Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yesaya ƒe Agbalẽa Me—Akpa I

Nya Vevi Siwo Tso Yesaya ƒe Agbalẽa Me—Akpa I

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yesaya ƒe Agbalẽa Me—Akpa I

“AMEKA madɔ, eye ameka ayi na mí?” Yesaya, Amoz vi la, ɖo Yehowa Mawu ƒe amekpekpe sia ŋu be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 1:1; 6:8) Ale wɔ, wode dɔ asi nɛ be wòanye nyagblɔɖila. Woŋlɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖidɔwo ŋuti nyawo ɖe Biblia-gbalẽ si tɔ eƒe ŋkɔ la me.

Yesaya ƒe agbalẽ si nyagblɔɖilaa ŋutɔ ŋlɔ la, ƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo lɔ ƒe 46, siwo dze egɔme tso ƒe 778 D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 732 D.M.Ŋ. megbe lɔƒo ɖe eme ŋu. Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃gbedasi siwo ku ɖe Yuda, Israel, kple dukɔ siwo ƒo xlã wo ŋue le agbalẽa me hã la, menye ʋɔnudɔdrɔ̃e nye nyati vevi si ŋu wòƒo nu tsoe o. Ke boŋ, ‘Yehowa Mawu ƒe xɔname’ koŋ ŋue wòƒo nu tsoe. (Yesaya 25:9) Le nyateƒe me la, ŋkɔ Yesaya ŋutɔ gɔmee nye “Yehowa ƒe xɔname.” Nyati sia adzro nya vevi siwo tso Yesaya 1:1 vaseɖe 35:10 me la me.

‘AME SUSƆE ƲƐ AÐEWO ATRƆ AGBƆ’

(Yesaya 1:1–12:6)

Biblia megblɔ nenye be woɖo Yesaya nyagblɔɖilae hafi wògblɔ nyagblɔɖigbedasi siwo dze le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta atɔ̃ gbãtɔwo me loo, alo le gbedasi siawo gbɔgblɔ vɔ megbee o. (Yesaya 6:6-9) Gake edze kɔte be Yuda kple Yerusalem dze dɔ le gbɔgbɔ me “tso afɔƒome vaseɖe dzodome.” (Yesaya 1:6) Trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖi eteƒe mekɔ o. Kplɔlawo nye nufitifitiwɔlawo. Nyɔnuwo zu dadalawo. Amewo megasubɔa Mawu vavã la le mɔ si dzea eŋu nu o. Wodɔ Yesaya be wòayi aɖaƒo nu na amesiwo mesea nu gɔme loo, alo dina be yewoase nu gɔme o la enuenu.

Israel kple Siria ƒe aʋakɔ wɔɖeka ƒe tameɖoɖo be yewoadze Yuda dzi do ŋɔdzi na Yuda. Yehowa zã Yesaya kple viawo abe “dzesi kple kpɔɖeŋu” ene tsɔ na kakaɖedzi Yuda be, Siria kple Israel ƒe nugbeɖoɖoa madze edzi o. (Yesaya 8:18) Ke hã, “ŋutifafafia” la dzi koe ŋutifafa, si nuwuwu manɔe na o la, ato ava. (Yesaya 9:5, 6) Yehowa abia akɔnta tso Asiria, si wòzã abe eƒe “dziku ƒe ati” ene la hã si. Yuda ava yi aboyo me mlɔeba, gake ‘ame susɔe ʋɛ aɖewo atrɔ agbɔ.’ (Yesaya 10:5, 21, 22) Dzɔdzɔenyenye vavã axɔ aƒe ɖi ŋutɔŋutɔ le kpɔɖeŋu ƒe “atilɔ [si] amie tso Isai ƒe atitakpo me” la ƒe dziɖuɖu te.—Yesaya 11:1.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:8, 9—Aleke Zion-nyɔnuvi “tsi anyi abe agbadɔ le weingble me, abe mlɔƒe le adzamatregble me . . . ene”? Esia fia be, ne Asiriatɔwo va dze Yerusalem dzi la, dua adze abe ɖe wɔna aɖeke mele eŋu o ene, abe agbadɔ dzro aɖe le weingble me ene, alo abe mlɔƒe [agbadɔxɔe] aɖe si le adzamatregble me, si woate ŋu atutu ƒu anyi bɔbɔe ene. Gake Yehowa va xɔ nɛ, ale wɔ meɖe mɔ wòzu abe Sodom kple Gomora ene o.

1:18—Nukae nyagbɔgblɔ si nye, “Miva mídrɔ̃ ʋɔnu!” alo, “Azɔ, miva, ne míadzra mía dome ɖo,” (NW) la fia? Esia menye amekpekpe be woadzaka nya akpɔ le ame nɔewo dome ahalɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi o. Ke boŋ kpukpui sia le nu ƒom tso amekpekpe va ʋɔnudrɔ̃ƒe, afisi Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la le mɔnukpɔkpɔ nam Israel-viwo be woatrɔ dzime ahakɔ wo ɖokui ŋu le.

6:8a—Nukatae wozã ŋkɔteƒenɔnya “ma” [(si nye ame ɖekatɔ,) si le nya “madɔ” me ] kple “mí” (si nye gbɔsɔsɔfiatɔ) le mawunyakpukpui sia me ɖo? Ŋkɔteƒenɔnya “ma” le tsitre ɖi na Yehowa Mawu. Ŋkɔteƒenɔnya “mí” fia be ame bubu aɖe li kpe ɖe Yehowa ŋu. Ðikeke mele eme o be, ame mae nye eƒe “Tenuvi” la.—Yohanes 1:14; 3:16.

6:11—Nukae Yesaya wɔnɛ esime wòbia be: “Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie?” Menye ɖe Yesaya nɔ biabiam be ɣeyiɣi didi kae yeayi edzi anɔ Yehowa ƒe gbedasi gblɔm na dukɔ sẽdzime la mahã o. Ke boŋ ɖe wòdi be yeanya ɣeyiɣi didi si dukɔ sia si dze dɔ le gbɔgbɔ me la, ayi edzi anɔ vlodoame hem va Mawu ƒe ŋkɔa dzii.

7:3, 4—Nukatae Yehowa gblɔ be yeaxɔ na Fia vɔ̃ɖi Axaz ɖo? Siria kple Israel-fiawo ɖo nugbe be yewoaɖe Yuda-fia Axaz le zi dzi ahatsɔ Tabeal vi, dziɖula si anɔ wo te, aɖo eteƒe, amesi metso Dawid ƒe dzidzimea me o. Anye ne Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃ sia agblẽ Fiaɖuƒenubabla si Yehowa wɔ kple Dawid la dome. Eyata Yehowa ɖoe be yeaxɔ na Axaz ale be yeakpɔ dzidzime si me “ŋutifafafia” la ado atso la ta.—Yesaya 9:5.

7:8—Aleke “wogbã Efrayim gudugudu” le ƒe 65 mee? Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea me tɔwo kpɔkplɔ yi aboyo me kpakple dukɔ bubu me tɔwo kpɔkplɔ va kɔ ɖe woƒe anyigba dzi dze egɔme “le Israel-fia Pekax ŋɔli,” le Yesaya ƒe nya sia gbɔgblɔ ɖi vɔ megbe teti. (Fiawo II, 15:29) Esia yi edzi ʋuu va ɖo Asiria-fia Asar-Xadon, si nye Sanxerib vi, si va xɔ ɖe eteƒe ƒe dziɖuɣi ke. (Fiawo II, 17:6; Ezra 4:1, 2; Yesaya 37:37, 38) Ɣeyiɣi si Asiriatɔwo kplɔ amewo dzo le Samaria hekplɔ dukɔ bubu me tɔwo va Samaria ƒe didime anya de ƒe 65 si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 7:8.

11:1, 10—Aleke Yesu Kristo ate ŋu anye “atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me” aganye “dzedze atso eƒe ke me”? (Romatɔwo 15:12) Yesu dzɔ “tso Isai ƒe atitakpo me” le dzidzime gome. Enye Isai ƒe dzidzimevi dzɔ tso Isai vi, Dawid, ƒe ƒomea me. (Mateo 1:1-6; Luka 3:23-32) Gake Yesu ƒe fiaɖuƒeŋusẽxɔxɔ kpɔ ŋusẽ ɖe eya kple tɔgbuiawo dome ƒomedodo dzi. Esi wona ŋusẽ kple dziɖuŋusẽ Yesu be wòana agbe mavɔ ameƒomea me tɔ toɖolawo le anyigba dzi ta la, eva zu “fofo mavɔ” na wo. (Yesaya 9:5) Eyata le mɔ sia nu la, enye tɔgbuiawo, siwo dome Isai hã le, ƒe “ke.”

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:3. Be míagbe wɔwɔ ɖe mía Wɔla ƒe nudidiwo dzi le ko abe ɖe tedzi alo nyi nya nu wu mí ene. Le go bubu me la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã Yehowa wɔna na mí ŋu ana míaƒo asa na nuwɔwɔ numanyamanyatɔe kple Yehowa gbegblẽɖi.

1:11-13. Subɔsubɔ me alakpakɔnuwo kple gbe siwo wodona ɖa le kɔnu dzro aɖe ko nu la tia kɔ na Yehowa. Ele be míaƒe nuwɔnawo kple gbedodoɖawo natso dzi dzadzɛ me.

1:25-27; 2:2; 4:2, 3. Yudatɔwo ƒe kluvimenɔnɔ kple Yuda-dua ŋutɔ ƒe aƒedozuzu awu enu ne ame susɔe siwo trɔ dzime la trɔ gbɔ va Yerusalem hegbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi. Yehowa kpɔa nublanui na nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo.

2:2-4. Míaƒe gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzonɔamemetɔe kpena ɖe ame ɖekaɖekawo, siwo tso dukɔ ɖesiaɖe me ŋu be woasrɔ̃ ŋutifafamɔwo, eye woati ŋutifafa yome le wo nɔewo dome.

4:4. Yehowa aɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnuwɔna kple ʋufɔɖiɖi ɖa alo aklɔe ɖa keŋkeŋ.

5:11-13. Ðokuidzimaɖumaɖu kple ŋumaɖɔmaɖɔɖo le modzakaɖenuwo tiatia me nye eɖoɖo koŋ agbe nusi me nunya le la wɔwɔ.—Romatɔwo 13:13.

5:21-23. Ele be Kristotɔ hamemetsitsiwo, alo dzikpɔlawo, naƒo asa na wo ɖokui bubu “nunyalawoe . . . le woawo ŋutɔwo ŋku me.” Ehiã hã be woaɖɔ ŋu ɖo le “weinnono me,” eye woatsri amedzidede.

11:3a. Yesu ƒe kpɔɖeŋu kple eƒe nufiafiawo ɖee fia be Yehowa-vɔvɔ̃ hea dzidzɔ vɛ.

“YEHOWA AVE YAKOB NU”

(Yesaya 13:1–35:10)

Ʋɔnudrɔ̃gbedasi siwo ku ɖe dukɔwo ŋue le ta 13 vaseɖe 23 me. Gake Yehowa “ave Yakob nu” to nana be Israel ƒe toawo katã nagbugbɔ ayi wo de me. (Yesaya 14:1) Gbedasi siwo ku ɖe Yuda ƒe aƒedozuzu ŋue le ta 24 vaseɖe 27 me, eye gbugbɔɖoanyi ƒe ŋugbedodo aɖe kpe ɖe eŋu. Yehowa do dziku ɖe “Efrayim-hamulawo [alo Israel]” ŋu le esi wowɔ nubabla kple Siria ta, eye edo dziku ɖe Yuda ƒe ‘nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo’ ŋu, le alesi wodi be yewoabla nu kple Asiria ta. (Yesaya 28:1, 7) Wodo baba na “Ariel [alo Yerusalem],” le esi ‘wòdi be yeasi ayi Egipte’ ta. (Yesaya 29:1, NW etenuŋɔŋlɔ; 30:1, 2) Ke hã, wodo xɔxɔ ŋugbe na ame ɖekaɖeka siwo ayi edzi axɔ Yehowa dzi ase.

Abe alesi ‘dzata nɔa gbe tem ɖe nuléle ŋu’ ene la, nenemae Yehowa akpɔ “Zion-to la” tae. (Yesaya 31:4) Wodo ŋugbe hã be: “Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu.” (Yesaya 32:1) Esime Asiria ƒe ŋɔdzidodo na Yuda wɔe be “du nyui xɔlawo” ŋutɔ gɔ̃ hã nɔ avi fam hehehe la, Yehowa do ŋugbe be yeada gbe le yeƒe dukɔa ŋu, eye ‘woatsɔ woƒe vodadawo ake wo.’ (Yesaya 33:7, 22-24) “Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu kple dziku ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu.” (Yesaya 34:2) Yuda manye aƒedo ɖaa o. “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

13:17—Mɔ ka nue Mediatɔwo mebua klosalo ɖe naneke me o, eye womekpɔa dzidzɔ ɖe sika ŋu le o? Mediatɔwo kple Persiatɔwo bua bubu si tsoa aʋadziɖuɖu me nu xɔasii wu aboyonuwo. Esia nye nyateƒe le Kores, amesi tsɔ klosalo kple sikanu siwo Nebukadnezar ha tso Yehowa ƒe gbedoxɔ me na aboyome siwo trɔ gbɔ va wo de la, gome.

14:1, 2—Aleke Yehowa ƒe amewo ‘lé amesiwo ɖe aboyo wo la, eye woɖu amegã ɖe woƒe ŋutasẽlawo dzi’? Esia va eme le ame ɖekaɖekawo gome. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye Daniel, amesi nɔ ɖoƒe kɔkɔ aɖe le Babilon, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe dziɖuɖu te; Ester si va zu Persia-fianyɔnu; kple Mardoxai si woɖo dudɔnunɔla gbãtɔ le Persia-fiaɖuƒea me.

20:2-5—Ðe Yesaya ɖe ama ŋutɔŋutɔ henɔ tsatsam ƒe etɔ̃ sɔŋ nyateƒea? Anɔ eme be eƒe awudziwuia koe wòɖe da ɖi, eye wònɔ ‘awutewui falɛfalɛ’ me henɔ tsatsam.—Samuel I, 19:24, NW etenuŋɔŋlɔ.

21:1—Teƒe kae woyɔna be “atsiaƒutagba”? Togbɔ be Babilon mete ɖe atsiaƒua ŋutɔŋutɔ ŋu o hã la, woyɔnɛ nenema. Ele alea, elabena ƒe sia ƒe la, Frat kple Tigris-tɔsisiawo ƒe ɖɔɖɔ wɔnɛ be nutoa katã tsia tsi me, eye esia wɔnɛ be teƒea zua ba gbanaa abe “atsiaƒu” ene.

24:13-16—Aleke Yudatɔwo va zu “abe alesi wogbea amititsetse kple . . . [abe] ne weinxaxa nu va yi ene”? Abe alesi ko atikutsetse ʋɛ aɖewo tsia ati dzi alo wein tsia anyi le nukuxaxa megbe ene la, ame ʋɛ aɖewo koe atsi agbe le Yerusalem kple Yuda tsɔtsrɔ̃ me. Afika kee woɖakplɔ agbetsilawo yii o, eɖanye “ɣedzeƒe [le Babilon ƒe ɣedzeƒe]” loo, alo le “[Mediterranea] ƒukpowo” dzi o, woakafu Yehowa.

24:21—Amekawoe nye “dziƒoʋakɔwo” kple “anyigba dzi fiawo”? “Dziƒoʋakɔwo” ate ŋu afia gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo. Ekema “anyigba dzi fiawo” hã nye anyigba dzi dziɖula, siwo dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔ ŋusẽ ɖo.—Yohanes I, 5:19.

25:7—Nukae nye “avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi”? Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea he míaƒe susu yi ameƒomea ƒe futɔ gãtɔ eve dzi—woawoe nye nuvɔ̃ kple ku.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

13:20-22; 14:22, 23; 21:1-9. Yehowa ƒe nyagblɔɖinyawo vana eme ɣesiaɣi, abe alesi wònɔ le Babilon gome ene.

17:7, 8. Togbɔ be Israel-viwo dometɔ akpa gãtɔ meɖo to o hã la, ame ɖekaɖeka aɖewo kpɔ mɔ na Yehowa. Nenema kee Kristodukɔa me tɔ aɖewo hã ɖoa to Fiaɖuƒegbedasia.

28:1-6. Asiria atsrɔ̃ Israel, gake Mawu akpɔ egbɔ be nuteƒewɔla aɖewo natsi agbe. Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ menana mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame dzɔdzɔewo o.

28:23-29. Yehowa ɖɔa ame ɖekaɖeka, siwo ɖia anukware la ɖo le woƒe nuhiahiãwo kple nɔnɔme tɔxɛwo nu.

30:15. Be Yehowa ƒe xɔname naɖe vi na mí la, ele be míaɖe xɔse afia to “anyinɔnɔ kpoo,” alo to asaƒoƒo na xɔnamedidi to amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo dzi me. Ne míenɔa anyi le “ɖoɖoezizi” me, alo míevɔ̃na o la, ke míele eɖem fia hã be míeɖoa ŋu ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòakpɔ mía ta la ŋu.

30:20, 21. ‘Míekpɔa’ Yehowa alo ‘sea’ eƒe xɔname ƒe gbe, to wɔwɔ ɖe nusiwo wògblɔ le eƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la me dzi kple to wɔwɔ ɖe nusiwo wògblɔ to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi me.—Mateo 24:45.

Yesaya ƒe Nyagblɔɖia Nana Míekana Ðe Mawu ƒe Nyaa Dzi Geɖe Wu

Ðe mele be míada akpe ŋutɔ ɖe Mawu ƒe gbedasi si le Yesaya ƒe agbalẽa me ta oa? Nyagblɔɖi siwo va eme xoxo la doa ŋusẽ míaƒe kaka ɖe ‘nya siwo dona tso Yehowa nu la dzi be womagbugbɔ atrɔ yi egbɔ ƒuƒlu o.’—Yesaya 55:11.

Ke nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ŋuti, abe esiwo dze le Yesaya 9:6 kple 11:1-5, 10 ene ya ɖe? Ðe womedoa ŋusẽ mí be míaka ɖe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena mía xɔxɔ la dzi oa? Nyagblɔɖi bubuwo hã le agbalẽa me, siwo le eme vam le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ɣeyiɣia me, alo siwo ava eme kpuie. (Yesaya 2:2-4; 11:6-9; 25:6-8; 32:1, 2) Vavãe, Yesaya ƒe agbalẽa ganye kpeɖodzi bubu be, “Mawu ƒe Nya la le agbe”!—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Yesaya kple viawo nye “dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel”

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yerusalem azu abe “agbadɔ le weingble me ene”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Aleke wole kpekpem ɖe dukɔwo me tɔwo ŋu be “woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe”?