Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Yra Ðe Nye Didi Be Manye Dutanyanyuigblɔla Dzi Geɖe Ŋutɔ

Yehowa Yra Ðe Nye Didi Be Manye Dutanyanyuigblɔla Dzi Geɖe Ŋutɔ

Agbemeŋutinya

Yehowa Yra Ðe Nye Didi Be Manye Dutanyanyuigblɔla Dzi Geɖe Ŋutɔ

Abe Alesi Sheila Winfield Da Conceição Gblɔe Ene

Dutanyanyuigblɔla aɖe si tso Afrika va srã mí kpɔ la gblɔ na mí gbeɖeka be, amewo kpea ye vaa wo ƒeme heɖoa to nyuie ne yele Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gblɔm na wo. Megblɔ le susu me be, ‘Avivi nunye ŋutɔ ne mɔnukpɔkpɔ asu asinye mawɔ dɔ le anyigbamama ma tɔgbe me!’ Dzeɖoɖo ma ƒã didi be manye dutanyanyuigblɔla ɖe menye ɣemaɣi, esime mexɔ ƒe 13.

KE HÃ, míaƒe ƒomea te nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma. Ŋdi aɖe le ƒe 1939 me la, ɖetugbi eve aɖewo siwo dzra ɖo nyuie la ƒo ʋɔ na mí esime míenɔ du si nye Hemel Hempstead, si te ɖe Greater London ŋu, le England, la me. Yehowa Ðasefowoe wonye. Ƒe si do ŋgɔ na woƒe vavaa mee wodzim, eyata nyemetsi aɖo ŋku woƒe sasrãkpɔa dzi o. Esi Dada medi be yeaxɔ wo o ta la, egblɔ na wo be, Papa akpɔ dzidzɔ ɖe woƒe nyaa ŋu gake magbɔ do ŋgɔ na zã ga asieke o. Ewɔ nuku na danye ŋutɔ esi wotrɔ va zã ma me! Esi fofonye, Henry Winfield, bia gbe wo hekpɔe kɔte be womedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe kple dukɔmevinyenye nyawo me o la, eɖe mɔ na wo be woage ɖe aƒea me eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba hexɔ nyɔnyrɔ. Le ƒe aɖewo megbe la, danye Kathleen, hã te Biblia sɔsrɔ̃. Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me.

Le ƒe 1948 me la, medze gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me edziedzi. Mekpɔe be, mehiã gaƒoɖokui be mate ŋu ana akɔnta dedie le ɣeyiɣi siwo mezãna le subɔsubɔdɔa me ŋu. Ne mí ɖeviwo míewɔ nu nyui la, wonana mí kotokumega, si nye cent ade, Memleɖagbe ɖesiaɖe. Medzra nye cent ade siwo katã mexɔna la ɖo hena ƒe eve kloe, eye metsɔe ƒle gaƒoɖokui aɖe si ƒe asi bɔbɔ wu ɣemaɣi lae. Gake Ray, si nye nɔvinyeŋutsu eveawo dome ɖevitɔ ya biana Papa be wòana ye cent etɔ̃ ƒe gaku eve (si sɔ kple cent ade) ɣesiaɣi, eye melɔ̃na xɔa cent ade si nye gaku ɖeka gbeɖe o. Gbeɖeka, ete tɔ ɖe gaku eveawo xɔxɔ dzi ale gbegbe be Papa do dziku ɖe eŋu. Ray te avifafa vevie hegblɔ be yehiã gaku eveawo kokoko le nya ɣaɣla aɖe si le ye kple Yehowa dome ta. Mlɔeba, Ray va ɖe eme be: “Metsɔa gaku ɖeka dea nudzɔɖakaa me, eye gaku mamlɛa nyea nye ŋutɔ tɔnye.” Esia na Dada fa dzidzɔvi, eye Papa wɔ ɖoɖo kaba be woagba gaa akpɔ gaku eve nɛ, eye esia na mesrɔ̃ alɔdodo Fiaɖuƒedɔwo to gakpekpeɖeŋunana me ƒe vevienyenye.

Le ɣeyiɣi mawo me la, Papa wɔ ɖoɖo be míaʋu ayi afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu. Le ƒe 1949 me la, edzra eƒe agble kple eƒe anyigba si dzi wokua ke kple kpekui le la, eye wòte mɔɖeɖedɔa wɔwɔ hezu Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela. Mexɔ nyɔnyrɔ le September 24, 1950 dzi, tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Tso ɣemaɣi la, meƒoa ɖokuinye ɖe mɔkeke me mɔɖeɖedɔ (si woyɔna fifia be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa) me hezãa gaƒoƒo 100 le ɣletia me tsɔ wɔa subɔsubɔdɔa le dzomeŋɔlimɔkeɣiwo. Gake gɔmedzedzea koe nye ema. Eteƒe medidi o, didi sesẽ aɖe nyɔ ɖe menye be mawɔ geɖe wu le tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ me.

Nye Didi be Manye Dutanyanyuigblɔla

Le ƒe 1951 me la, woɖo Papa ɖe Bideford, le North Devon. Le míaƒe afima ɖoɖo ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, dutanyanyuigblɔla si subɔ le Afrika va srã míaƒe hamea kpɔ, abe alesi megblɔ le gɔmedzedzea me ene. Ema megbe la, nye didi be mazu dutanyanyuigblɔla kpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso ɖesiaɖe si mewɔna dzi. Le suku la, nufialawo nya nu tso nye taɖodzinu sia ŋu, eye wowɔna nusianu si woate ŋui be yewoaɖe dzi le ƒonye, kple susu be, mati ŋutilãmedɔ aɖe yome. Gake le nye sukudede ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi, esi mege ɖe xɔ si me nufialawo nɔna me be mada akpe na wo ahaklã wo la, wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: “Èdze na kafukafu ŋutɔ! Wò ɖeka koe nye sukuvi si nya nusi tututu dim nèle le agbe me. Míeka ɖe edzi be àɖo wò taɖodzinua gbɔ.”

Nyemegblẽ ɣeyiɣi kura o. Le December 1, 1955 dzi la, mekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ, eye mezu gbesiagbe mɔɖela. Emegbe, Dada kple nɔvinyeŋutsuwo hã va zu mɔɖelawo. Eyata míaƒe ƒomea me tɔwo katã nɔ subɔsubɔm abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ene hena ƒe geɖe.

Ireland Yiyi

Le ƒe ɖeka megbe la, mexɔ lɛta aɖe, si me wokpem le be mayi ɖasubɔ le Ireland. Esia nye afɔɖeɖe aɖe si na mete ɖe nye taɖodzinu be mazu dutanyanyuigblɔla la ŋu geɖe wu. Le February 1957 me la, mía kple mɔɖela eve, siwo ƒe ŋkɔwoe nye, June Napier kple Beryl Barker, míeva ɖo Cork-du, si le Ireland ƒe anyiehe gome la me.

Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le Ireland sesẽ ŋutɔ. Roma Katolikoha tsi tre ɖe mía ŋu vevie. Míekpɔe be ele vevie be míakpɔ egbɔ ɣesiaɣi be mɔ bubu aɖe li si míate ŋu asi to le aƒe alo nuto si me míele dɔa wɔm le. Míeɣlaa míaƒe gasɔwo ɖe teƒe aɖe si didi tso afisi míenɔa dɔa wɔm le gbɔ, gake zi geɖe la, ame aɖe va kena ɖe wo ŋu kokoko, eye wodzea tayawo alo ɖea ya le wo me.

Gbeɖeka, esi mía kple Beryl míenɔ amesiwo le aƒewo ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe me sram kpɔ la, ɖeviwo ƒe hatsotso aɖe te ɣlidodo ɖe mía ta, nɔ mía dzum henɔ kpewo dam mí. Eyata míege ɖe fiase aɖe, si nye ame ɖe ƒe aƒe ƒe akpa aɖe, afisi wodzrana nyinotsi le, la me. Amehagã aɖe te ƒuƒoƒo ɖe gota. Esi wònye be nyinotsinono dzɔa dzi na Beryl ŋutɔ ta la, enɔ kplu eve alo etɔ̃ nom blewublewu, kple susua be ameha la akaka. Gake wogbe dzodzo. Ɣeyiɣi sia mee nunɔla ɖekakpui aɖe, ge ɖe fiasea me. Esi wòbu be tsaɖilawoe míenye ta la, egblɔ be yedi be yeakplɔ mí ɖitsae le nutoa me. Gake gbã la, ekplɔ mí yi xɔ aɖe me le aƒea me, míenɔ anyi kpoo, esime wònɔ gbedodoɖakɔnu mamlɛawo wɔm na ŋutsu tsitsi aɖe si ɖo kudonu. Emegbe mía kple nunɔlaa míedo le aƒea me. Esi amehaa kpɔ mí míenɔ dze ɖom kple nunɔlaa la, wokaka.

Gilead Yiyi

Woɖoe be woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Dukɔwo Dome Takpekpe le New York, le ƒe 1958 me. Papa ɖoe be yeayi, eye nye hã medi be mayi, gake ga menɔ asinye o. Eteƒe medidi o mamanye ku, eye wògblẽ ga home si nye dɔlar 280 ɖi nam. Takpekpea yiyi kple gbɔgbɔ axɔ dɔlar 180, eyata enumake meyi ɖaƒle tikit na yameʋua ɖoɖo.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Britain ƒe amedɔdɔ aɖe va srã mí kpɔ eye wòkpe mɔɖela vevi siwo katã le takpekpea yim be, woaŋlɔ ŋkɔ hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe hehexɔxɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku. Nya sia sese wɔ nuku nam ŋutɔ! Ema dɔbiagbalẽ na amesiame, negbe nye ɖeka koe mena o, le esi nyemetsi ale o ta. Mebiae be wòana dɔbiagbalẽa nye hã, eye meɖe eme nɛ be, medzo le mía de hele nyanyuia gblɔm le duta xoxo, si le ko abe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ene. Esi wòkpɔ alesi meɖoe kplikpaae la, etsɔ dɔbiagbalẽvi ɖeka nam. Medo gbe ɖa vevie be woaxɔm ɖe sukua! Agbalẽa ƒe ŋuɖoɖo va kaba, eye wokpem be mava de Gilead-suku.

Edzɔ dzi nam ale gbegbe be wokpem hekpe ɖe mɔɖela 81 siwo tso dukɔ 14 me ŋu be míade Gilead-sukua ƒe klass 33 lia. Ɣleti atɔ̃ siwo míetsɔ de sukua va yi kabakaba ŋutɔ. Le sukua ƒe nuwuwu lɔƒo la, Nɔviŋutsu Natan H. Knorr ƒo gaƒoƒo ene ƒe nuƒo ʋãme aɖe tsɔ do ŋusẽ míi. Nɔviŋutsu Knorr de dzi ƒo na mí be, ne anya wɔ la, mía dometɔ siwo ate ŋu ayi edzi anɔ tre la nanɔ nenema. (Korintotɔwo I, 7:37, 38) Gake eɖo aɖaŋu na mía dometɔ siwo ɖoe be míava ɖe srɔ̃ gbaɖegbe la be, míaŋlɔ nudidi siwo gbɔ míadi be amesi míava ɖe la naɖo la ɖi. Esia akpe ɖe mía ŋu be ne míekpɔ ame aɖe si míedi be míaɖe la, míate ŋu atsɔ amea ƒe nɔnɔmewo asɔ kple nudidi siwo míeŋlɔ ɖi.

Nudidi siwo meŋlɔ ɖi ku ɖe amesi ava nye srɔ̃nye ŋu lae nye esiwo gbɔna: Ele be wòanye hati dutanyanyuigblɔla kple amesi lɔ̃a Yehowa vevie, amesi nya Biblia me nyateƒea wum, eye wòanye amesi alɔ̃ faa be yemadzi vi hafi Harmagedon nava o, ale be míate ŋu ayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi; ele hã be wòanye amesi doa Eŋlisigbe nyuie, kple amesi tsi wum le ƒe me. Nudidi siawo siwo meŋlɔ ɖi kpe ɖe ŋunye ŋutɔ, elabena ƒe 20 koe mexɔ, eye eteƒe madidi o woaɖom ɖe dutanyigba dzi.

Brazil Yiyi

Le Kwasiɖagbe, August 2, 1959 dzi la, míewu sukua nu, eye wogblɔ afisi míaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le na mía dometɔ ɖesiaɖe. Woɖo mía kple Vehanouch Yazedjian, Sarah Greco, Ray kpakple Inger Hatfield, Sonia Springate, kple Doreen Hines, ɖe Brazil. Dzi dzɔ mí ale gbegbe. Nusiwo dzi nye susu yi enumakee nye, ave dodowo, dawo, aŋetiwo, kpakple Indiatɔwo. Gake esi meva ɖo teƒea la, nye nu ku! Alesi menɔ mɔ kpɔm be Amazon-nutoa anye ave dodo la, meva nɔ nenema o. Rio de Janeiro nye dugã si me ŋdɔ ʋuna le, eye wònye dukɔa ƒe fiadu ɣemaɣi.

Kuxi gbãtɔ si dze ŋgɔ míe nye, Portugalgbe sɔsrɔ̃. Míesrɔ̃a nu gaƒoƒo 11 gbesiagbe, le ɣleti gbãtɔa me. Le gbeƒãɖeɖe le Rio, kple Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afima nɔnɔ ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖom ɖe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe me le Piracicaba, si le São Paulo State, eye emegbe, woɖom ɖe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe me le Porto Alegre, le Rio Grande do Sul State.

Emegbe le ƒe 1963 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, wokpem be mava wɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒea ƒe Gbegɔmeɖeƒe. Floriano Ignez da Conceição, amesi fia Portugalgbe mí esi míeva ɖo dua me zi gbãtɔ lae nye gbegɔmeɖeƒea dzikpɔla. Esrɔ̃ nyateƒea le ƒe 1944 me, eye ɣemaɣi la, Ðasefo 300 lɔƒo koe nɔ Brazil, eye ede Gilead-sukua ƒe klass 22 lia. Gbeɖeka, le ɣleti aɖewo megbe la, Nɔviŋutsu Conceição bia tso asinye be malala ye le ŋdɔmeɖiɖiɖemeɣi, le esi wòdi be yeaƒo nu kplim ta. Gbã la, metsi dzi le ɖokuinye me. Mebia ɖokuinye be, ɖe mewɔ nu gbegblẽ aɖea? Mlɔeba esi woƒo ga be míayi ŋdɔnuɖuƒe la, mebiae be negblɔ nya si le esi nam. Ebiam be, “Àɖema?” Metɔtɔ ale gbegbe. Mebiae be wòana ɣeyiɣim mabu eŋu, eye meƒu du yi ŋdɔnuɖuƒea.

Menye Floriano ye nye nɔviŋutsu gbãtɔ si do ɖeɖenya ɖe gbɔnye o. Gake vaseɖe ɣemaɣi la, ame aɖeke meɖo nudidi siwo gbɔ amesi medi be maɖe naɖo la gbɔ o. Mexɔe se be nudidi siwo meŋlɔ ɖi la kpe ɖe ŋunye be meƒo asa na nyametsotso gbegblẽ wɔwɔ. Gake fifia ya, nuwo sɔ nyuie. Floriano ɖo nudidi siwo katã meŋlɔ ɖi la gbɔ! Eyata míeɖe mía nɔewo le May 15, 1965, dzi.

Akɔkpekpe Kple Lãmesẽkuxiwo

Mía kple Floriano míekpɔ dzidzɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me togbɔ be míedo go kuxi geɖewo hã. Kuxi siawo dometɔ ɖekae nye Floriano ƒe lãmegbegblẽ si dze egɔme kpuie do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖea. Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, eƒe miamedzitodzito megawɔa dɔ tututu o, eye le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, esia na wòsea veve ale gbegbe. Esia wɔe be míedzo le Betel, eye woɖo mí ɖe Teresópolis, du si le Rio de Janeiro State ƒe tonutowo me, abe mɔɖela veviwo ene. Míebu be afima ƒe yame ƒe nɔnɔme akpe ɖe eŋu eƒe lãme nahaya.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mexɔ nyatakaka aɖe le December 1965 me be, kansadɔ nɔ fu ɖem na danye vevie. Mía kple Dada míeŋlɔa lɛta na mía nɔewo edziedzi, gake ƒe adre enye esia si nyemegakpɔe kpɔ o. Eyata exe míaƒe ʋuɖofe be míava srã ye kpɔ le England. Wowɔ dɔ na Dada, gake ɖɔktawo mete ŋu ɖe kansa la nɛ o. Togbɔ be dɔa te ɖe danye dzi vevie eye wòtsi aba dzi hã la, ekpɔtɔ di vevie be yeanɔ gome kpɔm le ɖaseɖiɖidɔa me. Nuŋlɔmɔ̃ nɔ egbɔ le eƒe xɔdɔmea me, eye ete ŋu gblɔa lɛta siwo wòdi be yeaŋlɔ la me nyawo woŋlɔna nɛ. Eɖia ɖase kpui aɖe hã na amesiwo va srãnɛ kpɔ la. Eku le November 27, 1966 dzi. Le ɣleti ma me la, ena gaƒoƒo ewo si nye eƒe gbeadzikɔnta! Papa yi mɔɖeɖedɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe esime wòku le ƒe 1979 me.

Le Dada ƒe ku megbe la, mía kple Floriano míetrɔ yi Brazil, eye míeyi subɔsubɔdɔa dzi le Rio de Janeiro State vaseɖe fifi. Le gɔmedzedzea me la, wona míeɖawɔ nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔ le nutoa ƒe fiadu me, gake dzidzɔ si míekpɔ menɔ anyi eteƒe didi o, le esi Floriano ƒe lãmea ganyra ɖe edzi vevie ta. Emegbe míetrɔ yi Teresópolis ɖasubɔ abe mɔɖela veviwo ene.

Le dɔdamɔnu siwo naa wosea veve zazã nɛ ƒe geɖe megbe la, ɖɔktawo va ɖe Floriano ƒe miamedzitodzitoa ɖa mlɔeba le ƒe 1974 me. Ɣemaɣi la, meganye dzikpɔla zimenɔla loo, alo mɔɖela vevi o, ke hã, ete ŋu srɔ̃a Biblia kple amewo, ne wova esrã ge kpɔ le kɔdzi. Amesiwo wòsrɔ̃ nu kpli le Eŋlisigbe me dometɔ ɖekae nye Bob, Amerikatɔ aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔme. Bob kpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu, eye wòxɔ nyɔnyrɔ emegbe. Vivivi la, Floriano ƒe lãmea va ka ɖe eme, eye ele gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm tso ɣemaɣi.

Yehowa Yra ɖe Nye Subɔsubɔdɔa Dzi

Ƒe geɖe enye esia si meyi edzi le mɔɖela vevi dɔa wɔm, eye Yehowa yra ɖe nye subɔsubɔdɔa dzi ŋutɔ. Le Teresópolis la, mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe su asinye mena kpekpeɖeŋu amesiwo wu 60 sɔŋ wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa. Amesiawo dometɔ ɖekae nye nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jupira, si mefia nuxexlẽe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mesrɔ̃ nu kple via tsitsi enyi. Nusi do tso emee nye be, Jupira kple eƒe ƒometɔ siwo wu 20 le Yehowa subɔm veviedodotɔe fifia. Wo dometɔ ɖeka nye hamemetsitsi, wo dometɔ etɔ̃ nye subɔsubɔdɔwɔlawo, eye eve nye mɔɖelawo.

Mesrɔ̃ alesi wòle be nukpɔsusu nyui nanɔ asinye ku ɖe alesi wòate ŋu adzɔe be amewo nasrɔ̃ nyateƒea ŋu. Ɣeaɖeɣi la, esime menɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃nyɔnu ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Alzemira la, srɔ̃a si woyɔna be Antônio do ŋɔdzi nam be ne nyemedzo enumake o la, yeana yeƒe avu gã eve naɖem ɖe enu. Esia megbe la, ƒãa hafi megadoa go Alzemira. Eye enɔ alea ʋuu ƒe adre hafi Antônio va lɔ̃ be magasrɔ̃ nu kple Alzemira ake. Ke hã, ede se nam be magaƒo nu tso Biblia ŋu na ye o. Gake gbeɖeka esi tsi nɔ dzadzam la, mekpe Antônio be wòava kpɔ gome kpli mí le nusɔsrɔ̃a me. Ɣemaɣie meva de dzesii be eƒe kuxiae nye be menya nuxexlẽ o. Tso ɣemaɣi la, srɔ̃nye Floriano kple ame bubuwo srɔ̃ nu kple Antônio, eye wofiae nuxexlẽ hã. Egbea la, Alzemira kple Antônio siaa xɔ nyɔnyrɔ. Enye kpekpeɖeŋu gã aɖe na hamea, eye edea gbeadzi kple sɔhɛ geɖewo.

Esiawoe nye nuteƒekpɔkpɔ siwo su mía si le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe 20 kple edzivɔ le Teresópolis la dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Le ƒe 1988 ƒe gɔmedzedze la, míexɔ dɔdasi yeye heyi dugã si nye Niterói me, afisi míeɖasubɔ le hena ƒe atɔ̃ siwo kplɔe ɖo hafi ʋu yi Santo Aleixo. Emegbe woɖe mí yi Japuíba-hamea me, le nutoa ƒe titina, eye mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpɔ gome le Ribeira-hamea ɖoɖo me.

Agbe Tsɛ si me Yɔ Kple Yayra

Le ƒe siawo katã me la, mɔnukpɔkpɔ su mía kple Floriano si míekpe ɖe amesiwo wu 300 ŋu wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa. Wo dometɔ aɖewo le subɔsubɔm fifia le alɔdzedɔwɔƒea, bubuwo nye mɔɖelawo, hamemetsitsiwo, kple subɔsubɔdɔwɔlawo. Aleke gbegbe medaa akpe na Mawu be, eto eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi zã mí míekpe ɖe ame gbogbo siawo gbegbe ŋue nye esi!—Marko 10:29, 30.

Enye nyateƒe be, ele na Floriano be wòakpe akɔ kple lãmesẽkuxi sesẽwo ya. Gake togbɔ be ele alea hã la, eyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, enye dzidzɔme, eye wònye amesi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Egblɔna zi geɖe be: “Egbea la, dzidzɔkpɔkpɔ menɔa te ɖe agbe si me kuxi aɖeke mele o nɔnɔ dzi o. Ke kpekpeɖeŋu si Yehowa nana mí míetsɔ nɔa te ɖe kuxiwo nu la dzie wònɔa te ɖo.”—Psalmo 34:20.

Le ƒe 2003 me la, wokpɔ kansa le nye miameŋku me. Wowɔ dɔ nam heɖe nye ŋku ma ɖa hede ŋku wɔwɔe eteƒe. Eye ele nam be manɔ ŋku wɔwɔe sia tutum zi geɖe le ŋkekea me. Togbɔ be ele alea hã la, Yehowa yram hena ŋusẽm meyi edzi kpɔtɔ le mɔɖela vevi dɔa wɔm.

Le ŋutilãmenuwo gome la, nu boo aɖeke menɔ asinye o. Ke hã, Yehowa yra ɖe nye subɔsubɔdɔa dzi, eye mezu kesinɔtɔ le gbɔgbɔ me. Nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔla ma ƒe nya si wògblɔ ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le Afrika ŋu la sɔ nyuie míatsɔ aɖɔ míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Brazil. Le nyateƒe me la, Yehowa yra ɖe nye didi be manye dutanyanyuigblɔla dzi geɖe ŋutɔ!

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Mía kple nye ƒomea, le ƒe 1953 me

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ðaseɖiɖi le Ireland, le ƒe 1957 me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mía kple hati dutanyanyuigblɔlawo, le Brazil, ƒe 1959. Tso miame yi ɖusime: Nye ŋutɔ, Inger Hatfield, Doreen Hines, kple Sonia Springate

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mía kple srɔ̃nye