Wowɔ Ðeka le Xɔtutu me Hena Mawu Ƒe Kafukafu
Wowɔ Ðeka le Xɔtutu me Hena Mawu Ƒe Kafukafu
LE Solomon Islands ƒe ƒukpowo dometɔ ɖeka dzi la, amewo nɔ dzesi dem Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖe. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Le míaƒe sɔleme la, míedzɔa ga zi geɖe. Míebiana tsoa míaƒe hametɔwo si be woadzɔ ga, gake vaseɖe fifia la, ga mele mía si míatsɔ atu sɔlemexɔ yeye o. Aleke mi Ðasefowo míewɔna kpɔa ga?” Ðasefo si wònɔ nyaa biamee la ɖo eŋu nɛ be: “Míesubɔa Yehowa abe xexeame katã ƒe ƒome ɖeka ene. Míaƒe hamea kple mía nɔvi bubu siwo le xexeame godoo lae dzɔ nu siwo hiã hena Fiaɖuƒe Akpata yeyea tutu. Yehowa fia mí be míawɔ ɖeka le nusianu me.”
Yehowa Ðasefowo wɔa ɖeka le nusianu si wowɔna me, le Fiaɖuƒe Akpata akpe geɖewo tutu hã me. Woƒe ɖekawɔwɔ le xɔtudɔwo me alea menye nu yeye o. Enɔ alea le Mawu ƒe amewo dome ƒe akpe geɖee nye esia. Le go ka me?
Avɔgbadɔa Kple Gbedoxɔa Tutu
Israel-dukɔae nɔ susu me na Yehowa esime wògblɔ na Mose, anɔ ƒe 3,500 kple edzivɔwoe nye esia, be: “Woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam.” (Mose II, 25:8) Yehowa gagblɔ ku ɖe xɔ sia ƒe tutume ŋu be: “Alesi mefia nɔƒe la tutume kple eŋuti nuwo katã wɔwɔ wò la, nenema pɛpɛpɛ miawɔe.” (Mose II, 25:9) Emegbe Yehowa na mɔfiame ku ɖe kɔkɔeƒea ƒe nɔnɔme, eŋuti nuwo kple eme nuwo ŋu. (Mose II, 25:10–27:19) “Avɔgbadɔ” sia ava nye afisi Israel-viwo katã anɔ tadedeagu vavãtɔ tsɔm na Mawu le.
Míenya ame nenie kpɔ gome le avɔgbadɔa tutu me o, gake wokpe Israel-viwo katã be woana kpekpeɖeŋu to nudzɔdzɔ me. Mose gblɔ na wo be: “Midzɔ nusiwo le mia si la na Yehowa. Amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la, nadzɔ nu na Yehowa.” (Mose II, 35:4-9) Aleke Israel-viwo wɔ nui? Mose II, 36:3 gblɔ be: “Woxɔ nudzɔdzɔ, siwo katã Israel-viwo na, bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe la, le Mose si. Ke woganɔa nunanawo tsɔm vɛ nɛ le wo ɖokui si ŋdi sia ŋdi.”
Eteƒe medidi o, wodzɔ nu gbogbo aɖewo, eye dukɔa gakpɔtɔ nɔ bubuwo tsɔm vɛ. Mlɔeba, aɖaŋudɔwɔla siwo nɔ dɔa wɔm gblɔ na Mose be: “Dukɔ la na nu geɖe wu alesi dɔ, si Yehowa gblɔ be, woawɔ la, bia.” Eyata Mose gblɔ be: “Eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, ame aɖeke megadzɔ nu hena kɔkɔeƒe la ŋu dɔwɔwɔ o!” Nukae do tso eme? “Nuawo sɔ gbɔ na dɔ blibo la wɔwɔ; wode gbɔ dzi gɔ̃ hã.”—Mose II, 36:4-7.
Mose II, 19:1; 40:1, 2) Yehowa ƒe amewo de bubu eyama ŋu to asikpekpe ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu me. (Lododowo 3:9) Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ava hiã be woawɔ xɔtudɔ gã aɖe. Le esia hã me la, amesiame si lɔ̃ akpɔ gome le eme, eɖanye aɖaŋudɔwɔla alo menyee o.
Israel-viwo ƒe nunana tso dzime faa alea, wɔe be wote ŋu wu avɔgbadɔa tutu nu le ƒe ɖeka ko me. (Anɔ abe ƒe alafa atɔ̃ ene le avɔgbadɔa tutu vɔ megbe la, Israel-viwo dze gbedoxɔtutu gɔme le Yerusalem. (Fiawo I, 6:1) Gbedoxɔ sia anye xɔ gã nyadri aɖe, si woatu kple kpe kpakple atiwo, wòanɔ teƒe aɖe koŋ. (Fiawo I, 5:31, 32) Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi tsɔ gbedoxɔa ƒe nɔnɔme ŋuti mɔfiamewo na Dawid. (Kronika I, 28:11-19) Gake etia Dawid vi, Salomo, be wòakpɔ xɔtudɔa dzi. (Kronika I, 22:6-10) Dawid ƒo nuwo nu ƒu tsɔ do alɔ xɔa tutu tso dzi blibo me. Eƒo kpewo, atiwo, kple xɔtunu bubuwo nu ƒu hekpe ɖe ye ŋutɔ ƒe sika kple klosalo gbogbo aɖewo ŋu. Ede dzi ƒo na nɔvia Israel-viwo be woadzɔ nu tso dzime faa, hebia wo be: “Amekae lɔ̃ le eɖokui si be, yeana nu Yehowa egbea?” Aleke dukɔa wɔ nui?—Kronika I, 29:1-5.
Kaka Salomo nava dze gbedoxɔa tutu gɔme la, sika kple klosalo gbogbo aɖewo sɔ gbe xoxo. Akɔbli kple gayibɔ sɔ gbɔ ale gbegbe be, womele dada me o. (Kronika I, 22:14-16) Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple Israel bliboa katã ƒe alɔdodo dɔa wɔe be, wote ŋu wu xɔa tutu nu le ƒe adre kple afã ko me.—Fiawo I, 6:1, 37, 38.
‘Mawu Vavã la ƒe Aƒe’
Woyɔ avɔgbadɔa kple gbedoxɔa siaa be, “Mawu [vavã la] ƒe aƒe.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 18:31; Kronika II, 24:7) Yehowa mehiã aƒe kpɔ gbeɖe o. (Yesaya 66:1) Ena wotu xɔ mawo be woaɖe vi na amegbetɔwo. Eyatae le gbedoxɔa ŋu kɔɣi la, Salomo bia be: “Nyateƒee [wònye be], Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.”—Fiawo I, 8:27.
Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.” Yesaya 56:7) Vɔ siwo wosana kple gbe siwo wodona ɖa le gbedoxɔa me kpakple kɔnu, siwo wowɔna le afima la katã na mɔnukpɔkpɔ mawuvɔ̃lawo—Yudatɔwo kple dukɔwo me tɔwo siaa—be woate ɖe Mawu vavã la ŋu. Wova zua Yehowa xɔlɔ̃wo eye wòkpɔa wo ta, le esi wodea ta agu le eƒe aƒea me ta. Gbe si Salomo do ɖa le gbedoxɔa ŋu kɔɣi la ɖo kpe nyateƒe sia dzi. Àte ŋu axlẽ eƒe gbedodoɖa wɔdɔɖeamedzi sia, si wòdo ɖa na Mawu la, le Fiawo I, 8:22-53 kple Kronika II, 6:12-42.
(Mawu vavã la ƒe aƒe siawo siwo ŋudɔ wowɔ le blema la nu yi xoxoxo, gake Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe, si me woaƒo dukɔwo katã me tɔwo nu ƒu be, woade ta agu na Yehowa le gbɔgbɔmegbedoxɔ aɖe, si de ŋgɔ wu sasasã me la, ŋu. (Yesaya 2:2) Vɔsa deblibo ɖeka si Mawu ƒe Tenuvi la na, si lãwo tsɔtsɔ sa vɔe le gbedoxɔa me nye kpɔɖeŋu na, lae anye mɔ si dzi woato ate ɖe Yehowa ŋu. (Yohanes 14:6; Hebritɔwo 7:27; 9:12) Yehowa Ðasefowo le Mawu subɔm le mɔ deŋgɔ sia nu egbea, eye wole kpekpem ɖe amewo ŋu be woawo hã nawɔ nenema.
Egbegbe Xɔtudɔwo
Yehowa Ðasefowo subɔa Mawu vavã la le xexeame godoo. Wonye “dukɔ sesẽ” aɖe, si me tɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi ɖaa. (Yesaya 60:22) Afisi koŋ Yehowa Ðasefowo kpena lee nye Fiaɖuƒe Akpata me. * Wole xɔ sia akpe geɖe zãm fifia, eye akpe geɖe gahiã kokoko.
Yehowa Ðasefowo ‘tsɔa wo ɖokui kena faa’ hena Fiaɖuƒe Akpata siwo hiã tutu. (Psalmo 110:3) Gake zi geɖe la, xɔtuɖaŋu si hiã, menɔa nutoa me Ðasefo geɖe si o, eye nuto siwo me wole dzidziɖedzi geɖe kpɔm le hã me nɔlawo nyea ame dahewo. Eyata le ƒe 1999 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la wɔ ɖoɖo ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu, be woatsɔ akpɔ kuxi mawo gbɔ. To ɖoɖo sia dzi la, Ðasefo siwo bi ɖe xɔtuɖaŋuwo zazã me zɔa mɔ yia teƒe didiwo be woaɖafia Fiaɖuƒe Akpatawo tutu wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo. Amesiwo wona hehee la yia xɔtudɔawo dzi le nuto mawo me. Nukae do tso agbagbadzedze tɔxɛ sia me?
Kaka February 2006 naɖo la, wotu Fiaɖuƒe Akpata yeye 13,000 sɔŋ na Yehowa Ðasefowo, le dukɔ siwo me ganyawo mede ame dzi le o me. Xlẽ nya siwo amesiwo le Fiaɖuƒe Akpata yeye siawo zãm la dometɔ aɖewo gblɔ.
“Le mama dedie nu la, ame 160 ye vana hamea ƒe kpekpewo tsã. Gake le kpekpe gbãtɔ si wowɔ le Fiaɖuƒe Akpata yeyea tutu vɔ megbe me la, vavalawo dzi ɖe edzi ɖo ame 200. Fifia le ɣleti ade megbe la, kpekpea valawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo ame 230. Edze ƒã be Yehowa ƒe yayra le xɔ siawo, siwo womeɖo atsyɔ̃ na fũ o, evɔ wohiã vevie la, tutu dzi.”—Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Ecuador.
“Ƒe geɖee nye esia si amewo nɔa míabiam be, ‘Ɣekaɣie miawo hã miatu Fiaɖuƒe Akpata aɖe abe esiwo míekpɔna le miaƒe agbalẽwo me ene?’ Míeda akpe na Yehowa be, tadeaguƒe nyui aɖe le mía si azɔ. Tsã la, nɔvi aɖe ƒe fiase mee míewɔa kpekpeawo le, eye vavalawo ƒe xexlẽme nyea ame 30 le mama dedie nu. Gake le kpekpe gbãtɔ si míewɔ le Fiaɖuƒe Akpata yeyea me la, ame 110 sɔŋ ye va.”—Hame aɖe le Uganda.
“Nɔvinyɔnu eve siwo nye gbesiagbe mɔɖelawo ka nya ta be, tso esime wotu Fiaɖuƒe Akpata na yewo la, dzi dzɔa yewo geɖe wu ne yewole dɔ wɔm le anyigbamamaa me. Elabena amewo lɔ̃na ɖoa to geɖe wu ne yewole tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu kple vomeɖaseɖiɖi dɔa wɔm. Nɔvinyɔnu siawo le Biblia-nusɔsrɔ̃ 17 wɔm fifia, eye Biblia-nusrɔ̃vi siawo dometɔ geɖe dea kpekpeawo.”—Solomon Islands ƒe alɔdzedɔwɔƒea.
“Esi wotu Fiaɖuƒe Akpata aɖe vɔ la, osɔfo aɖe si le nutoa me gblɔ be, Fiaɖuƒe Akpataa do nutoa ƒe ta ɖe dzi, eye enye dada na nutoa me tɔwo. Amesiwo tsoa eme va yina la ƒoa nu tso xɔa ƒe anidzedze ŋu. Esia na mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe nɔviawo be woaɖi ɖase. Ame geɖe wu di be yewoanya nu tso míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu. Xɔa tutu ʋã ame geɖe siwo megadea kpekpeawo o, ƒe geɖee nye esia la be, wogate wo dede edziedzi ake.”—Myanmar ƒe alɔdzedɔwɔƒea.
“Nɔvinyɔnu aɖe kpe ŋutsu ɖetsɔlemetɔ aɖe va Fiaɖuƒe Akpata aɖe tuƒe le eƒe nutoa me. Ŋutsua gblɔ emegbe be: ‘Mebui be dɔwɔlaawo maɖe mɔ nam be mage ɖe teƒea o. Gake nusi wɔ nuku namee nye be, Ðasefoawo do gbe nam vividoɖeameŋutɔe. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔ dɔ dzi vevie, eye womegblẽa ɣeyiɣi o. Ðekawɔwɔ nɔ wo dome, eye dzidzɔ yɔ wo fũ.’ Ŋutsua lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye ete kpekpeawo dede. Egblɔ emegbe be: ‘Alesi mebua nuwo tsãe la trɔ. Fifia si meke ɖe Mawu ŋu la, nyemagblẽe ɖi akpɔ o.’”—Colombia ƒe alɔdzedɔwɔƒea.
Míaƒe Kpekpeɖeŋunana Le Vevie
Fiaɖuƒe Akpatawo tutu nye míaƒe subusubɔdɔ kɔkɔe la ƒe akpa vevi aɖe. Alesi Yehowa Ðasefowo kpe asi ɖe dɔ sia ŋu le xexeame godoo—to gakpekpeɖeŋunana kple to mɔ bubuwo dzi—la dze na kafukafu ŋutɔ. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be, míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa bubuawo hã le vevie. Enuenu la, dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna ɖe mía nɔvi Kristotɔwo dzi, eye wohiãna na míaƒe kpekpeɖeŋu. Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea dodo ɖe ŋgɔ me. Mía dometɔ akpa gãtɔ kpɔ ŋusẽ si gbegbe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe alo magazine aɖe tsɔtsɔ na dzianukwaretɔ aɖe kpɔna ɖe edzii la teƒe kpɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kpekpeɖeŋunana dutanyanyuigblɔlawo, kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo le vevie ŋutɔ. Kristotɔ siawo, siwo tsɔa wo ɖokui saa vɔe la wɔa akpa vevi aɖe le ɖaseɖiɖidɔa dodo ɖe ŋgɔ, le ŋkeke mamlɛ siawo me, me.
Amesiwo kpɔ gome le gbedoxɔa tutu me la kpɔ dzidzɔ geɖe. (Kronika I, 29:9) Egbea la, asikpekpe ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu to míaƒe gakpekpeɖeŋunanawo dzi hea dzidzɔ vɛ na mí nenema ke. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Míekpɔa dzidzɔ sia ne míedzɔ nu de Fiaɖuƒe Akpata Tuga ƒe nudzɔɖaka me, kple ne míedzɔ nu hena xexeame katã ƒe dɔa. Míetoa esia me kpea asi ɖe ɖoɖo vovovo siwo wowɔ hena gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia dodo ɖe ŋgɔ ŋu. Yehowa Ðasefowo wɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me egbea le mɔ wɔnuku aɖe nu. Mina dzidzɔ, si dona tsoa kpekpeɖeŋu siwo míenana le tadedeagu sia dodo ɖe ŋgɔ me la, nayɔ mí katã fũ!
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 16 Ne èdi be yeanya afisi ŋkɔ “Fiaɖuƒe Akpata” dzɔ tso la, kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, axa 319. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20, 21]
MƆ SIWO DZI AME AÐEWO TONA DZƆA NU
NUDZƆDZƆ HENA XEXEAME KATÃ ƑE DƆA
Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka, siwo dzi woŋlɔ ɖo be, “Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14,” me.
Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔ me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, Attention Treasurer’s Office, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483 tẽ, alo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽ siwo woɖo ɖa to adrɛs si le etame dzi la dzi be, woaxee na “Watch Tower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu, si aɖe nu me be ɖe wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.
NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO
Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu na Watch Tower be wòazã ɖe xexeame katã ƒe dɔa ŋu. Gake ne gaa dzɔla bia gaa la, woagatrɔe ana. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.
NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO
Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:
Nugblẽfexexewo: Woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo axe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.
Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo; alo wòaxɔ ga si woaxe na ame ne woxɔ dzudzɔ le dɔ me alo woana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ wo ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.
Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ.
Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ alo, ne aƒe si me nunalaa lee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be woana alɔdzedɔwɔƒe si le nunalaa ƒe dukɔ me nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi.
Nunanaɖoɖo si me Woɖea Nane le Naa Nunalaa Ƒe sia Ƒe: Nunanaɖoɖo si me woɖea nane le naa nunalaa ƒe sia ƒe nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa dɔwɔƒe aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna alo si le woƒe dzikpɔkpɔ te. Woxea ga home aɖe koŋ naa nunalaa, alo naa amesi dzi nunalaa tɔ asii la, ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eƒe nunana la teƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa le ƒe si me wòtsɔ nua na.
Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumagbalẽ, si wowɔ le setɔwo gbɔ, dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nusiwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.
Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbe ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me, be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoana kpekpeɖeŋu Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa, to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi woate ŋu ato ana nu fifia alo le ame ƒe ku megbe ŋu. Esi ame geɖe xlẽ agbalẽ gbadza la hedzro nu me kple woa ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo vɔ megbe la, wote ŋu kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe subɔsubɔdɔa, kple dɔ siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe amesiwo hiã tu ŋu la ŋu, eye woɖe vi geɖe le woƒe adzɔxenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽ.
Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã me atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo loo, alo nàƒo ka na wo, alo nàbia Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.
Charitable Planning Office
Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
100 Watchtower Drive
Patterson, New York 12563-9204
Telephone: (845) 306-0707
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Charitable Planning
to Benefit Kingdom Service Worldwide
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Agbagba siwo dzem míele ɖekae wɔe be wote ŋu tu Fiaɖuƒe Akpata dzeaniwo le xexeame katã
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖe si wotu le Ghana