Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Míate Ŋu Anya Mawu Nyateƒea?

Ðe Míate Ŋu Anya Mawu Nyateƒea?

Ðe Míate Ŋu Anya Mawu Nyateƒea?

“Esiae Nye Agbe Mavɔ La Bena, Woanya . . . Mawu Vavã Ðeka La.”—Yohanes 17:3.

APOSTOLO Paulo ƒu asi nu gblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo!” Egblɔ ƒu edzi be: “Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!” (Romatɔwo 11:33) Ðe wòle be nya siawo nana míaƒo nya ta be amegbetɔwo mate ŋu aku Mawu ƒe nunya kple eƒe sidzedze me o, si fia be míate ŋu ava nya Mawu kple eƒe tameɖoɖowo gbaɖekegbe oa?

Amesiwo si mawusubɔsubɔ ƒe nukpɔsusu si woyɔna be via negativa (mɔ tramaa) le la aɖo nya sia ŋu be ẽ. Sɔlemehawo ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ le nukpɔsusu sia ŋu be: “Mawu ƒo nusiwo katã woate ŋu anya tso eyama ŋu la ta sasasã. . . . Womate ŋu ana ŋkɔ Mawu loo alo aɖɔe o. Seɖoƒe nɔa ŋkɔ alo nuɖɔɖɔ ɖesiaɖe ŋu, gake Mawu ya ƒo . . . wo katã ta. . . . Menye nusi amewo ate ŋu adze sii o, elabena egbɔ sidzedze me.” *The Encyclopedia of Religion.

Newsweek magazine gblɔ be amesiwo de suku yi ŋgɔ la dometɔ geɖe va le “nukpɔsusu yeye aɖe” dzi xɔm le sesem be “nyateƒenya ɖeka pɛ koe li, eye nyateƒenya siae nye be nyateƒenya aɖeke meli o.”

Ke hã, ame geɖe mele tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti nyabiasewo ƒe ŋuɖoɖowo kpɔm o. Wokpɔa kuxi gbãdziname siwo hiãkame, dɔléame, kple ŋutasesẽ hena vɛ la teƒe. Alesi kakaɖedzi megava le agbea ŋu o hã te ŋu tena ɖe wo dzi ŋutɔ. Woadi vevie be yewoanya nusitae nuwo le yiyim alea ɖo, gake ne womele ŋuɖoɖoawo kpɔm o la, woaƒo nya ta be ŋuɖoɖo aɖeke gɔ̃ hã manya li o. Esia wɔe be amesiawo dometɔ geɖe va do le subɔsubɔha xɔŋkɔwo me eye ne wogakpɔtɔ xɔe se be Mawu aɖe li hã la, ekema woa ŋutɔwo va dina alesi woawɔ ate ɖe eŋu.

Nusi Biblia Gblɔ

Ele be amesiwo xɔ Biblia dzi se eye woxɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Nyanuɖela la nadi vevie be yewoanya nya si Biblia ya gblɔ. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be Yesu ƒo nu tso mɔ eve aɖewo ŋu kpɔ, ɖeka “le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me,” eye evelia “xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me.” Yesu ɖe alesi míawɔ anya amesiwo le mɔawo dometɔ ɖesiaɖe dzi la me, esime wògblɔ be: “Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.” Kutsetse ka ƒomeviwoe míatsɔ adze si woe? Menye woƒe numenyawoe o, ke boŋ woƒe nuwɔnawoe, abe alesi Yesu kɔ emee ene be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.” Gbɔgblɔ kple nu be míexɔ Mawu dzi se ɖeɖeko mesɔ gbɔ. Ele be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Eyata susu le eme be míagblɔ be ele be míanya nusi tututu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye la nyuie gbã.—Mateo 7:13-23.

Yesu ɖee fia kɔtẽ be amegbetɔwo ate ŋu adze si Mawu nyuie. Egblɔ be: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Eme kɔ ƒã be, nunya kple sidzedze si Mawu nana la ate ŋu asu mía si, ne míenya ku kutri vevie dii ko. Gake nusi Mawu ana amesiwo dii la enye agbe mavɔ, eyata viɖe gã aɖee le edidi ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Dzixɔse siawo tɔgbe hã le Hindu, Tao, kple Budha subɔsubɔ siwo dzɔ tso ɣedzeƒenutowo me la me tɔwo si.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Yesu gblɔ be mɔ xaxɛ la kplɔa amewo yina agbe mee