Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nèbuna Be Enye Dzidzedzekpɔkpɔ?

Nu Kae Nèbuna Be Enye Dzidzedzekpɔkpɔ?

Nu Kae Nèbuna Be Enye Dzidzedzekpɔkpɔ?

AME geɖe bunɛ be Jesse Livermore ye nye Wall Street asitsaƒe gã la ƒe gasitsala gãtɔ kpɔdzidzedze si nɔ anyi kpɔ. Wonyae ɖe asitsatsa me nyametsotso nyui siwo wòwɔna ta. Esia wɔe be eƒo kesinɔnu gbogbo aɖe nu ƒu na eɖokui. Edoa awu siwo nyea dzi kple anyi tɔxɛ, siwo awutɔla bibiwo ɖeɖeko tɔna; aƒe gã aɖe, si me xɔnu 29 le lae nɔ esi, eye ʋu xɔasi, si nye Rolls-Royce yibɔ aɖe mee ye ŋutɔ ƒe ʋukula kɔnɛ ɖo.

David * hã ɖoe be yeakpɔ dzidzedze nenema ke. Enye adzɔha gã aɖe, si nye agbalẽtaƒe gã aɖe, ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ kpakple dɔdzikpɔlagã, eye esusɔ vie wòava zu adzɔhaa ƒe dɔwɔƒe siwo le nuto aɖe me ƒe zimenɔla. Edi be kesinɔnu nasu ye si eye yeaxɔ ŋkɔ. Gake David vawɔ nyametsotso aɖe si wɔe be wòva ɖe asi le dɔa ŋu. Egblɔ be: “Menyae be dɔdzikpɔlagã ƒe ɖoƒe magasu asinye gbeɖe o.” Èsusu be vodadae wònye David wɔa?

Ame geɖe xɔe se be dzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖe kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, alo gãnyenye dzi. Gake ame siwo kpɔa dzidzedze le ŋutilãme kura gɔ̃ hã gakpɔtɔ dea dzesii be nane hiã yewo kokoko, eye wokpɔnɛ be ehiã be yewoanya gɔmesese kple tameɖoɖo si le agbe ŋu. Edze ƒã be nenemae wònɔ le Aƒetɔ Livermore hã gome. Togbɔ be kesinɔnu geɖe nɔ esi hã la, eƒe agbe me yɔ fũ kple dzigbãnyawo, afɔkuwo, kple konyifafa. Eléa blanui vevie, eƒe srɔ̃ɖeɖewo me gblẽ, eye ƒomedodo kplikplikpli menɔ woa kple viaŋutsuwo dome o. Mlɔeba, esi kesinɔnu geɖe bu na Aƒetɔ Livermore megbe la, gbe ɖeka, eyi ɖanɔ amedzrodzeƒe xɔŋkɔ aɖe ƒe ahanoƒe hefa konyi vevie le eƒe nunɔamesi siwo dome gblẽ la ta. Edze aha vivi aɖe henɔ nonom, emegbe eɖe eƒe nuŋlɔɖigbalẽ si ŋu wofa lãgbalẽ ɖo la do goe, eye wòŋlɔ nyuidiname ƒe nyatakaka ʋɛ aɖewo ɖe eme na srɔ̃a. Esi wòno ahaa vɔ la, etso hege ɖe xɔ si me amedzrowo ɖea woƒe awudziwu dana ɖo, si me tsyɔ vie la me, eye wòɖe ye ŋutɔ ƒe agbe ɖa nublanuitɔe.

Togbɔ be nu siwo gbɔ ameɖokuiwuwu tsona gɔmesese sesẽna hã la, nudzɔdzɔ sia ɖe Biblia me nya siawo ƒe nyateƒenyenye fia, bena: ‘Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, tsɔa nuxaxa geɖe ŋɔa wo ɖokui flofloflo.’—Timoteo I, 6:9, 10.

Ðe wòanye be ame siwo bunɛ be kesinɔnu, ɖoƒe, kple gãnyenye dzie dzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖo la ƒe nuŋububu mesɔ oa? Ðe nèbua ɖokuiwò be nu dze edzi na ya? Nu ka tae nèbunɛ nenema? Nu ka dzie nènɔa te ɖo tsoa nya me le nu si tututu dzidzedzekpɔkpɔ nye la ŋu? Nu kae kpɔa ŋusẽ ɖe wò nukpɔsusu le nu si nye dzidzedzekpɔkpɔ ŋu dzi? Nyati si gbɔna adzro aɖaŋuɖoɖo aɖe si le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖe ŋu ɣeyiɣi didi aɖee nye sia wokpɔa dzidzedze la me. Nà míakpɔ ale si wò hã nàwɔ akpɔ dzidzedzee ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.