Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Akeke Wò Lɔlɔ̃ Ðe Enua?

Ðe Nàte Ŋu Akeke Wò Lɔlɔ̃ Ðe Enua?

Ðe Nàte Ŋu Akeke Wò Lɔlɔ̃ Ðe Enua?

ELE be kɔsɔkɔsɔ si ŋu wotsia meli ƒe seke ɖo la natri ahasẽ ale si dze bena wòate ŋu alé melia ɖe te. Gake ne afi si kɔsɔkɔsɔawo de nu wo nɔewo me le la le dedie hesẽ nyuie ko hafi esia ate ŋu anya wɔ. Ne menye nenema o la, kɔsɔkɔsɔa atso.

Nenema tututue wòle le Kristo-hamea hã gome. Bene hame aɖe nasẽ ahali ke le gbɔgbɔ me la, ehiã be eme tɔ ɖe sia ɖe nalé ɖe nɔvia ŋu le ɖekawɔwɔ blibo me. Nu kae tea wo ƒoa ƒu ɖekae? Lɔlɔ̃, si nye ɖekawɔwɔ ƒe ŋusẽ gãtɔ kekeake lae. Mewɔ nuku o be, Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” Nyateƒee, lɔlɔ̃ si Kristotɔwo ɖena fiaa wo nɔewo la de ŋgɔ wu bubudede ame nɔewo ŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ dzro ko. Ke boŋ wotua ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ɖo.—Yohanes 13:34, 35.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mía Nɔvi Haxɔsetɔwo Ŋu

Ame siwo xɔ ƒe vovovowo, siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo, ame siwo tso dukɔ vovovowo me, eye woƒe dekɔnuwo kple gbegbɔgblɔwo kpakple nuteƒekpɔkpɔwo le vovovoe le hame geɖeawo me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe kple nu si wòlɔ̃na kpakple nu si melɔ̃na o, woƒe mɔkpɔkpɔwo kple vɔvɔ̃wo le vovovo, eye zi geɖe la, wo dometɔ ɖe sia ɖe kpea akɔ kple kuxi aɖewo koŋ—ate ŋu anye lãmegbegblẽ alo gakuxiwo. Nɔnɔme vovovo siawo ate ŋu ana wòasesẽ be Kristotɔwo nawɔ ɖeka. Ke nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakeke míaƒe lɔlɔ̃ ɖe enu ahawɔ ɖeka togbɔ be nɔnɔme vovovo siawo li hã? Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe hamea me tɔwo katã ŋu ale si dze akpe ɖe mía ŋu míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔewo nade to ɖe edzi.

Gake nu kae wòfia be woakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu? Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, “ŋudzedzekpɔkpɔ” fia “dzesidede alo ɖetsɔtsɔ le nane me; bubu si dze dede nane ŋu; nane ƒe asixɔxɔ alo nyonyo kpɔkpɔ dze sii; akpedada ɖe nane ta.” (The New Shorter Oxford English Dictionary) Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu nana míetsɔa ɖe le woƒe nuhiahiãwo me, míedea bubu deto wo ŋu, míekafua wo le nu si me wobi ɖo ta, eye míedaa akpe be wowɔ ɖeka kpli mí le tadedeagu me. Esia wɔnɛ be míaƒe lɔlɔ̃ na wo gadea to de edzi geɖe wu. Nya si apostolo Paulo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Korinto la me dzodzro kpuie akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia le mɔ si de ŋgɔ wu nu.

Korintotɔwo ‘Xaxa Le Wo Ðokui Me’

Paulo ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ ɖo ɖe Korintotɔwo le ƒe 55 M.Ŋ. me, eye wòŋlɔ evelia ɖo ɖe wo le ƒe si kplɔe ɖo me. Eƒe nyaawo ɖee fia be Korinto-hamea me tɔ aɖewo mekpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔvi haxɔsetɔwo ŋu o. Paulo ƒo nu tso nɔnɔmea ŋu le eƒe nya siwo gbɔna me ale: “Korintotɔwo, míeƒo nu na mi faa, míekeke míaƒe dzi me ɖe mia ŋu. Miexaxa le mía me o, ke boŋ miexaxa le mia ŋutɔwo miaƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia me.” (Korintotɔwo II, 6:11, 12, NW) Nu kae Paulo wɔnɛ esi wògblɔ le wo ŋu be ‘woxaxa le wo ɖokui me’?

Nu si wòwɔnɛ enye be, woxaxa le woƒe dzime eye womekɔa dɔme ɖe ame ŋu o. Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be, “susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu madzemadzee kple sese le ame ɖokui me be womede bubu ye ŋu o” ye wɔe be Korintotɔwo kple Paulo dome mevivina tututu o, eye esiae wɔe be womeɖea lɔlɔ̃ fiaa eyama o.

Nuxlɔ̃ame si Paulo na woe nye be: “Eya ta—mele nu ƒom na mi abe ɖeviwoe mienye ene be—nu si miawɔ atsɔ ɖo eteƒe lae nye be, miawo hã mikeke miaƒe dzime.” (Korintotɔwo II, 6:13, NW) Paulo de dzi ƒo na Korintotɔwo be, woakeke wo ɖokui le lɔlɔ̃ɖeɖefia wo nɔvi haxɔsetɔwo me. Esia fia be, mele be woaɖe mɔ makamakaɖeamedzi kple wo nɔviwo ƒe vodada suesuesuewo nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke boŋ nukpɔsusu nyui kple dzi ƒe nɔnɔme nyui naʋã wo.

Ale Si Míakeke Míaƒe Lɔlɔ̃ Ðe Enu Egbeae

Nu dodzidzɔname ŋutɔe wònyena be míakpɔ ale si Mawu subɔla vavãwo kua kutri geɖe egbea be yewoakeke yewo ɖokui le lɔlɔ̃ɖeɖefia yewo nɔewo me. Le nyateƒe me la, ebia agbagbadzedze be ame nakeke eƒe lɔlɔ̃ ɖe enu. Menye nu si míawɔ nyanya dzro koe wònye o. Be míakeke mía ɖokui bia be míawɔ nu wòato vo na ame siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu o la tɔ. Ƒã hafi ame mawo ya kpɔa ŋudzedze ɖe ame bubuwo ŋu. Woate ŋu awɔ nu ɖe ame ŋu nuŋumabumabutɔe, bubumadeameŋutɔe kple gbɔɖiametɔe. Eya ta migana míaɖe mɔ gbeɖe be nɔnɔme mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Awɔ nublanui ŋutɔ ne makamakaɖeamedzi kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia dzi, abe ale si wònɔ le Korintotɔwo gome ene. Nu sia ate ŋu adzɔ egbea ne míeɖea abla kpɔa nɔvi Kristotɔ aɖe ƒe vodadawo, evɔ míedoa kpo eƒe agbagbadzedzewo ya kpɔkpɔ dze sii. Ate ŋu adzɔ hã ne míexaxa le mía ɖokui me, alo míete ŋu tena ɖe ame aɖe ŋu o le esi eƒe dekɔnuwo to vovo ta.

To vovo na ema la, Mawu subɔla si kekea eɖokui le lɔlɔ̃ɖeɖefia me la kpɔa ŋudzedze ɖe nɔvia haxɔsetɔwo ŋu ale si dze. Edea bubu si dze la wo ŋu, ekpɔa asixɔxɔ si le wo ŋu la dzea sii, eye wòtsɔa ɖe le woƒe nuhiahiãwo me. Ne etɔ dzɔ be wòahe nya kura gɔ̃ hã la, edina vevie be yeatsɔ ake, eye melɔ̃a nyaléle ɖe dɔme o. Ke boŋ ebua susu nyui ɖe nɔvia haxɔsetɔwo ŋu. Dɔmekɔkɔɖeameŋu kpena ɖe eŋu wòɖea lɔlɔ̃ si tɔgbe nɔ susu me na Yesu esime wògblɔ ɖi be, “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome” la fiana.—Yohanes 13:35.

Dze Agbagba Nàdze Xɔlɔ̃ Yeyewo

Lɔlɔ̃ vavã aʋã mí be míakeke míaƒe hadede ɖe enu wòagbɔ mía xɔlɔ̃ xoxowo ŋu, eye míadi be míade ha kple nɔvi, siwo ƒã hafi míete ŋu tena ɖe wo ŋu le hamea me la hã. Ame kawoe nye ame siawo dometɔ aɖewo? Ne èbu eŋu kpɔ la, ŋu kpea mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖewo, alo le susu aɖewo ta la, xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo koe le wo si. Ðewohĩ awɔ na mí le gɔmedzedzea me be, to vovo na míaƒe tadedeagu ɖekae la, nu boo aɖeke meli si me mía kpli wo ƒe susu wɔ ɖeka le o. Gake ɖe menye nyateƒe be xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la yi edzi le ame siwo adze le gota abe ɖe vovototo gã aɖe le wo dome ene la dome oa?

Le kpɔɖeŋu me, Naomi tsi wu Rut boo, wonye dukɔ vovovo me tɔwo, woƒe dekɔnuwo hã to vovo, eye woƒe gbegbɔgblɔ kura gɔ̃ hã to vovo. Togbɔ be enɔ nenema hã la, vovototo mawo mekpɔ ŋusẽ ɖe woƒe xɔlɔ̃dzedzea dzi o. Wonyi Yonatan abe fiavi ene, ke Dawid ya nye alẽkplɔla. Ame ɖeka tsi boo wu nɔvia, ke hã tsi metoa wo dome o, eye woƒe xɔlɔ̃dzedzea nye xɔlɔ̃ siwo dome nɔ kplikplikpli wu, siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la dometɔ ɖeka. Xɔlɔ̃dzedze eve siawo siaa nye esiwo he dzidzɔ kple gbɔgbɔmetutuɖo vɛ na woamawo.—Rut 1:16; 4:15; Samuel I, 18:3; Samuel II, 1:26.

Le egbeŋkekeawo me hã la, xɔlɔ̃wɔwɔ yia edzi le Kristotɔ siwo tsi wu wo nɔewo boo alo siwo ƒe agbemenɔnɔmewo to vovo na wo nɔewo tɔ sãa la dome. Le kpɔɖeŋu me, Regina nye nyɔnu dzilaɖekɛ si si ƒewuivi eve le. * Vovo menɔa eŋu kura o, eye ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe wòkpɔna ɖe hadede ŋu. Harald kple Ute ya nye srɔ̃tɔ siwo xɔ gbɔɖeme, eye vi mele wo si o. Adze le gota be nu boo aɖeke meli si me ƒome eve siawo wɔ ɖeka le o. Gake Harald kple Ute wowɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míakeke mía ɖokui la dzi. Wote ɖe Regina ŋu, eye wona be eya kple viawo wokpɔa gome le wɔna geɖe me kpli wo. Wowɔa dutoƒoɖaseɖiɖidɔa heɖea modzaka hã ɖekae.

Ðe míate ŋu akeke míaƒe hadede ɖe enu wòagbɔ mía xɔlɔ̃ xoxowo ŋua? Ðe manyo be míadze agbagba ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple mía nɔvi haxɔsetɔ siwo nye dukɔ bubu me tɔwo, siwo ƒe dekɔnu to vovo, alo esiwo menye mía hatiwo o la dome oa?

Ðetsɔtsɔ Le Amewo Ƒe Nuhiahiãwo Me

Dzi nyodɔme aʋã mí míatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo me. Nuhiahiã kawo? Anyo be míalé ŋku ɖe Kristo-hamea me tɔwo ŋu. Sɔhɛwo hiã mɔfiafia, ame tsitsiwo hiã dzideƒo, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo hiã kafukafu kple kpekpeɖeŋu, eye mía nɔvi haxɔsetɔ siwo dzi nu te ɖo la hiã ame si woagblɔ woƒe dzimenyawo na. Hiahiã le ame sia ame ŋu. Míedi be míatsɔ ɖe le mía nɔviwo ƒe nuhiahiã siawo me ale si míate ŋui.

Mía ɖokui keke ɖe enu fia hã be míase nu gɔme na ame siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le. Ðe nènya ame aɖe si dɔmavɔleameŋu le fu ɖem na, alo ame aɖe si le nɔnɔme sesẽwo me toma? Wò lɔlɔ̃ɖeɖefia keke ɖe enu kple dɔmenyonyo akpe ɖe ŋuwò be nàse nu gɔme na ame ahakpe ɖe ame siwo le hiã me la ŋu.

Esi wònye be Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe etsɔme ŋu ava eme kpuie ta la, ɖekawɔwɔ ƒe ƒomedodo sẽŋu si anɔ hamea me tɔwo dome la xɔ asi sasasã wu nunɔamesiwo, ŋutetewo, alo xexeme nudzedziname. (Petro I, 4:7, 8) Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nane atsɔ ado ŋusẽ ɖekawɔwɔ ƒe ƒomedodoa le eƒe hamea me, to eƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia keke ɖe enu le nɔvia haxɔsetɔwo dome dzi. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra mí geɖe ne míewɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Via, Yesu Kristo ƒe nya siawo be: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.”—Yohanes 15:12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu fia be, míade bubu si dze la wo ŋu, akpɔ asixɔxɔ si le wo katã ŋu la adze sii, eye míatsɔ ɖe le woƒe nuhiahiãwo me