Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Míeʋli Te Ŋu Nɔ Te Sesĩe Le Gbɔgbɔ Me

Alesi Míeʋli Te Ŋu Nɔ Te Sesĩe Le Gbɔgbɔ Me

Agbemeŋutinya

Alesi Míeʋli Te Ŋu Nɔ Te Sesĩe Le Gbɔgbɔ Me

Abe Alesi Rolf Brüggemeier Gblɔe Ene

Esi wodem gaxɔ me la, lɛta gbãtɔ si mexɔ la tso xɔ̃nye aɖe gbɔ. Ena menya be wolé danye kple nɔvinyeŋutsuwo—Peter, Jochen, kple Manfred—hã de game. Esia wɔe be mía nɔvinyɔnu sue eveawo zu dzila kple nɔvi manɔsitɔwo. Nukatae Ɣedzeƒe Germany dziɖuɖumegãwo ti míaƒe ƒomea yome? Nukae kpe ɖe mía ŋu míenɔ te sesĩe le gbɔgbɔ me?

XEXEMEƲA II gblẽ ŋutifafa si me míenɔ le ɖevime la dome; mía ŋutɔwo míekpɔ aʋa me ŋutasẽnuwɔwɔwo teƒe. Papa ge ɖe Germanytɔwo ƒe asrafoha me, eye eku abe asrafo aboyome ene. Esia fia be ele be Dada, si ŋkɔe nye Berta, nakpɔ ɖevi ade siwo xɔ tso ƒe ɖeka va ɖo 16 la dzi.

Sɔlemeha si me Dada nɔ tsã ƒe nuwɔnawo wɔe be dzi ɖe le eƒo keŋkeŋ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu, ale gbegbe be medina be yeagase nya aɖeke ku ɖe Mawu ŋu o. Gake gbeɖeka le ƒe 1949 me la, Ilse Fuchs, si nye nyɔnu kpui dzeaɖaŋu aɖe, si ƒoa nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la va mía ƒeme. Eƒe nyabiasewo kple numeɖeɖewo nyɔ Dada ƒe ɖetsɔleme. Biblia sɔsrɔ̃ na mɔkpɔkpɔ va su esi.

Gake gbã la, mí ŋutsuviawo míeganɔ ɖi kem kokoko. Elabena Nazitɔwo, kple Kɔmunisttɔ, siwo va xɔ ɖe wo teƒe siaa do ŋugbe nyuiwo na mí, gake ɖeko wode ŋukpe mo na mí. Togbɔ be míekea ɖi ŋugbedodo bubu ɖesiaɖe hã la, esi míeva nya be wolé Ðasefowo dometɔ aɖewo de fuwɔamesaɖawo me le esi wogbe be yewomakpe asi ɖe aʋawɔwɔa ŋu o ta la, ewɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, mía kple Dada, kple Peter míexɔ nyɔnyrɔ.

Mía nɔviŋutsu suetɔ, Manfred, hã va xɔ nyɔnyrɔ, gake edze abe Biblia me nyateƒea meƒo ke ɖe to ɖe eƒe dzime o ene. Esi Kɔmunisttɔwo de se ɖe míaƒe dɔa nu, le ƒe 1950 me, eye adzamekpovitɔwo—siwo woyɔna be Stasi, siwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi wonya nyuie la—do ŋɔdzi nɛ la, eʋu go afisi míewɔa míaƒe kpekpewo le. Esia wɔe be wolé danye kple nɔvinyeŋutsu mamlɛawo.

Subɔsubɔ le Mɔxeɖenu Te

Esi wode se ɖe míaƒe dɔa nu ta, ele be míatsɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo agbã de ava Ɣedzeƒe Germany. Esi nye hã metsɔa agbalẽwo ta la, meyina ɖaxɔa agbalẽwo le Berlin ƒe ɣetoɖoƒe kpa dzi, afisi womexe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le o la tsɔ tsoa dea. Mesi le kpovitɔwo nu wu zi eve ya teti, gake le November 1950 me la, woƒe asi su dzinye.

Stasi-kpovitɔwo dem gaxɔ aɖe, si nye gumexɔ si ŋu fesre aɖeke mele o me. Womeɖea mɔ nam be madɔ alɔ̃ le ŋkeke me o, eye wobiaa gbem le zã me, eye woƒoam ɣeaɖewoɣi. Nyemegakpɔ nye ƒometɔwo kpɔ o ʋuu vaseɖe March 1951 me ke, esime Dada, Peter, kple Jochen wova nye ʋɔnudɔdrɔ̃ teƒe kpɔ ge. Wodem mɔ̃ ƒe ade.

Ŋkeke ade le ʋɔnudɔdrɔ̃m megbe la, wolé Peter, Jochen, kple Dada hã. Emegbe mía nɔvinyɔnu haxɔsetɔ aɖe lé be na nɔvinyenyɔnu Hannelore, si xɔ ƒe 11 ɣemaɣi, eye mía tasi aɖe hã kplɔ Sabine, si xɔ ƒe 7, yi eɖokui gbɔ. Stasi-kpovitɔwo wɔ nu ɖe Dada kple nɔvinyeŋutsuawo ŋu abe alesi wowɔa nu ɖe ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo ŋu ene. Woɖe woƒe afɔkpa ŋu kawo kura gɔ̃ hã. Ne wole gbe biam wo la, ele be woanɔ tsitrenu vaseɖe esime woawu gbebiamea nu. Wode woawo hã mɔ̃ ƒe ade.

Le ƒe 1953 me la, wode dɔ asi na mía kple Ðasefo gamenɔla bubuwo be míado afisi asrafowo ƒe yameʋuwo dzena ɖo la, gake míegbe. Amegãwo he to na mí ŋkeke 21 sɔŋ. Woɖe mí ɖe vovo le ŋkeke mawo me. Esia fia be míawɔ dɔ aɖeke o, míaxɔ lɛta aɖeke o, eye nuɖuɖu ʋɛ aɖe koe woana mí. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖewo gblẽa nuɖuɖu vi aɖe ɖi tso woƒe nuɖuɖu si mede naneke o me, eye woɣlanɛ to mɔ aɖewo dzi ɖona ɖe mí. Esia wɔwɔ mee Anni, si nye nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka, ƒe nu va lé dzi nam le. Esime woɖe asi le Anni ŋu le ƒe 1956 me, eye woɖe asi le nye hã ŋu le ƒe 1957 me la, míeɖe mía nɔewo. Ƒe ɖeka le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, míedzi mía vi nyɔnu Ruth. Peter, Jochen, kple Hannelore hã ɖe srɔ̃ ɣemaɣi lɔƒo.

Esi woɖe asi le ŋunye anɔ abe ƒe etɔ̃ lɔƒo ene la, wogalém ake. Stasi-megã aɖe dze agbagba be yeaƒoe ɖe nunye be manye adzamenyatakakanala tso nɔviawo ŋu. Egblɔ nam be: “Aƒetɔ Brüggemeier lɔlɔ̃tɔ, meɖe kuku na wò, se nu gɔme na ɖokuiwò dzro. Wò ŋutɔ ènya alesi gbegbe gaxɔmenɔnɔ mele bɔbɔe o, eye míedi be nàgakpe fu mawo gbegbe ake o. Àte ŋu akpɔtɔ anye Ðasefo, àyi wò nusɔsrɔ̃a dzi, eye àƒo nu tso Biblia ŋu abe alesi nèdii ene faa. Ðeko míedi be míanɔ alesi nuwo le edzi yimee ŋuti nyatakakawo sem tso gbɔwò. Bu srɔ̃wò kple viwò nyɔnuvi suea ŋu.” Nya mamlɛ sia vem de keke nye dzi gbɔ ke. Ke hã, menyae be ne mele gaxɔ me la, Yehowa alé be na nye ƒomea wu alesi nye ŋutɔ mawɔe, eye ewɔe hã!

Dziɖuɖumegãwo dze agbagba be yewoazii ɖe Anni dzi be wòawɔ dɔ ɣeyiɣiawo katã ahagblẽ Ruth ɖi be ame bubuwo nakpɔ edzi le kwasiɖaa me. Gake Anni melɔ̃ o, ete afɔ ɖe to sesĩe hewɔa dɔ le zã me, ale wɔ wòte ŋu léa be na Ruth le ŋkeke me. Mía nɔvi haxɔsetɔwo nyoa dɔme na srɔ̃nye ale gbegbe, wonanɛ nu geɖe ale gbegbe be eya ŋutɔ hã naa nu ame bubuwo. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, meganɔ game ake ade ƒe ade kloe.

Alesi Míewɔ Lé Xɔse Me Ðe Asi le Gaxɔ Me

Esi metrɔ yi gakpɔ me la, nɔvi Ðasefo siwo mía kpli wo míenɔ gaxɔ ɖeka me di vevie be yewoanya nu yeye siwo woɖe ɖe go? Màte ŋu anya alesi gbegbe dzi dzɔmee o, elabena mesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ magazineawo tsitotsito hedea kpekpeawo edziedzi; eyata mesu te nyuie be mate ŋu ade dzi ƒo na wo le gbɔgbɔ me!

Esi míebia gaxɔdzikpɔlawo be woana mí Biblia la, woɖo eŋu na mí be: “Biblia tsɔtsɔ na Yehowa Ðasefowo nye afɔku ŋutɔ; ɖeko wòle abe ʋɔgbãnuwo tsɔtsɔ na ʋɔgbãla aɖe si wolé de gae la be wòasi ene.” Nɔvi siwo xɔa ŋgɔ la tiana mawunyakpukpui si me míadzro gbesiagbe. Woɖea mí doa go yia dogba dzi gbesiagbe hena gaƒoƒo afã, be míate kame ahaxɔ ya fafɛ, gake esiawo menɔ vevie na mí abe gomekpɔkpɔ le ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro me ene o. Togbɔ be wode se be míate ɖa le mía nɔewo ŋu meta 5, eye be míagaƒo nu na mía nɔewo o hã la, míekpɔa mɔ siwo dzi míato ana ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia nasu mía dometɔ ɖesiaɖe si kokoko. Ne míetrɔ yi míaƒe gaxɔwo me la, míeƒoa nya si amesiame te ŋu se la nu ƒu, eye azɔ míewɔa gbesiagbe Biblia me dzodzroa.

Gake mlɔeba, adzamenyatakakanala aɖe va ɖe ha mí, eye wodem ameɖekɛgaxɔ me. Yayra gã aɖe wònye nam be vaseɖe ɣemaɣi la, melé mawunyakpukpui alafa geɖe ɖe susu me heyɔa wo me nyawo pɛpɛpɛ. Le nye akogonɔɣi mawo me la, ɖeko menɔa ŋugble dem le Biblia me nyati vovovowo ŋu. Emegbe woɖem yi gakpɔ bubu me, afisi gaxɔdzikpɔla aɖe dem gaxɔ aɖe si me Ðasefo eve bubu le me, eye—aleke gbegbe dzi dzɔ míi enye esi be—ena Biblia hã mí. Le ameɖekɛgaxɔ me nɔnɔ ɣleti ade megbe la, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be mɔnukpɔkpɔ gasu asinye be magadzro Biblia me nyawo me kple haxɔsetɔwo ake.

Nɔvinyeŋutsu Peter gblɔ nusi kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi le gakpɔ bubu aɖe me be: “Mesusuna alesi agbea anɔ le xexe yeyea mee, eye menɔa ŋugble dem le Biblia ŋutinyawo ŋu. Mí Ðasefowo míedoa ŋusẽ mía nɔewo to Biblia me nyawo biabia alo Ŋɔŋlɔawo me dodokpɔwo wɔwɔ me. Agbea menɔ bɔbɔe kura o. Ɣeaɖeɣi la, wozi mí ame 11 ɖe xɔ si ƒe kekeme anye meta etɔ̃ kple afã eye eƒe didime hã le nenema ke la me. Afimae wòle be míawɔ nusianu le—aɖu nu, adɔ alɔ̃, ale tsi, eye míade nugodo kura gɔ̃ hã le. Ðeko míaƒe dzi flana.”

Nɔvinyeŋutsu Jochen hã gblɔ le eƒe gakpɔmenɔnɔ ŋu be: “Medzia ha siwo dzi mete ŋu ɖo ŋkui le míaƒe hadzigbalẽa me. Medea ŋugble le mawunyakpukpui siwo melé ɖe susu me la ŋu gbesiagbe. Esi woɖe asi le ŋunye hã la, meyi edzi lé mawusubɔsubɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui aɖe me ɖe asi. Medzroa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me kple nye ƒomea. Míesrɔ̃a nusiwo me míadzro le kpekpeawo katã me do ŋgɔ.”

Asiɖeɖe le Dada Ŋu

Le Dada ƒe gamenɔnɔ ƒe eve kple ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woɖe asi le eŋu. Ezã eƒe ablɔɖemenɔɣia tsɔ srɔ̃ Biblia kple Hannelore kpakple Sabine, hekpe ɖe wo ŋu be woaɖo gɔmeɖoanyi nyui na woƒe xɔse. Efia wo alesi woakpɔ nyawo gbɔ le suku hã ne nya aɖe fɔ ɖe te ku ɖe woƒe dzixɔse ŋu. Hannelore gblɔ be: “Míetsɔa ɖeke le emetsonua me o, elabena míedoa ŋusẽ mía nɔewo le aƒeme. Míaƒe ƒomekadodo sẽŋu la kpena ɖe mía ŋu míete ŋu nɔa te ɖe kuxi ɖesiaɖe si me míetona nu.”

Hannelore yi edzi be: “Míetsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖuwo yina na mía nɔviŋutsuawo le gakpɔ me. Míetsɔa asi gbugbɔ ŋlɔa Gbetakpɔxɔ ƒe tata bliboa suesuesue ɖe aŋepepa aɖewo dzi. Emegbe míeblana agbalẽɖeɖiawo ɖe aŋegbalẽ si ŋu tsi mate ŋu agblẽ nu le o me, hetsɔ ƒona ɖe atikutsetse aɖewo, siwo míetsɔna yina na wo dzinu sia dzinu la dome. Ne míexɔ gbe tso wo gbɔ be atikutsetse siwo nye nusiwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo ‘vivi ŋutɔ’ la, dzi dzɔa mí ale gbegbe. Míegbla ɖe míaƒe dɔa ŋu ale gbegbe be, magblɔ be ɣeyiɣi tɔxɛ aɖee wònye na mí.”

Agbenɔnɔ le Mɔxeɖenu Te

Peter ɖɔ alesi nɔnɔmeawo nɔ le esime wode se ɖe míaƒe dɔa nu le Ɣedzeƒe Germany hena ƒe bla nanewo la ale: “Míekpena le nɔviwo ƒe aƒewo me le ƒuƒoƒo suesuesuewo me, eye míevana ɖekaɖekae le ɣeyiɣi vovovowo me, eye míedzona nenema ke. Míewɔa ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi vovovo, siwo me amesiame ava kpekpe bubu si míava wɔ la ŋu, le kpekpe ɖesiaɖe me hafi kakana. Míewɔa ɖoɖo siawo to dzesiwɔwɔ na mía nɔewo kple eŋlɔŋlɔ ɖe agbalẽ dzi me, le esi Stasi-kpovitɔawo zãa nyafisemɔ̃wo tsɔ nɔa míaɖiam ɣeawokatãɣi ta.”

Hannelore ɖe nu me be: “Ɣeaɖewoɣi la, nɔviwo léa takpekpemewɔnawo ɖe kasɛt dzi ɖona ɖe mí le adzame. Ɣesiaɣi si míexɔ kasɛt-awo la, míekpea ta hesea nya siwo wolé ɖe wo dzi la le dzidzɔ blibo me. Míaƒe ƒuƒoƒo sue la me tɔwo va ƒoa ƒu ɖekae hesea Biblia me nuƒo siawo hena gaƒoƒo geɖe. Togbɔ be míekpɔa nuƒolawo o hã la, míeléa to ɖe nuƒoawo ŋu tsitotsito hewɔa nuŋlɔɖiwo.”

Peter gblɔ be: “Mía nɔvi Kristotɔ siwo le dukɔ bubuwo me tsɔ wo ɖokui na faa heku kutri geɖe nɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsɔm vɛ na mí. Anɔ abe ƒe ewo aɖewo do ŋgɔ na Berlin-glia ƒe mumu le ƒe 1989 me la, wotaa agbalẽ siwo nɔ sue ŋutɔ la na mí be míazã. Ame aɖewo gɔ̃ hã ƒe ʋuwo yi nugbe le nya sia me, eye wozãa woƒe ga kple woƒe ɣeyiɣiwo henɔa gbɔgbɔmenuɖuɖuwo tsɔm vɛ na mí le Ɣedzeƒe Germany. Le zã aɖe me la, míenɔ mɔ kpɔm na atsu kple asi aɖewo, gake womedo mo ɖa o. Kpovitɔwo ke ɖe agbalẽawo ŋu, eye woxɔ woƒe ʋua le wo si. Togbɔ be kuxi siawo nɔ anyi hã la, míebu eŋu kpɔ gbeɖe be míaɖe asi le subɔsubɔdɔa ŋu ahanɔ agbe si me tomefafa le o.”

Nɔvinyeŋutsu suetɔ, Manfred, si de mí asi do ŋgɔ le ƒe 1950 me la, gblɔ nusi kpe ɖe eŋu tenɔnɔ nyui gasu esi eye wòlé xɔsea me ɖe asi la ale: “Esi kpovitɔwo si kam ɖi hena ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, meʋu yi Ɣedzeƒe Germany, eye medzudzɔ Biblia me nyateƒea ƒe mɔa dzi zɔzɔ. Metrɔ yi Ɣedzeƒe Germany le ƒe 1954 me, eye meɖe srɔ̃ le ƒe si kplɔe ɖo me. Eteƒe medidi o, srɔ̃nye xɔ nyateƒea, eye exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1957 me. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nye dzitsinya va nɔ fɔ bumem, eye to srɔ̃nye ƒe kpekpeɖeŋu me la, megbugbɔ va hamea me.

“Nɔvi Kristotɔ siwo dze sim hafi medo le nyateƒea me la, xɔm lɔlɔ̃tɔe, abe ɖe naneke medzɔ o ene. Woƒe gbedoname vividoɖeameŋutɔe kple asikpakpla kɔ nam do dzidzɔ nam ale gbegbe. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be megava le ƒomedodo nyuie me kple Yehowa hewɔ ɖeka kple nɔvinyewo.”

Gbɔgbɔmeʋã la Kpɔtɔ Le Edzi Yim

Le ƒe siawo katã me la, enɔ na míaƒe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe be wòaʋli xɔse la ta vevie. Nɔvinye Peter gblɔ be: “Egbea la, susuhenuwo kple ŋutilãmenu siwo dzroa ame va bɔ ale gbegbe wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Esime míenɔ mɔxeɖenu te la, nusiwo nɔ mía si la dzea mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mía dometɔ aɖeke medi kpɔ be yeaʋu yi ƒuƒoƒo bubu me, le nane siwo mesɔ nɛ o ta o, eye ame aɖeke meto nyatoƒoe kpɔ be afisiwo míekpena le gbɔ didi akpa alo be míetsia kpekpeawo akpa o. Dzi dzɔa mí katã be míakpe ta ɖekae, togbɔ be ehiãna be mía dometɔ aɖewo nalala ʋuu zã ga 11 hafi adzo le kpekpewɔƒea hã.”

Le ƒe 1959 me la, Dada tiae be ye kple Sabine, si xɔ ƒe 16 ɣemaɣi, yewoaʋu ayi Ɣetoɖoƒe Germany. Esi wodi be yewoasubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le ta la, alɔdzedɔwɔƒea bia tso wo si be woayi Ellwangen, le Baden-Württemberg. Togbɔ be Dada ƒe lãme menɔ sesẽm tututu o hã la, eƒe veviedodonu ʋã Sabine wòdze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme esime wòxɔ ƒe 18. Le Sabine ƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, Dada, si xɔ ƒe 58 ɣemaɣi la, srɔ̃ ʋukuku kple susua be wòate ŋu adzi eƒe gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe dzi. Elé subɔsubɔdɔ sia me ɖe asi vevie vaseɖe esime wòku le ƒe 1974 me.

Le gonyeme la, esi menɔ gaxɔ me abe ƒe ade kloe ene zi evelia vɔ la, wokplɔm yi ɖe Ɣetoɖoƒe Germany, le ƒe 1965 me, le nye ƒomea ƒe manyamanya me. Gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, srɔ̃nye Anni, kple mía vinyɔnuvi Ruth, va wɔ ɖeka kplim le afima. Mebia alɔdzedɔwɔƒea nenye be míate ŋu ayi aɖasubɔ le afisi gbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu hã, eyata wobia tso mía si be míayi Nördlingen, le Bavaria. Afimae Ruth kple nɔviaŋutsu Johannes wotsi le. Srɔ̃nye Anni dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Eƒe kpɔɖeŋu nyui la ʋã Ruth wòte mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le eƒe sukunuwuwu vɔ megbe teti ko. Mía vi eveawo siaa ɖe mɔɖelawo. Fifia ƒome le wo si, eye woyra mí kple tɔgbuiyɔvi kple mamayɔvi dzeani ade.

Le ƒe 1987 me la, mewɔ dzudzɔxɔxɔ le dɔ me kaba ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ hewɔ ɖeka kple Anni le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Le ƒe etɔ̃ megbe la, wokpem va alɔdzedɔwɔƒe le Selters be makpe asi ɖe dɔwɔƒea kekeɖenudɔa ŋu. Le esia megbe la, mekpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔtutu ŋu le afisi woyɔna tsã be Ɣedzeƒe Germany, ƒe du si nye Glauchau me, afisi míeva wɔ dɔ le abe Takpexɔa dzikpɔalawo ene. Lãmesẽnyawo wɔe be míeva ʋu yi mía vinyɔnua gbɔ le Nördlingen-hamea me, afisi míele subɔsubɔm le abe mɔɖelawo ene.

Mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ be nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo katã kpakple míaƒe ƒometɔ akpa gãtɔ kpɔtɔ le Yehowa mía Mawu wɔnuku la subɔm. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míesrɔ̃e be, ne ŋusẽ nya kpɔtɔ le mía ŋu le gbɔgbɔ me ko la, míate ŋu akpɔ Psalmo 126:3 me nyawo ƒe nyateƒenyenye teƒe, afisi gblɔ be: “Nu gãe Yehowa wɔ na mí vavã, eyata dzi dzɔ mí ɖo!”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Le míaƒe srɔ̃ɖegbe, ƒe 1957

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mía kple míaƒe ƒomea le ƒe 1948 me: (le ŋgɔgbe, tso míame yi ɖusime) Manfred, Berta, Sabine, Hannelore, Peter; (le megbe, tso miame yi ɖusime) nye ŋutɔ kple Jochen

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Agbalẽ sue aɖe si míezã le mɔxeɖenu te kple Stasi-kpovitɔwo ƒe nyafisemɔ̃

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Forschungs- und Gedenkstätte NORMANNENSTRASSE

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mía kple nɔvinyewo: (le ŋgɔgbe, tso miame yi ɖusime) Hannelore kple Sabine; (le megbe, tso miame yi ɖusime) nye ŋutɔ, Jochen, Peter, kple Manfred