Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe alesi Yesu ƒo nu na dadaa le srɔ̃ɖeŋkekenyuiɖuƒe le Kana la fia be mede bubu eŋu o, alo be eda gbe ɖe egbɔa?—Yohanes 2:4.

Ɣeyiɣi kpui aɖe le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, wokpe eya kple eƒe nusrɔ̃lawo hena srɔ̃ɖeŋkekenyui aɖe ɖuɖu le Kana. Dadaa hã nɔ afima. Esi wein vɔ le wo si la, Maria gblɔ na Yesu be: “Wein mele wo si o.” Yesu ɖo eŋu na dadaa bena: “Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.”—Yohanes 2:1-4.

Egbea la, woabu ame dada yɔyɔ be “nyɔnu” kple gbɔgblɔ nɛ be “nya kae le mía kple wò dome?” be enye amemabumabu, alo kura gɔ̃ hã be enye amedzudzu. Gake be woabu susu sia ɖe Yesu ŋu la, anye dekɔnu kple gbegbɔgblɔ si ŋudɔ wowɔna ɣemaɣi la manyamanya. Alesi wozãa nya siawo le Biblia-ŋlɔɣiwo gɔmesese akpe ɖe mía ŋu míase nya siawo me.

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒo nu tso nya si nye “nyɔnu” zazã ŋu be: “Ne wozã nya sia na nyɔnu la, menye mokaname alo nudoɖeamegbɔe wònyena o, ke boŋ enyea vividoɖeameŋu alo bubudeameŋu.” (Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words) Numekuku bubuwo hã wɔ ɖeka kple numeɖeɖe sia. Le kpɔɖeŋu me, The Anchor Bible gblɔ be: “Esia menye mokaname, alo gbedaɖeamegbɔnya loo, alo amemalɔ̃malɔ̃ ƒe nya o . . . Nenemae Yesu yɔa nyɔnuwo bubutɔe.” Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe hã gblɔ be “wozãa [nya sia] tsɔ yɔa amee, eye bubumadeameŋu ƒe susu aɖeke menɔa eŋu o.” (The New International Dictionary of New Testament Theology) Nyagɔmeɖegbalẽ bubu aɖe si Gerhard Kittel ŋlɔ, gblɔ be nya sia zazã “mefia bubumadeameŋu alo gbɔɖiame kura o.” (Theological Dictionary of the New Testament) Eyata mele be míaƒo nya ta be Yesu mede bubu dadaa ŋu loo, alo be eka mo nɛ esi wòyɔe be “nyɔnu” o.—Mateo 15:28; Luka 13:12; Yohanes 4:21; 19:26; 20:13, 15.

Ke nyagbe si nye “nya kae le mía kple wò dome?” ya ɖe? Edze ƒã be esia nye Yudatɔwo ƒe nyagbɔgblɔ nyanyɛ aɖe si dze zi geɖe le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, esime Dawid nɔ nya gbem na Abisai be megawu Simei o la, egblɔ le Samuel II, 16:10 be: “Nya ka me mele kple mi Zeruya viwo? Nedo ɖiŋu faa! Elabena . . . Yehowae gblɔ nɛ be: do ɖiŋu na Dawid.” Nenema ke míexlẽ le Fiawo I, 17:18 be, esi ahosi si nɔ Zarpat kpɔ be ye viŋutsu ku la, egblɔ na Eliya be: “Mawu ƒe ame! Nya ka le mía kpli wò dome? Ðe nèva gbɔnye, be nàɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nàwu vinyea?”

Míate ŋu akpɔe dze sii le Biblia me kpɔɖeŋu siawo me be wozãa nyagbe “nya kae le mía kple wò dome?” enuenu tsɔ fiana susu aɖe si wodo ɖe ame gbɔ la gbegbe, alo tsɔ ɖea nukpɔsusu si to vovo gblɔna; ke menye ɖe wotsɔe doa vlo ame alo tsɔ ƒoa nu na ame dadatɔe o. Ke nukae míate ŋu agblɔ le nya siwo Yesu gblɔ na Maria ŋu?

Esi Maria gblɔ na Yesu be, “Wein mele wo si o” la, menye ɖeko wònɔ egblɔm na Yesu dzro ko o, ke boŋ edi be wòawɔ nane tso kuxia ŋu. Yesu zã nyagbɔgblɔ nyanyɛ sia tsɔ gbe susu si Maria do ɖe egbɔ aɖaŋutɔe la, eye nya siawo si Yesu gblɔ kpee be, “Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o” la, kpe ɖe mía ŋu míese susu si ta wòwɔ nu nenema la gɔme.

Tso esime Yesu xɔ nyɔnyrɔ, eye wosi ami nɛ le ƒe 29 M.Ŋ. la, enyae nyuie be enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu na ye abe Mesia si ŋugbe wodo la ene, be yeawɔ nuteƒe vaseɖe yeƒe ku me, eye woafɔ ye ɖe tsitre ahado ŋutikɔkɔ na ye. Egblɔ be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Esime Yesu ƒe kuɣi gogo la, egblɔe eme kɔ ƒãa be: “Gaƒoƒo la ɖo vɔ.” (Yohanes 12:1, 23; 13:1) Eyata Yesu gblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa, le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me be: “Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã nakɔ ŋutiwò.” (Yohanes 17:1) Mlɔeba, esi ameha la va Yesu lé ge le Getsemane la, enyɔ eƒe apostoloawo le alɔ̃ me hegblɔ na wo be: “Gaƒoƒo la ɖo vɔ! Kpɔ ɖa, woatsɔ Amegbetɔvi la ade nuvɔ̃wɔlawo si me.”—Marko 14:41.

Gake le srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe le Kana la, ɖeko Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme, abe Mesia la ene tetie nye ma, eye eƒe “gaƒoƒo” mekpɔ ɖo haɖe o. Eƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu le mɔ si wòɖo nu kple le ɣeyiɣi si wòɖo dzi, eye ame aɖeke mate ŋu ado kplamatse eƒe tameɖoɖo kplikpaa sia o. Esime Yesu gblɔ nya mawo na dadaa la, egblɔe moveviɖoɖotɔe, gake meda gbe ɖe egbɔ alo ka mo nɛ le mɔ aɖeke nu o. Eye le Maria hã gome la, nya la mete ɖe edzi o, eye mebui hã be ɖe ye viŋutsua dzu ye o. Le nyateƒe me, esi wònye be Maria se Yesu ƒe nyaawo gɔme ta la, egblɔ na amesiwo nɔ dɔ wɔm le srɔ̃ɖeƒea bena: “Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.” Le wo katã me la, Yesu medo toku dadaa ƒe nyawo o, ke boŋ ewɔ eƒe nukunu gbãtɔ abe Mesia ene—hetrɔ tsi wòzu wein nyui aɖe—tsɔ ɖe alesi wòda sɔ le Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu kple nusi ŋu dadaa tsi dzi ɖo la siaa wɔwɔ me fia.—Yohanes 2:5-11.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Yesu ƒo nu na dadaa le tufafa me, gake kple moveviɖoɖo