Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Xɔse Fia To Alesi Nènɔa Agbee Me

Ðe Wò Xɔse Fia To Alesi Nènɔa Agbee Me

Ðe Wò Xɔse Fia To Alesi Nènɔa Agbee Me

“Xɔse . . . , ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.”—YAKOBO 2:17.

1. Nukatae Kristotɔ gbãtɔwo tsɔ xɔse kple dɔwɔwɔwo siaa nu vevi ɖo?

KRISTOTƆ gbãtɔwo ɖe woƒe xɔse fia to woƒe agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ me. Nusrɔ̃la Yakobo de dzi ƒo na Kristotɔwo katã be: ‘Mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyaselawo ɖeɖe ko o.’ Egagblɔ kpee be: “Abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.” (Yakobo 1:22; 2:26) Le ƒe 35 aɖewo megbe, tso esime wòŋlɔ nya siawo vɔ la, Kristotɔ geɖe gakpɔtɔ nɔ dɔwɔwɔ nyuiwo tsɔm nɔ woƒe xɔse ɖem fiae. Gake nublanuitɔe la, ame aɖewo ya mewɔ nenema o. Yesu kafu hame si nɔ Smirna; ke hã, egblɔ na Sardes-hamea me tɔ geɖe ya be: “Menya wò dɔwɔwɔwo bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, [evɔ] nèku.”—Nyaɖeɖefia 2:8-11; 3:1.

2. Nya kawoe wòle be Kristotɔwo nabia wo ɖokui ku ɖe woƒe xɔse ŋu?

2 Esiae wɔe be Yesu de dzi ƒo na amesiwo le Sardes—kple amesiwo katã ava xlẽ nya siwo wògblɔ na wo la hã—be woagbugbɔ dzo ade lɔlɔ̃ si nɔ wo si tsã la me, eye woanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. (Nyaɖeɖefia 3:2, 3) Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia eɖokui be: ‘Dɔwɔwɔ kawoe nye ŋutɔ metsɔ ɖoa kpe nye xɔse dzii? Ðe nye nuwɔnawo ɖenɛ fiana kɔtɛ be mele nye ŋutete ɖesiaɖe wɔm be nye nuwɔna ɖesiaɖe naɖe nye xɔse afia, le nusiwo medo ƒome kple gbeƒãɖeɖedɔa alo hamea ƒe kpekpewo tẽ o gɔ̃ hã mea? (Luka 16:10) Míate ŋu aƒo nu tso agbenɔnɔ ƒe akpa geɖewo ŋu, gake mina míaƒo nu tso ɖeka pɛ ko ŋu gbɔ: eyae nye hadome modzakaɖeɖewo, si dometɔ aɖee nye modzaka si woɖena le Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpekpe vɔ megbe la.

Hadome Modzakaɖeɖe Kpokploewo

3. Nya kae Biblia gblɔ tso modzakaɖeɖe ŋu?

3 Edzɔa dzi na mía dometɔ akpa gãtɔ ne wokpe mí be míava ɖe modzaka kple Kristotɔ kpɔdzidzɔwo. Yehowa nye ‘dzidzɔ Mawu’ si di be ye subɔlawo nanye dzidzɔmewo. (Timoteo I, 1:11) Ena Salomo ŋlɔ nyateƒenya sia ɖe Biblia me be: “Mekafu dzidzɔkpɔkpɔ be: Nu nyui aɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ano nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe ato eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae . . . me.” (Nyagblɔla 3:1, 4, 13; 8:15) Dzidzɔkpɔkpɔ sia ate ŋu anɔ anyi le ƒomea ƒe nuɖuɣi alo le tadeagula vavãwo ƒe modzakaɖeɖe kpokploe aɖe me.—Hiob 1:4, 5, 18; Luka 10:38-42; 14:12-14.

4. Nuka ŋue wòle be amesi le ɖoɖo wɔm be yeakpe amewo bene yewoaɖe modzaka la natsi dzi ɖo?

4 Ne èxɔ ŋgɔ na modzakaɖeɖe sia tɔgbe hele eŋu ɖoɖo wɔm la, ele be nàbu alesi nuwo ayii ŋu nyuie, ne eɖanye haxɔsetɔ ʋɛ aɖewo koe nàkpe hena kplɔ̃ɖoɖo kpokploe aɖe kple dze tuameɖowo ɖoɖo gɔ̃ hã. (Romatɔwo 12:13) Àdi be yeazã “nunya, si tso dziƒo” atsɔ ‘awɔ nuwo katã, alesi dze.’ (Korintotɔwo I, 14:40; Yakobo 3:17) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu. Migazu nukikli . . . o.” (Korintotɔwo I, 10:31, 32) Nu vevi kawo ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo koŋ? Ŋugble dede tso eŋu do ŋgɔ ate ŋu awɔe be mia kple wò ame kpekpeawo ƒe nuwɔnawo aɖe miaƒe xɔse afia.—Romatɔwo 12:2.

Nukawoe Ayi Edzi le Modzakaɖeƒea?

5. Nukata wòle be ame kpelaa nabu eŋu kpɔ nyuie be ɖe yeana aha muamewo ame kpekpeawo eye yeaƒo ha le modzakaɖeɣia mahã?

5 Nusi nyea kuxi na ame kpela geɖewoe nye ne yewoana aha muamewo le modzakaɖeƒea alo yewomanae wo o. Mehiã be aha muamewo nanɔ anyi kokoko hafi modzakaɖeɖea natu ame ɖo o. Ðo ŋku edzi be Yesu na nuɖuɖu ameha gbogbo aɖe—edzi abolo kple lã ɖe edzi woɖu. Togbɔ be míenya be Yesu ate ŋu ato nukumɔ aɖe dzi awɔ aha hã la, nuŋlɔɖia megblɔ be ewɔe o. (Mateo 14:14-21) Ne èɖoe be yeana aha muamewo ame kpekpeawo la, ɖɔ ŋu ɖo le agbɔsɔsɔme si nàna la ŋu, eye nàkpɔ egbɔ be aha viviwo hã li na amesiwo madi aha muameawo o. (Timoteo I, 3:2, 3, 8; 5:23; Petro I, 4:3) Negadzɔ gbeɖe be nàzi ame aɖe dzi be wòano aha aɖe si ate ŋu aɖu eyama “abe da ene” o. (Lododowo 23:29-32) Ke ha ƒoƒo alo ha dzidzi ya ɖe? Ne àƒo ha le modzakaa ɖeɣi la, ɖikeke aɖeke mele eme o be àde ŋugble tso hawo kple wo me nyawo ŋu nyuie hafi atia wo. (Kolosetɔwo 3:8; Yakobo 1:21) Kristotɔ geɖewo kpɔe be Fiaɖuƒea ƒe hawo ƒoƒo, alo ha siawo dzidzi kple nu, nana dzidzɔ si sɔ la nɔa modzakaɖeƒea. (Efesotɔwo 5:19, 20) Ke hã, ele be nànɔ egbɔ kpɔm be haa ƒoƒo alo edzidzi nagava de dzi akpa, ale be wòagagblẽ dze tuameɖo si ɖom ameawo le me loo alo aɖe toɣli aƒelikawo o.—Mateo 7:12.

6. Aleke amewo kpela ate ŋu aɖee afia be xɔse gbagbee le ye si le dzeɖoɖowo kple nuwɔna bubuwo gomee?

6 Ne Kristotɔwo ƒo ƒu le modzaka ɖem la, woate ŋu aɖo dze tso nu vovovowo ŋu, axlẽ hakpanya aɖewo amewo nase, alo agblɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo. Ne dzeɖoɖoa to mɔ bubu la, ameawo kpela ate ŋu atrɔe va mɔ nyuitɔa dzi ŋuɖɔɖotɔe. Ele be wòakpɔ egbɔ hã be ame ɖeka aɖe ko nagaxɔ dzea katã anɔ aɖo o. Ne ede dzesii be ame aɖe koŋ koe xɔ nua katã le ƒoƒom la, ate ŋu ado dze bubuwo ɖa aɖaŋutɔe, ɖewohĩ to nyawo biabia ɖeviwo me loo alo to nya aɖe si ana ame bubuwo hã naɖe woƒe susu agblɔ la dodo ɖa me. Modzakaa ɖeɖe alea ado dzidzɔ na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Ne wò, ameawo kpela, nèkpɔ wɔnaa dzi le nunya kple aɖaŋu me la, vavalawo katã ‘akpɔe be èɖɔa ŋu ɖo.’ (Filipitɔwo 4:5) Woade dzesii be xɔse gbagbe, si dzena le wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me, lae le asiwò.

Srɔ̃kpekpe Kple Srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖowo

7. Nukata wòle be Kristotɔwo nabu alesi woawɔ srɔ̃kpekpe kple srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖowoe la ŋu nyuie?

7 Ɣeyiɣi tɔxɛ siwo me míekpɔa dzidzɔ le la dometɔ ɖekae nye Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɣi. Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema, siwo dome Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã nɔ la, kpɔ gome le dzidzɔɣeyiɣi siawo dometɔ aɖewo, siwo ŋuti kplɔ̃ɖoɖowo kpe ɖo la, me. (Mose I, 29:21, 22; Yohanes 2:1, 2) Gake le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la, nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ebiana agbagbadzedze geɖe hafi hadome modzakaɖeɖe, siwo yia edzi le Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpekpe vɔ megbe, nadze fiato adze gato. Ke hã, esiawo nye agbe nɔnɔ ƒe akpa aɖe si naa mɔnukpɔkpɔ Kristotɔwo be woaɖe woƒe xɔse afia.

8, 9. Aleke nusiwo yia edzi le srɔ̃kpeƒe geɖewo ɖea nusi Yohanes I, 2:16, 17 gblɔ la fiae?

8 Ame geɖe siwo menya mawumegɔmeɖosewo loo alo tsɔa ɖeke le wo me o la bua srɔ̃kpekpe be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoawɔ nu wòagbɔ eme, alo ɖewohĩ be ɣeyiɣi si me naneke megblẽ le nugbɔmewɔwɔwo ŋu o. Srɔ̃nyɔnu yeye aɖe gblɔ tso eƒe srɔ̃kpekpe si eya ŋutɔ yɔ be “fiaƒemetɔwo” ƒe srɔ̃kpekpe la ŋu le Europatɔwo ƒe magazine aɖe me be: ‘Míenɔ tasiaɖam aɖe si sɔ ene nɔ hehem la me eye tasiaɖam bubu si sɔ 12 nɔ hehem, si me haƒolawo nɔ henɔ ha ƒom le la, nɔ mía yome. Emegbe míeɖu nu viviwo hese ha viviwo; nusiwo míewɔ la tɔgbe mebɔ o. Mezu fianyɔnu gbemagbe, abe alesi tututu medii ene.’

9 Togbɔ be du sia du kple eƒe koklo kokoe hã la, nya siawo sɔ kple nusi tututu apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.” Èsusu be Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me adi be yewoawɔ “fiaƒemetɔwo” ƒe srɔ̃kpekpe ahaɖo kplɔ̃ kpeɖi na ame kpekpeawo? Ðe woadi boŋ alesi yewoawɔ nui la naɖee afia be yewonya be “amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:16, 17.

10. (a) Be srɔ̃kpekpe aɖe nada asɔ la, nukatae ɖoɖowɔwɔ hiã vevie ɖo? (b) Aleke wòle be woawɔ amesiwo woakpe la ŋuti nyametsotsowoe?

10 Kristotɔ siwo le srɔ̃a ɖem la adi be yewoawɔ nu wòaɖɔ ʋu ahada asɔ hã, eye Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woawɔe nenema. Togbɔ be srɔ̃kpegbea nye ŋkeke tɔxɛ hã la, wonyae be gbesigbe Kristotɔ eve siwo le agbe tegbee nɔnɔ minyam la dzea srɔ̃gbenɔnɔ gɔme koe wònye. Menye dzizizie wònye be woaɖu srɔ̃ɖezã kpeɖi aɖe kokoko o. Ne woɖoe be yewoaɖo kplɔ̃ na ameawo la, ekema woabu ga home si woazã kple alesi woawɔe la ŋu nyuie. (Luka 14:28) Le srɔ̃gbe si woava nɔ ɖekae abe Kristotɔ ene me la, srɔ̃ŋutsuae anye ta, abe alesi wòdze le Ŋɔŋlɔawo mee ene. (Korintotɔwo I, 11:3; Efesotɔwo 5:22, 23) Eyata ŋugbetɔsrɔ̃a ŋku me ye srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖoa ŋuti nyawo kpɔ. Ke hã, awɔ nu aduadu kple eƒe ŋugbetɔa le amesiwo woadi be yewoakpe va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea ɖuƒe alo ame agbɔsɔsɔme si yewoate ŋu akpe la ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, womate ŋu akpe wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo katã ya o; eyata ahiã be woawɔ nyametsotso aɖewo ŋuɖɔɖotɔe. Ele be srɔ̃tɔawo naka ɖe edzi be ne yewomete ŋu kpe nɔvi Kristotɔ aɖewo o la, woase nu gɔme na yewo eye mate ɖe wo dzi o.—Nyagblɔla 7:9.

‘Wɔnawo Dzi Kpɔla La’

11. Akpa kae ‘wɔnaa dzi kpɔla’ wɔna le srɔ̃kpeƒe?

11 Ne srɔ̃ɖelawo tiae be yewoaɖo kplɔ̃ le srɔ̃kpekpea vɔ megbe la, aleke woate ŋu awɔe be bubu nakpɔtɔ anɔ modzakaɖeɖea ŋu? Ƒe gbogbowoe nye esia si Yehowa Ðasefowo kpɔe be nunya le eme be yewoade nane si nɔ hadomenuwɔƒe si ɖuƒe Yesu de le Kana me la yewo tɔ hã me. Le Kana tɔa me la, “nuɖuɖudzikpɔla,” alo wɔnawo dzi kpɔla, si anye haxɔsetɔ kokoko la, nɔ anyi. (Yohanes 2:9, 10) Eyata ŋugbetɔsrɔ̃ nyanu atia nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe, si tsi le gbɔgbɔ me, ade dɔ vevi sia asi nɛ. Ne ŋugbetɔsrɔ̃a na wɔnaa dzi kpɔla nya eƒe didiwo nyuie la, ate ŋu adze wɔwɔ ɖe wo dzi pɛpɛpɛ do ŋgɔ na wɔnaa kple le ewɔɣi siaa.

12. Nuka ŋue wòle be ŋugbetɔsrɔ̃a nabu le aha muamewo nana gome?

12 Abe alesi wòdze le memama 5 lia me ene la, srɔ̃tɔ aɖewo tianae be yewomana aha muamewo le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea o, bene ame aɖeke nayi enoge wòagbɔ eme, atsɔ agblẽ wɔnaa ƒe dzidzɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ me, o. (Romatɔwo 13:13; Korintotɔwo I, 5:11) Ke hã, ne aha muamewo li la, ele be ŋugbetɔsrɔ̃a nakpɔ egbɔ be woazã wo le ŋuɖɔɖo me. Wein nɔ srɔ̃ɖeŋkekenyui si ɖuƒe Yesu de le Kana, eye eya ŋutɔ hã wɔ wein nyui aɖe kpee. Mewɔ nuku o be ŋkekenyui ma ƒe wɔnawo dzi kpɔla alo nuɖuɖudzikpɔla la gblɔ be: “Amesiame tsɔa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.” (Yohanes 2:10) Le nyateƒe me la, Yesu mekpe asi ɖe aha mumu ƒe nuwɔna aɖeke ŋu o, elabena enyae be mesɔ o. (Luka 12:45, 46) Esime nuɖuɖu dzi kpɔlaa nɔ wein sia ƒe nyonyo kafum la, egblɔe wòdze ƒã be yekpɔ amewo womu aha le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖewo kpɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:15; Tesalonikatɔwo I, 5:7) Eyata ele be ŋugbetɔsrɔ̃a, kple Kristotɔ si dzi wòka ɖo hetia tsɔ ɖo wɔnawo dzi kpɔlae la siaa, nakpɔ egbɔ be kplɔ̃ɖoƒea valawo katã wɔ ɖe mɔfiame nyui sia dzi be: “Migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o.”—Efesotɔwo 5:18; Lododowo 20:1; Hosea 4:11.

13. Nuka ŋue wòle be srɔ̃tɔwo nabu ne woɖoe be woaƒo ha le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea, eye nukatae?

13 Abe alesi ko wònɔna le kplɔ̃ɖoɖo bubuwo gome ene la, ne woaƒo ha le teƒea la, ele be woalé ŋku ɖe haa ƒe dzidede ŋu nyuie bene vavalawo nate ŋu aɖo dze bɔbɔe. Kristotɔ hamemegã aɖe gblɔ be: “Ne zã va le dodom, eye dzeɖoɖoawo va le vivim ɖe edzi alo wodze ɣeɖuɖu gɔme la, haƒoƒoa va dea dzi. Haƒoƒo si gɔme wodze blewuu la ate ŋu ava ade dzi bobobo ale gbegbe be dze meganya ɖona o. Srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒewo dede naa mɔnukpɔkpɔ amewo be woade ha tuameɖowo. Aleke gbegbe wòate ɖe ame dzi enye si ne ha ƒoƒo sesĩe gblẽ mɔnukpɔkpɔ sia me!” Le go sia hã me la, ele be ŋugbetɔsrɔ̃a kple wɔnaa dzi kpɔla nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ ha si ƒomevi woaƒo kple haa ƒe dzidede ŋuti nyametsotsowo ɖe haƒolawo si me o, ne ɖee woda wo vɛ gɔ̃ hã. Paulo ŋlɔ bena: “Nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi.” (Kolosetɔwo 3:17) Ne amesiwo wokpe va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea trɔ yi aƒeme la, ɖe ha siwo woƒo la ana woaɖo ŋku edzi be srɔ̃tɔawo wɔ nusianu le Yesu ƒe ŋkɔa dzia? Nenemae wòle be wòanɔ.

14. Nukae wòle be wòatsi susu me na Kristotɔwo le srɔ̃kpekpe aɖe ŋu?

14 Ẽ, srɔ̃kpekpe si ŋu wowɔ ɖoɖowo ɖo nyuie la dede tsia susu me na amewo. Adam kple Edyta, siwo nye srɔ̃tɔwo ƒe 30 enye esia la, gblɔ tso srɔ̃kpekpe aɖe ŋu be: “Àkpɔe be Kristotɔwoe le nua wɔm vavã. Hadzidzi siwo kafua Yehowa, kple fefe nyui bubuwoe nɔ teƒea. Wometsi dzi ɖe haƒoƒo kple ɣeɖuɖu ŋu fũ akpa o. Edzɔ dzi na amewo hetu wo ɖo, eye nusianu sɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu.” Ðikeke aɖeke mele eme o be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ afia be yewole yewoƒe xɔse ɖem fia to yewoƒe nuwɔnawo me.

Nu Nana Srɔ̃tɔawo

15. Biblia ƒe gɔmeɖose ka ŋudɔe woate ŋu awɔ le nuwo nana srɔ̃tɔawo me?

15 Le dukɔ geɖe me la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo lɔ̃a nu nana amesiwo le srɔ̃ ɖem. Nuka dzie wòle be nàɖo ŋkui ne èɖoe be yeana nu srɔ̃tɔawo? Anyo be nàɖo ŋku nya si apostolo Yohanes gblɔ tso “agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” ŋu la dzi. ‘Xexeme si va yina’ ŋue wòyɔ adegbeƒoƒo sia tɔ ɖo, ke menye ɖe Kristotɔ siwo nɔa agbe ɖe woƒe xɔse nu la ŋue o. (Yohanes I, 2:16, 17) Le nya sia si gbɔgbɔ ʋã Yohanes wòŋlɔ nu la, ɖe wòle be srɔ̃tɔ yeyeawo nado boblo amesiwo na nu wo la ƒe ŋkɔwoa? Kristotɔ siwo nɔ Makedonia kple Axaya la dzɔ nu na nɔvi siwo nɔ Yerusalem, gake nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be wodo boblo ameawo ƒe ŋkɔwo o. (Romatɔwo 15:26) Kristotɔ geɖe madi be ame bubuwo nanya nusiwo yewona srɔ̃tɔawo, bene amewo nava nɔ asi fiam yewo madzemadzee o. Le go sia me la, anyo be miadzro Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Mateo 6:1-4 la me.

16. Alekee srɔ̃tɔ yeyewo ate ŋu aƒo asa na dzigbagbã na amewo le nunanawo ƒe nya gome?

16 Boblo dodo nunalawo ate ŋu ‘ade hoʋiʋli wo dome’ le amesi ƒe nunanae nyo wu alo xɔ asi wu gome. Eyata Kristotɔ srɔ̃tɔ yeyewo awɔ nu le nunya me ne womedo boblo nunalawo ƒe ŋkɔwo o. Boblo dodo nunalawo ƒe ŋkɔwo ate ŋu ana ŋu nakpe amesiwo ɖewohĩ mete ŋu na naneke o la. (Galatiatɔwo 5:26; 6:10) Ke hã, megblẽ be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a ya nanya nunalawo o. Woate ŋu anya nuawo nalawo to agbalẽvi si wotsɔ kpe ɖe nuawo ŋu alo ŋkɔ si woŋlɔ ɖe nuawo dzi, si womaxlẽ le dutoƒo o la, dzi. Togbɔ be nusi míana srɔ̃tɔwo ƒeƒle, alesi míanae, kple alesi srɔ̃tɔawo axɔ nuawoe ŋuti nyametsotso nye amesiame ŋutɔ ƒe nya hã la, mí katã míate ŋu aɖee afia be míele agbe nɔm ɖe míaƒe xɔse nu le wɔwɔ me. *

17. Taɖodzinu kae wòle be wòanɔ Kristotɔwo si ku ɖe woƒe xɔse kple nuwɔnawo ŋu?

17 Agbe nɔnɔ ɖe míaƒe xɔse nu lɔ nu geɖe ɖe eme wu agbe nyui nɔnɔ, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ko. Neva eme be xɔse gbagbe, si dzena le míaƒe nuwɔnawo katã me la, nanɔ mía dometɔ ɖesiaɖe si. Ẽ, míate ŋu aɖe míaƒe xɔse afia to dɔwɔwɔ siwo “le blibo,” siwo dometɔ aɖewoe nye esiwo me míedzro fifia la me.—Nyaɖeɖefia 3:2.

18. Aleke míate ŋu awɔ Yohanes 13:17 me nyawo ŋu dɔ le Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpekpe kple hadome modzakaɖeɖewo gomee?

18 Esi Yesu wɔ subɔviwo ƒe dɔ, si nye afɔ kɔklɔ na eƒe apostolowo, tsɔ ɖo kpɔɖeŋui na wo vɔ megbe la, egblɔ be: “Ne mienya nusiawo, eye miewɔ wo la, woayra mi.” (Yohanes 13:4-17) Le nuto si me míele la, ɖewohĩ mahiã alo masɔ be míaklɔ afɔ na ame, abe amedzro si va dze mía gbɔ ene, o. Gake abe alesi míedzro eme le nyati sia mee ene la, agbenɔnɔ ƒe akpa bubu aɖewo li siwo me míate ŋu aɖe míaƒe xɔse afia le, to nuwɔna siwo me lɔlɔ̃ kple ameŋububu dzena le la wɔwɔ me le hadome modzakaɖeɖewo kple Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpekpewo gɔ̃ hã me. Míawɔ esia ne míawoe ɖale srɔ̃a ɖem loo alo ɖe wokpe mí yi Kristotɔ siwo di be yewoanɔ agbe ɖe yewoƒe xɔse nu la ƒe srɔ̃kpeƒe alo kplɔ̃ɖoƒe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Míedzro srɔ̃kpekpe kple srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖowo ŋuti nya bubuwo me le nyati si kplɔe ɖo, si nye “Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi” me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke nàte ŋu anɔ agbe ɖe wò xɔse nu

• ne èle ɖoɖo wɔm ɖe hadome modzakaɖeɖe aɖe ŋu?

• ne èle ɖoɖom wɔm ɖe srɔ̃kpekpe alo srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo aɖe ŋu?

• ne èle nu nam srɔ̃tɔ yeyewo alo mi srɔ̃tɔawoe le nunanaa xɔm?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Neganye ame ʋɛ aɖewo koe nàkpe o, wɔ “nunya, si tso dziƒo” la ŋudɔ