Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gilead-sukunuwulawo Xɔ Nufiame Siwo Ʋãa Dzi Na Ame

Gilead-sukunuwulawo Xɔ Nufiame Siwo Ʋãa Dzi Na Ame

Gilead-sukunuwulawo Xɔ Nufiame Siwo Ʋãa Dzi Na Ame

LE SEPTEMBER 9, 2006 dzi la, wowɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 121 lia ƒe sukunuwuwɔnawo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe, si le Patterson, New York. Enye wɔna si de dzi ƒo na ame ale gbegbe.

Le wɔnaa ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ, Geoffrey Jackson, do dzaa na sukunuwula 56-awo kple ame 6,366 siwo tso dukɔ vovovo me va wɔnaa teƒe kpɔ ge la. Edzro Psalmo 86:11 lia me, afi si gblɔ be: “Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!” Nɔviŋutsu Jackson he susu yi nu etɔ̃ siwo dzi kpukpui sia te gbe ɖo la dzi. Egblɔ be: “Nu vevi gbãtɔae nye nufiame, eveliae nye nufiamea dziwɔwɔ, eye etɔ̃liae nye dzidede ƒo be woawɔ nufiamea dzi.” Eyi edzi be: “Nu etɔ̃ siawo le vevie na mi ame siwo woade dɔ asi na abe dutanyanyuigblɔlawo ene la etɔxɛe.” Emegbe, ehe susu yi nuƒo kple gbebiame vovovo siwo akplɔ wo nɔewo ɖo, siwo me woate gbe ɖe nu vevi etɔ̃ siawo dzi le la dzi.

Nufiamenya Tuameɖowo

William Malenfant, si nye ame siwo wɔa dɔ le Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã dometɔ ɖeka la, ƒo nu tso tanya si nye “Agbe Si Nyo Wu Ðe Sia Ðe” la ŋu. Ehe susu yi Maria, si nye Marta nɔvinyɔnu, ƒe kpɔɖeŋua dzi. Gbe ɖeka esi Yesu yi ɖasrã wo kpɔ la, Maria tiae be yeanɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu ahase eƒe nyawo, eye wòtsɔ esia wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. Yesu gblɔ na Marta be: “Maria tia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.” (Luka 10:38-42) Nuƒolaa gblɔ be: “Mibu eŋu kpɔ ko. Maria aɖo ŋku edzi tegbee be yebɔbɔ nɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu hese gbɔgbɔ me nyateƒenya wɔnukuwo le tiatia nyui si wòwɔ ta.” Esi nuƒolaa kafu sukunuwulawo le mawusubɔsubɔ me tiatia nyui si wowɔ ta vɔ megbe la, egblɔ na wo be: “Miaƒe tiatiawo na míeke ɖe agbe si nyo wu ɖe sia ɖe la ŋu.”

Emegbe, Nɔviŋutsu Anthony Morris, si nye Dziɖuhaa me tɔ la, ƒo nu tso tanya si nye “Mido Aƒetɔ Yesu Kristo,” si wotu ɖe Romatɔwo 13:14 dzi la ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Eɖe eme be, ‘Aƒetɔ Yesu Kristo dodo’ fia be míasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo. Esia fia be míasrɔ̃ Yesu ƒe tamesusu kple ale si wòwɔa nui. Nuƒolaa gblɔ be: “Yesu nana amewo ƒe dzi dzea eme, elabena etsɔa ɖe le eme na wo vevie, eye ameawo te ŋu kpɔnɛ dzea sii.” Emegbe nuƒolaa ƒo nu tso sidzedze gbogbo siwo su sukunuwulawo si le woƒe Gilead-sukua dede me la ŋu, abe ale si Efesotɔwo 3:18 gblɔe ene be: ‘Bene miate ŋu adze si nu si nye nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme.’ Gake eɖo ŋku kpukpui 19 lia me nyawo dzi na wo be: “Eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sã la.” Nɔviŋutsu Morris de dzi ƒo na sukunuwulaawo be: “Ne miele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm la, miyi edzi mianɔ ŋugble dem tso ale si miate ŋu asrɔ̃ Kristo le veveseseɖeamenu lɔlɔ̃tɔe me kple ale si miaɖee afia ŋutɔŋutɔ be ‘yewodo Aƒetɔ Yesu Kristo’ la ŋu.”

Gilead-nufialawo Ƒe Aɖaŋuɖoɖo Mamlɛawo

Gilead-nufiala Wallace Liverance ye ƒo nuƒo si kplɔe ɖo, si ƒe tanya wotu ɖe Lododowo 4:7 dzi. Egblɔ be togbɔ be mawumenunya le vevie ŋutɔ hã la, ele be ‘míaƒle gɔmesese,’ si nye ŋkuléle ɖe nu vovovowo ŋu ahakpɔ ƒomedodo si le wo dome la adze sii bene woate ŋu ase nya bliboa gɔme. Nuƒolaa ɖee fia be ne gɔmesese su mía si la, enana míekpɔa dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Nexemya ƒe ɣeyiɣia me la, Lewi-viwo ‘ɖe se la me,’ eye ‘wona amewo te ŋu se egɔme.’ Emegbe dukɔ la “tu aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.” (Nexemya 8:7, 8, 12) Nɔviŋutsu Liverance ƒo eƒe nuƒoa ta be: “Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la gɔmesese nana wokpɔa dzidzɔ.”

Tanya si ŋu Gilead-nufiala bubu si nye Mark Noumair ƒo nu tsoe nye: “Ame Ka Tututue Nye Wò Futɔ?” Le aʋawɔɣiwo la, asrafo geɖe kuna le esi woa ŋutɔwo ƒe asrafoha me tɔwo ƒe tukpewo va lɔ wo ta. Nuƒolaa bia be: “Ke alekee wòle le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele la gome? Ne míekpɔ nyui o la, míate ŋu atɔtɔ le ame si tututu futɔ la nye gome ahado afɔku mía ŋutɔ mía nɔviwo.” Ŋuʋaʋã ate ŋu ana ame geɖe natɔtɔ le ame si futɔ la nye ŋuti. Ŋuʋaʋã na be Fia Saul di be yeawu Dawid, si nye ehavi tadeagula, evɔ futɔ la ŋutɔŋutɔe nye Filistitɔwo. (Samuel I, 18:7-9; 23:27, 28) Emegbe, nuƒolaa yi edzi bia be: “Ke ne miele subɔsubɔm kple dutanyanyuigblɔla bubu si bi le nu geɖe wɔwɔ me wu mi ɖe? Ðe nàtsɔ nyatɔamewo ado afɔku nɔviwòa, alo ɖe nàdze agbagba awɔ ŋutifafa kplii, le esi wònye nyateƒe be ame bubuwo abi wu wò le nu vovovowo me kokoko la ta? Ðeko dzitsitsi ɖe mía nɔviwo ƒe blibomademade nuwɔnawo ŋu akpa ana be míagava kpɔ míaƒe futɔ la ŋutɔŋutɔ adze sii o. Mikpe akɔ kple Satana, si nye futɔ la ŋutɔ.”

Nuteƒekpɔkpɔ Lédzinamewo Kple Gbebiame Tuameɖowo

Gilead-nufiala Lawrence Bowen ye ƒo nuƒo si kplɔe ɖo, si ƒe tanyae nye, “Wɔ Nyanyuigblɔla Ƒe Dɔ,” si me gbebiame kple nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ nɔ. Nuƒolaa gblɔ be: “Dutanyanyuiegblɔla siwo wonaa hehe le Gilead-sukua ƒe dɔ vevitɔe nye be woakaka nyanyuia, eye sukunuwula siawo hã wɔe nenema le afi sia afi si wonya kpɔ amewo le ko.” Wowɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖewo ƒe wɔwɔfiawo.

Nɔviŋutsu Michael Burnett kple emegbe Nɔviŋutsu Scott Shoffner, siwo katã nye Betel-ƒomea me tɔwoe kpɔ ɖoɖowɔɖia ƒe akpa eve siwo kplɔe ɖo la dzi. Wobia gbe Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo tso Australia, Barbados, Korea, kple Uganda. Alɔdzekɔmiti me tɔawo ƒe numeɖeɖewo ɖe agbagba siwo wodzena hafi te ŋu kpɔa dutanyanyuigblɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ la fia; esia lɔ woƒe nɔƒe kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ɖe eme. Alɔdzekɔmiti me tɔawo te gbe ɖe edzi be dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo nyea esiwo lɔ̃na faa trɔna ɖe nutoa me ƒe nɔnɔmewo ŋu.

Etaƒoƒo Dedziƒoname Aɖe

Nɔviŋutsu John E. Barr, si nye Dziɖuhaa me tɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe lae ƒo sukunuwuwɔnaa ƒe nuƒo vevitɔ si ƒe tanyae nye: “Mivɔ̃ Mawu, Eye Mitsɔ Ŋutikɔkɔe Nɛ.” Edzro Nyaɖeɖefia 14:6, 7 me, afi si xlẽ be: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo . . . katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.”

Nɔviŋutsu Barr xlɔ̃ nu sukunuwulaawo be woaɖo ŋku nu vevi etɔ̃ siwo dze le Mawudɔlaa ƒe nyaawo me la dzi. Gbãtɔe nye be, ele na mawudɔlaa be wòaɖe gbeƒã nyanyui mavɔ la be Kristo le dzi ɖum fiafia le Fiaɖuƒeŋusẽ blibo me. Nuƒolaa gblɔ be: “Míeka ɖe edzi bliboe be woɖo Yesu zi dzi le ƒe 1914 me. Eya ta ele be míaɖe gbeƒã dzidzɔnya sia le anyigba katã dzi.” Evelia, mawudɔlaa gblɔ be: “Mivɔ̃ Mawu.” Nuƒolaa ɖe eme be ele na sukunuwulaawo be woakpe ɖe woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woasrɔ̃ ale si woade bubu deto Mawu ŋu, ale be woagawɔ naneke si medzea eŋu o. Etɔ̃lia, mawudɔlaa de se be: ‘Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu.’ Exlɔ̃ nu sukunuwulaawo be: “Migaŋlɔ be gbeɖe o be ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu tae míesubɔ nɛ ɖo, ke menye bubudidi na mía ɖokuiwo o.” Emegbe esi Nɔviŋutsu Barr nɔ nu ƒom tso ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒoa’ ŋu la, egblɔ be: “Ɣeyiɣi sue si susɔ be woahe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛa vɛ la le vɔvɔm. Amewo ƒe agbe le afɔku me. Ame geɖewo gakpɔtɔ le míaƒe anyigbamamawo me, siwo wòhiã na be woase nyanyuia hafi wòatsi megbe akpa.”

Esi sukunuwula 56-awo yi edzi le ŋugble dem tso nya siawo ŋu la, wotsɔ woƒe sukunuwuwu ɖaseɖigbalẽwo na wo, eye woɖo wo ɖe anyigba ƒe seƒewo ke. Aɖaŋuɖoɖo ʋãme siwo wona le dzidzɔŋkeke ma dzi la de dzi gbɔ na sukunuwulawo kple vavalawo katã.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 6

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 25

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 56

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 35.1

Ƒe si wole nyateƒea me le mama didie nu: 18.3

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama didie nu: 13.9

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 121 Lia Nuwulawo Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Fox, Y.; Kunicki, D.; Wilkinson, S.; Kawamoto, S.; Consolandi, G.; Mayen, C. (2) Santiago, N.; Clancy, R.; Fischer, M.; de Abreu, L.; Davis, E. (3) Hwang, J.; Hoffman, D.; Wridgway, L.; Ibrahim, J.; Dabelstein, A.; Bakabak, M. (4) Peters, M.; Jones, C.; Ford, S.; Parra, S.; Rothrock, D.; Tatlot, M.; Perez, E. (5) de Abreu, F.; Kawamoto, S.; Ives, S.; Burdo, J.; Hwang, J.; Wilkinson, D. (6) Fox, A.; Bakabak, J.; Cichowski, P.; Forier, C.; Mayen, S.; Consolandi, E.; Wridgway, W. (7) Parra, B.; Perez, B.; Tatlot, P.; Santiago, M.; Ibrahim, Y.; Kunicki, C. (8) Burdo, C.; Cichowski, B.; Ives, K.; Ford, A.; Rothrock, J.; Hoffman, D.; Davis, M. (9) Peters, C.; Dabelstein, C.; Jones, K.; Clancy, S.; Fischer, J.; Forier, S.