Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woɖe Kristo ƒe Futɔ la Ðe Go

Woɖe Kristo ƒe Futɔ la Ðe Go

Woɖe Kristo ƒe Futɔ la Ðe Go

NE ÈNYA be dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖi aɖe le nu gblẽm le miaƒe nutoa me la, aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta? Ðewohĩ àte kpɔ azã nusiwo ado ŋusẽ wò dɔlélenutsiŋutete, eye àɖe ɖokuiwò ɖa tso amesiwo ŋu dɔlélea le gbɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta godoo. Nusia kee wòle be míawɔ le gbɔgbɔ me gome. Ŋɔŋlɔawo na míenya be, Kristo ƒe futɔ la ‘le xexeame xoxo.’ (Yohanes I, 4:3) Ne míedi be míaƒo asa na dɔléle aɖe xɔxɔ la, ele be míanya amesiwo ŋu dɔa le ahaɖe mía ɖokui ɖe aga tso wo gbɔ. Dzidzɔtɔe la, Biblia na numekɔkɔ geɖe mí ku ɖe Kristo ƒe futɔ la ƒe nya, si me dzrom míele la ŋu.

Nya “Kristo ƒe futɔ la” fia “tsitretsitsi ɖe Kristo ŋu (alo aʋatso Kristo).” Eyata le gɔmesese gbadzaa nu la, nya sia ku ɖe amesiwo katã tsia tre ɖe Kristo ŋu, alo gblɔna alakpatɔe be, yewoe nye Kristo la alo eteƒenɔlawo la ŋu. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Amesi ke mele dzinye o la, eya tsi tre ɖe ŋunye [alo nye Kristo ƒe futɔ]; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, ekana hlẽna.”—Luka 11:23.

Le nyateƒe me la, apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso Kristo ƒe futɔ la ŋu ƒe 60 kple edzivɔwo le Yesu ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi yi dziƒo vɔ megbe. Eyata, ele be Kristo ƒe futɔ la ƒe dɔwɔnawo naku ɖe alesi woƒe nuwɔnawo gblẽa nu le Yesu yomedzela wɔnuteƒe, siwo le anyigba dzi ŋui la ŋuti.—Mateo 25:40, 45.

Kristo ƒe Futɔ la Tsia Tre Ðe Kristotɔwo Ŋu

Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be xexeame alé fu wo. Egblɔ be: “Woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti. Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo.”—Mateo 24:9, 11.

Esi wotiaa Kristo ƒe nusrɔ̃lawo yome le Yesu ƒe ‘ŋkɔa ŋuti’ ta la, edze ƒã be wo yometilawo nye Kristo ƒe futɔ, siwo tsi tre ɖe Kristo ŋu. “Aʋatsonyagblɔɖila” siwo dometɔ aɖewo nye Kristotɔwo tsã la hã nye Kristo ƒe futɔwo. (Yohanes II, 7) Yohanes ŋlɔ tso amesiawo ŋu be: ‘Kristo ƒe futɔ geɖewo do tso mía dome; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa.’—Yohanes I, 2:18, 19.

Yesu kple Yohanes siaa ƒe nyawo ɖee fia kɔte be, menye ame ɖekae Kristo ƒe futɔ la nye o, ke boŋ ame geɖewoe. Gawu la, esi wonye aʋatsonyagblɔɖilawo ta la, woƒe dɔwɔnu veviwo dometɔ ɖekae nye mawusubɔsubɔ me alakpanufiafia. Nukawoe nye ameblemɔnu siwo wozãna dometɔ aɖewo?

Wokakana Alakpanufiafiawo

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu eƒe dɔwɔhati Timoteo be wòakpɔ eɖokui dzi nyuie le xɔsegbelawo, siwo dometɔ aɖewoe nye Himenaio kple Fileto, amesiwo ƒe “[nyawo kekena] ɖe dzi abe abi vɔ̃ ene” la, ƒe nufiafiawo ŋuti. Paulo gblɔ kpee be: “Amesiwo dome Himenaio kple Fileto wole, amesiwo tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ hele gbɔgblɔm bena, tsitretsitsi va yi xoxo, eye wotrɔa ame aɖewo ƒe xɔse tsyɔa anyi.” (Timoteo II, 2:16-18) Edze abe ɖe Himenaio kple Fileto fia nu be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ la nye, eye be Kristotɔwo kpɔ tsitretsitsi xoxo le gbɔgbɔmegɔmesese nu ene. Enye nyateƒe be Yesu ƒe nusrɔ̃la zuzu nana be ame gbɔa agbe le Mawu ƒe nukpɔsusu nu, nusi ŋu Paulo ŋutɔ hã ƒo nu tsoe kɔte. (Efesotɔwo 2:1-5) Ke hã, Himenaio kple Fileto ƒe nufiafia ya mede bubu Yesu ƒe ŋugbedodo si nye be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la ŋu o.—Yohanes 5:28, 29.

Emegbe ƒuƒoƒo aɖe, si woyɔna be Gnostics, va do nukpɔsusu si nye be kpɔɖeŋunu dzaa aɖe koe tsitretsitsia nye la ɖe ŋgɔ. Esi woxɔe se be sidzedze (si nye gnoʹsis le Helagbe me) ate ŋu asu ame si to kadodo kple gbɔgbɔwo me ta la, Gnostic-awo tsɔ Kristotɔ xɔsegbelawo ƒe nufiafia kple Hela xexemenunya kpakple Ɣedzeƒetɔwo ƒe vivimenunya tsaka. Le kpɔɖeŋu me, wofiaa be, ŋutilãmenuwo katã nye nuvɔ̃, eye be le susu ma ta, Yesu meva le ŋutilã me o, ke boŋ ɖeko wòwɔ abe ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã nɔ esi ene. Abe alesi míekpɔe va yi ene la, nusia tututu ŋue apostolo Yohanes xlɔ̃ nu mí le.—Yohanes I, 4:2, 3; Yohanes II, 7.

Nu bubu si wogato vɛ le ƒe alafa aɖewo megbee nye nusi woyɔna be Trinita kɔkɔe alo Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia, si me wogblɔna le be, Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, eye eganye Mawu ƒe Vi hã. Ðɔkta Alvan Lamson gblɔ tso Trinitanufiafiaa ŋu le eƒe agbalẽ aɖe si ƒo nu tso alesi sɔlemehaa nɔ le ƒe alafa etɔ̃ gbãtɔwo me ŋu me be, “menye Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔwo mee wòdzɔ tso o; wodo susua ɖe ŋgɔ, eye woto Plato-nufiafia fialawo dzi tsɔe tra ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo me.” (The Church of the First Three Centuries) Amekawoe nye “Plato-nufiafia fiala” mawo? Woawoe nye nunɔla xɔsegbela siwo lɔ̃ ɖe trɔ̃subɔla Hela xexemenunyafiala Plato ƒe nufiafiawo dzi.

Trinitanufiafiaa xɔxɔ de eme nye Kristo ƒe futɔ la ƒe aɖaŋunuwɔna aɖe, si na wòkpɔ dzidzedze ŋutɔ, elabena nufiafia sia na wobua Mawu amlimanu aɖee, eye ena be amewo megadea vovo Mawu kple Via dome o. (Yohanes 14:28; 15:10; Kolosetɔwo 1:15) Bu eŋu kpɔ, aleke ame aɖe ate ŋu awɔ ‘ate ɖe Mawu ŋu’ abe alesi Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒoe ene, nenye be Mawu nye amlimanu aɖe?—Yakobo 4:8.

Nusi na nya la gatɔtɔ ɖe edzie nye be, Biblia gɔmeɖela geɖewo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa, ɖa le woƒe gɔmeɖeɖewo me, togbɔ be ŋkɔa dze wu zi gbɔ zi 7,000 le ŋɔŋlɔ gbãtɔa me gɔ̃ hã! Edze ƒã be, agbagbadzedze be woablu afɔ na amesi tututu Ŋusẽkatãtɔ la nye gɔmesese kple be woana wòazu amlimanu ŋkɔmanɔsitɔ aɖe la, nye bubumademade mía Wɔla kple eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ŋu si gbɔ eme. (Nyaɖeɖefia 22:18, 19) Gawu la, dzesideŋkɔ siwo nye Mawu kple Aƒetɔ tsɔtsɔ ɖɔli ŋkɔ Yehowa, nye nya si le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa si ƒe akpa aɖe gblɔ be, “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” la dzi mawɔmawɔ.Mateo 6:9.

Kristo ƒe Futɔwo Gbea Mawu ƒe Fiaɖuƒea

Kristo ƒe futɔwo le dɔ dzi fifia vevie ŋutɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Timoteo II, 3:1) Taɖodzinu vevi si le egbegbe ameblela siawo sie nye be, yewoana amewo nagase akpa si wɔm Yesu le, abe Mawu Fiaɖuƒe, si nye dziƒodziɖuɖu, si ava ɖu anyigba katã dzi kpuie ƒe Fia ene la gɔme o.—Daniel 7:13, 14; Nyaɖeɖefia 11:15.

Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔhakplɔla aɖewo fiaa nu be, Mawu Fiaɖuƒea nye nusi le amewo ƒe dzi me, si nye nukpɔsusu si ŋuti kpeɖodzi aɖeke mele le Ŋɔŋlɔawo me o. (Daniel 2:44) Bubuwo ya gblɔna be, Yesu le dɔ wɔm to amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple habɔbɔwo dzi. Ke hã, Yesu gblɔ be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o.” (Yohanes 18:36) Nyateƒee, Satanae nye “xexeamefia” kple “xexe sia me mawu,” ke menye Yesu ye o. (Yohanes 14:30; Korintotɔwo II, 4:4) Esia tae eteƒe madidi o Yesu aɖe amegbetɔdziɖuɖuwo katã ɖa, eye eya ɖeka ko anye xexeame katã Dziɖula. (Psalmo 2:2, 6-9; Nyaɖeɖefia 19:11-21) Amewo doa gbe ɖa be esia nava eme ne wole Aƒetɔ ƒe gbedodoɖaa gblɔm, to gbɔgblɔ be, “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” me.—Mateo 6:10.

Esi subɔsubɔhakplɔlawo dea xexeame ƒe dunyahenuɖoanyiawo dzi ta la, wo dometɔ geɖe tsia tre ɖe amesiwo ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea la ŋu, eye wotia wo yome kura gɔ̃ hã. Eyata esɔ nyuie be Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso kpɔɖeŋugbolo“Babilon Gã la”—si “mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu” ŋuti. (Nyaɖeɖefia 17:4-6) Ewɔ gbɔgbɔmehasi hã, to alɔdodo anyigba dzi “fiawo,” alo dunyahedziɖulawo me, eye wòxɔa kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ ɖe eteƒe. Kpɔɖeŋunyɔnu sia menye nu bubu aɖeke tsɔ wu xexeame ƒe alakpasubɔsubɔhawo ƒe ƒuƒoƒo o. Nyɔnu sia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe akpa vevi aɖe.—Nyaɖeɖefia 18:2, 3; Yakobo 4:4.

Kristo ƒe Futɔ la Gblɔa Nya Siwo ‘Lũa Tome’ na Amewo

Hekpe ɖe yeaɖikristotɔ mawo ƒe nugbegbe le Biblia me nyateƒea gbɔ ŋuti la, wo dometɔ geɖe ɖe asi le Biblia ƒe agbenyuinɔnɔdzidzenuwo ŋu hetrɔ ɖe alesi ame akpa gãtɔ nɔa agbee ŋu. Wogblɔ nusiawo katã ɖi le Mawu ƒe Nya me be: “Ɣeyiɣi le vava ge, esime [amesiwo gblɔna be mawusubɔlawo yewonye maxɔ] nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.” (Timoteo II, 4:3) Azɔ hã, woyɔ mawusubɔsubɔ me nufitifitiwɔla siawo be, “aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui wɔa Kristo ƒe apostolowo.” Biblia yi edzi gblɔ be: “Amesiawo ƒe nuwuwu anɔ ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu.”—Korintotɔwo II, 11:13-15.

Woƒe dɔwɔwɔawo dometɔ aɖee nye “hadzenuwɔwɔwo,” si nye bubumademade dzidzenu kɔkɔwo ŋu ŋumakpemakpetɔe. (Petro II, 2:1-3, 12-14) Ðe míekpɔnɛ egbea be subɔsubɔhakplɔlawo kple wo yomedzela gbogbo aɖewo va le agbe, siwo medze Kristotɔwo o—siwo dometɔ aɖewoe nye ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, kple ahasiwɔwɔ—nɔm alo va le asi dam ɖe wo dzi oa? Tɔ sẽ nàtsɔ nukpɔsusu kple agbenɔnɔ siawo, siwo bɔ la sɔ kple nya si dze le mawunyakpukpui siawo me kpɔ: Mose III, 18:22; Romatɔwo 1:26, 27; Korintotɔwo I, 6:9, 10; Hebritɔwo 13:4; Yuda 7.

“Mido Nya Siwo Tso Gbɔgbɔawo Gbɔ la Kpɔ”

Le nya siwo míegblɔ va yi ta la, ele be míawɔ ɖe apostolo Yohanes ƒe nya si wògblɔ be, míagabu míaƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu tsɛ o la dzi. Exlɔ̃ nu bena: “Migaxɔ nya sia nya si tso gbɔgbɔ aɖe gbɔ la dzi se o, ke boŋ mido nya siwo tso gbɔgbɔawo gbɔ la kpɔ, be Mawu gbɔe wotso hã, elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖe do go yi xexea me.”—Yohanes I, 4:1, NW.

Bu ‘Beroiatɔ ɖɔʋu’ aɖewo, siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe kpɔɖeŋu ŋuti kpɔ. “Woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo [siwo Paulo kple Sila gblɔ la] le eme hã.” (Dɔwɔwɔwo 17:10, 11) Nyateƒee, togbɔ be Beroiatɔwo di vevie be yewoasrɔ̃ nu hã la, wokpɔ egbɔ be nya siwo yewose hexɔ de eme la, nye esiwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi bliboe.

Nenema ke egbea hã, Kristotɔ vavãwo meɖea mɔ xexeame ƒe nɔnɔme siwo nɔa tɔtrɔm kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke boŋ woléa Biblia me nyateƒea me ɖe asi sesĩe. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze vavãtɔ kple dzimenusese katã me.’—Filipitɔwo 1:9.

Ne mele nenema le gowòme haɖe o la, ke ɖoe wò taɖodzinu be ‘sidzedze vavãtɔ kple dzimenusese katã’ nasu asiwò to nusi tututu Biblia fia sɔsrɔ̃ me. Kristo ƒe futɔwo ƒe “nyakpakpawo” meflua amesiwo srɔ̃a Beroiatɔwo ƒe kpɔɖeŋua o. (Petro II, 2:3) Ðe esia teƒe la, Kristo ŋutɔŋutɔ kple eyomedzela vavãwo ŋuti nyateƒe si tso gbɔgbɔ me wɔa wo ablɔɖeviwoe.—Yohanes 8:32, 36.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

NUSI BIBLIA GBLƆ TSO KRISTO ƑE FUTƆ LA ŊU

“Viwo, ɣeyiɣi mamlɛtɔe [edze ƒã be apostolowo ƒe ɣeyiɣia ƒe nuwuwue], eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ.”—Yohanes I, 2:18.

“Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la eyae nye Kristo ƒe futɔ la.”—Yohanes I, 2:22.

“Nya sia nya si tso gbɔgbɔ aɖe gbɔ, si meʋua Yesu me o la metso Mawu gbɔ o. Gawu la, esiae nye nya si tso Kristo ƒe futɔ la gbɔ, si ŋkɔ miese be egbɔna, eye azɔ la, ele xexea me xoxo.” —Yohanes I, 4:3, NW.

“Ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.”—Yohanes II, 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

AMEBLELA SI ÐEA EÐOKUI FIANA LE MƆ VOVOVO NU

Wozãa nya “Kristo ƒe futɔ” na amesiame si melɔ̃na ɖe nusi Biblia gblɔ tso Yesu Kristo ŋu dzi o la, wozãnɛ hã na amesiame si tsia tre ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu, kple na amesiame si mewɔa nu ɖe Yesu yomedzelawo ŋu nyuie o. Esia lɔ ame ɖekaɖekawo, habɔbɔwo, kple dukɔ siwo gblɔna alakpatɔe be, yewonye Kristo-teƒenɔlawo, alo wo dometɔ siwo katã gblɔna madzemadzee be, yewole nusi Mesia ava wɔ la wɔm, to ŋugbedodo dadatɔe be yewoawɔ nusi Kristo ɖeka ko ate ŋu awɔ—si nye ŋutifafa kple dedienɔnɔ hehe vɛ la—ɖe eme.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Augustine: ©SuperStock/age fotostock

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ele be ‘míadzro Ŋɔŋlɔawo me gbesiagbe’ abe alesi Beroiatɔwo wɔe ene