Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vihehe Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Ŋu Kakaɖedzi Le

Vihehe Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Ŋu Kakaɖedzi Le

Vihehe Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Ŋu Kakaɖedzi Le

RUTH gblɔ le eƒe fufɔfɔ gbãtɔ ŋu be: “Ƒe 19 koe mexɔ, menɔ adzɔge tso nye ƒometɔwo gbɔ, eye nyemenɔ dzadzraɖo ɖi nɛ kura o.” Esi wònye be vi ɖekɛ eya ŋutɔ hã nye ta la, mebu dzilanyenye ŋuti boo o. Ke afika wòatrɔ ɖo hena aɖaŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le?

Le go bubu me la, Jan si nye vifofo si si vi tsitsi etɔ̃ le la, gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, meka ɖe ɖokuinye dzi ŋutɔ. Gake eteƒe medidi kura hafi meva de dzesii be sidzedze si tututu hiã menɔ asinye o.” Eɖanye be dzilawo tɔtɔ tso gɔmedzedzea me loo, alo emegbee wova tɔtɔ o, afikae woate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu le wo viwo hehe me?

Egbea, dzila geɖewo le aɖaŋuɖoɖowo dim le Internet dzi. Gake ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, kakaɖedzi kae le aɖaŋuɖoɖo siwo woakpɔ le afima ŋu? Susu nyui geɖe li siwo ta wòle be nàɖɔ ŋu ɖo. Ènya amesi tututue le aɖaŋua ɖom na wò le Internet dzia? Ðe wokpɔ dzidzedze le woa ŋutɔwo ƒe viwo hehe mea? Ðikeke mele eme o be, àɖɔ ŋu ɖo le nusi ku ɖe wò ƒomea ŋu me godoo. Abe alesi nyati si do ŋgɔ ɖee fia ene la, vihehe ŋuti ɖaŋuɖolawo ƒe mɔfiafiawo kura gɔ̃ hã doa kpo nu ɣeaɖewoɣi. Ke afikae nàtrɔ ɖo?

Yehowa Mawu, amesi gbɔ ƒomewo katã dzɔ tsoe nye vihehe ŋuti ɖaŋuɖola nyuitɔ kekeake. (Efesotɔwo 3:15) Eya ɖeka koe nye vihehe ŋuti ɖaŋuɖola vavãtɔ. Ena mɔfiame nyui, siwo wɔa dɔ, siwo ŋu kakaɖedzi le, le eƒe Nya, Biblia, me. (Psalmo 32:8; Yesaya 48:17, 18) Gake ekpo ɖe mía gbɔ be míawɔ wo ŋudɔ.

Esi wobia gbe srɔ̃tɔ geɖewo be woagblɔ nusi wosrɔ̃ tso wo viwo hehe be woatsi azu amesiwo da sɔ hevɔ̃a Mawu me la, wogblɔ be, yewoƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ koŋ dzi. Wokpɔe be, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔ egbea abe alesi ko wònɔ esime woŋlɔ Biblia zi gbãtɔ ene.

Kpɔ Ɣeyiɣi ɖe Wo Ŋu

Esi wobia Catherine, si nye vidada si si vi eve le be, aɖaŋuɖoɖo kae ɖe vi nɛ wu mahã la, ehe susu yi Mose V, 6:7 me nyawo dzi enumake. Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Ku [Biblia me gɔmeɖosewo] ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Catherine kpɔe dze sii be, aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ abia be yeakpɔ ɣeyiɣi ɖe ye viwo ŋu.

Ðewohĩ àgblɔ be, ‘esia gbɔgblɔ le bɔbɔe wu edziwɔwɔ.’ Esi wònye be le ƒome geɖe me la, ehiã be dzila evea siaa nawɔ dɔ hafi woate ŋu akpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ta la, aleke dzila siwo ŋu vovo mele o ate ŋu awɔ akpɔ ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu? Torlief, si ƒe vi ŋutɔ hã le ƒome dzi kpɔm fifia gblɔ be, nu vevitɔe nye be woawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me dzi. Kplɔ viwò yi afisiafi si nàyi, eye dzeɖoɖo ƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋutɔ aʋu ɖi. Torlief gblɔ be, “mía kple vinye míekpɔa gome le míaƒe aƒea ŋuti dɔwo wɔwɔ me ɖekae. Mía kple nye ƒomea míezɔa mɔ ɖekae, eye míeɖua nu hã ɖekae.” Egblɔ be, nusi do tso emee nye be: “Mía viŋutsua te ŋu ɖoa dze kpli mí faa ɣesiaɣi.”

Gake ne miete ŋu ɖoa dze faa o ya ɖe? Esia te ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi ne ɖeviawo le tsitsim. Le go sia me hã la, vovokpɔkpɔ ɖe wo ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ken, si nye Catherine srɔ̃, ɖo ŋku edzi be esime yewo vinyɔnuvi tsi ɖo sɔhɛme la, ɖevia fa konyi be yemeɖoa to eƒe nyawo o. Zi geɖe la, nenemae sɔhɛwo sena le wo ɖokui me. Ke nukae fofoa ate ŋu awɔ? Ken gblɔ be: “Metso nya me be manɔ ɣeyiɣi geɖe wu zãm ɖe eŋu, be mía kplii ɖeɖe míanɔ dze ɖom tso nusiwo le susu me nɛ, eƒe seselelãmewo, kple nusiwo ɖea fu nɛ ŋu. Esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” (Lododowo 20:5) Ke hã, Ken xɔe se be nusita mɔnu sia wɔ dɔe nye be yewoɖoa dze le yewoƒe aƒeme faa ɣeawokatãɣi. Egblɔ be: “Ƒomedodo nyui nɔ mía kple vinyea dome ɣesiaɣi, eyata ese le eɖokui me be yeate ŋu aƒo nu kplim faa.”

Nukutɔe la, nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe ɖee fia be ƒewuivi siwo gblɔna be dzilawo kple wo viwo mekpɔa ɣeyiɣi ɖe wo nɔewo ŋu o la, sɔ gbɔ zi gbɔ zi etɔ̃ wu dzila siwo gblɔna nenema. Ke ɖe manyo be nàwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi oa? Zã ɣeyiɣi geɖe alesi nàte ŋui ɖe viwòwo ŋu—le ɖiɖiɖemeɣiwo kple ne miele dɔ aɖe wɔm, ne miele aƒeme kple ne miele mɔ zɔm, ne miefɔ ŋdikanya kple le fiẽ me hafi miayi aɖamlɔ anyi. Ne anya wɔ la, kplɔ wo ɖe asi yi afisiafi si nàyi. Abe alesi wòdze le Mose V, 6:7 ene la, naneke meli si nàte ŋu atsɔ aɖɔli ɣeyiɣi zazã ɖe viwòwo ŋu o.

Fia Agbenɔnɔ Ŋuti Dzidzenu Nyuiwo Wo

Mario, si nye vifofo si si vi eve le, hã ɖo aɖaŋu ma tɔgbe be: “Ðe lɔlɔ̃ geɖe fia viwòwo, eye nànɔ nu xlẽm na wo.” Gake menye nana be viwòwo ƒe tamebubu ŋutete ŋudɔwɔwɔ nanyo ɖe edzi ƒe nya dzro aɖe koe o. Ele be nàfia wo alesi woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Mario gblɔ kpee be: “Srɔ̃ Biblia kpli wo.”

Esia tae Biblia xlɔ̃ nu dzilawo be: “Migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Egbea, womegatsɔa agbe nyui nɔnɔ fiafia ɖeviwo nu vevii le aƒe geɖe me o. Ame aɖewo xɔe se be ne ɖeviwo va tsi la, woa ŋutɔwo woatia agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu siwo ŋudɔ woadi be yewoawɔ. Èbu be susu le nya ma mea? Abe alesi ko vidzĩwo ƒe ŋutilã hiã na nuɖuɖu bene wòatsi nyuie ene la, nenema ke ɖeviwo ƒe susu kple dzi hiã nufiamee. Ne viwòwo mesrɔ̃ agbe nyui nɔnɔ dzidzenu nyuiwo le aƒeme o la, ke woava xɔ woƒe sukuhatiwo kple nufialawo alo nyakakamɔnuwo ƒe nukpɔsusuwo de eme godoo.

Biblia ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woafia wo viwo alesi woade vovo nyui kple vɔ̃ dome. (Timoteo II, 3:16, 17) Jeff, si nye Kristotɔ hamemetsitsi bibi aɖe si si vi eve le, xlɔ̃ nu be, ele be woazã Biblia atsɔ afia agbenyuinɔnɔdzidzenu nyuiwo ɖeviwo. Egblɔ be: “Biblia zazã nana ɖeviwo kpɔa wo Wɔla ƒe susu le nyawo ŋu dzea sii, ke menye alesi Dada kple Papa bunɛ ko o. Míede dzesii be Biblia kpɔa ŋusẽ si ɖeke mesɔ kpli o ɖe ame ƒe dzi kple susu dzi. Ne míedi be míaɖɔ ɖevi aɖe ƒe nɔnɔme alo tamesusu gbegblẽ aɖe ɖo la, míegbɔa dzi ɖi dia mawunyakpukpui si tututu asɔ na kuxia gbɔ kpɔkpɔ. Emegbe míedia teƒe si ɖe vovo eye míenana ɖevia ŋutɔ xlẽa mawunyakpukpuia. Zi geɖe la, nusi dona tsoa emee nye be aɖatsi lólona ɖe ŋku dzi na ɖevia alo efaa avi kura gɔ̃ hã. Esia wɔa nuku na mí ale gbegbe. Míekpɔe be Biblia wɔa dɔ wu nusianu si ate ŋu ava susu me na mí be míagblɔ alo awɔ.”

Hebritɔwo 4:12 gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” Eyata Biblia me gbedasia menye amegbetɔ siwo Mawu zã woŋlɔe la ƒe nukpɔsusu alo nuteƒekpɔkpɔ dzro aɖewo ko o, ke boŋ Mawu ƒe tamesusu ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋue wònye. Esia na Biblia me gbedasia ƒo aɖaŋuɖoɖo bubu ɖesiaɖe ta sasasã. Ne ètsɔa Biblia fiaa nu viwòwo la, akpe ɖe wo ŋu woanya Mawu ƒe nukpɔsusu le nyawo ŋu. Ana be hehe si nam nèle wo nawɔ dɔ geɖe wu, eye àte ŋu aɖo woƒe dzi gbɔ bɔbɔe.

Catherine, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Zi alesi nɔnɔmea sesẽe la, zi nenemae míedia mɔfiame tsoa Mawu ƒe Nya la me—eye eɖe vi ŋutɔ!” Ðe nàte ŋu awɔ Biblia ŋudɔ geɖe wu le nufiafia viwòwo be woanya alesi woade vovo nyui kple vɔ̃ dome mea?

Nye Nugɔmesela

Apostolo Paulo yɔ gɔmeɖose vevi bubu aɖe si ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu le wo viwo hehe me. Exlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: ‘Mina amewo katã nanya miaƒe nugɔmesesename.’ (Filipitɔwo 4:5) Ðikeke mele eme o be, mía viwo hã le amesiwo wòle be míana woanya míaƒe nugɔmesesename la dome. Eye ɖo ŋku edzi be, nugɔmesesename nye “nunya, si tso dziƒo la” ɖeɖe fia.—Yakobo 3:17.

Gake ƒomedodo kae le nugɔmesesename ɖeɖe fia kple hehenanavi dome? Togbɔ be míedzea agbagba nana kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si míate ŋui mía viwo hã la, míekpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔna ɖesiaɖe dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Mario, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, si nye Yehowa Ðasefo, gblɔ be: “Míeƒoa nu tso nyɔnyrɔxɔxɔ, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, kple taɖodzinu bubu siwo ku ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu la ŋu na mía viwo. Gake míenana wòdzena na wo kɔte be, woa ŋutɔwoe awɔ nyametsotso le esiawo ŋuti le ɣeyiɣi si sɔ me.” Nukae do tso eme? Dzila siawo ƒe vi eveawo siaa nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo fifia.

Biblia xlɔ̃ nu vifofowo le Kolosetɔwo 3:21 be: “Migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.” Catherine kpɔa ŋudzedze ɖe mawunyakpukpui sia ŋu ŋutɔ. Ne dzila aɖe megbɔa dzi ɖi o la, anɔ bɔbɔe be wòado dziku ahate tɔ ɖe nu dzi. Eyata Catherine gblɔ be: “Megadi nusi gbegbe nèdina tso ɖokuiwò si la ke tso viwò si o.” Yehowa Ðasefoe Catherine hã nye, eye egblɔ kpee be: “Na Yehowa subɔsubɔ navivi wo nu.”

Jeff, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, ƒo nu tso aɖaŋuɖoɖo aɖe si ɖe vi nɛ ŋu be: “Esime mía viwo va nɔ tsitsim la, mía xɔlɔ̃ vevi aɖe gblɔ na mí be, yeva de dzesi be yegbena ye viwo ƒe didiwo dzi wɔwɔ na wo akpa. Eye esia te ɖe ɖeviawo dzi, eye wose le wo ɖokui me be wole ŋuta sẽm le yewo ŋu. Be míaƒo asa na esia la, eɖo aɖaŋu be, míadi mɔnu siwo dzi míato anɔ lɔlɔ̃m ɖe woƒe didi aɖewo dzi na wo.”

Jeff yi edzi be: “Míekpɔe be aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee nye esia. Emegbe míedia mɔnukpɔkpɔ siwo me mía viwo ate ŋu ade ha kple ame bubuwo le faa le nɔnɔme siwo sɔ na mí me. Eyata míetena ɖe wo ŋu hegblɔna na wo be: ‘Ðe mienya be asimasi le nusi kple nusi wɔma? Manyo be miawo hã miayi oa?’ Alo ne ɖeviawo di be míakplɔ yewo ayi afi aɖe la, míedzea agbagba yina kpli wo togbɔ be nu ti kɔ na mí hã. Míewɔ esiawo katã kple susua be míaƒo asa na woƒe didiwo gbegbe na wo akpa.” Esiae nye nusi tututu nugɔmesesename fia—si nye be, woawɔ nusi sɔ, abu ame ŋu, ada asi ɖe ame ƒe didiwo dzi evɔ womada Biblia me gɔmeɖosewo dzi o.

Na Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le Naɖe Vi na Wò

Srɔ̃tɔ siawo dometɔ geɖewo zu tɔgbui kple mamawo fifia. Edoa dzidzɔ na wo ne wokpɔ be Biblia me gɔmeɖose mawo ke le kpekpem ɖe wo viwo ŋu wole dzidzedze kpɔm le wo viwo hehe me. Ðe nàte ŋu ana Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na wòa?

Esi Ruth, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedzea, va zu dzila la, eya kple srɔ̃aŋutsu se le wo ɖokui me be mɔfiala aɖeke meli si ŋu yewoatrɔ ɖo o. Gake mele nenema o. Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ƒo ɖesiaɖe ta la li na wo. Yehowa Ðasefowo ta Biblia-srɔ̃gbalẽ nyui geɖe siwo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu. Agbalẽ siawo dometɔ aɖewoe nye, Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, Questions Young People Ask—Answers That Work (alo Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), kple Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Torlief, si nye Ruth srɔ̃, gblɔ be: “Egbea la, Biblia me ɖaŋuɖoɖo gbogbo aɖewo le asitsɔƒe na dzilawo. Nenye be wowɔ wo ŋudɔ ko la, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dzidzedze le wo viwo hehe me le go sia go me ne ɖeviawo le tsitsim.”

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nusi VIHEHE ŊUTI NUNYALAWO Gblɔ . . . Nusi BIBLIA Gblɔ

Le Lɔlɔ̃ɖeɖefia Wo Ŋu:

Ðɔkta John Broadus Watson xlɔ̃ nu dzilawo le ɖeviwo hehe ŋuti gbalẽa aɖe me be: “Mègakpla asi kɔ na [viwòwo] o, eye mègagbugbɔ nu na wo gbeɖe o. Mègaɖe mɔ woanɔ wò ata dzi gbeɖe o.” (The Psychological Care of Infant and Child [1928]) Gake nyitsɔ laa la, Ðɔkta Vera Lane kple Dorothy Molyneaux gblɔ le magazine, si nye Our Children (March 1999) me be: “Numekukuwo ɖee fia be zi geɖe la, ɖevi sue siwo ŋuti wogbea asikaka kple lɔlɔ̃ɖeɖefia metsina nyuie o.”

To vovo na esia la, Yesaya 66:12 ƒo nu tso Mawu ŋu abe amesi le lɔlɔ̃ ɖem fia eƒe dukɔa to dzilawo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefianyawo gbɔgblɔ na wo me ene. Nenema ke esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo te kpɔ be yewoaxe mɔ na amewo be woagakplɔ ɖeviwo va Yesu gbɔ o la, Yesu gbe nya na wo be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.” Eye esi “wòlé wo ɖe eƒe akɔnu la, eyra wo.”—Marko 10:14, 16.

Le Agbe Nyui Nɔnɔ Dzidzenu Nyuiwo Fiafia Wo Ŋu:

Le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe, si wota le ƒe 1969, ƒe nyati aɖe me la, Ðɔkta Bruno Bettelheim te tɔ ɖe edzi be ɖevi ƒe “gomenɔamesi wònye be wòatu eƒe nukpɔsusu ɖo to eya ŋutɔŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le agbe me dzi me, ke menye be [edzilawo] nazi woƒe [nukpɔsusu] aɖeke ɖe eyama dzi o.” (New York Times Magazine) Gake le ƒe 30 kloe megbe la, Ðɔkta Robert Coles, amesi ŋlɔ agbalẽ, si ƒo nu tso ɖeviwo ƒe susuŋuteteŋudɔwɔwɔ nyuie ŋu, de dzesii be: “Ðeviwo hiã taɖodzinu kple mɔfiame, agbe nyui nɔnɔ dzidzenu siwo le vevie le agbe me,” si nye dzidzenu siwo dzi wo dzilawo kple ame tsitsi bubuwo da asi ɖo la.—The Moral Intelligence of Children (1997).

Lododowo 22:6 xlɔ̃ nu dzilawo be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be, “mlã,” ate ŋu afia hã be, “dze egɔme,” eye esia ku ɖe nu fiafia vidzĩwo zi gbãtɔ ŋu. Eyata wole dzi dem ƒo na dzilawo be, woate agbenyuinɔnɔdzidzenu nyuiwo fiafia wo viwo tso vidzĩme ke. (Timoteo II, 3:14, 15) Anɔ eme be nusiwo woasrɔ̃ le gɔmedzeƒe siawo me atsi susu me na wo godoo.

Le Tohehe na Wo Ŋu:

Ðɔkta James Dobson ŋlɔ ɖe agbalẽ aɖe si ƒo nu tso vi sẽtowo ŋu me be: “Dzila lɔ̃amewo ƒe wo viwo ƒoƒo nye hehenamɔnu si tsia wo viwo ƒe nɔnɔme manyomanyowo nu.” (The Strong-Willed Child [1978]) Le go bubu me la, Ðɔkta Benjamin Spock gblɔ le nyati, si woɖe tso vihehegbalẽ xɔŋkɔ aɖe ƒe tata adrelia me be: “Ðeviwo ƒoƒo fiana wo be amesi tsi wu, hesẽ wu la, kpɔ mɔ ate ŋu awɔ nusianu si dze eŋu faa, ne etɔ dzɔ alo etɔ medzɔ o hã.”—Baby and Child Care (1998).

Biblia gblɔ le tohehe na ɖeviwo ŋu be: “Ati kple mokaname dzea nunya ame.” (Lododowo 29:15) Ke hã, menye ɖeviwo katãe hiã na ƒoƒo o. Lododowo 17:10 gblɔ na mí be: “Nyaheɖeameŋu dea tame na nugɔmeselawo wu bometsilawo [ƒoƒo] zi alafa.”

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Zã Biblia be nàɖo dzia gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Dzila dzeaɖaŋuwo wɔa ɖoɖo ɖe wo viwo ƒe modzakaɖeɖe ŋu