Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze
Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze
ABE ale si ko dzilawo léa be na wo viwo hedina be woakpɔ dzidzedzee ene la, nenema kee mía Fofo si le dziƒo la hã léa be na mí hedina be míakpɔ dzidzedzee. Ale si wònana mɔfiame geɖe mí ku ɖe dzidzedzekpɔkpɔ kple kpododonu ŋu kura ɖee fia be etsɔa ɖe le eme na mí vevie. Le nyateƒe me la, esi Biblia nɔ nu ƒom tso ame si wɔna ɖe Mawu ƒe Nya dzi ŋu la, egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Nusianu, si wòwɔna la, [dzea edzi] nyuie!”—Psalmo 1:3.
Ne nenemae la, ke nu ka tae dzidzedzekpɔkpɔ, dzidzɔ kple nudzedziname mesu ame geɖe si o? Ŋkuléle ɖe Psalmo 1:3 me nyawo ŋu nyuie ana míakpɔ ŋuɖoɖoa, eye ana míanya ale si míawo hã míawɔ akpɔ dzidzedze.
“Ame Vɔ̃ɖiwo Ƒe Aɖaŋuɖoɖo”
Hakpalaa xlɔ̃ nu mí le afɔku si le zɔzɔ le “ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo” me ŋu. (Psalmo 1:1) Satana Abosam ye nye “vɔ̃ɖitɔ” gãtɔ kekeake. (Mateo 6:13) Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be, eyae nye “xexe sia me fia,” eye be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes 16:11; Yohanes I, 5:19) Eya ta mewɔ nuku o be aɖaŋuɖoɖo siwo katã míesena le xexe sia me la ɖea vɔ̃ɖitɔ la ƒe tamesusuwo fiana.
Aɖaŋu ka ƒomevie ame vɔ̃ɖiwo ɖona? Zi geɖe la, ame vɔ̃ɖi ɖea alɔme le Mawu ŋu. (Psalmo 10:13) Woƒe aɖaŋuɖoɖo siwo medea bubu Mawu ŋu o, alo esiwo meɖea mawuvɔvɔ̃ fiana o la bɔ ŋutɔ. Ame siwo li egbea doa “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” ɖe ŋgɔ. (Yohanes I, 2:16) Nyatakaka dɔwɔƒewo toa ayemɔwo nu ƒlɔa dzo ɖe mía te be míana ŋutilãmenu ale si nu míate ŋui nasu mía si le agbe me. Le xexea me godoo la, adzɔhawo zãa ga si nye Amerikatɔwo ƒe dɔlar biliɔn 500 kple edzivɔwo ƒe sia ƒe tsɔ doa boblo woƒe adzɔnuwo tsɔ ƒonɛ ɖe amewo nu be woaƒle wo—nuawo hiã wo loo, alo womeɖahiã wo o. Eye menye ɖeko boblododo siawo nana amewo ƒlea nu yakatsyɔ o, ke boŋ etrɔ ale si xexeame bua dzidzedzekpɔkpɔe hã.
Emetsonuae nye be, togbɔ be nu geɖe siwo anye ne le ƒe geɖe siwo va yi mee la, ɖeko amewo aku drɔ̃e le wo ŋu la le wo si fifia gɔ̃ hã la, wogadina vevie be ŋutilãmenu geɖe wu nasu yewo si kokoko. Nukpɔsusuae nye be ne nu siawo mele asiwò o kpa, màte ŋu akpɔ dzidzɔ alo akpɔ dzidzedze o. Nuŋububu sia nye alakpa, eye “metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame [wòtso].”—Yohanes I, 2:16.
Mía Wɔla la nya nu si ana míakpɔ dzidzedze vavãtɔ. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo toa vovo na “ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo.” Eya ta ne ame aɖe le agbagba dzem be Mawu nayra ye, evɔ wògalé xexeame Romatɔwo 12:2, Today’s English Version.
ƒe mɔ tsɔ be yeakpɔ dzidzedze la, ɖeko wòle abe agbagbadzedze be woazɔ mɔ vovovo eve dzi le ɣeyiɣi ɖeka me ene. Esia manya wɔ o. Eya ta mewɔ nuku o be, Biblia xlɔ̃ nu be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ nawɔ ɖeka kple xexe sia me ƒe nukpɔsusuwo o”!—Mègana Xexeame Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwò O
Xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te la dzea agbagba be yeana wòadze na mí abe ɖe eƒe mɔwo aɖe vi na mí ene. Gake ele be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie. Ðo ŋku edzi be Satana ble nyɔnu gbãtɔ, Xawa, le ɖokuitɔdidi viɖewo ta. Emegbe ezã nyɔnu la tsɔ he Adam de nuvɔ̃ me. Nenema kee egbea hã, Satana zãa amegbetɔwo tsɔ doa eƒe aɖaŋu vɔ̃wo ɖe ŋgɔe.
Le kpɔɖeŋu me, David, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la ƒe dɔwɔɖui bia tso esi be wòawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe le kpakpã vɔ megbe, eye wòanɔ mɔ zɔm edziedzi. David gblɔ be: “Medzona le aƒeme Dzoɖagbe ŋdi kanya hegbɔna Yawoɖagbe fiẽ.” Esi wònye be xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo kple dɔwɔhatiwo susui be nuwo tsɔtsɔ sa vɔ alea hiã hena dzidzedzekpɔkpɔ le xexeame ta la, woƒona nya ɖe enu gblɔna be: “Lé dɔ sia me ɖe asi le wò ƒomea ta.” Ame siawo gblɔna nɛ be, ƒe ʋɛ aɖewo koe wòahiã be wòalé dɔwɔɖoɖo sia tɔgbe me ɖe asi va se ɖe esime wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. David gblɔ be: “Le woawo ƒe susu nu la, esia aɖe vi na nye ƒomea, elabena manɔ ga geɖe wu hem va aƒeme—eye awɔe be makpɔ dzidzedze geɖe wu. Togbɔ be nyemenɔa nye ƒomea gbɔ ale o hã la, xɔ̃nyewo na kakaɖedzim be mele nye ƒomea dzi kpɔm nyuie ŋutɔ.” Abe David ene la, ame geɖe wɔa dɔ sesĩe be yewoana nu sia nu si yewobu be yewoƒe ƒomea hiã la wo. Gake ɖe wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia tɔgbe dzi nana wokpɔa dzidzedzea? Ke nu ka tututue ƒomea hiã?
David va nya nu si tututu eƒe ƒomea hiã la gbe ɖeka esime wòzɔ mɔ. David gblɔ be: “Menɔ dze ɖom kple vinyenyɔnuvi Angelica le telefon dzi, eye wògblɔ nam be: ‘Papa, nu ka tae mèdina be yeanɔ mía gbɔ le aƒeme o?’ Nya sia te ɖe dzinye ŋutɔ.” Nya sia si vianyɔnuvia gblɔ la do ŋusẽe azɔ be wòte ŋu tsɔ asiɖeɖe le dɔ ŋu ƒe lɛta na eƒe dɔwɔƒea. David wɔ nyametsotso sia kple susu be yeana nu si tututu yeƒe ƒomea hiã lae—nu siae nye eya ŋutɔ.
Mawu Ƒe Aɖaŋuɖoɖowo Dziwɔwɔ Nana Wokpɔa Dzidzedze
Ke aleke nàwɔ aƒo asa na nukpɔsusu gbegblẽ siwo bɔ ɖe xexe sia me lae? Hakpala la gblɔ na mí be, dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔ sua ame si ne “ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.”—Psalmo 1:2.
Esime Mawu tia Yosua be wòanye Israel-dukɔa kplɔla la, egblɔ nɛ be: “Ele be nàxlẽ [Mawu ƒe Nya la] kple gbe ɖɔɖɔe zã kple keli.” Ẽ, Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu le vevie, gake enɔ na Yosua be ‘wòawɔ nu si wòxlẽ le eme la dzi pɛpɛpɛ.’ Enye nyateƒe be Biblia xexlẽ Yosua 1:8, NW.
ɖeɖe mana nàkpɔ dzidzedze o. Ele be nàwɔ nu si nèxlẽna la dzi. Yehowa gblɔ na Yosua be: “Eya ko hafi wò mɔwo adze edzi na wò, eye nàwɔ nu le nunya me.”—Wò ya kpɔe ɖa le susu me be, ɖevi aɖe nɔ anyi ɖe edzila ƒe ata dzi hele nu kom dzidzɔtɔe esime dzilaa le ŋutinya si wòlɔ̃na vevie la xlẽm nɛ. Eɖanye zi gbɔ zi nenie woxlẽ ŋutinya ma va yi o, woƒe anyinɔnɔ ɖekae alea doa dzidzɔ na wo ale gbegbe. Nenema kee ame si lɔ̃a Mawu la bua Biblia xexlẽ be enye gbe sia gbe nuwɔna si doa dzidzɔ na ame, eye be enye dzidzɔɣi si me wòanɔ anyi ɖekae kple Fofoa si le dziƒo la. To Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiamewo dziwɔwɔ me la, ame sia tɔgbe “ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, [dzea edzi] nyuie!”—Psalmo 1:3.
Menye ɖeko ati si ŋu hakpalaa ƒo nu tsoe la tsi le eɖokui si o. Ke boŋ ɖe agbledela la ɖoe koŋ doe ɖe tɔ to helé be nɛ. Nenema kee mía Fofo si le dziƒo la trɔa asi le míaƒe susuwo ŋu heɖɔa wo ɖo to Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo dzi. Esia wɔnɛ be míekpɔa dzidzedze, eye míeɖea mawumenɔnɔmewo fiana.
Gake “ame vɔ̃ɖiwo ya mele alea o.” Enye nyateƒe be adze abe ɖee nu le edzi dzem na wo ene hena ɣeyiɣi aɖe ya, gake mlɔeba la, gbegblẽ koe dona tsoa eme na wo. Ame vɔ̃ɖiwo “manɔ te le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.” Le esia teƒe la, woƒe “mɔ buna gbidi.”—Psalmo 1:4-6.
Eya ta mègaɖe mɔ xexeame nakpɔ ŋusẽ ɖe wò taɖodzinuwo kple dzidzenu siwo fiaa mɔ wò la dzi o. Togbɔ be ŋutete tɔxɛwo anɔ asiwò ale be nàte ŋu akpɔ dzidzedze le xexe sia me hã la, kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le ale si nèzãa wò ŋuteteawoe, alo ale si nèɖea mɔ xexeame zãa woe ŋu. Ŋutilãmenu siwo mele ɖeke me o yometiti ate ŋu ana ame ‘nalũ xe.’ Gake ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu hea dzidzɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ vɛ.
Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze
Nu ka tae ne ame aɖe wɔna ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi la, nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ? Menye xexe sia me dzidzedzekpɔkpɔ ŋue hakpalaa nɔ nu ƒom le o. Mawuvɔ̃la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi—eye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu vaa eme ɣesiaɣi. Na míakpɔ ale si wɔwɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi ana nàkpɔ dzidzedzee ɖa.
Ƒome: Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be “woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene,” eye woxlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo hã be ‘woasi wo srɔ̃wo ɖa.’ (Efesotɔwo 5:28, 33) Wode dzi ƒo na dzilawo be woazã ɣeyiɣi geɖe ɖe wo viwo ŋu, ako nu kpli wo, eye be woafia nu wo tso agbemenu veviwo ŋu. (Mose V, 6:6, 7; Nyagblɔla 3:4) Mawu ƒe Nya la gaɖo aɖaŋu na dzilawo be: “Migado dziku na mia viwo o.” Ne dzilawo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, enɔa bɔbɔe na ɖeviwo be ‘woaɖo to wo dzilawo,’ eye be ‘woabu wo fofo kple wo dada.’ (Efesotɔwo 6:1-4) Wɔwɔ ɖe mawumeɖaŋuɖoɖo siawo dzi ate ŋu awɔe be woakpɔ dzidzedze le ƒomegbenɔnɔ me.
Xɔlɔ̃wo: Ame sia ame kloe dina be yeadze xɔlɔ̃. Míaƒe tamesusu kple seselelãme ʋãa mí míelɔ̃a amewo, eye wonana hã be míedina be woalɔ̃ míawo hã. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be ‘woalɔ̃ wo nɔewo.’ (Yohanes 13:34, 35) Míekpɔa xɔlɔ̃ vavã, siwo dzi míate ŋu aka ɖo la le Yesu yomedzelawo dome—míekana ɖe wo dzi ale gbegbe be, míete ŋu gblɔa míaƒe dzimenyawo kple seselelãmewo na wo. (Lododowo 18:24) Ƒo wo katã ta la, to Biblia me gɔmeɖosewo dziwɔwɔ me la, míate ŋu ‘ate ɖe Mawu ŋu,’ eye abe Abraham ene la, woayɔ mí be ‘Yehowa xɔlɔ̃’—Yakobo 2:23; 4:8.
Agbemetaɖodzinu: Le esi teƒe be ame siwo kpɔ dzidzedze vavãtɔ nanɔ agbe dzro ko taɖodzinu aɖeke manɔ wo si o la, wose tameɖoɖo si le agbe ŋu gɔme. Wometu woƒe agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia si ƒe nɔnɔmewo nɔa tɔtrɔm la dzi o. Woƒe taɖodzinuwo hea dzidzeme ŋutɔŋutɔ si nɔa anyi ɖaa vɛ na wo, elabena wotu wo ɖe tameɖoɖo si tututu le agbe ŋu la dzi. Ke nu kae nana tameɖoɖo nɔa ame ƒe agbe ŋu? Biblia ɖo eŋu be: “Vɔ̃ Mawu [vavã la], eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13.
Mɔkpɔkpɔ: Ne Mawu nye mía Xɔlɔ̃ la, enana hã be etsɔme mɔkpɔkpɔ sua mía si. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe . . . la dzi.” Ne wowɔe alea la, “woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.” (Timoteo I, 6:17-19) Eteƒe madidi o, agbe vavã la ava, ne Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea trɔ anyigba sia wòzu Paradiso.—Luka 23:43.
Ne ètsɔa Biblia me gɔmeɖosewo wɔa dɔe la, ema mawɔe be kuxiwo nagbe dziwò vava o, gake ana nàƒo asa na dzigbãnya kple nuxaxa siwo ame vɔ̃ɖiwo hena vaa wo ɖokui dzii la. Esi David si ŋu míeƒo nu tsoe, kpakple ame miliɔn geɖe bubuwo wɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔ le woƒe agbe me la, wokpɔ viɖe siwo dona tsoa eme la dze sii. Esi David va kpɔ dɔ bubu si ƒe ɖoɖowo sɔ nɛ nyuie vɔ megbe la, egblɔ be: “Medaa akpe ɖe ƒomedodo si le mía kple srɔ̃nye kple vinyewo dome, kpakple ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asinye be masubɔ Yehowa Mawu abe míaƒe Kristotɔwo ƒe hamemetsitsiwo dometɔ ɖeka ene la ta.” Eya ta mewɔ nuku o be hakpala la gblɔ le ame si wɔa Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi la ŋu be: “Nusianu, si wòwɔna la, [dzea edzi] nyuie”!
[Nyaɖoɖo si le 6]
AFƆÐEÐE ATƆ̃ SIWO NANA WOKPƆA DZIDZEDZE
1 Megaɖe mɔ xexe sia ƒe nukpɔsusuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o.
salmo 1:1; Romatɔwo 12:2
2 Xlẽ Mawu ƒe Nya la gbe sia gbe, eye nàde ŋugble le eŋu.
3 Tsɔ Biblia me aɖaŋuɖoɖowo wɔ dɔe le wò agbe me.
4 Na Mawu nanye xɔ̃wò.
5 Vɔ̃ Mawu vavã la, eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Ðe nèle afɔ siwo nana ame kpɔa dzidzedze la dzi ɖemaa?