Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Dzidzi​—Alesi Wòhea Ŋutifafa Vanae

Yesu Dzidzi​—Alesi Wòhea Ŋutifafa Vanae

Yesu Dzidzi​—Alesi Wòhea Ŋutifafa Vanae

MENYE ‘ŋutifafa si anɔ dɔmenyowɔlawo dome’ koe nye nya si wogblɔ ɖi ku ɖe Yesu dzidzi ŋu o. Tsɔ kpe ɖe nya siwo mawudɔlawo gblɔ na alẽkplɔla siwo ƒe nu ku ŋu la, dziƒodɔlawo gblɔ Mawu ƒe gbedasi na Maria kple srɔ̃a, Yosef, ku ɖe Yesu si wodzi la ŋu. Ŋugbledede le gbedasi siawo ŋu ana míase Yesu dzidzi ŋuti nya kple ŋutifafa ƒe ŋugbe si mawudɔlawo do be anɔ amewo dome la gɔme nyuie wu.

Do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, mawudɔla aɖe si ŋkɔ Biblia yɔ be Gabriel la, va srã Maria kpɔ hafi wòfɔ fua gɔ̃ hã. Mawudɔla la do gbe na Maria ale: “Medo gbe na wò, wò amesi nu wove! Aƒetɔ la li kpli wò.” Abe alesi nàsusui ene la, gbedoname sia na Maria wɔ yaa, hevɔ̃ vie gɔ̃ hã. Nukae gbedoname sia afia?

Gabriel ɖe eme nɛ be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” Maria biae be, esi yenye ɖetugbi leaƒe si medɔ kple ŋutsu kpɔ o ɖe, aleke esia awɔ ava eme? Gabriel ɖo eŋu nɛ be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae ana wòafɔ fua. Ðevi sia ato vovo na ɖevi bubuawo katã.—Luka 1:28-35.

Fia Aɖe si Ƒe Nya Wogblɔ Ði

Gabriel ƒe nya siawo anya kpe ɖe Maria ŋu wòdze sii be vi si dzi ge yeala la ŋue nya siwo wogblɔ ɖi le blema la ku ɖo. Esese be Yehowa atsɔ “Dawid ƒe fiazikpui la” na vi si yeava dzi la ana eya ŋutɔ—kple Yuda-vi siwo nya Ŋɔŋlɔawo nyuie—nade ŋugble tso ŋugbe si Mawu do na Israel Fia David la ŋu.

Yehowa to nyagblɔɖila Natan dzi gblɔ na Dawid be: “Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.” (Samuel II, 7:4, 16) Yehowa gblɔ tso Dawid ŋu be: “Mana eƒe ƒome nanɔ anyi tegbetegbe kple eƒe fiazikpui abe dziƒo ƒe ŋkekewo ene. Eƒe ƒome anɔ anyi tegbee kple eƒe fiazikpui abe ɣe ene le ŋkunye me.” (Psalmo 89:21, 30, 36, 37) Eyata menye nudogoɖenunue wònye be Maria kple Yosef siaa tso Dawid ƒe ƒomea me o.

Menye esiawo koe nye Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi siwo ku ɖe vi si woava dzi tso Dawid ƒe fiaƒomea me ŋu o. Maria anya nya nya si Yesaya gblɔ ɖi la nyuie be: “Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.”—Yesaya 9:5, 6.

Ekema gɔmesese si le nya si Gabriel gblɔ na Maria ŋu la de ŋgɔ wu vi si wòava dzi nukutɔe la ko. Viae anye amesi ava nyi Fia Dawid ƒe fiazikpuia dome—amesi anyi Fiaɖuƒe si Mawu ŋutɔ ɖo anyi la dome yi ɖe mavɔmavɔ me. Gɔmesese vevi aɖe le nya siwo Gabriel gblɔ ɖi, ku ɖe ɖoƒe si Yesu ava nɔ le etsɔme ŋu, la ŋu na mí katã.

Esi Yosef de dzesii be Maria si yele srɔ̃ɖeŋugbedodo me kplii la fɔ fu la, eɖoe be yeate fli ɖe ŋugbedodoa me. Enyae be menye yee do fuae o elabena woa kplii medɔ kpɔ gbeɖe o. Wò ya tsɔ susu kpɔ alesi wòasesẽe na Yosef be wòaxɔ numeɖeɖe si Maria anae ku ɖe fu si le eƒo ŋu la ɖa. Nyanyuia ka nya ta be: “Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖe eɖokui [fia Yosef] le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena; Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.”—Mateo 1:20, 21.

Ne Yosef ɖase alesi ɖevia ‘aɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me’ gɔme tututu loo alo meɖase egɔme o, Biblia megblɔe o. Ke hã, gbedasi sia na Yosef ka ɖe edzi be menye agbe gbegblẽ nɔnɔ aɖekee he fua vɛ o. Ewɔ ɖe mawudɔlaa ƒe nya dzi eye wòkplɔ Maria va eɖokui gbɔe, si sɔ kple srɔ̃kpekpe ɣemaɣi.

Numeɖeɖe siwo le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuwo hã kpe ɖe mía ŋu míese nya si mawudɔla la gblɔ la gɔme. Le amegbetɔ wɔwɔ megbe teti la, mawudɔla dzeaglã aɖe tɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye. Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be aglãdzela sia te tɔ ɖe edzi be Mawu mele eƒe nuwɔwɔwo dzi ɖum le mɔ dzɔdzɔe nu o eye be ame aɖeke mayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne wotee kpɔ o, kple bubuawo. (Mose I, 3:2-5; Hiob 1:6-12) Adam koŋue mewɔ nuteƒea o. Eƒe nuvɔ̃a wɔe be amegbetɔwo katã va nyi nuvɔ̃ ƒe dome, eye ku hã do tso nuvɔ̃ ma me. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Gake womedzi Yesu ya nuvɔ̃mee o, elabena menye ŋutsu aɖekee do eƒe fu o. Esi Yesu lɔ̃ faa tsɔ amegbetɔ deblibo ƒe agbe si nɔ esi la na tsɔ xe tafe si sɔ pɛpɛpɛ kple esi Adam bu ta la, ete ŋu ɖe ameƒomea tso woƒe nuvɔ̃wo me hetsɔ agbe mavɔ si woate ŋu ava nɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖo wo ŋkume.—Timoteo I, 2:3-6; Tito 3:6, 7; Yohanes I, 2:25.

Esi Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, ewɔ nusi nuvɔ̃ me tsonuwo ɖeɖeɖa fia la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖewo. Eda dɔ ƒomevi ɖesiaɖe na amewo eye wògbɔ agbe ame kukuwo gɔ̃ hã. (Mateo 4:23; Yohanes 11:1-44) Nukunu mawo nye nusiwo wòava wɔ le etsɔme la ƒe kpɔɖeŋuwo ko. Yesu ŋutɔ gblɔ be: ‘Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase nye gbe; eye woado go.’—Yohanes 5:28, 29.

Tsitretsitsi si le ŋgɔ gbɔna ƒe ŋugbedodo sia ɖe nusitae Yesu dzidzi—kple vevietɔ wu la, eƒe kua—ŋuti nya la le vevie na mí ŋutɔ ɖo la me. Yohanes 3:17 gblɔ be ɖee Mawu dɔ Via ɖe xexeame “be woaɖe xexeame to eyama dzi.” Nya nyui sia gakplɔ mí va nya si wogblɔ na alẽkplɔla siwo nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã si me wodzi Yesu la dzi.

“Dzidzɔ Gã Ŋutinya”

Esi mawudɔlawo ƒo nu tso “xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la” dzidzi ŋu la, enye “dzidzɔ gã ŋutinya” na ameƒomea vavã. (Luka 2:10, 11) Ðevi siae anye Mesia la, Nyagblɔɖila kple Dziɖula gã si Mawu ƒe amewo nɔ mɔ kpɔm na tso gbaɖegbe ke la. (Mose V, 18:18; Mixa 5:1) Eƒe anyigba dzi gbenɔnɔ kple eƒe ku awɔ akpa vevi aɖe ŋutɔ le Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli me, si wɔe be mawudɔlawo te ŋu gblɔ be: “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo.”—Luka 2:14.

Yesu, amesi Biblia la yɔ be “Adam mamlɛtɔ la,” ɖee fia be ame ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. (Korintotɔwo I, 15:45) Eto esia dzi ɖo kpe edzi be aʋatsokala vɔ̃ɖie Satana nye. Esia tae mawudɔla wɔnuteƒewo gli kple dzidzɔ le dziƒo ɖo.

Gake mina míatrɔ yi ɖe nyabiase si nye, “Ðe mɔkpɔkpɔ vavã aɖe li be nya siwo mawudɔlawo gblɔ le zã si me wodzi Yesu la ava emea?” la gbɔ. Ŋuɖoɖoae nye ẽ! Ŋutifafa nye nɔnɔme vevi aɖe si hiã bene Mawu ƒe tameɖoɖowo na anyigba, si ƒe ɖee nye be woagawɔ anyigba wòazu paradiso, la nava eme. Ne esia va xɔ anyigba bliboa dzi la, amewo katã alɔ̃ wo nɔewo ahawɔ nuteƒe na Mawu. Eyata Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava fia hã be woaɖe nusianu si tsi tre ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu la ɖa. Esia menye nyanyui aɖeke na amesiwo katã le Satana ƒe akpa dzi hele tɔ tem ɖe edzi be Yehowa ƒe dzidzenuwo menyo o la o. Anye tsɔtsrɔ̃ na wo.—Psalmo 37:11; Lododowo 2:21, 22.

Taflatse de dzesii be mawudɔlawo megblɔ na alẽkplɔlawo be amewo katãe woana ŋutifafa eye woakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Ke boŋ nya si wogblɔe nye ‘ŋutifafa na amegbetɔ siwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.’ Esia fia amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo eye wònyo dɔme na. Amesiwo xɔa Yehowa dzi sena tso dzi blibo me la va zua Yesu srɔ̃la kple eyomedzela wɔnuteƒewo. Ŋutsu kple nyɔnu siawo lɔ̃na faa nyoa dɔme hesea nu gɔme na amewo, menye le ŋkeke ʋɛ aɖewo me le ƒea me o, ke boŋ gbesiagbe.

Ðe Míate Ŋu Aɖe Kristotɔwo ƒe Nɔnɔme Nyuiwo Afia Ƒe Bliboa Katã?

Ŋusẽ si le nyanyui si Yesu ɖe gbeƒãe ŋu la wɔ dɔ ɖe ame gbogbo aɖewo dzi. Ame geɖe va le wɔwɔm ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi le woƒe agbenɔnɔ katã me. Amesiwo nye ɖokuisinuwɔlawo tsã gɔ̃ hã le biabiam azɔ be ne Yesue le nɔnɔme si me yewole me la, anye ne afɔ kawoe wòaɖe mahã? Amesiwo nye ŋutilãmenuwo kple agbeɖuɖu yomenɔlawo tsã hã va kpɔ vevienyenye si le mawusosroɖagbenɔnɔ ŋu kple esia ŋu nya gbɔgblɔ na woƒe aƒelikawo me la dze sii. Amesiwo wɔa esia la dzea agbagba be yewoanyo dɔme ahawɔ nyui na amewo ƒe bliboa katã. Ðe menye esiae nàkpɔ mɔ be Kristotɔ vavãwo nawɔ oa?

Ne amesiame zã ɣeyiɣi aɖe tsɔ de ŋugble le gɔmesese si tututu le ŋutifafa gbedasi si mawudɔlawo gblɔ ŋu hewɔ nu ɖe gɔmesese sia nu la, xexeame anya nɔ na mí katã godoo.

Yesu dzidzi ŋuti nya siwo wogblɔ ɖi la na kakaɖedzi amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la be yewoate ŋu ava nɔ ŋutifafa akuakua me tegbee gbaɖegbe. Ðe menye esia dimee wò hã nèle oa? Míate ŋu aka ɖe edzi be ŋutifafanya dodzidzɔname siwo mawudɔlawo gblɔ ɖi le Yesu dziɣi la ava eme godoo. Le esi teƒe be míanɔ nya siawo bum abe Kristmas ɖuɣi ƒe nya aɖewo ko ene la, mina míaka ɖe edzi be ŋutifafa ava xɔ aƒe ɖi ŋutɔŋutɔ tsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Míate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo afia ƒe bliboa katã eye ele be míawɔe hã