Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutsu Aɖe Si Lɔ̃ Agbe Kpakple Amegbetɔwo

Ŋutsu Aɖe Si Lɔ̃ Agbe Kpakple Amegbetɔwo

Ŋutsu Aɖe Si Lɔ̃ Agbe Kpakple Amegbetɔwo

DANIEL SYDLIK, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ ɣeyiɣi didi aɖe la wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le Braɖagbe, April 18, 2006 dzi. Exɔ ƒe 87, eye wònye Betel-ƒomea me tɔ le Brooklyn, New York, ade ƒe 60 kloe.

Edze subɔsubɔ le Betel gɔme le ƒe 1946 me, eye ame siwo nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kpli la yɔnɛ vividoɖeameŋutɔe be, Nɔviŋutsu Dan. Do ŋgɔ na ema la, esubɔ abe mɔɖela vevi ene le California, eye enɔ gaxɔ me hã hena ɣeyiɣi aɖe le Xexemeʋa II lia wɔɣi le esi wònye Kristotɔ si medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o ta. Woƒo nu tso nu siwo me wòto le ɣeyiɣi mawo me ŋuti le mɔ lédziname aɖe nu le eƒe agbemeŋutinya si dze le June 1, 1985 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me la me, le tanya si nye, “Oo Mawu, Aleke Gbegbee Xɔlɔ̃dzedze Wò Xɔ Asii Enye Esi!” la te.

Wonya Nɔviŋutsu Sydlik be enye ɖokuibɔbɔla si ŋu wote ŋu tena ɖo bɔbɔe. Ne ele gbe sia gbe mawunyakpukpuia me dzodzro dzi kpɔm le Betel-ƒomea me la, eƒe nukpɔsusu nyui kple ale si wòlɔ̃ agbee la dzena edziedzi le eƒe nyagbe gbãtɔawo me ale: “Enyo ŋutɔ be woanɔ agbe asubɔ nyateƒe Mawu gbagbe la.” Ne ele dutoƒonuƒowo ƒom la, eƒãa eƒe nukpɔsusu sia ɖe amewo me, abe ale si nàkpɔe le eƒe nuƒo aɖewo, siwo ƒe tanyae nye “Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Ƒe Mawu Yehowa Nye,” “Yehowa Ƒe Dzidzɔ Ðeɖe Fia,” “Na Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Ƒe Ŋusẽ Nanɔ Agbe Le Mewò,” kple “Nu Nyuitɔ Kekeake Le Ŋgɔ Gbɔna,” me ene.

Le ƒe 1970 me la, Nɔviŋutsu Sydlik ɖe Marina Hodson, si tso England, ame si wòɖɔ be enye “kpeɖeŋutɔ si tso Mawu gbɔ.” Wosubɔ Yehowa ɖekae hena ƒe 35 sɔŋ.

Le Nɔviŋutsu Sydlik ƒe Betel-nɔɣiwo katã la, esubɔ le dɔwɔƒe vovovowo, siwo dome agbalẽtaƒe kple Agbalẽwo Ŋɔŋlɔ Dɔwɔƒe hã le. Ewɔ dɔ le habɔbɔa ƒe radiodɔwɔƒe si nye WBBR hã. Emegbe le November 1974 me la, woda asi ɖe edzi be wòanye Dziɖuha la me tɔ, eye mlɔeba, eva wɔ dɔ abe Dɔwɔlawo Ŋuti Nyawo Gbɔkpɔkɔmiti kple Agbalẽwo Ŋɔŋlɔ Kɔmiti me tɔ ene.

Le ƒe 30 siwo me Nɔviŋutsu Sydlik wɔ dɔ kple Dɔwɔlawo Ŋuti Nyawo Gbɔkpɔkɔmitia la, lɔlɔ̃ deto si le esi na amewo la ɖe dzesi ƒã. Etoa gbe gã si le esi la dzi dea dzi ƒo na ame geɖewo hehea susu yia mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si wònye na mí be míele Yehowa subɔm la dzi. Etea gbe ɖe edzi ɣesiaɣi be dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ menɔa te ɖe nu bubu aɖeke dzi tsɔ wu mía kple Yehowa dome ƒomedodo kpakple ale si míedea asixɔxɔ agbe ŋui la o.

Togbɔ be Betel-ƒomea susua Nɔviŋutsu Sydlik vevie hã la, kpɔɖeŋu si wòɖo abe ame si lɔ̃ agbe kple amewo vevie ene la ayi edzi akpɔ ŋusẽ nyui ɖe Betel-ƒomea dzi. Míeka ɖe edzi be eya hã le ame siwo ŋu Nyaɖeɖefia 14:13 gblɔ le be, “woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina; ẽ, [gbɔgbɔ] la gblɔ bena, woadzudzɔ wo ɖokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome,” la dome.