Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèbua Nu Kɔkɔewo Abe Alesi Yehowa Bua Woe Enea?

Ðe Nèbua Nu Kɔkɔewo Abe Alesi Yehowa Bua Woe Enea?

Ðe Nèbua Nu Kɔkɔewo Abe Alesi Yehowa Bua Woe Enea?

‘Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke naganye ahasiwɔla alo amesi medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o le mia dome o.’—HEBRITƆWO 12:15, 16.

1. Nɔnɔme kae bɔ egbea si Yehowa subɔlawo meɖena fiana o?

LE XEXEAME godoo la, amewo megadea bubu aɖeke nu kɔkɔewo ŋu o. Franseawo ƒe hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala, Edgar Morin gblɔ be: “Nusiwo dzi wotu agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo ɖo—siwo nye, Mawu, dzɔdzɔme, blemaŋutinya, susuŋudɔwɔwɔ—meganye nusi ŋu amewo mekea ɖi le o. . . . Amewo tia agbenyuinɔnɔ ŋuti gɔmeɖose siwo dzi wodi be yewoawɔ ɖo na wo ɖokui.” Esia ɖea “xexeame ƒe gbɔgbɔ,” alo “gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” fiana. (Korintotɔwo I, 2:12; Efesotɔwo 2:2) Gake amesiwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wolɔ̃ faa bɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe dziɖulanyenye dzɔdzɔea te ya meɖea bubumademade nu kɔkɔewo ŋu ƒe nɔnɔme ma fiana o. (Romatɔwo 12:1, 2) Ke boŋ Mawu subɔlawo kpɔa akpa vevi si kɔkɔenyenye wɔna le woƒe tadedeagu na Yehowa me la dzea sii. Nukawoe wòle be míabu nu kɔkɔewoe le míaƒe agbe me? Míadzro nu atɔ̃ siwo le kɔkɔe na Mawu subɔlawo katã me le nyati sia me. Nyati si akplɔe ɖo ate gbe ɖe míaƒe kpekpewo ƒe nukɔkɔenyenye dzi. Gake nuka tututue nya “kɔkɔe” fia?

2, 3. (a) Aleke Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye dzii? (b) Aleke míebua Yehowa ƒe ŋkɔ nu kɔkɔe?

2 Le Hebrigbe si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, nya “kɔkɔe” hea susu yia nane ɖeɖe ɖe vovo dzi. Le tadedeagu me la, wozãa “kɔkɔe” wòkuna ɖe nusi woɖe ɖe vovo tso bubuwo gbɔ, alo nusi wobuna nu kɔkɔe ŋu. Yehowa le kɔkɔe le gɔmesese si de blibo keŋkeŋ nu. Woyɔe be ‘Kɔkɔetɔ la.’ (Lododowo 9:10; 30:3) Le blema Israel la, nunɔlagã ɖɔna tablanu si ŋu wolé sikagagbadzɛ aɖe ɖo, eye woŋlɔ ɖe sikagagbadzɛa dzi be, “Kɔkɔe na Yehowa.” (Mose II, 28:36, 37) Wogblɔ le kerubi kple serafi siwo nɔ Yehowa ƒe fiazikpui ŋu la ŋuti le Ŋɔŋlɔawo me be wonɔ ɣli dom bena: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa.” (Yesaya 6:2, 3; Nyaɖeɖefia 4:6-8) Nyagbugbɔgblɔ sia te gbe ɖe edzi be Yehowa le kɔkɔe hele dzadzɛ le gɔmesese deblibo si ɖeke mesɔ kpli o nu. Le nyateƒe me la, eyae nye kɔkɔenyenyewo katã Dzɔtsoƒe.

3 Yehowa ƒe ŋkɔ le kɔkɔe. Hakpala gblɔ be: “Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe.” (Psalmo 99:3) Yesu fia mí be míado gbe ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Maria, si nye Yesu dada esime wònɔ anyigba dzi, gblɔ be: “Nye luʋɔ do Aƒetɔ la ɖe dzi, . . . ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam, eye kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.” (Luka 1:46, 49) Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míebua eƒe ŋkɔa nu kɔkɔe, eye míetsria nusianu si ahe vlododo ava ŋkɔ kɔkɔe sia dzi la wɔwɔ. Gawu la, Yehowa ƒe nukpɔsusu le kɔkɔenyenye ŋu la kee le mía si, eye míebua nusiwo wòbuna nu kɔkɔewo la nu kɔkɔewoe.—Amos 5:14, 15.

Nusita Míedea Bubu Deto Yesu Ŋu

4. Nukatae Biblia yɔ Yesu be “kɔkɔetɔ”?

4 Esi wònye be Mawu si le kɔkɔe ƒe “Tenuvi” ye Yesu nye ta la, wowɔe wòle kɔkɔe. (Yohanes 1:14; Kolosetɔwo 1:15; Hebritɔwo 1:1-3) Esia tae woyɔe be, “Mawu ƒe kɔkɔetɔ la” ɖo. (Yohanes 6:69) Esi wotrɔ eƒe agbe tso dziƒo va anyigba dzi hã la, ekpɔtɔ nɔ kɔkɔe, elabena gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋusẽ mee Maria dzi Yesu le. Do ŋgɔ la, mawudɔla aɖe gblɔ na Maria be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò . . . nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.” (Luka 1:35) Esi Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem nɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɣeaɖeɣi la, woyɔ Mawu ƒe Vi la zi eve be: “Wò dɔla kɔkɔe Yesu.”—Dɔwɔwɔwo 4:27, 30.

5. Dɔ kɔkɔe kae Yesu wɔ de goe le eƒe anyigbadzinɔɣi, eye nukatae eƒe ʋua xɔ asi ŋutɔ?

5 Ele na Yesu be wòawɔ dɔ kɔkɔe aɖe ade goe esime wònɔ anyigba dzi. Wosi ami na Yesu wòzu Nunɔlagã le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me, le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi, le ƒe 29 M.Ŋ. me. (Luka 3:21, 22; Hebritɔwo 7:26; 8:1, 2) Tsɔ kpe ɖe ema ŋu la, ele nɛ be wòaku vɔsaku. Eƒe ʋu si wòkɔ ɖi anye tafe, si dzi woato aɖe amegbetɔ nuvɔ̃mewo. (Mateo 20:28; Hebritɔwo 9:14) Esia tae míebua Yesu ƒe ʋu la nu kɔkɔe, kple nu “xɔasi” aɖee.—Petro I, 1:19.

6. Nɔnɔme kae míeɖena fiana ɖe Kristo Yesu ŋu, eye nukatae?

6 Esi Paulo nɔ eɖem fia be míedea bubu deto míaƒe Fia kple Nunɔlagã, Kristo Yesu, ŋu la, eŋlɔ bena: “Mawu do [Yesu Kristo] ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.” (Filipitɔwo 2:9-11) Míeɖenɛ fiana be Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu le mía si to mía ɖokui bɔbɔ dzidzɔtɔe ɖe mía Kplɔla kple Fia, Kristo Yesu, si nye Kristo-hamea ƒe Ta la te me.—Mateo 23:10; Kolosetɔwo 1:18.

7. Aleke míeɖea míaƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Kristo te fianae?

7 Mía ɖokui bɔbɔ ɖe Kristo te lɔ alesi míade bubu ŋutsu siwo zãm wòle be woaxɔ ŋgɔ le dɔ, si eya ŋutɔ le mɔfiamee me ŋu la hã ɖe eme. Ele be míabu akpa si wɔm Dziɖuha la me tɔ siwo nye amesiaminawo le, kple akpa si wɔm dzikpɔla siwo woɖo le alɔdzedɔwɔƒewo, nutome gãwo, nutome suewo, kple le hamewo me le la, agbanɔamedzi kɔkɔewoe. Eyata ele be míade bubu deto ɖoɖo sia ŋu ahabɔbɔ mía ɖokui ɖe nɔviŋutsu siawo te.—Hebritɔwo 13:7, 17.

Dukɔ Kɔkɔe Aɖe

8, 9. (a) Mɔ ka nue Israel-viwo nye dukɔ kɔkɔe le? (b) Aleke Yehowa fia kɔkɔenyenye ƒe vevienyenye Israel-viwoe?

8 Yehowa wɔ nubabla aɖe kple Israel. Ƒomedodo sia na dukɔ ma va le ɖoƒe tɔxɛ aɖe. Wokɔ wo ŋu heɖe wo ɖe vovo. Yehowa ŋutɔ gblɔ na wo be: “Minye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.”—Mose III, 19:2; 20:26.

9 Tso keke esime woɖo Israel-dukɔa anyi kee Yehowa fia kɔkɔenyenye ƒe vevienyenye Israel-viwo. Be woagaku o la, mele be woaka asi to si dzi woxɔ Se Ewoawo le la ŋu o. Wobu Sinai-toa ɣemaɣi le mɔ aɖe nu be ele kɔkɔe. (Mose II, 19:12, 23) Wobua nunɔlanyenyea, avɔgbadɔa kple nusiwo le eme la katã be wonye nu kɔkɔewo. (Mose II, 30:26-30) Aleke wòle le Kristo-hamea me?

10, 11. Nukatae míate ŋu agblɔ be Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha la le kɔkɔe, eye ŋusẽ kae esia kpɔna ɖe ‘alẽ bubuawo’ dzi?

10 Yehowa bua Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea hã nu kɔkɔe. (Korintotɔwo I, 1:2) Le nyateƒe me la, togbɔ be menye Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ŋutɔŋutɔe Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa katã, si nɔ anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, nye o hã la, wotsɔ wo sɔ kple gbedoxɔ kɔkɔe aɖe. Yehowa nɔa gbedoxɔ kɔkɔe sia me to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Le Kristo Yesu] me wokpe xɔtutu blibo la katã ɖo, eye wòtsi zu mawuxɔ kɔkɔe le [Yehowa] me, amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le gbɔgbɔ la me.”—Efesotɔwo 2:21, 22; Petro I, 2:5, 9.

11 Paulo gaŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Ðe mienyae bena, mawuxɔ mienye, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ la nɔa mia me oa? . . . Mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.” (Korintotɔwo I, 3:16, 17) Yehowa ‘nɔa’ amesiaminawo dome ‘hezɔna wo dome’ to eƒe gbɔgbɔa dzi. (Korintotɔwo II, 6:16) Eyia edzi fiaa mɔ eƒe “dɔla” wɔnuteƒe la ɣesiaɣi. (Mateo 24:45-47) ‘Alẽ bubuawo’ dea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woade ha kple mawuxɔ ƒe ha sia ŋu ale gbegbe.—Yohanes 10:16; Mateo 25:37-40.

Nusiwo Nye Nu Kɔkɔewo le Mí Kristotɔwo ƒe Agbenɔnɔ Me

12. Nukawoe nye nu kɔkɔewo le míaƒe agbe me, eye nukatae?

12 Mewɔ nuku o be, míebua nu geɖe siwo do ƒome kple Kristo-hamea me tɔ siwo nye amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo be wonye nu kɔkɔewo. Mía kple Yehowa dome ƒomedodoa hã nye nu kɔkɔe. (Kronika I, 28:9; Psalmo 36:8) Ƒomedodo sia xɔ asi na mí ale gbegbe be, míeɖea mɔ be naneke nama mía kple mía Mawu, Yehowa, dome gbeɖe o. (Kronika II, 15:2; Yakobo 4:7, 8) Gbedodoɖa hã wɔa akpa vevi aɖe le mía kple Yehowa dome ƒomedodo kplikplikplia me léle ɖe asi me. Nyagblɔɖila Daniel bu gbedodoɖa nu kɔkɔe ale gbegbe be, eyi edzi nuteƒewɔwɔtɔe nɔ gbe dom ɖa na Yehowa abe alesi ko wòwɔnɛ xoxoxo ene, togbɔ be esia ade eƒe agbe afɔku me hã. (Daniel 6:8-12) Wotsɔ “ame kɔkɔewo [alo Kristotɔ amesiaminawo] ƒe gbedodoɖawo” sɔ kple atike ʋeʋẽe si wozãna le tadedeagu me le gbedoxɔa me. (Nyaɖeɖefia 5:8; 8:3, 4; Mose III, 16:12, 13) Kpɔɖeŋu sia ɖee fia be gbedodoɖa nye nu kɔkɔe. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míete ŋu ƒoa nu kple xexea me katã ƒe Dziɖulagã la! Mewɔ nuku o be, míebua gbedodoɖa nu kɔkɔee le míaƒe agbe me!

13. Ŋusẽ kae le kɔkɔe, eye aleke míate ŋu aɖe mɔ wòawɔ dɔ le míaƒe agbe mee?

13 Ŋusẽ aɖe wɔa dɔ le Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ƒe agbe me, si wobuna nu kɔkɔe—eyae nye, gbɔgbɔ kɔkɔe la. Ŋusẽ siae nye Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ, eye esi wònye be gbɔgbɔ siae Mawu kɔkɔe la zãna ta la, woyɔe wòsɔ nyuie be, “gbɔgbɔ kɔkɔe,” alo “kɔkɔenyenye ƒe gbɔgbɔ la.” (Yohanes 14:26; Romatɔwo 1:4) To gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la, Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawo woɖea gbeƒã nyanyuia. (Dɔwɔwɔwo 1:8; 4:31) Yehowa nana eƒe gbɔgbɔa ‘amesiwo ɖoa toe abe dziɖula ene,’ amesiwo yia edzi ‘zɔna le gbɔgbɔ me,’ ke menye le woa ŋutɔwo ƒe ŋutilã ƒe nudzodzro nu o. (Dɔwɔwɔwo 5:32; Galatiatɔwo 5:16, 25; Romatɔwo 8:5-8) Ŋusẽ triakɔ sia kpena ɖe Kristotɔwo ŋu wote ŋu ɖea ‘gbɔgbɔ ƒe kutsetsea’—nɔnɔme nyuiwo—fiana, eye wowɔa nu le “anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me.” (Galatiatɔwo 5:22, 23; Petro II, 3:11) Ne míebua gbɔgbɔ kɔkɔea nu kɔkɔe la, míaƒo asa na nusianu si ate ŋu ave gbɔgbɔ sia, alo axe mɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu le míaƒe agbe me la wɔwɔ.—Efesotɔwo 4:30.

14. Mɔnukpɔkpɔ kae amesiaminawo buna nu kɔkɔe, eye aleke alẽ bubuawo hã kpɔa gome le esia mee?

14 Míebua mɔnukpɔkpɔ si su mía si be Mawu kɔkɔe, Yehowa, ƒe ŋkɔ le mía ŋu, kple be míenye eƒe Ðasefowo la hã nu kɔkɔee. (Yesaya 43:10-12, 15) Yehowa wɔ Kristotɔ amesiaminawo wodze be woanye “nubabla yeye ƒe subɔlawo.” (Korintotɔwo II, 3:5, 6) Le esia ta, wode dɔ asi na wo be woaɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” eye be woawɔ “dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 24:14; 28:19, 20) Wole dɔdasi sia wɔm nuteƒewɔwɔtɔe, eye ame miliɔn geɖe siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo, le gbɔgblɔm le kpɔɖeŋumɔnu be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Amesiawo le “mía Mawu ƒe subɔlawo” alo amesiaminawo subɔm dzidzɔtɔe le gbɔgbɔmegɔmesese nu, abe “agbledelawo” kple “weingbledelawo” ene. Le mɔ sia nu la, alẽ bubuawo le kpekpeɖeŋu gã aɖe nam amesiaminawo le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le xexea me godoo me.—Yesaya 61:5, 6.

15. Dɔ kae apostolo Paulo bu nu kɔkɔee, eye nukatae míawo hã míebunɛ nenema?

15 Apostolo Paulo, si nye amesiamina siawo dometɔ ɖeka, bu eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa nu kɔkɔee. Egblɔ le eɖokui ŋu be, yenye “Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye [be, yewɔa] Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ.” (Romatɔwo 15:16) Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la, eƒo nu tso eƒe subɔsubɔdɔa ŋu be, enye “kesinɔnu.” (Korintotɔwo II, 4:1, 7) Míetoa míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa dzi nana amewo nyana ‘mawunya si nye nu kɔkɔe la.’ (Petro I, 4:11) Eyata míeɖanye amesiaminawo alo alẽ bubuawo o, míebua gomekpɔkpɔ le ɖaseɖiɖidɔa me be enye mɔnukpɔkpɔ si le kɔkɔe.

‘Kɔkɔenyenye Nu Wuwu le Mawuvɔvɔ̃ Me’

16. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagazu amesiwo ‘medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu’ o?

16 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaganye amesiwo ‘medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu’ o. Le ema teƒe la, exlɔ̃ nu wo be, ‘woadi kɔkɔenyenye yome,’ eye be ‘woakpɔ nyuie, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na wo, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o.’ (Hebritɔwo 12:14-16) Nyagbɔgblɔ si nye “veve ƒe ke” ku ɖe Kristo-hamea me tɔ ʋɛ siwo dia vodada le alesi wokpɔa nyawo gbɔ le hamea mee ŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ amesiawo mada asi ɖe Yehowa ƒe nukpɔsusu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe nukɔkɔenyenye alo alesi wòhiã be woanɔ agbe dzadzɛ la dzi o. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-7; Hebritɔwo 13:4) Alo ɖewohĩ wokpɔa gome le xɔsegbenya, siwo nye “dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo,” si “amesiwo tre mɔ tso nyateƒe la, gbɔ” nɔa gbɔgblɔm la gbɔgblɔ me.—Timoteo II, 2:16-18.

17. Nukatae wòhiã be amesiaminawo nayi edzi anɔ ʋiʋlim vevie be yewoaɖe Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu afia?

17 Apostolo Paulo ŋlɔ na nɔvia amesiaminawo be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.” (Korintotɔwo II, 7:1) Nyagbɔgblɔ sia fia be, ele na Kristotɔ amesiamina siwo nye “dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo” be woayi edzi anɔ ʋiʋlim vevie be woaɖe Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu afia le woƒe agbemenuwɔna ɖesiaɖe me. (Hebritɔwo 3:1) Nenema kee apostolo Petro hã xlɔ̃ nu nɔvia siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la be: “Abe vi ɖotowo ene [la,] migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me.”—Petro I, 1:14, 15.

18, 19. (a) Aleke “ameha gã” la me tɔwo ɖenɛ fiana be, Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu le yewo si? (b) Nu bubu si hã nye nu kɔkɔe le mí Kristotɔwo ƒe agbe me ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Ke “ameha gã,” si atsi agbe atso “xaxa gã” la ya ɖe? Ele na woawo hã be woaɖee afia be Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu le yewo si. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, woɖɔ wo be wole ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ tsɔm na Yehowa le gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi la me. Woxɔ Kristo ƒe tafevɔsa la dzi se, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wole ‘woƒe awuwo nyãm, eye wole wo wɔm ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.’ (Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 15) Esia wɔe be tenɔnɔ dzadzɛ su wo si le Yehowa ŋkume, eye esia da agba ɖe wo dzi be, ‘woakɔ wo ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena woawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.’

19 Kpekpewo dede edziedzi hena tadedeagu na Yehowa kple eƒe Nya la sɔsrɔ̃ wɔa akpa vevi aɖe le Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ƒe agbe me. Yehowa bua eƒe amewo ƒe ƒuƒoƒowo nu kɔkɔee. Míadzro alesi wòle be, Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu nanɔ mía si le go vevi sia me, kple nusitae la me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le blema-Israel la, wobua nunɔlanyenyea, avɔgbadɔa, kple nusiwo le eme la katã be wonye nu kɔkɔewo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi nye gbedoxɔ kɔkɔe aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbedodoɖa kple míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa nye mɔnukpɔkpɔ kɔkɔewo

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Numetoto

• Amesiwo le xexeame ƒe nɔnɔme kae Yehowa subɔlawo meɖena fiana o?

• Nukata Yehowa nye nusiwo katã le kɔkɔe ƒe Dzɔtsoƒe?

• Aleke míeɖenɛ fiana be míedea bubu Kristo ƒe kɔkɔenyenye ŋu?

• Nukawoe wòle be míabu nu kɔkɔewoe le míaƒe agbe me?