Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Menɔ Te Ðe Agbemekuxiwo Nu

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Menɔ Te Ðe Agbemekuxiwo Nu

Agbemeŋutinya

Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Menɔ Te Ðe Agbemekuxiwo Nu

ABE ALESI DALE IRWIN GBLƆE ENE

“VI ENYI, EMA NYO! ENEVIAWO DZIDZI DZI FUKPEKPEAWO ÐE EDZI ZI GBƆ ZI EVE.” Tanya siae woɖo na míagbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me nyati si wotsɔ ɖe gbeƒãe be míedzi eneviwo tsɔ kpe ɖe nyɔnuvi ene siwo le mía si xoxo la ŋu. Esi menye ɖekakpui la, nyemebui kpɔ be mava ɖe srɔ̃ kakaka ahayi vi dzi ge o. Gake kpɔm ɖa, nyee ma va zu vi enyi fofo!

WODZIM le ƒe 1934 me le Australia ƒe du si woyɔna be Mareeba me. Mí ame etɔ̃e wodzi, eye nyee nye dɔmlɔea. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míaƒe ƒomea ʋu yi Brisbane, eye le afima la, danye fia nu le Metodist sɔlemeha ƒe mawunyasrɔ̃suku si wodena Kwasiɖagbewo la me.

Le ƒe 1938 ƒe gɔmedzedze la, afima ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo ka nya ta be wogbe be womaɖe mɔ na Joseph F. Rutherford, si tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã la, be wòage ɖe Australia dukɔa me o. Dada bia Ðasefo aɖe si va míaƒe aƒeme be: “Susu ka tae wogbe mɔ ɖeɖe nɛ ɖo?” Ðasefoa ɖo eŋu nɛ be: “Ðe Yesu megblɔ be woati ye yomedzelawo yome oa?” Danye lɔ̃ xɔ Cure ƒe agbalẽvia. * Agbalẽvi sia ƒo nu tso vovototo geɖe siwo le subɔsubɔha vavãtɔ kple alakpatɔ dome la ŋu. Agbalẽvia wɔ dɔ ɖe Dada dzi ale gbegbe be ekplɔ mí yi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo la. Fofonye tsi tre ɖe afɔɖeɖe sia ŋu vevie le gɔmedzedzea me, gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eva ŋlɔna nyabiase aɖewo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu hetsɔna na Dada be wòatsɔ ana nɔviŋutsu aɖe be wòaɖo wo ŋu na ye. Nɔviŋutsua hã ŋlɔa ŋuɖoɖoawo, siwo wòtuna ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi, hetsɔna na Dada wòxɔna vana na Papa.

Fofonye dze mía yome yi kpekpea kwasiɖa aɖe gbe kple susua be yeaɖana Ðasefoawo nanya be yemekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Gake esi dzikpɔla mɔzɔla si nɔ hamea gbɔ ɣemaɣi ɖo dze kpli megbe la, etrɔ eƒe susu eye wolɔ̃ kura gɔ̃ hã be woava wɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃, si me ɖetsɔlemetɔ siwo le míaƒe nutoa me kpɔa gome le la, le míaƒe aƒeme.

Le September 1938 me la, dzinyelawo xɔ nyɔnyrɔ. Mía kple nɔvinyewo míexɔ nyɔnyrɔ le takpekpe gã aɖe si wowɔ le Hargreave Park, si le New South Wales ƒe du si nye Sydney me, le December ƒe 1941 me la me. Mexɔ ƒe adre ɣemaɣi. Tso ema dzi la, medea gbeadzi edziedzi kple dzinyelawo. Ɣemaɣi la, ɖe Ðasefowo léa mɔ̃ si wotsɔna ƒoa agba siwo dzi wolé nya ɖo la ɖe asi, tsɔ nɔa dutoƒonuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi la ƒom na amewo tso aƒeme yi aƒeme.

Ðasefo aɖe si dzi meɖoa ŋkui be ebi le esia wɔwɔ me nyuie lae nye Bert Horton. Ʋu aɖe nɔ esi, si me agbaƒomɔ̃ sẽŋu aɖe nɔ eye gbeɖiɖimɔ̃ si te ŋu ɖina dea didiƒe ʋĩ ke la hã nɔ etame. Dɔwɔwɔ kple nɔviŋutsu Bert vivina ŋutɔ, vevietɔ na ŋutsuvi suewo abe nye ene. Le kpɔɖeŋu me, ne míele dutoƒonuƒo aɖe ƒe agba ƒom le togbɛ aɖe dzi la, kpovitɔwo nɔa ʋu me ɖoa ta mía gbɔ. Ekema nɔviŋutsu Bert tsina mɔ̃a enumake eye wòkuna ʋua yia togbɛ bubu si didi kilometa aɖewo tso afima gbɔ la dzi, eye wògaƒoa agba bubu le afima. Mesrɔ̃ dzinɔameƒo kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu tso nɔviŋutsu Bert kple nɔviŋutsu nuteƒewɔla dzinɔameƒotɔ bubu siwo le abe eya ke ene la gbɔ.—Mateo 10:16.

Esime mexɔ ƒe 12 la, nye ɖeka meɖea gbeƒã edziedzi ne mekpa tso suku. Meɖi ɖase na Adshead-ƒomea me tɔwo gbeɖeka. Le ɣeyiɣi aɖewo megbea, dzila eveawo, wo vi enyiawo kpakple woƒe tɔgbuiyɔvi kple mamayɔviwo va xɔ nyateƒea. Meda akpe na Yehowa be wòte ŋu to nye, ɖevi sue sia, dzi ɖe Biblia me nyateƒea fia ƒome nyui sia.—Mateo 21:16.

Subɔsubɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔ Gbãtɔwo

Esime mexɔ ƒe 18 la, mezãa nye ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ ɖea gbeƒãe, eye woɖom ɖe Maitland, le New South Wales. Le 1956 me la, wokpem be mava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Sydney, Australia. Ame 20 siwo nɔ alɔdzedɔwɔƒea dometɔ ade ya teti nye amesiaminawo, amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoava ɖu fia kple Kristo le Dziƒofiaɖuƒea me. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye nam be mawɔ dɔ kple amesiawo!—Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 1:6; 5:10.

Wokpe nɔvinyɔnu dzetugbe, Judy Helberg, amesi hã zãa eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ ɖea gbeƒãe la va alɔdzedɔwɔƒea be wòava wɔ dɔ gã aɖe kplim hena ɣeyiɣi aɖe, ɣemaɣie nyametsotso si mewɔ be manye tre ɖaa la tɔ kpe. Mía kple Judy míeva lɔ̃ mía nɔewo, eye le ƒe eve megbe la, míeɖe srɔ̃. Emegbe míedze nutome sue dzi kpɔkpɔ ƒe dɔ gɔme. Dɔ sia bia be míanɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo srãm kpɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ahanɔ dzi dem ƒo na nɔviawo.

Le ƒe 1960 me la, míedzi mía vi nyɔnu gbãtɔ, si míetsɔ ŋkɔ na be Kim. Egbea la, ne nutome sue dzikpɔlawo nya dzi vi ko la, wobiana tso wo si be woaɖe asi le dɔa ŋu aɖakpɔ woƒe ƒomea dzi. Gake nukutɔe la, wobia tso mía si be míayi hamewo sasrãkpɔ ƒe dɔa dzi. Esi míedo gbe ɖa le nyaa ŋu vevie zi geɖe vɔ megbe la, míelɔ̃ be míayi dɔa dzi eye le ɣleti adre siwo kplɔe ɖo me la, míetsɔa Kim ɖoa ʋu gãwo, ketekewo, kple yameʋuwo, hezɔa mɔ kilometa 13 000 sɔŋ yi ɖasubɔa hame siwo le Queensland kple Dziehe nuto siwo le didiƒe ʋĩ la. Ʋu menɔ mía si ɣemaɣi o.

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe aƒemee míedzena ɣesiaɣi. Le alesi yame xɔa dzoe ta la, xɔmɔnuvɔwo koe wodena xɔdɔmewo nu ɖe ʋɔtruwo teƒe, eyata ne Kim le avi fam le zãme la, etena ɖe mía dzi ale gbegbe. Vidzĩ dzi kpɔkpɔ kple míaƒe dɔdasia wɔwɔ va zu agba gã aɖe na mí. Eyata míedzudzɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa heyi ɖanɔ Brisbane, eye nutatadɔe mewɔ le afima tsɔ kpɔ nye ƒomea dzii. Esime Kim xɔ ƒe eve la, míedzi míavi nyɔnu evelia, si míena ŋkɔe be Petina.

Tenɔnɔ ɖe Afɔku Ŋu

Le ƒe 1972 me, esime Kim xɔ ƒe 12 eye Petina hã xɔ ƒe 10 la, dɔléle aɖe si woyɔna le Eŋlisigbe me be Hodgkin wu Judy. Judy ƒe kua do vevesese na míaƒe ƒomea ale gbegbe. Ke hã, le eƒe dɔléle kple kua siaa megbe la, Yehowa to eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, kple nɔviwo ƒe habɔbɔa dzi fa akɔ na mí. Gbetakpɔxɔ si míexɔ le Judy ƒe kua megbe teti hã do ŋusẽ mí. Nyati aɖe le eme si ƒo nu tso tetekpɔ siwo ate ŋu ava mía dzi, abe ame vevi aɖe ƒe ku ene, ŋu eye wògblɔ alesi tetekpɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu mawumenɔnɔme siwo nye dzidodo, xɔse, nuteƒewɔwɔ, kple bubuwo ɖo la. *Yakobo 1:2-4.

Le Judy ƒe kua megbe la, mía kple vinye nyɔnuviawo dome gava nɔ kplikplikpli ɖe edzi wu. Gake ne mato nyateƒe la, menɔ bɔbɔe nam be manye papa kple dada siaa o. Ke hã, vinye nyɔnuvi zazɛ̃ eveawo na wònɔ bɔbɔe nam.

Srɔ̃ Bubu Ðeɖe Kple Ƒomea ƒe Takeke ɖe Edzi

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, megaɖe srɔ̃ bubu. Mía kple srɔ̃nye yeyea, si ŋkɔe nye Mary, míede sɔsɔ ge kloe le nu geɖe me. Hodgkin dɔlélea kee wu eya hã srɔ̃. Nyɔnuvi eve le eya hã si, siwo ƒe ŋkɔwoe nye Colleen kple Jennifer. Petina tsi wu Colleen ƒe etɔ̃. Eyata vinyɔnuvi enee va nɔ míaƒe ƒomea me ɣemaɣi, Kim xɔ ƒe 14, Petina xɔ ƒe 12 Colleen xɔ ƒe 9, eye Jennifer xɔ ƒe 7.

Le gɔmedzedzea me la, mía kple Mary míeɖoe be mía dometɔ ɖesiaɖe nahe ye ŋutɔ via vaseɖe esime atikɔmeviawo dze ŋku ɖe mí dzila yeyeawo ŋu nyuie ahalɔ̃ axɔ míaƒe mɔfiamewo bɔbɔe. Mía kple Mary míetsɔa se vevi eve aɖewo kplɔa mía ɖokui le nuwɔwɔ ɖe mía nɔewo ŋu abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene me. Gbãtɔe nye be míaƒo nu tso mía dome masɔmasɔwo ŋu le ɖeviawo ƒe ŋkume gbeɖe o, eye eveliae nye be míaɖo dze tso masɔmasɔawo ŋu vaseɖe esime míakpɔ ta na wo, abe alesi Efesotɔwo 4:26 gblɔe ene, ne abia ɣeyiɣi geɖe kura gɔ̃ hã.

Togbɔ be amesiame te ŋu trɔ ɖe nɔnɔme yeyeawo ŋu enumake hã la, mía srɔ̃ siwo ku la ƒe nu medo le susu me na mí kaba o. Le kpɔɖeŋu me, Dzoɖagbe fiẽ va zu Mary ƒe “avifaɣi.” Ne míewu ƒome nusrɔsrɔ̃ nu, eye ɖeviawo mlɔ anyi vɔ la, Mary megate ŋu ɖua eƒe seselelãmewo dzi o eye zi geɖe la, efaa avi hehehe.

Mary di be nye kple ye hã míadzi vi. Nublanuitɔe la, eƒe fu gbãtɔa gblẽ. Esime wògafɔ fu ake la, nukunya aɖe nɔ mía lalam. Dodokpɔ aɖe si wowɔna na funɔwo tsɔ kpɔa alesi fugboea le tsitsimee la ɖee fia be menye ɖevi ɖeka ƒe fu ye le eƒo o, ke boŋ vi enee! Ðeko meke nu ɖe te. Ƒe 47 koe mexɔ, hele vi enyi fofo zu gea? Esime fua xɔ kwasiɖa 32 la, wowɔ dɔ na Mary le February 14, 1982, dzi heɖe vi eneawo le eŋu. Ðoɖo si nu woɖe wo ɖoe nye esi: Clint, eƒe kpekpeme nye kilogram 1.6; Cindy, eƒe kpekpeme nye kilogram 1.9; Jeremy, eƒe kpekpeme nye kilogram 1.4; Danett, eƒe kpekpeme nye kilogram 1.7. Gake womeɖi wo nɔewo kura o.

Esi wonya wɔ dɔa na Mary vɔ ko la, ɖɔkta si wɔ dɔa nɛ la va nɔ anyi ɖe xanye.

Ebiam be: “Ðe ɖeviawo dzi kpɔkpɔ tso dzika ƒo na wòa?”

Megblɔ be: “Gake nyemeto esia ya me kpɔ o ɖe!”

Nya siwo wògblɔ yi edzi la wɔ nuku nam hede dzi ƒo hã nam ŋutɔ.

Egblɔ be: “Wò sɔlemetɔwo magblẽ wò ɖi o. Kaka nàke nu ko la, amewo anya aƒa godoo.”

Le ɖɔkta sia kple eƒe dɔwɔlawo ƒe dɔwɔwɔ nyuie ta la, le ɣleti eve ko megbe la, ɖeviawo ƒe lãme sẽ nyuie eye woɖe asi le mía ŋu míeyi aƒeme.

Kuxi Siwo le Eneviwo Dzi Kpɔkpɔ Me

Be míate ŋu awɔ nu ɖe ɖoɖo nu la, mía kple Mary míewɔ ɖoɖo ɖe ŋkekea me dɔwɔnawo ŋu. Mía vinyɔnuvi tsitsi eneawo kpena ɖe mía ŋu ŋutɔ le vidzĩawo gbɔ kpɔkpɔ me. Ðɔktaa ƒe nyawo hã va eme vavã—kaka ‘míake nu’ ko la, hamea va naa kpekpeɖeŋu mí. Xɔ̃nye xoxo aɖe, si ŋkɔe nye John MacArthur, wɔ ɖoɖo do ŋgɔ be Ðasefo siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo nava keke míaƒe aƒea ɖe enu. Esime míegbɔ tso kɔa dzi la, nɔvinyɔnu aɖewo va kpe ɖe mía ŋu le ɖeviawo gbɔ kpɔkpɔ me. Dɔmenyowɔwɔ siawo katã nye Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia.—Yohanes I, 3:18.

Eneviawo va zu “hamea ƒe viwo” le mɔ aɖe nu. Vaseɖe egbea la, ɖeviawo gabua nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo kpe ɖe mía ŋu la be wonye míaƒe ƒomea me tɔ wo. Mary ɖee fia be yenye srɔ̃nyɔnu kple vidada nyui si dze agbagba ɖesiaɖe nyi viawo. Etsɔ nusiwo wòsrɔ̃ le Mawu ƒe Nya kple Mawu ƒe habɔbɔa me la de dɔwɔna me vavã. Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖeke megale teƒe bubu aɖeke tsɔ wu esiawo o!—Psalmowo 1:2, 3; Mateo 24:45.

Togbɔ be vidzĩ eneawo gbɔ kpɔkpɔ bia agbagbadzedze geɖe hã la, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ gakpɔtɔ nye wɔna veviwo na mí kwasiɖa sia kwasiɖa. Enye yayra gã aɖe na mí be atsu kple asi eve aɖewo, siwo míesrɔ̃a Biblia kpli ɣemaɣi la, lɔ̃ dɔmenyotɔe be yewoava míagbɔ le aƒeme be míasrɔ̃ nu. Togbɔ be ema na nuwo nɔ bɔbɔe na mí vie hã la, ɖeɖi tea Mary ŋu ɣeaɖewoɣi ale gbegbe be wònɔa akɔlɔ̃e dɔm ne míele nua srɔ̃m, eye vi hã dɔa alɔ̃ ɖe akɔ nɛ. Atsu kple asi eve siawo va zu míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo emegbe.

Gbɔgbɔmenuwo Fiafia Wo tso Woƒe Vidzĩ me Ke

Hafi ɖeviawo nate zɔzɔ gɔ̃ hã la, mía kple Mary kpakple vinyɔnuvi tsitsitɔawo míekɔna wo yia gbeadzii. Esime wodze azɔli la, mía kple Mary míekplɔa wo eveve, eye womenyea agba na mí kura o. Le nyateƒe me la, woawo boŋ dzie míetona dzea dzeɖoɖo gɔme kple aƒemenɔla siwo xɔa mí la. Gbeɖeka la, medo go ŋutsu aɖe si gblɔ be gbesigbe wodzi ame la kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe amenyenye dzi. Nyemeʋlii kplii o, ke boŋ mebiae be mate ŋu ayi atrɔ ava hã? Elɔ̃, eye metrɔ va gbemagbe kple ɖevi eneawo. Enɔ wo kpɔm dũ eye mena wonɔ anyi tso tsitsitɔ dzi vaseɖe ɖevitɔ dzi. Emegbe míeɖo dze nyuie tso alesi ɖeviawo meɖi wo nɔewo kura o, kple alesi woƒe amenyenye le vovovo keŋ la ŋu, si ɖee fia be nya si wògblɔ do ŋgɔ la mele eme o. Egblɔ be: “Ŋukpe koe medo ɖokuinye be medo nya sia ɖa, ɖe wòle be mawɔ numekuku bubuwo tso eŋu hafi.”

Esime ɖeviawo dze azɔli la, medzɔa dzi na wo ne míehe to na wo katã zi ɖeka o, eyata míehea toa na wo ɖekaɖekae. Gake míena wonya be se ɖeka koe míetsɔ le yewo katã kplɔm. Ne wodo go kuxi aɖe si ku ɖe woƒe dzitsinya ŋu le suku la, wowɔa Bible ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ hekpena ɖe wo nɔewo ŋu, eye Cindy ye nyea woƒe nyanuɖela. Medidi hafi amewo va lɔ̃ ɖe edzi be, ɖekawɔwɔ si le ɖevi eneawo domee nye woƒe ŋusẽ o.

Mía kple Mary míekpe akɔ kple gbetɔame si wònyena zi geɖe be woana hehe ɖeviwo be woawɔ nuteƒe na Yehowa le woƒe ƒewuiwo me la. Ne menye gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo siwo míexɔna tsona Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la gbɔ, kple kpekpeɖeŋu siwo hamea nana mí lɔlɔ̃tɔe ye o la, anye ne makpa mí kura o. Togbɔ be menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o hã la, míedzea agbagba wɔa ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi heɖoa dze hã nyuie. Míaƒe agbagbadzedzewo ɖe vi geɖe ŋutɔ, elabena mía vi enyiawo katã tiae be yewoasubɔ Yehowa.

Tenɔnɔ Ðe Amegãkuku Nu

Subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye le ɣeyiɣi siwo va yi la me. Menye hamemegã, nutome sue dzikpɔla kple nutome sue dzikpɔla teƒenɔla kpɔ. Menɔ Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti, si me tɔwo ƒe dɔe nye be woakpe ɖe ɖɔktawo ŋu be woase nu gɔme na Ðasefowo ne ʋudonyawo fɔ ɖe te, la hã me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye hã be manɔ dziɖuɖua teƒe akpɔ amewo ƒe srɔ̃ɖeɖe dede agbalẽ me dzi ƒe 34 sɔŋ. Esia na mekpɔ srɔ̃ɖeɖe siwo ade 350, siwo dome vinye nyɔnuvi ade hã nɔ la, dede agbalẽ me dzi.

Medaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi ɖe kpekpeɖeŋu siwo srɔ̃nye gbãtɔ, Judy, nam kple esi namem srɔ̃nye evelia, Mary, le fifia la ta. (Lododowo 31:10, 30) Wokpe asi ɖe ŋunye le hamemegãnyenye ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woɖo kpɔɖeŋu nyui le gbeadzi subɔsubɔdɔa me, eye wowɔ geɖe le mawumenɔnɔmewo ƒaƒã ɖe ɖeviawo me gome.

Le ƒe 1996 me la, wokpɔ dɔléle aɖe le nye ahɔhɔ̃ me, si wɔe be nye asiwo nɔa ƒoƒom eye wòna be nyemegate ŋu wɔa nuwo nyuie o. Eyata nyemegate ŋu wɔa nye nutatadɔa o. Gake mekpɔa dzidzɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ya wɔwɔ me, togbɔ be nyemagate ŋu wɔa geɖe o hã. Nusi gadoa dzidzɔ nam ŋutɔe nye be mete ŋu sea veve ɖe ame tsitsi bubuwo nu wu.

Ne menɔ anyi de ŋugble le nye agbe ŋu la, medaa akpe na Yehowa be ekpena ɖe mía kple nye ƒomea ŋu míetona kuxi gbogbo siwo vaa mía dzi la me dona dzidzedzetɔe ɣesiaɣi. (Yesaya 41:10) Mía kple Mary kpakple mía vi enyiawo katã míedaa akpe ɖe kpekpeɖeŋu ɖedzesi si gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo na mí la ta. Míate ŋu agblɔ mɔ vovovo siwo nu wo katã woɖe lɔlɔ̃ fia mí le la wòade edeƒe o.—Yohanes 13:34, 35.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

^ mm. 17 Kpɔ March 15, 1972, yevugbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 174-80 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple Dada, kple fonye tsitsitɔ Garth, kple nɔvinye nyɔnu Dawn, míedzra ɖo yina ɖe takpekpe le Sydney, le ƒe 1941 me

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mía kple Judy kpakple Kim, esime menye nutome sue dzikpɔla le Queensland

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Le eneviawo dzidzi vɔ megbe la, mía vinyɔnuvi tsitsi eneawo kple hamea me tɔwo wɔ ɖeka na kpekpeɖeŋu mí