Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi

Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi

Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi

“GORDON, amesi nye srɔ̃tɔ ƒe 60 kloe enye esia la, gblɔ be: “Gbesigbe meɖe srɔ̃ la nye nye agbemeŋkeke vevitɔ siwo dzi dzi dzɔm wu la dometɔ ɖeka.” Nukae nana Kristotɔ vavãwo ƒe srɔ̃kpegbe nyea ŋkeke vevi? Enyea ŋkeke si dzi wokaa atam tɔxɛ na ame eve aɖe siwo wolɔ̃ vevie—na amesi ɖem wole kple na Yehowa Mawu. (Mateo 22:37; Efesotɔwo 5:22-29) Le nyateƒe me la, amesiwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me la dina be yewoakpɔ dzidzɔ le yewoƒe srɔ̃kpegbea, gake wodina hã be yewoade bubu srɔ̃ɖeɖea Gɔmeɖoanyila la hã ŋu.—Mose I, 2:18-24; Mateo 19:5, 6.

Aleke ŋugbetɔsrɔ̃ ate ŋu ana be bubu si le dzidzɔŋkeke sia ŋu nade toe? Nukae ŋugbetɔ la ate ŋu awɔ atsɔ ade bubu srɔ̃ŋutsua kple Yehowa siaa ŋui? Aleke amekpekpewo ate ŋu ana be srɔ̃kpegbea ƒe dzidzɔ nade bliboe? Ŋugble dede le Biblia ƒe gɔmeɖose aɖewo ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo nyabiase siawo ŋu, eye gɔmeɖose siawo dzi wɔwɔ aɖe kuxi siwo ate ŋu ado kplamatse ŋkeke tɔxɛ sia la dzi akpɔtɔ.

Ameka ƒe Agbanɔamedzie?

Le dukɔ geɖe me la, woɖea mɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe hamemegãwo be woakpɔ woƒe hameviwo ƒe dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe dzi. Le teƒe siwo wòahiã be woaɖawɔ srɔ̃kpekpea le srɔ̃ɖeɖe dzi kpɔla aɖe si dziɖuɖua ɖo gbɔ gɔ̃ hã la, srɔ̃a ɖelawo adi be woaƒo Biblia me srɔ̃ɖenuƒo na yewo. Le nuƒo sia me la, wodea dzi ƒo na ŋugbetɔsrɔ̃a be wòagaŋlɔ tanyenye ƒe ɖoƒe si Mawu tsɔ eyama ɖo le ƒomea me la be o. (Korintotɔwo I, 11:3) Eyata ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe agbanɔamedzie nusiwo ayi edzi le srɔ̃kpeƒea la nye. Ele eme be wowɔa srɔ̃kpekpea kple modzakaɖeɖe ƒe wɔna siwo woate ŋu awɔ ɖe eyome la ŋu ɖoɖowo doa ŋgɔ zi geɖe ya. Gake nukatae ɖoɖo siawo wɔwɔ te ŋu sesẽna ɖo?

Susu ɖekae nye be ŋutsua alo nyɔnua ƒe ƒometɔwo ate ŋu adi be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe ɖoɖoawo wɔwɔ dzi. Rodolfo, amesi kpɔ srɔ̃kpekpe ƒe ɖoɖo geɖe dzi la, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ƒometɔwo zia nuwo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃a dzi ŋutɔ, vevietɔ nenye be woƒe asi le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖoa me. Woadi be woawɔ nanewo godoo le srɔ̃a ɖeɣi kple le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea. Esia ate ŋu aɖe gome si le ŋugbetɔsrɔ̃a si, le Ŋɔŋlɔawo nu be eya ƒe agbanɔamedzie nusiwo ayi edzi ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ nye, la dzi akpɔtɔ.”

Max, amesi kpɔa srɔ̃kpekpe ƒe ɖoɖowo dzi ƒe 35 kple edzivɔwoe nye esia la, gblɔ be: “Nusi va bɔe nye be ŋugbetɔwoe va le ŋgɔ xɔm le nusiwo ayi edzi le srɔ̃kpeƒea kple srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea ŋuti nyametsotsowo wɔwɔ me.” David, amesi hã kpɔ srɔ̃kpekpe geɖe dzi la, gblɔ be: “Ðewohĩ ŋugbetɔsrɔ̃wo menyaa alesi woaxɔ ŋgɔe o, eye zi geɖe la, womekpɔa gome le srɔ̃kpekpea ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ me fũ o.” Alekee ŋugbetɔsrɔ̃a ate ŋu atsɔ eƒe agbanɔamedzia nyuie?

Dzeɖoɖo Tso Ðoɖoawo Ŋu Dzia Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Edzi

Hafi ŋugbetɔsrɔ̃a nate ŋu atsɔ srɔ̃kpekpea ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ ƒe agbanɔamedzia nyuie la, ele be wòaɖo dze tso alesi nuwo ayii ŋu nyuie. Biblia gblɔ tẽ be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” (Lododowo 15:22) Ke hã, woate ŋu aƒo asa na nu gbãdziname geɖewo ne ŋugbetɔsrɔ̃a dzro srɔ̃kpekpe ƒe ɖoɖoawo me kple eƒe ŋugbetɔa, ƒometɔwo, kple amesiwo ate ŋu aɖo Biblia me ɖaŋu nyuiwo na wo la do ŋgɔ.

Ẽ, ele vevie ŋutɔ be amesiwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me la nadzro ɖoɖoawo kple alesi nuwo ate ŋu ayii me kple wo nɔewo gbã. Nukatae? Se Ivan kple srɔ̃a, Delwyn, amesiwo le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃gbenɔnɔ me ƒe gbogbo aɖewoe nye esia, evɔ wotso du vovovo me la, ƒe numenya aɖewo ɖa. Ivan gblɔ tso woƒe srɔ̃kpekpea ŋuti ɖoɖowo ŋu be: “Alesi koŋ medi be nuwo nayi le nye srɔ̃kpegbea la nɔ susume nam nyuie; wo dometɔ aɖewoe nye xɔ̃nyewo katã kpekpe va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea, míana woame srɔ̃ɖekpɔnɔvivi na mí, eye nye ŋugbetɔa nanɔ srɔ̃ɖewu ɣi me. Gake Delwyn ya di be wɔnaa nanɔ kpokploe ko, eye míadɔ srɔ̃ɖekpɔnɔvivi aɖeke o. Edi gɔ̃ hã be yeado awu si manye srɔ̃ɖewu ɣi kokoko o.”

Aleke ŋugbetɔ siawo kpɔ nya siawo gbɔe? To dze ɖoɖo tso dzime faa anukwareɖiɖitɔe me. (Lododowo 12:18) Ivan gblɔ kpee be: “Míesrɔ̃ srɔ̃kpekpe ŋuti nya siwo wotu ɖe Biblia dzi, abe esi le October 1, kple November 1, 1984, ƒe Gbetakpɔxɔ me ene, la nyuie. * Womenyawo kpe ɖe mía ŋu míede dzesi Mawu ƒe nukpɔsusu le wɔnaa ŋu. Esi wònye du vovovowo mee míetso ta la, ehiã be míaɖe asi le mía ŋutɔwo ƒe dzimedidi geɖe ŋu. Míetia nusi ade mía kple evea siaa dzi.”

Aret kple Penny hã ɖe afɔ siawo tɔgbe. Aret gblɔ tso woƒe srɔ̃kpegbea ŋu be: “Mía kple Penny míedzro míaƒe didi vovovowo ku ɖe míaƒe srɔ̃kpekpea ŋu me, eye míeva lɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi. Míedo gbe ɖa bia be Yehowa nayra ɖe ŋkekea dzi. Mebia aɖaŋuɖoɖowo tso mía dzilawo kple srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo, siwo le hamea me la, hã gbɔ. Woƒe aɖaŋuɖoɖoawo kpe ɖe mía ŋu ale gbegbe. Esia wɔe be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ le míaƒe srɔ̃kpegbea.”

Awudodo Kple Dzadzraɖo Bubutɔe

Eme kɔ ƒã be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a siaa adi be yewoadzra ɖo nyuie le srɔ̃kpegbea. (Psalmo 45:8-15) Ðewohĩ woaku kutri ahazã ɣeyiɣi kple ga geɖe ɖe awu si sɔ la didi ŋu. Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatia esi ŋu bubu le henya kpɔ hã?

Na míabu awu si ŋugbetɔa ado gbemagbe ŋu kpɔ. Togbɔ be amesiame kple nusi dzɔa dzi nɛ ye, eye dukɔ sia dukɔ kple alesi wodoa awui hã la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ya wɔa dɔ le goawo katã me. Ebia tso nyɔnuwo si be ‘woado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.’ Ele be nyɔnu Kristotɔwo nawɔ ɖe esia dzi ɣeawokatãɣi, kple le srɔ̃kpegbe hã. Nya lae nye be srɔ̃kpekpe si ado dzidzɔ na ame la mebia “awu xɔasi dodo o.” (Timoteo I, 2:9; Petro I, 3:3, 4) Aleke gbegbe aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ naa ame ƒe dzi dzea emee nye esi!

David, amesi ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Srɔ̃ɖela akpa gãtɔ dzea agbagba wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi, eye wodze na kafukafu. Ke hã, edzɔna ɣeaɖewoɣi be ŋugbetɔwo kple ŋugbetɔŋunɔlawo ƒe nudodowo tɔa ŋku, woƒe akɔta katãa nɔa dzedzem loo alo woƒe ameti bliboa nɔa dzedzem le awua me.” Esi hamemegã tsitsi aɖe kpe kple ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe do ŋgɔ na woƒe srɔ̃kpegbe la, eɖo aɖaŋu na wo be woawɔ nu wòaɖee afia be wotsi le gbɔgbɔ me. Aleke wòwɔe? Ebia wo be ɖe awu siwo woɖo be yewoado la asɔ nyuie bene woate ŋu ado wo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe hã? Le nyateƒe me la, ate ŋu anɔ eme be awuawo ato vovo tso esiwo míedona yia kpekpewo edziedzi la gbɔ, eye srɔ̃kpegbe nudodowo anɔ vovovo le dekɔnu ɖesiaɖe me ya. Ke hã, ele be woasɔ ɖe Kristotɔwo ƒe awudodo ŋuti dzidzenu siwo ŋu bubu le la nu. Ne amesiwo menye Kristotɔwo o bua Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo be wole kpaɖii akpa hã la, edzɔa dzi na Kristotɔ vavãwo ya be yewoatsi tre ɖe agbagba siwo xexeame dzena be yeazi yewo dzi ade eƒe nuwɔnawo me la ŋu.—Romatɔwo 12:2; Petro I, 4:4.

Penny gblɔ be: “Mía kple Aret míetsi dzi ɖe awudodo kple srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖoa ŋu fũ akpa o, míaƒe susu nɔ srɔ̃kpekpea ŋutɔ kple eŋuti nuƒo, si nye akpa si atu mí ɖo le gbɔgbɔ me la dzi boŋ. Eyae nye ŋkekea ƒe akpa vevitɔ kekeake. Nu tɔxɛ siwo dzi meɖoa ŋkui ye nye amesiwo va kpɔ gome le wɔnaa me kplim kpakple dzidzɔ si mekpɔ be meɖe amesi melɔ̃ la, ke menye awu si medo alo nu si meɖu o.” Anyo be nya siawo nanɔ susu me na Kristotɔ siwo le srɔ̃ ɖe ge la, ne wole dzadzram ɖo ɖe woƒe srɔ̃kpegbea ŋu.

Fiaɖuƒe Akpata La—Enye Bubu Teƒe

Kristotɔ siwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me la dometɔ geɖe dina be yewoawɔ srɔ̃kpekpea le Fiaɖuƒe Akpata me, ne mɔɖeɖe li be woawɔe nenema. Nukatae wodina esia ɖo? Srɔ̃tɔ aɖe ɖe woƒe susua me ale: “Míenyae be srɔ̃ɖeɖe nye Yehowa ƒe ɖoɖo kɔkɔe. Eyata srɔ̃a kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me, afisi míedea ta agu le la, kpe ɖe mía ŋu míekpɔe tso gɔmedzedzea me ke be ehiã be Yehowa nanɔ míaƒe srɔ̃gbenɔnɔa me. Viɖe bubu si míekpɔ le srɔ̃a kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me, tsɔ wu esi míawɔe le teƒe bubu, ŋue nye be ena míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la kpɔ alesi gbegbe Yehowa subɔsubɔ le vevie na míi la dze sii.”

Ne hamemegã siwo kpɔa Fiaɖuƒe Akpataa dzi la ɖe mɔ be woawɔ srɔ̃kpekpea le Akpataa me la, ele be amesiwo le srɔ̃a ɖem nagblɔ alesi woadi be yewoaɖo atsyɔ̃ na teƒeae la na hamemegãawo do ŋgɔ. Mɔ siwo nu ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a ate ŋu ade bubu woƒe ame kpekpeawo ŋu le la dometɔ ɖekae nye be woaɖoe kplikpaa be yewoava ɖo ɖe game si yewoɖo ɖe wɔnaa ŋu la dzi pɛpɛpɛ. Eye woakpɔ egbɔ be wowɔ nusianu bubutɔe. * (Korintotɔwo I, 14:40) Eyata woaƒo asa na nugbɔmewɔwɔ siwo dzena le xexeametɔwo ƒe srɔ̃kpekpe me la wɔwɔ.—Yohanes I, 2:15, 16.

Amesiwo wokpe va srɔ̃a ɖeƒe hã ate ŋu aɖee afia be yewobua srɔ̃ɖeɖe abe alesi Yehowa hã bunɛ ene. Le kpɔɖeŋu me, womakpɔ mɔ be srɔ̃kpekpea naƒo Kristotɔ bubuwo tɔ ta, abe ho ʋlimee wole be yewoakpɔ be ameka ƒe srɔ̃kpekpee nɔ kpeɖii wu mahã, o. Kristotɔ tsitsiwo nyae hã be Fiaɖuƒe Akpata me yiyi aɖase Biblia me nuƒoa le vevie heɖea vi wu srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea dede alo wɔna siwo akplɔe ɖo la. Nenye be ɣeyiɣi alo nɔnɔmea abia be wɔnawo dometɔ ɖeka wɔƒe koe Kristotɔ aɖe nate ŋu ade la, anyo be nàyi Fiaɖuƒe Akpataa me boŋ. Hamemegã aɖe si ŋkɔe nye William gblɔ be: “Ne amekpekpewo metsi dzi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me vava ŋu o gake wova ɖi anyi ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea la, esia nye bubumademade wɔnaa ƒe kɔkɔenyenye ŋu. Ne womekpe mí na srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea yiyi o hã la, míate ŋu aɖe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a ŋu afia to Fiaɖuƒe Akpataa me yiyi me, ne wòanye ɖaseɖiɖi nyui aɖe na ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la.”

Dzidzɔ si Nɔa Anyi wu Srɔ̃kpegbe Dzidzɔa Ko

Asitsatsa ƒe xexe si me míele la na srɔ̃ɖeɖoɖowo wɔwɔ zu ga nagbonagbowo ƒe nu. Nyitsɔ laa ƒe nyatakaka aɖe ɖee fia be le Amerika la, “wozãna Amerika dɔlar 22,000, si nye ƒe ɖeka ƒe fetu si aƒekɔwo xɔna le Amerika la ƒe afã,” ɖe srɔ̃kpekpe ŋu le mama dedie nu. Asitsahawo ƒe boblo dodo kpɔa ŋusẽ ɖe srɔ̃tɔ yeyewo alo woƒe ƒometɔwo dzi ale gbegbe be wonyia fe gbogbowo ɖe ŋkeke ma pɛ ko ŋu, si wova tsɔa ƒe geɖe nɔa xexem. Ðe nunya anɔ eme be woadze srɔ̃gbenɔnɔ gɔme alea? Amesiwo menya Biblia ƒe gɔmeɖosewo o, alo wometsɔa ɖeke le wo me o, lae atiae be yewoaƒo ta ɖe nusia me, gake mele be wòanɔ alea le Kristotɔ vavãwo ya gome kura o.

Srɔ̃kpegbe wɔnawo wɔwɔ ɖe ŋku ŋu, wo wɔwɔ ɖe ame ƒe ŋutete nu, kple susu ɖoɖo alesi woawɔe bene wòadze Mawu ŋu ŋu kpe ɖe Kristotɔ srɔ̃tɔ geɖe ŋu be wote ŋu zã woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo wòsɔ ɖe adzɔgbe si woɖe na Mawu la nu. (Mateo 6:33) Se Lloyd kple Alexandra, amesiwo le ɣeyiɣiwo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm tso esime woɖe srɔ̃, ƒe 17 sɔŋ enye esia, ƒe nyawo ɖa. Lloyd gblɔe be: “Ame aɖewo abu míaƒe srɔ̃kpekpe wɔnaa be enɔ kpokploe akpa, ke hã, edzɔ dzi na mía kple Alexandra ya ŋutɔ. Míebui be mele be míaƒe srɔ̃kpegbea nana míanyi fe si míade xexe ge avɔ do kpoe o, ke boŋ wòanye wɔna si aɖee afia be enye ɖoɖo si Yehowa wɔ bene wòana ame eve nakpɔ dzidzɔ geɖe.”

Alexandra gblɔ kpee be: “Gbesiagbe mɔɖelae menye hafi ɖe srɔ̃, eye nyemedi be maɖe asi le mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ɖe srɔ̃kpekpe kpeɖii aɖeke wɔwɔ ko ta o. Míaƒe srɔ̃kpekpea nɔ etɔxɛ. Ke hã, agbe si míava nɔ ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene la ƒe ŋkeke gbãtɔa koe wònye. Míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye be míaƒo asa na dzitsitsi fũ akpa ɖe míaƒe srɔ̃kpegbea ŋu la dzi, eye míedi Yehowa ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu le míaƒe srɔ̃gbenɔnɔa me la boŋ. Esia na míexɔ Yehowa ƒe yayra geɖe vavã.” *

Ẽ, wò srɔ̃kpegbe nye ŋkeke tɔxɛ. Nɔnɔme kple nuwɔna siwo ayi edzi gbemagbe la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò srɔ̃gbenɔnɔ dzi le ƒe siwo le ŋgɔ me. Eyata ziɔ ɖe Yehowa ŋu ne wòafia mɔ wò. (Lododowo 3:5, 6) Srɔ̃kpegbea ƒe wɔna si atu mi ɖo le gbɔgbɔ me la nenɔ vevie na mi wu nusianu. Mikpe ɖe mia nɔewo ŋu le ɖoƒe si Mawu na mi la wɔwɔ me. Esia awɔe be miate ŋu aɖo gɔmeɖoanyi nyui na miaƒe srɔ̃gbenɔnɔa, eye Yehowa ayra mi be dzidzɔ si nɔa anyi wu srɔ̃kpegbe dzidzɔa ko la, nasu mia si.—Lododowo 18:22.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Àkpɔe le April 15, 1984, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ me. Numeɖeɖe bubuwo hã le February 8, 2002, ƒe Nyɔ! me. Yehowa Ðasefowoe ta wo.

^ mm. 20 Ne srɔ̃a ɖelawo ɖoe be yewoaɖe foto le Fiaɖuƒe Akpataa me alo be woalé wɔnaa ɖe mɔ̃ dzi na yewo la, ele be woakpɔ egbɔ be womawɔ naneke si aɖe bubu le srɔ̃kpekpea ŋu o.

^ mm. 25 Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowoe ta la, ƒe axa 26 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ele be amesiwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me la naɖo dze faa ameŋububutɔe ne wole woƒe srɔ̃kpekpea ŋuti ɖoɖowo wɔm

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Srɔ̃kpegbea ƒe wɔna si atu mi ɖo le gbɔgbɔ me la nenɔ vevie na mi wu nusianu