Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anukwareɖiɖi Ðea Vi

Anukwareɖiɖi Ðea Vi

Anukwareɖiɖi Ðea Vi

ANUKWAREMAÐIMAÐI li tso keke Eden-bɔ me ke. Togbɔ be ele alea hã la, amewo dea asixɔxɔ anukwareɖiɖi ŋu le teƒe geɖe, eye wobua aʋatsokaka kple amebeble be wonye nuwɔna siwo mesɔ o, eye be medea bubu ame ŋu o. Ne wobua mí be míenye amesi dzi woate ŋu aka ɖo la, ele be wòanye dzidzɔ na mí. Gake nusi wɔ nukue nye be, ame geɖe wu va le anukwaremaɖimaɖi bum be enye nusi hiã hafi ame nate ŋu akpɔ dzidzedze le egbexexea me. Aleke nèsena le ɖokuiwò me le nusia ŋu? Ðe viɖe le eŋu be woanye anukwareɖilaa? Nukae nye dzidzenu si dzi nènɔa te ɖo tsoa nya me be nuwɔna aɖe nye anukwareɖiɖi loo, alo menyee o?

Ne míedi be míadze Mawu ŋu la, ele be míaɖi anukware le nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ haxɔsetɔwo be: “Amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi.” (Efesotɔwo 4:25) Paulo ŋlɔ hã be: “Míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me.” (Hebritɔwo 13:18) Menye kafukafuxɔxɔ tso mía havi amegbetɔwo gbɔ tae míeɖia anukware ɖo o. Míeɖia anukware elabena míedea bubu mía Wɔla ŋu, eye míedi be míadze eyama ŋu.

Mègaɣla Amesi Nènye O

Le dukɔ geɖe me la, amewo daa alakpa le amesi tututu wonye la ɖeɖe gblɔ me, be gomenɔamesi aɖewo nasu wo si. Wodaa alakpa xɔa agbalẽwo, ɖaseɖigbalẽwo, kple dukɔmevigbalẽvi siwo mele se nu o, be woate ŋu age ɖe dukɔ aɖe me alo akpɔ dɔ aɖe awɔ, alo kura gɔ̃ hã be, ɖoƒe aɖe si womedze na o nasu wo si. Dzila aɖewo trɔa wo viwo ƒe dzigbegbalẽwo kple susu be yewo viwo nate ŋu akpɔ mɔ ade suku yi ŋgɔe.

Gake ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, míate ŋu anye ameflulawo o. Biblia gblɔ be Yehowa nye “Mawu nuteƒetɔ,” eye ekpɔa mɔ be amesiwo le ƒomedodo kplikplikpli me kpli ye nanye anukwareɖilawo. (Psalmo 31:6) Ne míedi be ƒomedodo kplikplikpli nakpɔtɔ anɔ mía kple Yehowa dome la, míate ŋu asrɔ̃ “ame maɖianukwarewo,” amesiwo “ɣlaa amesi ƒomevi wonye,” ƒe nuwɔnawo o.—Psalmo 26:4, NW.

Ebɔ hã be amewo gbea nyateƒetoto ne wokpɔe be woahe to na yewo le yewoƒe nugbegblẽwɔwɔ aɖe ta. Le Kristo-hamea me gɔ̃ hã la, ate ŋu adzɔ be ame aɖe nate kpɔ be yeawɔ nu nenema. Le kpɔɖeŋu me, le hamea aɖe me la, ɖekakpui aɖe ʋu eme na hamemetsitsiwo be yewɔ nuvɔ̃ aɖewo. Gake melɔ̃ ɖe edzi be yefia fi o, togbɔ be kpeɖodziwo li be efia fi hã. Mlɔeba, nyateƒea va dze, eye wòhiã be woaɖee le hamea me. Ðe nunya manɔ eme wu be wòagblɔ nyateƒea keŋkeŋ, eye wòaxɔ kpekpeɖeŋu bene wòagbugbɔ aɖɔ woa kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasia ɖo oa? Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò o, ne eka ŋku me na wò o; elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na.”—Hebritɔwo 12:5, 6.

Ɣeaɖewoɣi la, ne nɔviŋutsu aɖe le agbanɔamedziwo minyam le hamea me la, ɖewohĩ adze agbagba aɣla kuxi siwo le eŋu, alo nu gbegblẽ aɖewo siwo wòwɔ va yi. Le kpɔɖeŋu me, ne ele dɔbiagbalẽ aɖe kpem ɖo be subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe nasu ye si la, ɖewohĩ maɖo biabiawo ŋu anukwaretɔe ku ɖe lãmesẽnyawo kple agbenyuinɔnɔ ŋuti o, kple susu be ne yegblɔ nyateƒea le nu mawo ŋu la, ate ŋu awɔe be mɔnukpɔkpɔa nato ye ŋu. Ðewohĩ asusui be, ‘Nyemeka aʋatso ŋutɔŋutɔ o ɖe,’ gake ɖe wògblɔ nya la ŋutɔŋutɔ abe alesi tututu wòle enea, eye ɖe wòɖi anukware na ame bubuwoa? Ke bu nya si wogblɔ le Lododowo 3:32 ŋu kpɔ, afisi gblɔ be: “Godzela [alo ameflula] enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.”

Be míanye anukwareɖilawo la, gbã, ele be míaɖi anukware na mía ɖokui. Zi geɖe la, míexɔa nusi dzi míedina be míaxɔ se la dzi sena, tsɔ wu be míaxɔ nusi le dzɔdzɔe, alo nye nyateƒe la dzi ase. Enɔa bɔbɔe be míatsɔ fɔbubu ada ɖe ame bubu dzi, wu be mía ŋutɔ míalɔ̃ ɖe míaƒe vodadawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Fia Saul te kpɔ be yeaɖe yeƒe tomaɖomaɖonuwɔna nu to fɔɖiɖia dada ɖe ame bubuwo dzi me. Nusi do tso emee nye be, Yehowa gbee be maganye fia o. (Samuel I, 15:20-23) Gake kpɔ alesi Fia Dawid ya ƒe nuwɔna to vovoe ɖa. Edo gbe ɖa na Yehowa be: “Meɖe nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem.”—Psalmo 32:5.

Anukwareɖiɖi Hea Yayrawo Vɛ

Anukwareɖiɖi alo anukwaremaɖimaɖi kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo bua wòe dzi. Ne amewo de dzesii be èflu yewo zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, womagaka ɖe dziwò o, eye asesẽ ŋutɔ hafi woagaka ɖe dziwò. Gake ne wonya wò be ènye nyateƒetola kple anukwareɖila la, amewo abu wò be ènye nuteƒewɔla si dzi woate ŋu aka ɖo. Ŋkɔ nyui ma le Yehowa Ðasefowo ŋu. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Dɔwɔƒe aɖe ƒe amegã de dzesii be dɔwɔla geɖewo nɔ dɔwɔƒea ƒe nuwo fim, eyata ebia kpekpeɖeŋu tso kpovitɔwo gbɔ. Esi wòse be Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka, si hã nye dɔwɔla la nɔ ameawo dome wokplɔ yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee la, eyi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea hena woɖe asi le Ðasefoa ŋu enumake. Nukatae? Elabena amegã la nya be enye dɔwɔla si ɖia anukware, eye be meɖi fɔ o. Ðasefoa kpɔtɔ nɔ dɔa me, gake woɖe asi le ame mamlɛawo ya ŋu. Ðasefo bubuwo kpɔ dzidzɔ ɖe eŋuti, elabena wonya be eƒe agbenɔnɔ de bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu.

Amewo medoa kpo dzesidede agbenyuinɔnɔ gbeɖe o. Le Afrika ƒe nuto aɖe me la, eva hiã be woaɖɔ tɔdzisasrã aɖe, si wotsɔ srã tsi gbegblẽ toƒe gã aɖe dzi la ɖo, elabena wofi ati siwo wotsɔ wɔe la dometɔ aɖewo. Nutoa me tɔwo wɔ ɖoɖo be yewoadzɔ ga atsɔ aƒle ati bubuwo ɖo wo teƒe, gake amekae akpɔ gaa dzi wòanɔ dedie? Amesiame lɔ̃ ɖe nyametsotso aɖe si wowɔ dzi be ele be amea nanye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.

Esime dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔ kple gbe vovovo dolawo dome dzrehehe nɔ edzi yim le Afrika-dukɔ aɖe me la, dukɔwo dome dɔwɔƒe aɖe ɖe woƒe gadzikpɔla, si nye Ðasefo la ɖo ɖe duta le esi eƒe agbe ɖo afɔku me ta. Dɔwɔƒea wɔ ɖoɖo be wòaɖawɔ dɔ hena ɣleti geɖe le dutadukɔ ma me le woƒe akɔnta me vaseɖe esime nɔnɔmea naka ɖe eme. Nukatae? Elabena ɣeyiɣi aɖewo do ŋgɔ la, egbe be yemawɔ ɖeka kple amewo woafi dɔwɔƒea o. Dɔwɔƒeadzikpɔlawo nya nu tso eƒe anukwareɖiɖi si tɔgbe mebɔ o la ŋu. Ðe woadi be yewoakpe ɖe dɔwɔla sia ŋu ne wonya be ewɔa nu fitifitia?

Lododowo 20:7 gblɔ be: ‘Ame dzɔdzɔe zɔna le fɔmaɖimaɖi me.’ Anukwareɖila nye ame aɖe si wɔa nuteƒe. Metafana ehavi alo flunɛ gbeɖe o. Ðe menye nenemae nèdi be amewo nawɔ nu ɖe ye ŋu oa? Anukwareɖiɖi nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe. Enye míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple na mía havi ɖeɖe fia. To anukwareɖiɖi me la, míeɖea míaƒe didi be míawɔ ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose si Yesu gblɔ la dzi fiana; egblɔ be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12; 22:36-39.

Anukwareɖiɖi ɣeawokatãɣi ƒe kuxiwo hã li, gake dzitsinya nyui si sua mía si ne míewɔ nu anukwaretɔe la xɔ asi wu nusianu si wòagblẽ le mía ŋu. Aleke kee nɔnɔmea ɖale o, viɖe gãtɔ kekeake va dona tsoa anukwareɖiɖi me mlɔeba. Nyateƒeae nye be, ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa xɔ asi wu gbɔgblɔ. Nukatae míagblẽ eme to anukwaremaɖimaɖinuwɔna aɖe wɔwɔ me, kple susu be amewo nayi edzi ade bubu mía ŋu, alo be mɔnukpɔkpɔ siwo míedzena o nasu mía si? Kuxi ka kee ava mía dzi o, míate ŋu aka ɖe hakpala la ƒe nya siawo dzi be: “Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo [alo godzelawo] kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la ŋuti o.”—Psalmo 40:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Kristotɔ vavãwo metoa mɔ fitifitiwo dzi xɔa ɖaseɖigbalẽwo alo ƒlea agbalẽ siwo mele se nu o hena zazã o