Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Keke Ðe Gbɔgbɔme-kesinɔnuwo Ŋu le Guinea

Keke Ðe Gbɔgbɔme-kesinɔnuwo Ŋu le Guinea

Keke Ðe Gbɔgbɔme-kesinɔnuwo Ŋu le Guinea

ƑE ALAFA geɖewoe nye esia si duyeyedilawo le woƒe agbe dem afɔku me ɖe kesinɔnuwo didi ta. Wo dometɔ siwo ƒo dzi nɔ, siwo va ɖo Guinea (Guinée), si le Ɣetoɖoƒe Afrika, la ke ɖe kesinɔnu ƒomevi eve ŋu—ŋutilãmetɔ kple gbɔgbɔmetɔ. Ame miliɔn asieke kple edzivɔwoe le Guinea-dukɔa me, eye tomenuwo abe lotamekpe, sika, ga, kple bɔksit (si me woɖea aluminiɔm tsoe) ene hã le woƒe anyigba la me.

Togbɔ be Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo mebɔ ɖe dukɔa me o hã la, dukɔa me tɔwo bua tadedeagu nu vevii, eye wo dometɔ geɖe dea asixɔxɔ gã aɖe gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu ŋutɔ. Ke nuka tututue nye kesinɔnu siawo? Woawoe nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo woyɔ le Xagai 2:7 be ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo.’

Gbɔgbɔmekesinɔnuwo

Tomenu xɔasiwo didi bia agbagbadzedze vevie. Nenema kee, le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, ebia agbagbadzedze geɖe hafi ame nate ŋu ake ɖe gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu. Le Guinea la, wodze Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1950-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo, ke hã, ƒe 1960-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒoe nyanyuia va ɖo eƒe fiadu, Conakry, me. Fifia la, Yehowa Ðasefo 900 ye le dukɔa me, eye wole hame kple ƒuƒoƒo siwo ƒe xexlẽme le 21 me.

Dutanyanyuigblɔlawo va dukɔa me le ƒe 1987 me, eye wowɔ dɔ kple hame ɖeka pɛ si nɔ Conakry la. Fifia la, dutanyanyuigblɔla siwo wu 20 ye le fiadua kple dukɔa ƒe du bubuwo me. Wotsɔa dzonɔameme doa ŋusẽ nɔviawo le hameawo me, hekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kple nɔviawo.

Luc, amesi nye Yehowa Ðasefo le Conakry, kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖekakpui aɖe si nye ɖɔkta, si ŋkɔe nye Albert, me. Albert di mawusubɔsubɔ ŋuti nyateƒewo le sɔlemeha vovovowo me, eye wonɔ gome kpɔm le gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo me. Asigɛ aɖe si ŋɔliyɔla aɖe tsɔ nɛ be ana agbe me nanyo nɛ la nɔ asi nɛ. Le esi dzi ɖe le Albert ƒo zi geɖe le esi menɔ kekem ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu o ta la, eɖe eƒe asigɛ la ƒu gbe eye wodo gbe ɖa be: “Mawu, ne èli vavã la, ekema na madze si wò ne masubɔ wò. Ne menye nenema o la, ɖeko manɔ agbea nɔm abe alesi nye ŋutɔ medii ene.” Le ema megbe kpuie la, Albert yi ɖasrã edaa kpɔ, eye wòse be Yehowa Ðasefo aɖe va le Biblia srɔ̃m kple nyruiayɔvi le aƒea me. Enumake wowɔ ɖoɖo na Albert be Luc nanɔ Biblia srɔ̃m kplii.

Luc zɔa afɔ kilometa atɔ̃ kple edzivɔwo yina ɖasrɔ̃a Biblia kple Albert kwasiɖa sia kwasiɖa kple dzidzɔ. Togbɔ be Luc mede suku yi ŋgɔ boo o hã la, alesi wòxɔ Ŋɔŋlɔawo dzi se vevie kple alesi wòɖea wo me ne wole nua srɔ̃m la wɔ dɔ ɖe Albert, amesi ya de yunivɛsiti, dzi ale gbegbe. Aleke dzi dzɔ Albert enye si esime wòva nyae be menye Mawue na be ameƒomea le fu kpem o, ke boŋ be Yehowa ɖo tame be yeava ɖe fukpekpewo katã ɖa ahatrɔ anyigbaa wòazu paradiso! (Psalmo 37:9-11) Biblia me nyateƒe siwo ŋu Albert va ke ɖo, tsɔ kpe ɖe nɔnɔme nyui siwo wòde dzesi le hamea me tɔwo ŋu, la wɔ dɔ ɖe eyama dzi ale gbegbe.

Gake, abe alesi ko wòhiãna be asinudɔwɔla bibi aɖe natrɔ asi le lotamekpe si wofɔ la ŋu kutrikukutɔe hafi wòate ŋu ava nɔ dzo dam ene la, nenema kee wòva hiã be Albert nadze agbagba vevie aɖe asi le numame manyomanyowo ŋu, ale be eƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. Edzudzɔ gbɔgbɔyɔlawo gbɔ yiyi, dzudzɔ ahatsunono, eye wòdzudzɔ tsatsadada hã. Asi ɖeɖe le atamanono ŋu ya wɔ fu Albert vie. Gake esi wòdo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu la, ete ŋu va ɖe asi le eŋu. Le ɣleti ade megbe la, ede eƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me le dziɖuɖua gbɔ. Srɔ̃a hã va te Biblia sɔsrɔ̃. Fifia, woa kple evea wonye Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔwo.

Gbɔgbɔmelotamekpe bubue nye Martin. Ete Biblia sɔsrɔ̃ le Guéckédou, esime wòxɔ ƒe 15. Edzila, siwo nye Katolikotɔwo la, melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura be wòanɔ Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem o. Wogblẽ Martin ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo dome, ƒoe vevie, henyae do go le aƒea me. Abe alesi ko wodea karbɔn dzo me heƒlɔa dzo ɖe ete kakaka wòtrɔna va zua lotamekpe xɔasi ene la, nenema kee yometiti sia na Martin gava lɔ̃ Biblia me nyateƒea ɖe edzi wui. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, edzilawo ƒe nɔnɔme va trɔ ɖe eŋu, eye wòtrɔ gbɔ va aƒea me. Nukae na be edzilawo trɔ nɔnɔme? Wova kpɔ vovototo gã aɖe le Martin ƒe agbenɔnɔ kple eyometɔ, siwo dze aglã henɔa agbe gbegblẽ nɔm, la tɔ dome. Esi Martin fofo va ka ɖe edzi azɔ be nusi srɔ̃m Martin le la le vi ɖem nɛ ta la, elɔ̃na faa be hamea me tɔwo nava aƒea me. Martin dada da akpe na nɔviawo zi geɖe ɖe kpekpeɖeŋu siwo katã wona via la ta. Esi Martin xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 18 vɔ megbe la, eva de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua eye wòzu mɔɖela vevi fifia.

Gbɔgbɔmekesinɔnu Siwo Tso Duta

Esi Guinea le eƒe dzɔdzɔmenunɔamesiwo ɖom ɖe duta la, gbɔgbɔmekesinɔnuwo ya “tso duta tsom le dukɔa me vam.” Gakuxiwo wɔe be ame gbogbo aɖewo ʋu tso Afrika-dukɔ bubuwo me va tsi Guinea. Ame aɖewo hã si le aʋa sesẽ si wɔm wole ɣeyiɣi didi aɖee nye esia nu va le dukɔa me.

Ƒe 12 sɔŋ ye nye esia si Ernestine, ʋu tso Cameroon, va tsi Guinea. Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu kplii eye wòdea kpekpeawo hã ƒe geɖe, gake mexɔ nyɔnyrɔ o. Esime wònɔ amewo kpɔm wonɔ nyɔnyrɔ xɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe aɖe me le ƒe 2003 me la, avi ʋẽ ɖee. Ete ɖe edzi ale gbegbe be wòdo gbe ɖa na Yehowa be: “Ƒe 51 ye le asinye fifia, evɔ nyemewɔ nu nyui aɖeke na wò o. Medi be masubɔ wò.” Emegbe Ernestine wɔ nu ɖe gbe si wòdo ɖa ɖokuibɔbɔtɔe la nu. Eɖe nu me na ŋutsu si gbɔ wòle la be, ele be yewoɖe srɔ̃ le se nu hafi yeagate ŋu anɔ egbɔ. Ŋutsua lɔ̃ eye woɖe srɔ̃ le se nu, eye wòfa dzidzɔvi le eya ŋutɔ ƒe nyɔnyrɔxɔgbe, le November 2004 me.

Tso ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze la, aʋasila akpe geɖe, siwo dometɔ alafa geɖe nye Yehowa subɔlawo, ʋu tso Liberia kple Sierra Leone va tsi Guinea. Esime nɔviawo va ɖo sitsoƒesaɖa aɖe me ko la, wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpeawo wɔwɔ edziedzi kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu enumake, eye wotu Fiaɖuƒe Akpata aɖe hã. Ame aɖewo va zu Yehowa subɔlawo le sitsoƒesaɖawo me. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Isaac. Le Isaac ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, mɔnukpɔkpɔ gasu esi be wòagatrɔ ayi eƒe dɔwɔɖuia wɔwɔ dzi le Liberia. Gake etiae be yeatsi Lainé-sitsoƒesaɖaa me anɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa boŋ wɔm. Egblɔ be: “Fifia, nyemegabiaa mɔ aƒetɔ aɖeke hafi yia kpekpewo alo takpekpewo o. Mevo asubɔ Yehowa.” Le December 2003 me la, Ðasefo 150 siwo nɔ sitsoƒedila 30,000 dome la wɔ nutome gã takpekpe, le asaɖa sia si saɖaga la me. Dzidzɔtɔe la, ame 591 ye de takpekpea, eye woɖe nuƒoawo gɔme ɖe tokunɔgbe me na tokunɔ 9 siwo nɔ vavalawo dome la. Ame 12 ye xɔ nyɔnyrɔ. Nɔviawo kpɔ dzidzɔ ɖe agbagba siwo nɔviwo dze va na gbɔgbɔmenuɖuɖu sia wo la ŋu ale gbegbe.

‘Nu Vevitɔwo’ Wɔ Tɔtrɔ Siwo Hiã

Kplamatsedonu aɖeke metɔa te sika kple lotamekpe dilawo o. Nenema kee kutri siwo ame yeyewo kuna be yewoaɖu kplamatsedonuwo katã dzi bene yewote ŋu asubɔ Yehowa la teƒekpɔkpɔ doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. Se Zainab tɔ ɖa.

Esime Zainab xɔ ƒe 13 la, wokplɔe akpasesẽ tso Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖe me va Guinea, si wɔe be wòva zu kluvi. Esime wòxɔ ƒe 20 la, exɔ Biblia me gbedasia. Edi vevie be yeanɔ agbe ɖe nusi srɔ̃m yele la nu.

Menɔa bɔbɔe na Zainab be wòade kpekpeawo o. Gake ekpɔa dzidzɔ ɖe kpekpeawo ŋu ale gbegbe eye medina be woato ye ŋu geɖe o. (Hebritɔwo 10:24, 25) Etsɔa eƒe agbalẽwo ɖaɣlana ɖe mɔa dzi do ŋgɔ, eye wòyi ɖatsɔa wo ne edze mɔ yina ɖe kpekpeawo. Ne egbɔ tso kpekpeawo la, amesiwo ƒe kluvie wònye la ƒonɛ kutɔkutɔe zi geɖe.

Emegbe nɔnɔmeawo va tɔ eye wona ablɔɖe Zainab. Enumake la, ete kpekpeawo katã dede, eye esia kpe ɖe eŋu wòwɔ ŋgɔyiyi kabakaba le gbɔgbɔ me. Egbe dɔ aɖe, si ana woanɔ fetu gã aɖe xem nɛ la, xɔxɔ le esi dɔa wɔwɔ axe mɔ nɛ be magate ŋu anɔ kpekpeawo dem ahanɔ Kristotɔwo ƒe nufiamewo xɔm o ta. Emegbe eŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ, eye wòva tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi mlɔeba. Le nyɔnyrɔxɔxɔa vɔ megbe kpuie la, ete kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Le ɣleti ade megbe la, eƒo eɖokui ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me.

Le kpekpe ʋɛ aɖewo dede vɔ megbe la, ɖetsɔlemetɔ aɖe gblɔ be: “Ne mele kpekpeawo me la, nyemesena le ɖokuinye me be menye ame dahe o.” Esime ame geɖe ya tsi dzi ɖe Guinea ƒe ŋutilãmekesinɔnuwo ŋu la, amesiwo lɔ̃ Yehowa ya le gbɔgbɔmekesinɔnuwo dim vevie. Ẽ, ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo’ le tɔtrɔm ɖe Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛtɔ la ŋu fifia!

[Aɖaka si le axa 8]

GUINEA-2005

Ðasefowo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ: 883

Biblia–nusɔsrɔ̃: 1,710

Ŋkuɖodzia valawo: 3,255

[Anyigbatata siwo le axa 8]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

GUINEA

Conakry

SIERRA LEONE

LIBERIA

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Albert kple Luc

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Fiaɖuƒe Akpata si le Kipe, Conakry

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Martin

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ernestine

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Zainab

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

USAID