Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Nyagblɔla ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Nyagblɔla ƒe Agbalẽa Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Nyagblɔla ƒe Agbalẽa Me

BLEMAFOFO Hiob gblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Aleke wòle vevie nye esi be míagagblẽ míaƒe agbenɔɣi si le kpuie la ɖe numaɖinuwo kple agbagbadzedze dzodzrowo ŋu o! Nuka ŋue wòle be míazã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo ɖo? Wo dometɔ kawoe wòle be míaƒo asa na? Nya siwo me nunya le, siwo woŋlɔ ɖe Biblia-gbalẽ si nye Nyagblɔla me, na mɔfiame nyuiwo mí le go sia me. Nya siwo le agbalẽ sia me nye “tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la,” eye esia kpena ɖe mía ŋu míenɔa agbe ɖɔʋu.—Hebritɔwo 4:12.

Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ku ɖe nusi ŋu viɖe le ŋutɔŋutɔ le agbe me kple nusi ŋu viɖe aɖeke mele o ŋu la le Nyagblɔla ƒe agbalẽ sia, si blema Israel-fia Salomo, amesi xɔ ŋkɔ le eƒe nunya ta, ŋlɔ la me. Esi wònye be Salomo ƒo nu tso eƒe xɔtudɔ aɖewo, siwo wòwɔ ŋu ta la, anya ŋlɔ Nyagblɔla ƒe agbalẽa le eƒe xɔtudɔawo nuwuwu megbe kple do ŋgɔ na eƒe tatra ɖa tso tadedeagu vavãtɔ gbɔ. (Nexemya 13:26) Esia na wòdze ƒã be, woŋlɔ agbalẽ sia do ŋgɔ na ƒe 1000 D.M.Ŋ., le Salomo ƒe ƒe 40 dziɖuɖua ƒe nuwuwu lɔƒo.

NUKAE MENYE TOFLOKO O?

(Nyagblɔla 1:1–6:12)

Nyagblɔla la gblɔ be: “Nusianu enye tofloko!” Eye wòbia be: “Viɖe ka amegbetɔ kpɔna tsoa eƒe agbagba, siwo katã wòdzena le ɣea te la mea?” (Nyagblɔla 1:2, 3) Nyagbɔgblɔ siwo nye “tofloko” kple “le ɣea te” dze zi geɖe le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “tofloko” la fia “ƒuƒu” alo “dzudzɔ” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu, eye esia fia nusi ŋu viɖe boo aɖeke mele o, nusi menɔa anyi ɖaa o, alo nusi ƒe asixɔxɔ nu yina bɔbɔe. Nyagbɔgblɔ si nye “le ɣea te,” fia be, “le anyigba sia dzi” alo “le xexe sia me.” Eyata nusianu—si fia agbagba siwo katã amegbetɔwo dzena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu mabumabui—nye tofloko.

Salomo gblɔ be: “Ne èyina ɖe wò Mawu ƒe me la, kpɔ wò afɔ dzi; eye [yi be nàse nya].” (Nyagblɔla 4:17) Veviedodo le Yehowa Mawu ƒe tadedeagu vavãtɔ me menye tofloko o. Le nyateƒe me la, ŋudzɔnɔnɔ ɖe mía kplii dome ƒomedodoa ŋu nye nu vevi si nana be míenɔa agbe ɖɔʋu.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:4-10Mɔ ka nue alesi dzɔdzɔmenuwo nu nɔa yiyim henɔa gbɔgbɔm ɖaa la tea ɖeɖi ame ŋu le? Nyagblɔla la yɔ nu vevi etɔ̃ siwo wɔnɛ be agbe nya nɔna le anyigba dzi—siwo nye ɣe, yaƒoƒo, kple alesi tsi wɔna dzanae. Le nyateƒe me la, dzɔdzɔmenu siwo nu nɔa yiyim henɔa gbɔgbɔm la le vovovo hesɔ gbɔ, eye wo gɔmesese nye dɔ. Ame ate ŋu atsɔ eƒe agbenɔɣi katã asrɔ̃ nu tso wo ŋu, ke hã, mate ŋu ase wo gɔme keŋkeŋ o. Esia ate ŋu ate ɖeɖi ame ŋu vavã. Enye nusi tena ɖe ame dzi hã be woatsɔ ame ƒe agbenɔƒe kpui la anɔ sɔsɔm kple dzɔdzɔmenu siwo nɔa yiyim henɔa gbɔgbɔm ɖaa madzudzɔmadzudzɔe. Agbagbadzedze be woato nu yeyewo vɛ hã tea ɖeɖi ame ŋu. Ne míagblɔe la, nutovɛwo menye nu yeye aɖeke tsɔ wu se, siwo Mawu wɔ ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu hezã xoxo le nusiwo wòwɔ me, la ke ŋudɔwɔwɔ o.

2:1, 2—Nukata woƒo nu tso nukoko ŋu be enye ‘aɖaʋa’ ɖo? Nukoko ate ŋu ana míaŋlɔ míaƒe kuxiwo be vie, eye dzidzɔdodonameɖokui ate ŋu ana be míagabu míaƒe kuxiwo ŋu boo o ya. Gake nukoko menana míaƒe kuxi sesẽawo nu yina o. Eyata woƒo nu tso dzidzɔkpɔkpɔ didi to nukoko dzi be enye ‘aɖaʋa.’

3:11—Nukawoe Mawu wɔ “nyuie ɖe wo wɔɣi”? Nusiwo Yehowa Mawu wɔ “nyuie,” alo wɔ wosɔ nyuie henyo ɖe wo wɔɣi lae nye, Adam kple Xawa, anyieʋɔ ƒe nubabla la, nubabla si wòwɔ kple Abraham, nubabla si wòwɔ kple Dawid, Mesia la ƒe vava, kple Yesu Kristo ɖoɖo abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene. Gake nu bubu aɖe li si Yehowa le wɔwɔ ge “nyuie” le ɣeyiɣi si gbɔna kpuie me. Míate ŋu aka ɖe edzi be xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ ava eme ŋutɔŋutɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.—Petro II, 3:13.

3:15b (NW)—Aleke “Mawu vavã la gadia nusi yome wotina lae”? ‘Nusi yome wotina’ ate ŋu aku ɖe nusiwo ƒe tame Mawu ɖo be yeawɔ ŋu. Togbɔ be alesi wonɔa amewo dzim kple alesi amewo kuna ɖaae, kpakple alesi aʋawɔɣi kple ŋutifafaɣiwo nɔa wo nɔewo ɖɔlim ɖaae la nana amegbetɔwo sena le wo ɖokui me be wɔna vɔ le yewo ŋu hebunɛ be, nusiwo dzɔna ke koe gadzɔna ɖaa hã la, Mawu vavã la ya ate ŋu adi nusi wòdi be yeawɔ la yome ahawɔe hã. (Nyagblɔla 3:1-10, 15a) ‘Nusi yome wotina’ ate ŋu afia ame dzɔdzɔe siwo yome ame vɔ̃ɖiwo tina zi geɖe hã. Le go sia me la, Yehowa yia edzi dia ame dzɔdzɔewo kple susua be yeaɖe yeƒe ŋusẽ afia atsɔ axɔ na wo.—Kronika II, 16:9.

5:9—Aleke ‘anyigba ƒe viɖe ɖea vi na wo katãe’? Anyigbadzinɔlawo katã nɔa agbe ɖe ‘anyigba ƒe viɖewo,’ siwo nye nunyiame siwo dona tsoa anyigba me, la nu. Fia hã meto le eme o. Elabena hafi agblemenukuwo nasu esi la, eƒe dɔlawo ƒe kutrikuku le eƒe agblẽwo me dzie wòanɔ te ɖo.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:15. Enye dagbadagba ɖe ya me be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ate kpɔ be míaɖɔ ameteteɖeanyi kple madzɔmadzɔnyenye siwo teƒe kpɔm míele egbea la ɖo. Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa.—Daniel 2:44.

2:4-11. Agbemedɔwo abe xɔtutu, abɔwo tsotso, kple hadzidzi, kpakple agbeɖuɖu vivivo siaa nye “dagbadagba ɖe ya me,” elabena womenaa taɖodzinu gobi aɖeke nɔa agbe ŋu loo alo hea dzidzɔ si nɔa anyi didina vɛ o.

2:12-16. Nunya nyo wu bometsitsi le mɔ sia nu be ekpena ɖe ame ŋu wòkpɔa kuxiwo gbɔ. Gake amegbetɔ ƒe nunya meɖea vi aɖeke le ku me o. Eye ne ame ɖaxɔ ŋkɔ aleke gbegbe le eƒe nunya ta hã la, eteƒe madidi o woaŋlɔe be ne eku.

2:24; 3:12, 13, 22. Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe míaƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu alo eme viɖewo ŋudɔwɔwɔ menye nu gbegblẽ o.

2:26. Wotsɔa mawumenunya, si hea dzidzɔ vɛ la, nana ‘amesi ƒe nu dze Yehowa ŋu.’ Nunya sia mate ŋu asu ame si ne mele ƒomedodo nyui me kple Mawu o.

3:16, 17. Mesɔ be míakpɔ mɔ be amewo awɔ nu dzɔdzɔe le nusianu me o. Le esi teƒe be míatsi dzimaɖi le nusiwo le dzɔdzɔm le egbexexea me ŋuti la, ele be míakpɔ Yehowa sinu be wòava ɖɔ nuwo ɖo boŋ.

4:4. Dɔ sesẽ wɔwɔ le aɖaŋudzedze me hea dzidzɔ vɛ. Gake dɔ sesẽ wɔwɔ kple susu be woawɔ wu ame bubuwo ya doa hoʋiʋli ɖe ŋgɔ, eye ate ŋu ahe fuléle kple ŋuʋaʋã vɛ. Eyata ele be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ne míele dɔ sesẽ wɔm le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me.

4:7-12. Amegbetɔwo dome ƒomedodowo le vevie wu ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ, eyata mele be míatsɔ wo asa vɔe ɖe kesinɔnuwo yometiti ta o.

4:13. Bubu metsoa ɖoƒe kple ƒe geɖe xɔxɔ me ɣesiaɣi o. Eyata ele be amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo nawɔ nu le nunya me.

4:15, 16. Amesiwo katã nu “ɖekakpui, si anɔ ame kemɛa teƒe” alo amesi axɔ ɖe fia teƒe anɔ la, akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu, gake “wo megbeviwo mava kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o.” Vavãe, ɣeyiɣi kpui aɖe koe ŋkɔxɔxɔ nɔa anyi.

5:2. Ele be míabu míaƒe gbedodoɖawo ŋu nyuie, eye wòaɖe mawuvɔvɔ̃ afia, ke mele be wòanye nyagãnyagã geɖewo gbɔgblɔ o.

5:2-6. Dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ƒe ame si susu ŋu fũ akpa, ate ŋu awɔe be ame ƒe susu nava nɔ ɖokuitɔdidi ƒe viɖewo ko ŋu. Ate ŋu awɔe hã be ame ƒe susu madze akɔ anyi wòadɔ alɔ̃ nyuie o, ke boŋ anɔ drɔ̃e kum tramatrama. Amewo ate ŋu abu nukpoloeƒola bometsilae, eye ate ŋu ana ame natsi dzi aɖe adzɔgbe na Mawu eŋu mabumabui. ‘Mawu vavã la vɔvɔ̃’ kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na nusiawo katã.

6:1-9. Viɖe kae le kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, agbe didi nɔnɔ, kple ƒome gã ɖoɖo kura gɔ̃ hã me, nenye be nɔnɔmeawo meɖe mɔ be ame nase vivi na nusiawo o? “Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu,” alo akɔkpekpe kple alesi nuwo le ŋutɔŋutɔ nyo wu “nudzodzro ƒe tsa glalã tsatsa,” si fia agbagbadzedze be woaɖi kɔ na nudzroame siwo dzi ame ƒe asi mate ŋu asu o. Eyata agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔe nye be, woakpɔ ŋudzedze ɖe “nunyiame kple avɔtata” si le ame si ŋu, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woanɔ vivi sem le agbemenu nyuiwo me, eye ame ƒe susu nanɔ alesi wòana ƒomedodo kplikplikpli nayi edzi anɔ woa kple Yehowa dome dzi.—Timoteo I, 6:8.

AÐAŊUÐOÐO NA NUNYALAWO

(Nyagblɔla 7:1–12:8)

Aleke míate ŋu akpɔ ŋkɔ nyui si míewɔ na mía ɖokui la tae? Aleke wòle be míawɔ nu ɖe amegbetɔ dziɖulawo ŋu, eye nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe madzɔmadzɔnyenye siwo teƒe míekpɔna la ŋui? Esi wònye be kukuawo menyaa naneke o ta la, aleke wòle be míazã míaƒe agbee fifia? Mɔ ka nue sɔhɛwo ate ŋu azã woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ le nunya me le? Woŋlɔ nyagblɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo vavã siwo ku ɖe nya siawo kple bubuwo ŋu ɖe Nyagblɔla ƒe agbalẽa ƒe ta 7 vaseɖe 12 lia me na mí.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

7:19—Aleke nunya sesẽ wu “ŋusẽtɔ ewo”? Ne wozã xexlẽme ewo le kpɔɖeŋumɔ nu le Biblia me la, etsia tre ɖi na nu ƒe blibonyenye. Eyata Salomo le gbɔgblɔm be, nunya ƒe ametakpɔkpɔ nyo wu aʋakɔ blibo ƒe du ŋu dzɔdzɔ.

10:2—Nukae wòfia be ame ƒe gɔmesese alo [eƒe dzi, NW] le “ɖusi me” alo “le mia me nɛ”? Esi wònye be zi geɖe ɖusimenɔnɔ fia ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu ta la, ame ƒe dzi ƒe ɖusimenɔnɔ nɛ fia be, eƒe dzi ʋãnɛ wòwɔa nu nyui. Ke ne ame aɖe ƒe dzi ʋãe wòɖe afɔ gbegblẽ aɖe la, wogblɔna be eƒe dzi le mia me nɛ.

10:15—Aleke “bometsilawo ƒe agbagbadzedze nana ɖeɖi tea” wo ŋui? Ne ame aɖe mebua nu ŋu nyuie hafi wɔna o la, viɖe boo aɖeke medona tsoa eƒe agbagbadzedzewo me o. Mekpɔa dzidzeme aɖeke tsoa eme o. Ðeko dagbadagba ɖe ya me sia tɔgbe nana ɖeɖi tea eŋu.

11:7, 8—Nyagbɔgblɔ si nye, “Kekeli nyo, eye ɣe kpɔkpɔ vivia ŋku nu” la gɔme ɖe? Kekeli kple ɣe nana dzi dzɔa amegbetɔviwo. Eyata Salomo le gbɔgblɔm le afisia be, evivia ame nu be wòanɔ agbe, eye ele be míakpɔ “dzidzɔ” hafi vivitidogbe, alo amegãkuɣi si me ŋusẽ maganɔ mía ŋu o naɖo.

11:10—Nukatae “ɖekakpui me nɔnɔ kple ŋutsu me nɔnɔ” nye tofloko? Ne womezã ɣeyiɣi siawo nyuie o la, wonyea tofloko, elabena abe alesi dzudzɔ nu yinae ene la, nenemae ɖekakpuimenɔɣi nu va yina kabae.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

7:6. Nukoko le ɣeyiɣi si mesɔ o me doa dziku na ame, eye viɖe aɖeke mele eŋu o, abe aŋɔka ƒe wówo kpotokpoto le ze gɔme ene. Eyata anyo be míatsri nukoko ma tɔgbe.

7:21, 22. Mele be míatsi dzi fũ akpa ɖe nya siwo amewo gblɔna le mía ŋu la ŋuti o.

8:2, 3; 10:4. Ne míaƒe amegã alo dɔtɔ le nya hem ɖe mía ŋu alo le nya gbem na mí la, ele be míalé mía ɖokui kpoo. Esia nyo wu esi míaƒe ‘afɔ natsɔ míadzo le egbɔ,’ si ate ŋu awɔe be dɔ nage le mía si.

8:8; 9:5-10, 12. Míaƒe agbe nu ate ŋu atso le vome, abe alesi ko ɖɔ kple mɔ̃ ɖea lãwo kple xewoe ene. Gawu la, ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na agbeŋusẽ ƒe dodo le eyama me ne ku va lilii o, eye ame aɖeke mate ŋu asi le aʋa si ku saɖagatsi ho ɖe ameƒomea ŋu la hã nu o. Eyata mele be míagblẽ míaƒe ɣeyiɣiwo yakatsyɔ o. Yehowa di be míade asixɔxɔ agbe ŋu ahase vivi le eme le mɔ nyuitɔ nu. Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.

8:16, 17. Míate ŋu ase nusianu si Mawu wɔ, kple nusianu si ŋu wòɖea mɔ le wodzɔna ɖe ameƒomea dzi la gɔme bliboe o, nenye be míetsi zãdomadɔlɔ̃e hedzea agbagba be míase egɔme kura gɔ̃ hã. Ðeko nuxaxa le nu vɔ̃ɖi siwo katã amewo wɔna ŋu ana míade dzidzɔ kpɔ ge do kpoe le agbe me.

9:16-18. Ele be míade asixɔxɔ nunya ŋu, nenye be ame akpa gãtɔ medea asixɔxɔ eŋu o gɔ̃ hã. Nya siwo nunyala gblɔna le dziɖeɖi me nyo wu bometsila ƒe ɣlidodowo.

10:1. Ele be míaɖɔ ŋu ɖo le míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me. Ŋumaɖɔɖo zi ɖeka aɖe ko, abe dzikudodo vevie, aha muame nono wòagbɔ eme, alo gbɔdɔdɔ manɔsenu nuwɔna aɖe, ɖeɖe su be wòagblẽ ŋkɔ nyui kple bubu si le ame ŋu dome.

10:5-11. Mele be woaʋã ŋu amesi le ɖoƒe kɔkɔ aɖe si medze be wòanɔ hafi o la o. Kpododonu le dɔdasi tsɛtɔ kekeake gɔ̃ hã wɔwɔ me ate ŋu ahe kuxiwo vɛ. Ke boŋ viɖe le eme be woatu nunya ŋudɔwɔwɔ be woakpɔ dzidzedze ƒe ŋutete ɖo. Aleke gbegbe wòle vevie be míadze agbagba abi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa mee nye esi!

11:1, 2. Ele be míanyo dɔme na ame tso dzi blibo me. Esia ana amewo nanyo dɔme na míawo hã.—Luka 6:38.

11:3-6. Mele be agbemenudzɔdzɔ siwo ŋu kakaɖedzi mele o nawɔe be míagbe nyametsotso siwo hiã la wɔwɔ o.

11:9; 12:1-7. Yehowa abia akɔnta tso sɔhɛwo si. Eyata ele be woazã woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ le Mawu subɔsubɔ me hafi amegãkuku nava xɔ ŋusẽ le wo si.

“NUNYALAWO ƑE NYAWO” HENA MƆFIAFIA MÍ

(Nyagblɔla 12:9-14)

Aleke wòle be míabu ‘nya vivi’ siwo nyagblɔla la di heŋlɔ ɖi na mí lae? To vovo na “agbalẽ geɖe” siwo yɔ fũ kple amegbetɔ ƒe nunya la, “nunyalawo ƒe nyawo le abe ŋu kple gatagbadzɛ, si woƒo ɖe nu ene. Kplɔla ɖekae ɖo amewo woƒo wo nu ƒu.” (Nyagblɔla 12:10-12) Nya siwo me nunya le, siwo tso “kplɔla ɖeka,” si nye Yehowa gbɔ nana míedana sɔna le agbe me.

Le nyateƒe me la, aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le, siwo woŋlɔ ɖe Nyagblɔla ƒe agbalẽa me ŋudɔwɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si ŋu taɖodzinu le kple esi me dzidzɔ le. Gawu la, woka ɖe edzi na mí be: ‘Eme anyo na amesiwo vɔ̃a Mawu vavã la.’ Eyata mina míayi edzi aɖoe kplikpaa be ‘míavɔ̃ Mawu vavã la, eye míalé eƒe seawo me ɖe asi.’—Nyagblɔla 8:12; 12:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ nyuitɔwo kekeake dometɔ ɖeka ava eme ŋutɔŋutɔ le eƒe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Be woaɖu nu, ano nu, eye ame ƒe luʋɔ naɖu agbe, hã nye Mawu ƒe nunanawo