Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dzidzɔ Sɔŋ Koe Nàkpɔ’

‘Dzidzɔ Sɔŋ Koe Nàkpɔ’

‘Dzidzɔ Sɔŋ Koe Nàkpɔ’

“Nàɖu ŋkekenyui na Yehowa, . . . eye [dzidzɔ sɔŋ koe nàkpɔ].” —MOSE V, 16:15.

1. (a) Nya kawoe Satana fɔ ɖe te? (b) Nya kae Yehowa gblɔ ɖi le Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea megbe?

ESIME Satana na Adam kple Xawa wodze aglã ɖe wo Wɔla ŋu la, efɔ nya vevi eve aɖewo ɖe te. Gbã la, etsɔ nya ɖe Yehowa ƒe nyateƒetɔnyenye ŋu, eye be meɖua eƒe nuwɔwɔwo dzi le mɔ si le dzɔdzɔe nu o. Evelia, enɔ gbɔgblɔm be ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ta koe amegbetɔwo asubɔ Mawu ɖo. Ena nya evelia sia dze ƒã le Hiob ŋɔli. (Mose I, 3:1-6; Hiob 1:9, 10; 2:4, 5) Ke hã, Yehowa tso ɖe kuxia gbɔkpɔkpɔ ŋu enumake. Yehowa gblɔ ale si wòakpɔ nyaawo gbɔe la ɖi, esime Adam kple Xawa gakpɔtɔ nɔ Eɖen-bɔa me kura gɔ̃ hã. Egblɔ “dzidzimevi” aɖe, si woaɖu afɔkpodzi na, eye emegbe eya hã agbã ta na Satana la, ƒe vava ŋu nya ɖi.—Mose I, 3:15.

2. Numekɔkɔ kae Yehowa na ku ɖe ale si wòana nyagblɔɖi si dze le Mose I, 3:15 nava emee ŋu?

2 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yehowa na numekɔkɔ geɖe ku ɖe nyagblɔɖi ma ŋu, tsɔ nɔ eɖem fia be ava eme godoo. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Abraham be “dzidzimevi” la ado tso eƒe dzidzimea me. (Mose I, 22:15-18) Abraham ƒe tɔgbiyɔvi Yakob dzi vi 12 siwo va zu Israel-to 12-awo. Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me, esime to 12 siawo zu dukɔ la, Yehowa na se siwo dome ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui vovovowo ŋuti ɖoɖowo hã le la wo. Apostolo Paulo gblɔ le ŋkekenyui mawo ŋu be wonye “nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli.” (Kolosetɔwo 2:16, 17; Hebritɔwo 10:1) Wɔna aɖewo yia edzi le ŋkekenyui siawo ɖuɣi, siwo nye vɔvɔli na Yehowa ƒe tameɖoɖo ku ɖe Dzidzimevia ŋu la me vava. Ŋkekenyui siawo ɖuɖu nyea dzidzɔ gã ŋutɔ le Israel. Wo me dzodzro kpuie ado ŋusẽ míaƒe xɔse ku ɖe kakaɖedzi si le Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava ŋu la ŋuti.

Dzidzimevia Do

3. Ame kae nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la, eye alekee woɖu afɔkpodzi nɛ?

3 Le ƒe siwo wu 4,000 tso esime Yehowa gblɔ eƒe nyagblɔɖi gbãtɔa megbe la, Dzidzimevi si ŋugbe wòdo la do. Eyae nye Yesu. (Galatiatɔwo 3:16) Abe ame deblibo ene la, Yesu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi va se ɖe ku me, eye eto esia me ɖo kpe edzi be Satana ƒe amenutsotsoawo nye aʋatso. Gakpe ɖe eŋu la, esi wònye be nuvɔ̃ menɔ Yesu ŋu o ta la, eƒe kua nye vɔsa aɖe si ŋu asixɔxɔ gã aɖe nɔ. To vɔsa sia dzi la, Yesu ʋu ɖeɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple ku si me ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi wɔnuteƒewo. Yesu ƒe ku le fuwɔametia ŋue nye ‘afɔkpodziɖuɖu’ na Dzidzimevi si ŋugbe wodo la.—Hebritɔwo 9:11-14.

4. Nu kae nɔ tsitre ɖi na Yesu ƒe vɔsa la?

4 Yesu ku le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. dzi. * Le Israel la, Nisan 14 lia nyea Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu ƒe ŋkeke si dzi wokpɔa dzidzɔ le ŋutɔ. Ƒe sia ƒe, le ŋkeke ma dzi la, ƒomewo ɖua nuɖuɖu siwo dome alẽvi si sɔ blibo hã nɔna la ɖekae. Wowɔa esia tsɔ ɖoa ŋku ale si wozã alẽvi ƒe ʋu wòwɔ akpa vevi aɖe le Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo takpɔkpɔ me esime mawudɔla aɖe va wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Nisan 14 lia dzi le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la dzi. (Mose II, 12:1-14) Ŋutitotolẽvi la nɔ tsitre ɖi na Yesu, ame si ŋuti apostolo Paulo gblɔ le be: “Wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la.” (Korintotɔwo I, 5:7) Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la ʋu ɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame geɖe abe ale si wònɔ le Ŋutitotolẽvi la hã ƒe ʋu gome ene.—Yohanes 3:16, 36.

‘Ame Kukuwo Ƒe Ŋgɔgbetɔwo’

5, 6. (a) Ɣekaɣie wofɔ Yesu ɖe tsitre, eye alekee woɖe nudzɔdzɔ sia ƒe kpɔɖeŋu fia le Se la me? (b) Alekee Yesu ƒe tsitretsitsia na Mose I, 3:15 me nyagblɔɖia le eme vam?

5 Wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me le ŋkeke etɔ̃a gbe bena wòate ŋu atsɔ asixɔxɔ si le eƒe tafevɔsaa ŋu la ayi na Fofoa. (Hebritɔwo 9:24) Ŋkekenyui bubu ɖuɣi tsi tre ɖi na eƒe tsitretsitsia. Ŋkeke si kplɔ Nisan 14 lia ɖo nye Abolo Maʋãmaʋã Ŋkekenyui la ƒe gɔmedzedze. Le ŋkeke si kplɔ esia hã ɖo, si nye Nisan 16 lia dzi la, Israel-viwo tsɔa lubabla ɖeka, si nye lu ƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ, si nyea ƒea ƒe nuŋeɣi gbãtɔ le Israel la, vanae na nunɔla be wòanyè le Yehowa ŋkume. (Mose III, 23:6-14) Aleke wòsɔ nyuie enye esi be, le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe ŋkeke ma ke dzi la, Yehowa gblẽ Satana ƒe agbagbadzedze be yeatsrɔ̃ eƒe “ɖaseɖila nuteƒewɔla” la tegbee la domee! Le Nisan 16 lia, ƒe 33 M.Ŋ. dzi la, Yehowa fɔ Yesu tso ame kukuwo dome wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ si magaku akpɔ o.—Nyaɖeɖefia 3:14; Petro I, 3:18.

6 Yesu zu “amesiwo dɔ alɔ̃ [le ku me] la dome ŋgɔgbetɔ.” (Korintotɔwo I, 15:20) Yesu ya megaku ake abe ale si wònɔ le ame siwo wofɔ ɖe tsitre do ŋgɔ na eyama la gomee ene o. Ke boŋ elia yi dziƒo ɖanɔ Yehowa ƒe nuɖusi me, afi si wònɔ lalam le va se ɖe esime woaɖoe zi dzi abe Yehowa ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia ene. (Psalmo 110:1; Dɔwɔwɔwo 2:32, 33; Hebritɔwo 10:12, 13) Tso esime wova ɖo Yesu zi dzi abe Fia ene la, ŋutete su esi azɔ be wòate ŋu agbã ta na futɔ gãtɔ, Satana, keŋkeŋ, eye wòatsrɔ̃ eƒe dzidzimeviwo hã.—Nyaɖeɖefia 11:15, 18; 20:1-3, 10.

Abraham Ƒe Dzidzimevi La Dometɔ Bubuwo

7. Nu kae nye Kwasiɖawo ƒe Ŋkekenyui la?

7 Yesue nye Dzidzimevi, si ƒe ŋugbe wodo le Eden-bɔa me, ame si dzi Yehowa ato ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo’ me. (Yohanes I, 3:8) Ke hã, esi Yehowa ƒo nu na Abraham la, eɖee fia be Abraham ƒe “dzidzimevi” la asɔ gbɔ wu ame ɖeka ko. Asɔ agbɔ abe “dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene.” (Mose I, 22:17) Wogatsɔ dzidzɔŋkekenyui bubu ɖuɖu wɔ kpɔɖeŋui na “dzidzimevi” la dometɔ bubuawo ƒe dodo. Le ŋkeke 50 lia dzi le Nisan 16 megbe la, Israel-viwo ɖua Kwasiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Sea gblɔ le azã sia ŋu be: “Mixlẽ ŋkeke blaatɔ̃ vaseɖe ŋkeke, si dze kwasiɖa adrelia yome la dzi, emegbe hafi míatsɔ nu yeyewo asa nuɖuvɔ na Yehowa. Mitsɔ wɔ memee efa ƒe mamã ewoliawo eve ƒe abolo ʋaʋã eve atsɔ tso mía nɔƒewo katã vɛ, woanye nu gbãtɔwo na Yehowa, be woanyèe.” *Mose III, 23:16, 17, 20.

8. Nu ɖedzesi kae dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi?

8 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, woyɔa Kwasiɖawo ƒe Ŋkekenyui la be, Pentekoste (si tso Helagbe me nya aɖe si gɔmee nye “blaatɔ̃lia” me). Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, Nunɔlagã gãtɔ, si nye Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la, kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo sue si me ame 120 nɔ, siwo ƒo ƒu ɖe Yerusalem la dzi. Eya ta nusrɔ̃la mawo zu Mawu ƒe vi amesiaminawo kple Yesu Kristo nɔviwo. (Romatɔwo 8:15-17) Wozu dukɔ yeye aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel.” (Galatiatɔwo 6:16) Amesiaminawo ƒe dukɔ sia me tɔ ʋɛ siawo ƒe xexlẽme adzi ɖe dzi ava ɖo ame 144,000 mlɔeba.—Nyaɖeɖefia 7:1-4.

9, 10. Nu kae wowɔna le Pentekoste-ŋkekea dzi si tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea?

9 Abolo ʋaʋã eve, siwo wonyèna le Yehowa ŋkume le Pentekoste-ŋkeke ɖe sia ɖe dzi la tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea. Esi wotsɔ amɔwɔ ʋaʋã me aboloawoe ta la, efia be nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi akpɔtɔ anɔ Kristotɔ amesiaminawo ŋu. Ke hã, woate ŋu ato Yesu ƒe tafevɔsa la dzi ate ɖe Yehowa ŋu. (Romatɔwo 5:1, 2) Ke, nu ka tae wònye abolo eve ɖo? Ðewohĩ anya nɔ asi fiam nyateƒe si wònye be woaƒo Mawu ƒe vi amesiaminawo nu ƒu tso ƒuƒoƒo eve—siwo nye, gbã, tso dzɔdzɔme Yudawo kple emegbe tso trɔ̃subɔlawo—me mlɔeba la.—Galatiatɔwo 3:26-29; Efesotɔwo 2:13-18.

10 Abolo eve siwo wonana le Pentekoste-ŋkekea dzi la tsoa lu ƒe nuku gbãtɔwo me. Eya ta esɔ be woyɔ Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la be “eƒe nuwɔwɔ siwo wòtia gbã la dometɔ aɖewo.” (Yakobo 1:18, NW) Wonye ame gbãtɔ siwo wozã Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la na hetsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo, eye esia awɔe be woana wo makumakugbenɔnɔ le dziƒo, afi si woaɖu fia kple Yesu le eƒe Fiaɖuƒea me le. (Korintotɔwo I, 15:53; Filipitɔwo 3:20, 21; Nyaɖeɖefia 20:6) Esi woanɔ ɖoƒe sia ta la, gbe ɖeka ‘woatsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo’ eye woakpɔ eteƒe ‘woagbã Satana ɖe woƒe afɔwo te gudugudu.’ (Nyaɖeɖefia 2:26, 27, NW; Romatɔwo 16:20) Apostolo Yohanes gblɔ be: “Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la, woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.”—Nyaɖeɖefia 14:4.

Ŋkeke Aɖe Si Hea Susu Yia Ðeɖekpɔkpɔ Dzi

11, 12. (a) Nu kae wowɔna le Avuléŋkekea dzi? (b) Viɖe kawoe Israel dukɔa kpɔna tsoa nyi kple gbɔ̃wo tsotso sa vɔe me?

11 Le ɣleti si nye Etanim (si wova yɔ emegbe be Tishri) * ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Israel-viwo ɖua ŋkekenyui aɖe si tsi tre ɖi na ale si woawɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo ŋudɔe. Le ŋkeke ma si nye Avuléŋkeke dzi la, dukɔ blibo la katã va kpea ta be woasa vɔ ɖe yewo ta be woatsɔ alé avu ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta.—Mose III, 16:29, 30.

12 Le Avuléŋkekea dzi la, nunɔlagã la wua nyitsu ɖagbee ɖeka, eye wòhlẽa eƒe ʋu ɖe Nubablaɖakaa ƒe nutsyɔnua ŋgɔ zi adre le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Etoa esia wɔwɔ me tsɔa ʋu la ɖoa Yehowa ŋkume le kpɔɖeŋumɔ nu. Wotoa vɔsa sia dzi léa avu ɖe nunɔlagã la ŋutɔ kple “eƒe aƒe,” nunɔlateviwo kpakple Lewi-viwo ƒe nuvɔ̃wo ta. Emegbe nunɔlagã la tsɔa gbɔ̃tsu eve, eye wòwua ɖeka tsɔ wɔa nuvɔ̃vɔsae ɖe “dukɔa ta.” Ekua gbɔ̃tsu la hã ƒe ʋu ƒe ɖe hlẽna ɖe Nubablaɖakaa ƒe nutsyɔnua ŋgɔ le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Le esia megbe la, nunɔlagã la tsɔa eƒe asiwo kple eveawo ɖoa gbɔ̃tsu evelia ƒe tame heʋua Israel-viwo ƒe nuvɔ̃wo me ɖe edzi. Emegbe enana wokplɔa gbɔ̃tsu sia yia gbedadaƒo henyanɛ ɖona ɖe gbedzi bene wòatsɔ dukɔa ƒe nuvɔ̃wo ayii le kpɔɖeŋumɔ nu.—Mose III, 16:3-16, 21, 22.

13. Aleke nu siwo wowɔna le Avuléŋkekea dzi la tsi tre ɖi na akpa si Yesu wɔna lae?

13 Vɔsa mawo tsi tre ɖi na ale si Nunɔlagã, Yesu, zãa asixɔxɔ si le ye ŋutɔ ƒe ʋu la ŋu tsɔ léa avu ɖe nuvɔ̃wo tae. Gbã la, wozã asixɔxɔ si le eƒe ʋua ŋu na “gbɔgbɔ me aƒekɔ,” si nye Kristotɔ amesiamina 144,000 la, si nana be wobua wo ame dzɔdzɔewoe, eye tenɔnɔ dzadzɛ sua wo si le Yehowa ŋkume. (Petro I, 2:5; Korintotɔwo I, 6:11) Esiae nyitsu la tsɔtsɔ sa vɔe tsi tre ɖi na. To esia dzi la, woʋua mɔ ɖi na wo be woaxɔ woƒe dziƒodomenyinyi la. Evelia, wozãa Yesu ƒe ʋu ƒe asixɔxɔa na ame miliɔn bubu geɖe, siwo ɖea Kristo dzixɔxɔse fiana, si nye nu si gbɔ̃tsu la tsɔtsɔ sa vɔe tsi tre ɖi na. Woatsɔ agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba sia dzi, si nye domenyinu si Adam kple Xawa tsɔ ƒu gbe la ayra ame siawo. (Psalmo 37:10, 11) Yesu nɔa te ɖe eƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi la dzi tsɔa ameƒomea ƒe nuvɔ̃wo heyinae, abe ale si ko gbɔ̃tsu gbagbe la tsɔa Israel-viwo ƒe nuvɔ̃wo yina gbedzi le kpɔɖeŋumɔ nui ene.—Yesaya 53:4, 5.

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Yehowa Ŋkume

14, 15. Nu kae wowɔna le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi, eye nu ka dzie esia ɖoa ŋkui na Israel-viwo?

14 Le Avuléŋkekea megbe la, Israel-viwo ɖua Agbadɔŋkekenyui, si nye azã si dzi wokpɔa dzidzɔ le wu le Yudatɔwo ƒe ƒe bliboa me. (Mose III, 23:34-43) Ŋkekenyui ma dzea egɔme tso ɣleti si nye Etanim ƒe ŋkeke 15 lia dzi va se ɖe 21 lia dzi, eye woƒoa eta le ŋkeke 22 lia dzi kple takpekpe kɔkɔe. Esia nyea avawo ɖoɖo alo nukuwo nuƒoƒoƒu ƒe nuwuwu, eye enye ɣeyiɣi si me wodaa akpe na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gbogboawo ta. Le susu ma ta la, Yehowa gblɔ na azãɖulaawo be: “Yehowa, wò Mawu la, ayra wò le nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, kple wò asinudɔwo katã me, eye [dzidzɔ sɔŋ koe nàkpɔ].” (Mose V, 16:15) Esia anya nye dzidzɔɣeyiɣi gã aɖe ŋutɔ!

15 Le ŋkekenyui ma ɖuɣi la, Israel-viwo nɔa agbadɔwo me ŋkeke adre sɔŋ. Wotoa esia dzi ɖoa ŋku edzi na wo be wonɔ agbadɔwo me kpɔ le gbeadzi. Ŋkekenyuia nana mɔnukpɔkpɔ geɖe sua wo si be woade ŋugble le Yehowa ƒe beléle na wo abe fofo lɔ̃ame ene ŋu. (Mose V, 8:15, 16) Esi wònye be wo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaae nɔa agbadɔ ɖeka tɔgbe me ta la, eɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be, le ŋkekenyuia ƒe ɣeyiɣi sia me la, yewo katã yewole tasɔsɔ me.—Nexemya 8:14-16.

16. Nu kae Agbadɔŋkekenyui la tsi tre ɖi na?

16 Agbadɔŋkekenyui la nye avaɖoɖoŋkekenyui, si nyea nukuwo nuƒoƒoƒu le dzidzɔ gã aɖe me, eye etsi tre ɖi na ame siwo ɖea Yesu Kristo dzixɔxɔse fiana la nuƒoƒoƒu le dzidzɔ gã me. Wodze ame siawo nuƒoƒoƒu gɔme tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, esime wosi ami na Yesu ƒe nusrɔ̃la 120-awo be woanye “nunɔlanyenye kɔkɔe” la me tɔwo. Abe ale si Israel-viwo nɔa agbadɔwo me hena ŋkeke ʋɛ aɖewo ene la, amesiaminawo hã nyae be “amedzrowo” ko yewonye le xexe mavɔ̃mawu sia me. Dziƒomɔkpɔkpɔe le wo si. (Petro I, 2:5, 11) Kristotɔ amesiaminawo nuƒoƒoƒua le eƒe nuwuwu ɖom le “ŋkeke mamlɛ” siawo me, esime wole ame 144,000-awo ƒe ame mamlɛawo nu ƒom ƒu.—Timoteo II, 3:1.

17, 18. (a) Nu kae ɖee fia be, to vovo na Kristotɔ amesiaminawo la, Yesu ƒe vɔsaa ɖea vi na ame bubuwo hã? (b) Ame kawoe egbegbe Agbadɔŋkekenyuia le vi ɖem na, eye ɣekaɣie dzidzɔŋkekenyui sia aɖo etaƒoƒo keŋkeŋ?

17 Enyo be míade dzesii be, le Agbadɔŋkekenyui sia ɖuɣi la, wotsɔa nyitsu 70 saa vɔe. (Mose IV, 29:12-34) Xexlẽme 70 nye 7 teƒe 10, eye wonye xexlẽdzesi siwo tsi tre ɖi na dziƒo kple anyigba dzi nuwo ƒe blibonyenye le Biblia me. Eya ta Yesu ƒe vɔsaa aɖe vi na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒe siwo dzɔ tso Noa ƒe ƒome 70-awo katã me la. (Mose I, 10:1-29) Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, amewo nuƒoƒoƒu le míaƒe ɣeyiɣia me keke ɖe enu lɔ ame siwo tso dukɔwo katã me, siwo ɖea Yesu dzixɔxɔse fiana, eye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le wo si la, ɖe eme.

18 Apostolo Yohanes kpɔ egbegbe amewo nuƒoƒoƒu sia le ŋutega me. Gbã la, esee woɖe gbeƒã ame 144,000-awo ƒe ame susɔeawo nutetre. Emegbe la, ekpɔ “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o,” la nɔ tsitre ɖe Yehowa kple Yesu ŋkume, eye “wolé deʋayawo ɖe asi.” Ame siawo nye “amesiwo do go tso xaxa gã la me,” yi ɖe xexe yeyea me. Fifia la, amedzrowo ko woawo hã wonye le nuɖoanyi xoxo sia me, eye wole mɔ kpɔm kakaɖedzitɔe na ɣeyiɣi si me “alẽvi . . . la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ.” Le ɣemaɣi la, “Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.” (Nyaɖeɖefia 7:1-10, 14-17) Amewo nuƒoƒoƒu sia, si nye egbegbe Agbadɔŋkekenyui la aɖo etaƒoƒo keŋkeŋ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu esime woana agbe mavɔ amehã gã la kpakple ame siwo woafɔ ɖe tsitre ɣemaɣi la katã.—Nyaɖeɖefia 20:5.

19. Aleke ŋkekenyui siwo woɖu le Israel me dzodzro ɖea vi na míi?

19 Ne míedea ŋugbe le gɔmesese si le blema Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo ŋu ŋuti la, ‘dzidzɔ sɔŋ koe míawo hã míakpɔ.’ Kpɔɖeŋu siwo Yehowa wɔ tsɔ ɖe ale si eƒe nya si wògblɔ ɖi le keke Eden-bɔa me ke ava emee fia la doa dzidzɔ na ame ŋutɔ, eye ale si wole eme vam ŋutɔŋutɔ vivivi la teƒekpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe. Egbea la, míenya be Dzidzimevi la do, eye be woɖu afɔkpodzi nɛ xoxo. Fifia ezu Fia le dziƒo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame 144,000-awo dometɔ akpa gãtɔ wɔ nuteƒe yi ɖase ɖe ku me xoxo. Ke nu kae gakpɔtɔ? Aleke gbegbee nyagblɔɖia me vava keŋkeŋ tu aƒee? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Nisan ƒe ɣletia sɔ kple March/April le ɣletigbalẽ si míezãna egbea dzi.

^ mm. 7 Le abolo ʋaʋã eve, siwo wotsɔna vɛ wonyèna gome la, zi geɖe la, nunɔlaa tsɔa aboloawo dea eƒe asiƒome hedoa eƒe abɔwo ɖe dzi henɔa wonyèm yia ɖusi kple mia me. Wonyènye alea tsi tre ɖi na vɔsanu siawo tsɔtsɔ ɖo Yehowa ŋkume.—Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 528 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 850). Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 11 Etanim, alo Tishri, sɔ kple September/October le ɣletigbalẽ si míezãna egbea dzi.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu kae Ŋutitotolẽvi la tsi tre ɖi na?

• Amewo nuƒoƒoƒudɔ kae Pentekoste-ŋkekenyui la nye kpɔɖeŋu na?

• Nu kawoe wowɔna le Avuléŋkekea dzi siwo he susu yi ale si woawɔ Yesu ƒe tefevɔsaa ŋudɔe dzi?

• Mɔ ka nue Agbadɔŋkekenyui la nye kpɔɖeŋu na Kristotɔwo nuƒoƒoƒu le?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 22, 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nudzɔdzɔ: Nu si wònye

kpɔɖeŋu na:

Ŋutitoto-ŋkekenyu Nisan 14 Ŋutitotolẽvia

wuwu Yesu tsɔtsɔ

sa vɔe

Abolo Maʋãmaʋ Nisan 15 Sabat

(Ŋkekenyui Nisan 16 Lu tsɔtsɔ na Yesu fɔfɔ

ɖe tsitre

Nisan 15-21)

Ŋkeke 50

Kwasiɖawo ƒe Abolo eve Yesu tsɔ nɔvia

Ŋkekenyui Sivan 6 tsɔtsɔ na amesiaminawo ɖo

(Pentekoste) Yehowa ŋkume

Avuléŋkeke Tishri 10 Nyi ɖeka kple Yesu tsɔ eƒe ʋu

gbɔ̃ eve tsɔtsɔ ƒe asixɔxɔ na ɖe

sa vɔe ameƒomea katã ta

Agbadɔŋkekenyui Tishri 15-21 Israel-viwo nɔ Amesiamianawo

(Nukuwo Nuƒoƒoƒu, agbadɔwo me eye kple “ameha gã”

Agbadɔwo) wokpɔ dzidzɔ le nuƒoƒoƒudɔ

nukuwo nuƒoƒoƒu me,

nyi 70 tsɔtsɔ sa vɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la ʋu ɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame geɖe abe ale si wònɔ le Ŋutitotolẽvi la hã ƒe ʋu gomee ene

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Lu ƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo tsɔtsɔ na be woanyè le Nisan 16 lia dzi nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe tsitretsitsi

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Abolo eve siwo wonana le Pentekoste-ŋkekea dzi la tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Agbadɔŋkekenyui la nye kpɔɖeŋu na amesiaminawo kple “ameha gã,” siwo tso dukɔwo katã me la nuƒoƒoƒu le dzidzɔ gã me