nàlé Dzi Ðe Ƒo

“Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo! Ẽ, kpɔ mɔ na Yehowa!”—PSALMO 27:14.

1. Aleke gbegbee mɔkpɔkpɔ le vevie, eye gɔmesese ka nue wozãa nyagbe sia le Ŋɔŋlɔawo me le?

MƆKPƆKPƆ vavãtɔ le abe akaɖi si le keklẽm nyuie ene. Ekpena ɖe mía ŋu míekpɔa nu yia ŋgɔ wu nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele la hetsɔa dzinɔameƒo kple dzidzɔ ɖoa ta etsɔmee. Yehowa koe ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ vavã mí, eye ewɔna esia toa Nya si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ɖi la dzi. (Timoteo II, 3:16) Le nyateƒe me la, nya siwo nye “mɔkpɔkpɔ,” “kpɔ mɔ,” kple “le mɔ kpɔm,” dze zi gbɔ zi 160 kple edzivɔwo le Biblia me eye wòfia mɔ kpɔkpɔ na nu nyui aɖe vevie kakaɖedzitɔe, kple susu si tae wole mɔ kpɔm nɛ nenema ɖo la. * Mɔkpɔkpɔ sia de ŋgɔ wu nudzroame ko, si ŋuti kakaɖedzi aɖeke mele be nua ava su ame si gbaɖekegbe o.

2. Akpa kae mɔkpɔkpɔ wɔ le Yesu ƒe agbe me?

2 Esime Yesu ɖo tetekpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo me la, eƒe nuŋububu de ŋgɔ wu kuxiawo eye wòkpɔ mɔ na Yehowa. “[Edo] dzi kpe fuwɔameti ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.” (Hebritɔwo 12:2) Esi wònye alesi woava kɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple Eƒe ŋkɔ ŋu lae nɔ vevie na Yesu ta la, meɖe asi le eƒe toɖoɖo Mawu ŋu o, metsɔ le nusianu si esia agblẽ le eya ŋutɔ ŋu me o.

3. Akpa kae mɔkpɔkpɔ wɔna le Mawu subɔlawo ƒe agbe me?

3 Fia Dawid gblɔ ƒomedodo si le mɔkpɔkpɔ kple dzinɔameƒo dome la ale: “Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! Ẽ, kpɔ mɔ na Yehowa!” (Psalmo 27:14) Ne míedi be míalé dzi ɖe ƒo la, mele be míaŋlɔ nusiwo míele mɔ kpɔm na la be gbeɖe o, ke boŋ wòanɔ míaƒe susu kple dzi me ɣesiaɣi. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be míawo hã míaɖe dzinɔameƒo kple dzonɔameme si nɔ Yesu si la tɔgbe afia le dɔ si wòde asi na eƒe nusrɔ̃lawo la wɔwɔ me. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Le nyateƒe me la, woyɔa mɔkpɔkpɔ kpena ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ ŋu, si fia be eya hã nye Mawu subɔlawo ƒe nɔnɔme vevi aɖe.—Korintotɔwo I, 13:13.

Ðe wò ‘Mɔkpɔkpɔ Sɔ Gbɔ Fũa’?

4. Nukae Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ kpɔa mɔ na vevie?

4 Etsɔme nyui aɖe li na Mawu ƒe amewo. Kristotɔ amesiaminawo le mɔ kpɔm vevie be yewoava subɔ kple Kristo le dziƒo, eye ‘alẽ bubuawo’ ya ƒe mɔkpɔkpɔe nye be ‘woava ɖe yewo tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe Mawuvi anyigbadzinɔlawo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.’ (Yohanes 10:16; Romatɔwo 8:19-21; Filipitɔwo 3:20) “Ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe” sia nye ɖeɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple nuxaxa siwo kpe ɖe eŋu la me. Le nyateƒe me la, Yehowa—amesi nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala la—mate nusia esubɔla wɔnuteƒewo o.—Yakobo 1:17; Yesaya 25:8.

5. Alekee míawɔ míaƒe ‘mɔkpɔkpɔ nasɔ gbɔ fũ’?

5 Akpa vevi kae wòle be Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa nawɔ le míaƒe agbe me? Romatɔwo 15:13 gblɔ be: ‘Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã ayɔ mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.’ Ẽ, míate ŋu atsɔ mɔkpɔkpɔ asɔ kple alesi ɣe dzena le ŋdime ale be xexeame kɔna nyuie eye wònana dzidzeme, dzidzɔ, tameɖoɖo, kple dzinɔameƒo ame la. De dzesii be ne míexɔ Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la dzi se hexɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ko hafi míaƒe ‘mɔkpɔkpɔ asɔ gbɔ fũ’. Romatɔwo 15:4 gblɔ be: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” Eyata bia ɖokuiwò be: ‘Ðe metoa Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple exexlẽ gbesiagbe me nana mɔkpɔkpɔ si le asinye la me gasẽna ɖe edzia? Ðe medoa gbe ɖa edziedzi biana Mawu ƒe gbɔgbɔa?’—Luka 11:13.

6. Be míaƒe mɔkpɔkpɔ me nasẽ la, nuka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo?

6 Míaƒe kpɔɖeŋuɖola Yesu kpɔ ŋusẽdodo geɖe tso Mawu ƒe Nya la me. Ne míesrɔ̃ eyama nyuie la, ‘ɖeɖi mate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.’ (Hebritɔwo 12:3) Míate ŋu agblɔe wòasɔ be ne míaƒe susu kple dzi megava le nusi Mawu be míanɔ mɔ kpɔm na dzi o alo ne nu bubuwo—eɖanye ŋutilãmenuwo loo alo xexeame ƒe taɖodzinuwo o—va le vevie na mí wu la, nu ati kɔ na mí le gbɔgbɔ me, si awɔe be míagbɔdzɔ eye dzi maganɔ míaƒo míatsɔ anɔ agbe nyui nɔmee o. Ne edzɔ alea la, ‘míaƒe xɔse’ ate ŋu ‘agbã abe alesi meli gbãna ene’ gɔ̃ hã. (Timoteo I, 1:19) Gake mɔkpɔkpɔ vavã ya nana míaƒe xɔse me sẽna ɖe edzi.

Mɔkpɔkpɔ—Xɔse ƒe Akpa Vevi Aɖee Wònye

7. Mɔ ka nue mɔkpɔkpɔ nye xɔse ƒe akpa vevi aɖe le?

7 Biblia gblɔ be: “Xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.” (Hebritɔwo 11:1) Eyata menye nu tsɛ aɖe koe mɔkpɔkpɔ nye le xɔse ŋu o; mɔkpɔkpɔ nye xɔse ƒe akpa vevi aɖe. Bu Abraham ŋu kpɔ. Ɣeyiɣi si me Yehowa do domenyila aɖe ƒe ŋugbe na woa kple srɔ̃a Sara la, amegbetɔwo ya abui be wogbɔ vidzidzi ŋu. (Mose I, 17:15-17) Aleke Abraham wɔ nu ɖe ŋugbedodo sia nui? ‘Esime mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o la, wòkpɔ mɔ le xɔse me, bene wòatrɔ zu dukɔ geɖewo fofo.’ (Romatɔwo 4:18) Ẽ, mɔkpɔkpɔ si Mawu na Abraham la na kakaɖedzi sẽŋu ɖo xɔse si nɔ esi be yele vi dzi ge la ŋu. Eye xɔse sia hã na eƒe mɔkpɔkpɔa me gasẽ ɖe edzi vevie. Esia wɔe be dzi te ŋu nɔ Abraham kple Sara ƒo be woaʋu adzo le wo de kple woƒe ƒometɔwo gbɔ aɖatsi avɔgbadɔ me le dzronyigba dzi!

8. Aleke dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe doa ŋusẽ mɔkpɔkpɔe?

8 Abraham do ŋusẽ eƒe mɔkpɔkpɔa to toɖoɖo Yehowa bliboe me, le esime esia wɔwɔ ɖo eƒe sesẽaƒe gɔ̃ hã. (Mose I, 22:2, 12) Nenema kee ne míeɖo to hedo dzi le Yehowa subɔsubɔ me la, míaka ɖe edzi be míaxɔ teƒeɖoɖo. Paulo ŋlɔ bena: “Dzidodo dzia kelili,” eye kelili la hã dzia mɔkpɔkpɔ, “ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o.” (Romatɔwo 5:4, 5) Eyata Paulo ŋlɔ hã bena: ‘Míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti.’ (Hebritɔwo 6:11) Nukpɔsusu nyui sia, si nɔa te ɖe ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa dome dzi la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu dzinɔameƒotɔe, le dzidzɔ me gɔ̃ hã.

“Dzi Nedzɔ Mi le Mɔkpɔkpɔ Me”

9. Nuka wɔwɔ edziedzie ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘dzi nadzɔ mí le mɔkpɔkpɔ me’?

9 Mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí la de ŋgɔ sasasã wu nusianu si xexeame ate ŋu ana mí. Psalmo 37:34 gblɔ be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.” Ẽ, ele be ‘dzi nadzɔ mí le mɔkpɔkpɔ me’ godoo. (Romatɔwo 12:12) Gake hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔ sia la, ele be míaƒe mɔkpɔkpɔa nanɔ míaƒe susu me ɣeawokatãɣi. Ðe nèdea ŋugble le mɔkpɔkpɔ si Mawu na wò la ŋu edziedzia? Ðe nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò le Paradisoa me ɖaa le susu me, esime nèle lãmesẽ nyui me, dzimaɖitsitsi aɖeke manɔmee, nèle wò lɔlɔ̃tɔwo dome, hele dɔ wɔm dziɖeɖitɔea? Ðe nèdea ŋugble le Paradiso ƒe nɔnɔmetata siwo nɔa míaƒe agbalẽwo me la ŋua? Míate ŋu atsɔ ŋugbledede edziedzi alea asɔ kple fesre aɖe, si ŋu wode ahuhɔ̃e, si nu wotɔna ɖo kpɔa nu dzeaniwo la ŋuti tutu. Ne míedzudzɔ ahuhɔ̃e si wode fesrea me la ŋuti tutu la, eteƒe madidi hafi ʋuʋudediwo awɔe be míagate ŋu akpɔ nu dzeaniawo nyuie ato eme o. Ekema míava nɔ nu bubuwo kpɔm. Mígaɖe mɔ esia nadzɔ ɖe mía dzi gbeɖe o!

10. Nukatae míate ŋu agblɔ be ne míaƒe susu le teƒeɖoɖoa ŋu la, ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome dzi?

10 Ele eme baa be, lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa tae míesubɔnɛ ɖo ya. (Marko 12:30) Ke hã, ele be míaƒe susu nanɔ teƒeɖoɖoa hã ŋu vevie. Le nyateƒe me la, Yehowa di be míaƒe susu nanɔ eŋu! Hebritɔwo 11:6 gblɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” Nukatae Yehowa di be míabu ye be yenye Teƒeɖola ɖo? Elabena míetoa esia wɔwɔ me ɖenɛ fiana be míenya míaƒe Dziƒofofoa nyuie. Eƒe dɔme nyo eye wòlɔ̃a viawo. Ne ɖe etsɔme nyui ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke mele mía si o la, anye ne dzi mate ŋu anɔ mía dzɔm o, eye dzi aɖe le mía ƒo bɔbɔe ŋutɔ.—Yeremya 29:11.

11. Aleke mɔkpɔkpɔ si Mawu na Mose la kpe ɖe eŋu be wòwɔ nyametsotso nyuiwoe?

11 Mose nye ame aɖe si ƒe susu nɔ mɔkpɔkpɔ si Mawu nɛ la ŋu vevie. Esi wònye “Farao ƒe vinyɔnuvi la vi” ta la, ŋusẽ, bubu, kple kesinɔnuwo ate ŋu asu esi le Egipte hafi. Ðe wòati nusiawo yome loo alo ɖe wòasubɔ Yehowa? Mose tsɔ dzinɔameƒo tiae be yeasubɔ Yehowa boŋ. Nukatae? Elabena ‘eƒe susu nɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu vevie.’ (Hebritɔwo 11:24-26) Ẽ, Mose mebu mɔkpɔkpɔ si Yehowa ɖo eŋkume la nu tsɛe kura o.

12. Nukata Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa le abe gakuku ene?

12 Apostolo Paulo tsɔ mɔkpɔkpɔ sɔ kple gakuku. Míaƒe kpɔɖeŋugakukua kpɔa míaƒe tamesusuwo ta ale be míete ŋu wɔa nyametsotso nyuiwo, ɖoa taɖodzinu ɖɔʋuwo, heléa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Ðe nèɖɔa wò kpɔɖeŋu gakukua ɣesiaɣia? Ne ele nenema la, ekema abe Mose kple Paulo ene la, màtsɔ wò mɔkpɔkpɔ “aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.” Le nyateƒe me la, ebia dzinɔameƒo hafi ame nate ŋu agbe be yemati ŋutilãmenuwo yome vivivo abe alesi amewo wɔnɛ ene o, gake ne edze agbagba wɔe la, eɖea vi geɖe ale gbegbe! Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe susu aɖe li si tae nàtsɔ “agbe vavã” si amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa helɔ̃nɛ ava kpɔ la asa vɔe ɖe numaɖinuwo ta ɖoa?—Timoteo I, 6:17, 19.

“Nyemele Asi Ðe Ge le Mia Ŋu O”

13. Kakaɖedzi kae Yehowa na esubɔla wɔnuteƒewo?

13 Esi “fu” si le xexeame “ɖum” la nu le sesẽm ɖe edzi ta la, ele be amesiwo daa woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe nuɖoanyi si li fifia dzi la natsɔ vɔvɔ̃ anɔ afɔku si le wo lalam la ŋu bum vevie. (Mateo 24:8) Gake vɔvɔ̃ sia meɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya o. Woayi edzi ‘anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le wo ƒo o.’ (Lododowo 1:33) Esi wònye menye nuɖoanyi sia dzie woda woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo o ta la, wotsɔa dzidzɔ wɔna ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’”—Hebritɔwo 13:5.

14. Nukatae mahiã be Kristotɔwo natsi dzi fũ akpa ɖe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu o?

14 Nya si Mawu gblɔ gbeteteɖedzitɔe be “nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o” la na ɖikeke aɖeke mele eŋu o be alé be na mí godoo. Yesu hã ka ɖe edzi na mí be Mawu alé be na mí lɔlɔ̃tɔe, esime wògblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã [ŋutilãmenu siwo míehiã le agbe me] akpe ɖe eŋuti na mi. Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti.” (Mateo 6:33, 34) Yehowa nyae be mele bɔbɔe be míanɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔwo wɔm veviedodotɔe eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ŋutilãmenuhiahiãwo ƒe agba bliboa naganɔ mía dzi o. Eyata mina míaɖo dzi ɖe ŋutete si le esi be wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, kple alesi wòdi vevie be yeawɔe hã la ŋu bliboe.—Mateo 6:25-32; 11:28-30.

15. Aleke Kristotɔwo nana woƒe ‘ŋku dzi dzanae’?

15 Ne míena míaƒe “ŋku dzi dza” la, ekema míele eɖem fia be míele ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu. (Mateo 6:22, 23) Ŋku si dzi dza la meblea ame o, medzroa nu o, eye mebiãa ŋu alo dia eɖokui tɔ o. Ŋku si dzi dza ƒe mía si nɔnɔ mefia be míazu ame dahewo alo aɖe asi le agba si míaƒe Kristotɔnyenye da ɖe mía dzi la hã ŋu o. Ke boŋ efia be míanɔ ‘ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ’ ɖem fia esime míetsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ.—Timoteo II, 1:7.

16. Nukatae xɔse kple dzinɔameƒo hiã bene míaƒe ŋku dzi nadza ɖo?

16 Ebia xɔse kple dzinɔameƒo hafi ame nana eƒe ŋku dzi nadza. Le kpɔɖeŋu me, ne wò dɔtɔ zinɛ ɖe dziwò ɣeawokatãɣi be nàwɔ dɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpeɣiwo dzi la, ɖe nàtsɔ dzinɔameƒo alé gbɔgbɔmenuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ me ɖe asia? Ne ɖikeke le ame aɖe me be Yehowa mawɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yealé be na ye subɔlawo dzi o la, ekema ɖeko Satana ayi edzi anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi, si ate ŋu awɔe be wòava dzudzɔ kpekpeawo dede kura gɔ̃ hã. Ẽ, ne xɔse mele mía si o la, Satana ƒe asi ate ŋu ava su mía dzi ale egbegbe be eya boŋue ava nɔ nu ɖom na mí, ke menye Yehowa o. Afɔku ka gbegbee nye esi!—Korintotɔwo II, 13:5.

“Kpɔ Mɔ na Yehowa”

17. Aleke Yehowa yrana amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la fifia kura gɔ̃ hãe?

17 Ŋɔŋlɔawo ɖee fia enuenu be amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu hekana ɖe eyama dzi la metsia mɔ ta gbeɖegbeɖe o. (Lododowo 3:5, 6; Yeremya 17:7) Ele eme baa be nu ʋɛ aɖewo koe asu wo si ɣeaɖewoɣi ya, gake ne wotsɔ yayra siwo woava xɔ le etsɔme la sɔ kple nusiwo wotsɔ sa vɔe la, wokpɔnɛ be nu sue aɖe koe nusiwo ŋu yewoɖe asi le la nye. Wotoa esia dzi ɖenɛ fiana be yewo ‘kpɔa mɔ na Yehowa’ eye kakaɖedzi le wo si be ana esubɔla wɔnuteƒewo ƒe dzimedidi dzɔdzɔewo katã na va eme na wo godoo. (Psalmo 37:4, 34) Esia wɔnɛ be wokpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ fifia kura gɔ̃ hã. Elabena “ame dzɔdzɔewo ƒe lala zua dzidzɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua ya.”—Lododowo 10:28.

18, 19. (a) Kakaɖedzinya kae Yehowa gblɔ na mí lɔlɔ̃tɔe? (b) Alekee míate ŋu awɔ Yehowa nanɔ míaƒe ‘nuɖusi me’?

18 Ne vifofo aɖe lé via ƒe asi hele zɔzɔm kplii la, ɖevia sena le eɖokui me be yele dedie. Alea tututue wòle esi míele zɔzɔm kple míaƒe Dziƒofofoa. Yehowa gblɔ na Israel bena: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; . . . makpe ɖe ŋuwò. . . . Elabena nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.”—Yesaya 41:10, 13.

19 Nya lédziname kawoe nye esi be Yehowa nalé ame ƒe asinu ɖe asi! Dawid ŋlɔ bena: ‘Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa. Esi wònye nye nuɖusi mee wòle ta la, ke maɖe le tenye o.’ (Psalmo 16:8) Aleke míewɔna Yehowa nɔa míaƒe “nuɖusi me”? Míewɔa esia le mɔ eve ya teti nu. Ðekae nye nana be eƒe Nya nafia mɔ mí le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa; eye eveliae nye be míekpɔa mɔ na teƒeɖoɖofetu manyagblɔ si wòtsɔ ɖo mía ŋkume la. Hakpala Asaf dzi ha be: “Ke mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi. Àkplɔm le wò aɖaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.” (Psalmo 73:23, 24) Le kakaɖedzinya siawo ta la, míate ŋu azɔ aɖo ta etsɔme kple dzinɔameƒo.

“Miaƒe Ðeɖe la Gogo”

20, 21. Etsɔme kae li na amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa?

20 Zi alesi ŋu le kekem zã le dodom la, zi nenemae wògahiãna ɖe edzi be míana Yehowa nanɔ míaƒe nuɖusi mee. Eteƒe madidi o, Satana ƒe xexea ato xaxa aɖe si tɔgbe meva kpɔ o la me, eye xaxa sia adze egɔme kple alakpasubɔsubɔhawo tsɔtsrɔ̃. (Mateo 24:21) Vɔvɔ̃ avu tsyɔ ameƒomea metɔ xɔsemanɔsitɔwo dzi. Gake le zitɔtɔ ƒe ɣiyiɣi ma me la, Yehowa subɔla dzinɔameƒotɔwo ya atso aseye le mɔkpɔkpɔ si le wo si la me. Yesu gblɔ be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.”—Luka 21:28.

21 Eyata mina míakpɔ dzidzɔ ɖe mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí la ta, bene Satana ƒe susuhenu fluameawo nagable mí o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mina míadze agbagba vevie atu xɔse, lɔlɔ̃, kple mawusosroɖa ɖo. Ne míewɔe nenema la, dzi anɔ míaƒo be míaɖo to Yehowa le nɔnɔme ɖesiaɖe me ahatsi tre ɖe Abosam ŋu. (Yakobo 4:7, 8) Ẽ, “misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi amesiwo katã kpɔa mɔ na Yehowa la!”—Psalmo 31:25.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 1 Togbɔ be wozã nya “mɔkpɔkpɔ” enuenu le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me na Kristotɔ amesiaminawo ƒe dziƒoyiyi hã la, gɔmesese gbadzaa si le eŋu la nue míezãe ɖo le nyati sia me la.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Mɔ ka nue mɔkpɔkpɔ si nɔ Yesu si la na dzi nɔ eƒo le?

• Ƒomedodo kae le xɔse kple mɔkpɔkpɔ dome?

• Alekee mɔkpɔkpɔ kple xɔse ate ŋu ana dzi nanɔ Kristotɔ ƒo be wòaɖo taɖodzinu nyuiwo le agbe me?

• Nukatae dzi nɔa amesiwo ‘kpɔa mɔ na Yehowa’ la ƒo ɖe etsɔme ŋu ɖo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Èɖanye ɖevi loo alo ame tsitsi o, ɖe nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò le Paradisoa me ɖaa le susu mea?