Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Wòfia Be Míalɔ̃ Mía Havi

Nusi Wòfia Be Míalɔ̃ Mía Havi

Nusi Wòfia Be Míalɔ̃ Mía Havi

“Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—MATEO 22:39.

1. Aleke míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu?

NUKAE Yehowa di tso esubɔlawo si? Yesu zã nya ʋɛ aɖewo siwo me goglo tsɔ ɖo nya ma ŋu kpuie. Egblɔ be se vevitɔ kekeakee nye be, woalɔ̃ Yehowa kple dzi, luʋɔ, tamesusu kpakple ŋusẽ blibo. (Mateo 22:37; Marko 12:30) Abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, lɔlɔ̃ na Mawu lɔ toɖoɖo eyama kple eƒe seawo me léle ɖe asi, atsɔ aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí la ŋu, ɖe me. Le amesiwo lɔ̃a Mawu gome la, eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ menyea agba na wo o, ke boŋ edzɔa dzi na wo.—Psalmo 40:9; Yohanes I, 5:2, 3.

2, 3. Nukatae wòle be míadzro sedede si nye be míalɔ̃ mía havi la me, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

2 Yesu gblɔ be se vevitɔ evelia si do ƒome kple gbãtɔae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Se sia mee míedi be míadzro fifia, eye susu vevi aɖe tae. Míaƒe ɣeyiɣia ɖe dzesi ƒãa le alakpa kple ɖokuitɔdidi ƒe lɔlɔ̃, si amewo ɖena fiana la me. Esi gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖɔ alesi agbenɔnɔ anɔ le “ŋkeke mamlɛawo” me la, megblɔ be amewo alɔ̃ wo nɔewo o, ke boŋ egblɔ be woalɔ̃ wo ɖokui, ga, kple dzidzɔkpɔkpɔ. Ame geɖe anye amesiwo “melɔ̃a ame ƒe nya o,” alo abe alesi Biblia gɔmeɖeɖe aɖe gblɔe ene la, efia be “womalɔ̃ woƒe ƒometɔwo o.” (Timoteo II, 3:1-4) Yesu Kristo gblɔe ɖi be: ‘Ame geɖewo ade wo nɔewo asi, eye woalé fu wo nɔewo. Eye ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.’—Mateo 24:10, 12.

3 Gake de dzesii be, Yesu megblɔ be, amesiame ƒe lɔlɔ̃ nu latsi o. Amesiwo ɖea lɔlɔ̃ si Yehowa dina kple lɔlɔ̃ si wòdze na fiana la nɔ anyi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, eye woanɔ anyi ɣesiaɣi. Amesiwo lɔ̃a Yehowa le nyateƒe me la, adze agbagba abu amewo abe alesi Yehowa buna woe ene. Gake amekae nye mía havi, si wòle be míalɔ̃? Aleke wòle be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía havii? Ŋɔŋlɔawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia vevi siawo ŋu.

Amekae Nye Hanyevi?

4. Le Mose III, ta 19 ƒe nya nu la, amekawoe wòle be Yudatɔwo naɖe lɔlɔ̃ afia?

4 Esi Yesu nɔ gbɔgblɔm na Farisitɔa be sedede vevitɔ eveliae nye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la, enɔ susu hem yi se siwo wode na Israel-viwo la dometɔ aɖe koŋ dzi. Se sia dze le Mose III, 19:18. Le ta ma ke me la, wogblɔ na Yudatɔwo be woabu amesiwo menye Israel-viwo o abe wo haviwo ene. Kpukpui 34 lia gblɔ be: “Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nàlɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.” Eyata ele be Israel-viwo nawɔ nu ɖe amesiwo menye Yudatɔwo o, vevietɔ trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo, ŋu le lɔlɔ̃ me.

5. Aleke Yudatɔwo se havilɔlɔ̃ gɔmee?

5 Gake Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me ya se nyaa gɔme bubui. Wo dometɔ aɖewo susui be Yudatɔwo koe nye ame “xɔlɔ̃” kple ame “havi,” eye be, ele be woalé fu amesiwo menye Yudatɔwo o. Nufiala mawo gblɔna be, ele be mawuvɔ̃lawo nado vlo mawumavɔ̃lawo. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nɔnɔme sia mana be fuléle nu natsi o. Awɔe be fuléle nadzi ɖe dzi boŋ.”

6. Nu eve kawo dzie Yesu te gbe ɖo esime wònɔ nu ƒom tso havilɔlɔ̃ ŋu?

6 Yesu ƒo nu tso nya sia ŋu le eƒe Todzimawunya la me, eye wòna amesiwo wòle be woaɖe lɔlɔ̃ afia la dze ƒã. Egblɔ be: “Miese wogblɔ bena: Lɔ̃ hawòvi, eye nalé fu wò ketɔ; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi dea mi; miwɔ nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta, bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:43-45) Le afisia la, Yesu te gbe ɖe nu eve dzi. Gbãtɔe nye be, Yehowa nyoa dɔme hewɔa nyui na ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa. Eveliae nye be, ele be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.

7. Nukae míesrɔ̃ tso Samariatɔ havilɔ̃laa ŋuti lododoa me?

7 Le ɣebubuɣi la, Yudatɔ aɖe si bi ɖe Sea me ŋutɔ la bia Yesu be: “Amekae nye hanyevi?” Yesu ɖo eŋu nɛ to lododo aɖe si ku ɖe Samariatɔ aɖe, si va ke ɖe Yuda-ŋutsu aɖe, si dzi adzodalawo dze hexɔ eƒe nunɔamesiwo le esi la ŋu nya gbɔgblɔ nɛ me. Togbɔ be Yudatɔwo nyɔa ŋu Samariatɔwo hã la, Samariatɔ sia klɔ ŋutsua ƒe abiawo nɛ hekplɔe yi amedzrodzeƒe, afisi wòanɔ dedie eye eƒe lãme nasẽ le. Nufiame kae le eme? Ele be míalɔ̃ amesiame, ke menye amesiwo ƒe ŋutigbalẽ sɔ kple mía tɔ, siwo mía kpli wo míenye dukɔ ɖeka me tɔwo, alo subɔsubɔha ɖeka me tɔwo ko o.Luka 10:25, 29, 30, 33-37.

Nusi Wòfia be Míalɔ̃ Mía Havi

8. Nukae Mose III, ta 19 lia gblɔ le alesi wòle be woaɖe lɔlɔ̃ afiae ŋu?

8 Abe alesi wòle le lɔlɔ̃ na Mawu gome ene la, menye seselelãme dzro aɖe koe havilɔlɔ̃ nye o, ebia nuwɔwɔ. Nya siwo ƒo xlã sedede si dze le Mose III, ta 19, si de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woalɔ̃ wo haviwo abe wo ɖokui ene me dzodzro yi ŋgɔe aɖe vi na mí. Míexlẽ le afima be, ele na Israel-viwo be woaɖe mɔ na amesiwo dzi nu mede o kple amedzrowo be woafɔ nukuwo le woƒe agblewo me. Womeɖe mɔ ɖe fififi, amebeble, kple amefuflu ŋu o. Mele be Israel-viwo nade ame dzi le ʋɔnudrɔ̃nyawo me o. Togbɔ be woate ŋu aka mo na ame ne ehiã hã la, wogblɔ na wo tẽ be: “Megalé nɔviwò ɖe dɔ me o.” Woƒo sedede siawo kple bubu geɖewo nu ƒu kpokploe ale: “Nàlɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”—Mose III, 19:9-11, 15, 17, 18.

9. Nukatae Yehowa de se na Israel-viwo be woagade ha kple dukɔ bubu me tɔwo o?

9 Togbɔ be wobia tso Israel-viwo si be woalɔ̃ du bubu me tɔwo hã la, ele na wo hã be woaƒo asa na hadede kple amesiwo subɔa alakpamawuwo ya. Yehowa xlɔ̃ nu wo ku ɖe afɔku siwo le hadede vɔ̃ me kple emetsonuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa de se na Israel-viwo ku ɖe dukɔ siwo ƒe anyigba xɔ ge woala ŋu be: “Mègado ƒome kpli wo, ne nàtsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o; elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu.”—Mose V, 7:3, 4.

10. Nuka ŋue wòhiã be míakpɔ mía ɖokui dzi le?

10 Nenema kee Kristotɔwo hã ƒoa asa na hadede kple amesiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe woƒe xɔse dzi. (Korintotɔwo I, 15:33) Woxlɔ̃ nu mí be, “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o,” si fia amesiwo menye Kristo-hamea me tɔwo o. (Korintotɔwo II, 6:14) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la [ɖeɖeko] me.” (Korintotɔwo I, 7:39) Ke hã, mele be míado vlo amesiwo mesubɔa Yehowa o. Elabena Kristo ku ɖe nuvɔ̃wɔlawo ta, eye ame geɖe siwo nye nuvlowɔlawo tsã va trɔ woƒe agbenɔnɔ heva le ƒomedodo nyui me kple Mawu.Romatɔwo 5:8; Korintotɔwo I, 6:9-11.

11. Mɔ kae nye nyuitɔ kekeake si dzi míetona ɖea lɔlɔ̃ fiaa amesiwo mesubɔa Yehowa o, eye nukatae?

11 Le lɔlɔ̃ɖeɖefia amesiwo mesubɔa Mawu o gome la, mɔ bubu aɖeke meli si nyo wu Yehowa ŋutɔ sɔsrɔ̃ o. Togbɔ be melɔ̃a vɔ̃ɖinyenye o hã la, evea amewo katã nu, to mɔnukpɔkpɔ nana wo be woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi me, ale be agbe mavɔ nasu wo si. (Xezekiel 18:23) Yehowa di be “amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Eƒe didie nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Esia tae Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã, afia nu, ahawɔ “dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19, 20) To míaƒe gomekpɔkpɔ le dɔ sia wɔwɔ me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu kple mía havi siaa, eye le nyateƒe me la, esia lɔ míaƒe ketɔwo gɔ̃ hã ɖe me!

Mía Nɔvi Kristotɔwo Lɔlɔ̃

12. Nukae apostolo Yohanes ŋlɔ tso mía nɔviwo lɔlɔ̃ ŋu?

12 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Abe Kristotɔwo ene la, agba le mía dzi be míaɖe lɔlɔ̃ afia amesiwo nye míaƒe haxɔsetɔwo—siwo nye míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo. Gake aleke gbegbe lɔlɔ̃ sia le vevie? Esime apostolo Yohanes nɔ susu hem yi nya sia dzi la, eŋlɔ ŋkubiãnya sia bena: “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye . . . Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃a nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?” (Yohanes I, 3:15; 4:20) Nya siawo nye ŋkubiãnyawo. Yesu Kristo zã nya siawo ke, siwo nye “amewula” kple “aʋatsokala” na Satana Abosam. (Yohanes 8:44) Míadi gbeɖe be woayɔ ŋkɔ mawo na mí o!

13. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia haxɔsetɔwo le?

13 ‘Mawu fia Kristotɔ vavãwo be woalɔ̃ wo nɔewo.’ (Tesalonikatɔwo I, 4:9) Wobia tso mía si be “[Míagatsɔ] nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.” (Yohanes I, 3:18) Mele be míaƒe lɔlɔ̃ nanye “alakpanu o.” (Romatɔwo 12:9) Lɔlɔ̃ ʋãa mí míenyoa dɔme, kpɔa nublanui, tsɔ kena, hegbɔa dzi blewu; ke menana míeʋãa ŋu, ƒoa adegbe madzemadze hedoa mía ɖokui ɖe dzi loo, alo dia mía ɖokui tɔ o. (Korintotɔwo I, 13:4, 5; Efesotɔwo 4:32) Eʋãa mí ‘míesubɔa mía nɔewo.’ (Galatiatɔwo 5:13) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ wo nɔewo abe alesi yelɔ̃ woe ene. (Yohanes 13:34) Eyata ne ehiã la, ele be Kristotɔ nalɔ̃ faa atsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe nɔvia haxɔsetɔwo ta.

14. Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia le ƒomea me?

14 Kristotɔwo ƒe ƒomewo me koŋue wòle be woaɖe lɔlɔ̃ afia le wu, vevietɔ le srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a dome. Srɔ̃ɖekadodoa le kplikplikpli ale gbegbe be, Paulo gblɔ le eŋu be: “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.” Egblɔ kpee be: “Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui.” (Efesotɔwo 5:28) Paulo gahe susu yi aɖaŋuɖoɖo sia ke dzi le kpukpui atɔ̃ aɖewo megbe. Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la masrɔ̃ Israel-vi siwo nɔ anyi le Maleaxi ŋɔli, amesiwo wɔ nu tovo ɖe wo srɔ̃wo ŋu la ƒe nuwɔnawo o. (Maleaxi 2:14) Ke boŋ alɔ̃e vevie. Alɔ̃e abe alesi Kristo lɔ̃ hame la ene. Nenema ke lɔlɔ̃ aʋã srɔ̃nyɔnu hã be wòade bubu srɔ̃a ŋu.—Efesotɔwo 5:25, 29-33.

15. Nukae nɔvilɔlɔ̃ aɖe si woɖe fia teƒe kpɔkpɔ ʋã ame aɖewo wogblɔ hewɔ?

15 Edze ƒã be lɔlɔ̃ sia ƒomevie nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Mía nɔewo lɔlɔ̃ hea amewo ɖe Mawu si míelɔ̃ henye eteƒenɔlawo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyatakaka aɖee nye esi tso Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si le Mozambique ŋu, wogblɔ be: “Míekpɔ nusia tɔgbe kpɔ o. Le ŋdɔ aɖe me la, ya sesẽ aɖe te ƒoƒo, eye emegbe tsi gã aɖe kple tsikpewo dza. Ya sesẽa klo zingiawo ɖa le aƒlaxɔ si me míele la dzi, eye wòkaka xɔa. Esime nɔviwo tso hame siwo te ɖe mía ŋu me va gbugbɔ míaƒe aƒea tu na mí la, míaƒe aƒelika siwo ƒe nu ku la, gblɔ be: ‘Miaƒe subɔsubɔha la nyo ŋutɔ. Míexɔ kpekpeɖeŋu sia tɔgbe tso míaƒe sɔlemeha gbɔ kpɔ o.’ Ale wɔ míeʋu Biblia hexlẽ Yohanes 13:34, 35 me nyawo na wo. Esia wɔe be míaƒe aƒelikawo dometɔ geɖe le Biblia srɔ̃m fifia.”

Ame Ðekaɖekawo Lɔlɔ̃

16. Vovototo kae le amewo lɔlɔ̃ abe ƒuƒoƒo ene kple ame ɖekaɖekawo lɔlɔ̃ dome?

16 Mesesẽ be míalɔ̃ mía haviwo abe ƒuƒoƒo ene o. Gake ame ɖekaɖekawo lɔlɔ̃ ya nye nya bubu kura. Le kpɔɖeŋu me, gakpekpeɖeŋunana kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo koe nye ame aɖewo ƒe havilɔlɔ̃ ɖeɖe fia. Le nyateƒe me la, ele bɔbɔe ŋutɔ be míagblɔ be míelɔ̃a mía haviwo wu be míalɔ̃ dɔwɔhati aɖe, si edze abe ɖe metsɔa ɖeke le eme na mí o ene, alo míaƒe aƒelika aɖe si ɖiaa mía nu, alo mía xɔlɔ̃ aɖe si trɔ mí to eme.

17, 18. Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia ame ɖekaɖekawoe, eye nukae ʋãe wòwɔ esia?

17 Le lɔlɔ̃ɖeɖefia ame ɖekaɖekawo gome la, Yesu, amesi ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia bliboe, ɖo eƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖi na mí. Togbɔ be xexeamenɔlawo katã ƒe nuvɔ̃wo ɖeɖeɖa tae Yesu va anyigba dzi ɖo hã la, eɖe lɔlɔ̃ fia ame ɖekaɖekawo hã—eɖe lɔlɔ̃ fia nyɔnu aɖe si nye dɔnɔ, eɖe lɔlɔ̃ fia anyidzela aɖe kple ɖevi aɖe hã. (Mateo 9:20-22; Marko 1:40-42; 7:26, 29, 30; Yohanes 1:29) Nenema kee míeɖea lɔlɔ̃ fiaa mía haviwo to alesi míewɔa nu ɖe ame ɖekaɖeka siwo míedoa goe gbesiagbe ŋu me.

18 Gake mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be, havilɔlɔ̃ do ƒome kple lɔlɔ̃ na Mawu. Togbɔ be Yesu kpe ɖe ame dahewo ŋu, da dɔ na dɔnɔwo, hena nuɖuɖu dɔwuitɔwo hã la, susu si tae wòwɔ nusiawo hekpe ɖe nufiafia amewo ŋu ɖoe nye be, yeakpe ɖe amewo ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Yehowa dome. (Korintotɔwo II, 5:19) Yesu wɔ nuwo katã hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye meŋlɔ be gbeɖe be Mawu si yelɔ̃ heɖea eƒe nɔnɔmewo fiana la teƒenɔlae yenye o. (Korintotɔwo I, 10:31) Ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua la, míawo hã míate ŋu aɖe havilɔlɔ̃ vavãtɔ afia, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míayi edzi anye amesiwo menye xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖeke o.

Aleke Míelɔ̃a Mía Haviwo abe Mía Ðokui Ene?

19, 20. Nukae wòfia be míalɔ̃ mía havi abe mía ɖokui ene?

19 Yesu gblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” Esɔ be míalé be na mía ɖokui ahade bubu si sɔ mía ɖokui ŋu. Ne mele nenema o la, gɔmesese boo aɖeke manɔ sedede ma ŋu o. Mele be míatɔtɔ ɖokuilɔlɔ̃ sia si sɔ la kple ɖokuitɔdidi ƒe ɖokuilɔlɔ̃, si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe le Timoteo II, 3:2 la o. Ke boŋ, enye bubudede ame ɖokui ŋu si sɔ. Biblia-ŋutinunyala aɖe ɖɔ lɔlɔ̃ sia be enye “ameɖokuilɔlɔ̃ si sɔ, eye menye esi me wobua ame ɖokui be ‘yenyo wu amesiame’ loo, alo be ‘yemele ɖeke me o.’”

20 Be míalɔ̃ amewo abe alesi míelɔ̃a mía ɖokui ene fia be míabu amewo abe alesi míadi be woabu míi ene, eye míawɔ nu ɖe wo ŋu abe alesi míadi be woawɔe ɖe mía ŋui ene. Yesu gblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) De dzesii be, Yesu megblɔ be míade ŋugble tso nusiwo amewo wɔ na mí va yi ŋu eye míawɔ na woawo hã nenema ke o. Ke boŋ ele be míabu alesi míedi be amewo nawɔ nu ɖe mía ŋui la ŋu ahawɔ nu ɖe woamawo ŋu nenema. De dzesii hã be, Yesu ƒe nyawo meku ɖe mía xɔlɔ̃wo kple mía nɔviwo ɖeɖeko ŋu o. Ezã nya si nye “amewo,” ɖewohĩ ezã nya ma tsɔ ɖee fia be ele be míawɔ nu ɖe amewo katã, ame ɖesiaɖe si míado goe, ŋu nyuie.

21. Ne míeɖea lɔlɔ̃ fiana amewo la, nukae nye ema ɖem fia míele?

21 Mía havi lɔlɔ̃ awɔe be míaƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nya, si woŋlɔ ɖi bena: ‘Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o’; eye ne se bubu aɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: ‘Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!’ Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe amehavi ŋuti o.” (Romatɔwo 13:9, 10) Lɔlɔ̃ aʋã mí be míadi mɔ siwo dzi míato awɔ nyui na amewo. To mía havi amegbetɔwo lɔlɔ̃ me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa Mawu, amesi wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu.—Mose I, 1:26.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Amekawoe wòle be míaɖe lɔlɔ̃ afia, eye nukatae?

• Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia amesiwo mesubɔa Yehowa o?

• Aleke Biblia ɖɔ lɔlɔ̃ si anɔ mía si na mía nɔviwo?

• Nukae wòfia be míalɔ̃ mía havi abe mía ŋutɔ ɖokui ene?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

“Amekae nye hanyevi?”

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Yesu lɔ̃ ame ɖekaɖekawo hã