Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Amenutetre kae wowɔnɛ le Nyaɖeɖefia 7:3?

Nyaɖeɖefia 7:1-3 xlẽ be: “Mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo ɖe ati aɖeke dzi o. Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena: Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.”

Ne woɖe asi le “yaƒoƒo eneawo” ŋu la, nu si ado tso emee nye “xaxa gã la,” si anye alakpasubɔsubɔ kple xexeme vɔ̃ɖi sia ƒe akpa mamlɛawo tsɔtsrɔ̃ɖa. (Nyaɖeɖefia 7:14) “Mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo” nye Kristo nɔvi amesiamina siwo le anyigba dzi. (Petro I, 2:9, 16) Eya ta nyagblɔɖi sia le fiafiam be, Kristo nɔvi amesiaminawo nutetre awu enu keŋkeŋ hafi xaxa gã la nadze egɔme. Gake mawunyakpukpui bubuwo ɖee fia be amesiaminawo nutetre aɖe doa ŋgɔ na esia. Eya tae ɣeaɖewoɣi la, míeƒoa nu tso wo nutetre gbãtɔ kple wo nutetre mamlɛtɔ ŋu ɖo. Vovototo kae le woa kple evea dome?

Mina míabu gɔmesese si le nyagbe ‘tre enu’ ŋuti kpɔ. Le blema ɣeyiɣiwo me la, nutrenu nye nane alo dɔwɔnu aɖe, si wozãna tsɔ wɔa dzeside ɖe agbalẽ dzi. Ate ŋu afia dzeside la ŋutɔ hã. Le ŋkeke mawo me la, enye nuwɔna si bɔ ŋutɔ be wowɔa dzeside ɖe agbalẽ aɖe dzi alo ɖe nu bubuwo ŋu tsɔ fiaa eƒe nuvãnyenye alo ame si tɔ wònye.—Fiawo I, 21:8; Hiob 14:17.

Paulo tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea sɔ kple nutrenu, esi wògblɔ be: “Mawue nye ame si ɖo kpe edzi be mía kple miawo míenye Kristo tɔ, eye eyae si ami na mí. Etre mía nu hã, eye wòna nu si ava va la ƒe kpeɖodzi sue aɖe mí, si nye gbɔgbɔ la, le míaƒe dziwo me.” (Korintotɔwo II, 1:21, 22, NW) Eya ta Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristotɔ siawo tsɔ de dzesi wo be, yetɔe wonye.

Gake mɔ eve nue wotrea amesiaminawo nu le. Amenutetre gbãtɔa to vovo na amenutetre mamlɛtɔa; (1) nye amenutetre le tameɖoɖo nu, eye (2) nye amenutetre le ɣeyiɣi nu. Amenutetre le gɔmesese gbãtɔa nu fiana be wotia ame yeye aɖe kpe ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu. Ame sia si wotia la nutetre le gɔmesese mamlɛtɔa nu nyea kpeɖoɖo edzi be eɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia keŋkeŋ ale si dze. Ɣemaɣi ko, le amenutetre mamlɛa me, hafi woatre amesiamina la ‘ƒe ŋgonu’ ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, si nye dzesidede eyama keŋkeŋ azɔ abe ame si wodo kpɔ kple ‘mía Mawu ƒe dɔtsɔla’ wɔnuteƒe ene. Amenutetre mamlɛtɔ siae nye esi ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 7 lia me.—Nyaɖeɖefia 7:3.

Ku ɖe ɣeyiɣi si wowɔa amenutetre gbãtɔa ŋu la, apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Mɔkpɔkpɔ nɔ miawo hã mia si le eyama me le nyateƒenya la, si nye miaƒe xɔxɔ ŋuti nyanyuia, sese vɔ megbe. Ame sia dzi kee woto tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo la tre mia nu le esi [miexɔ] se vɔ megbe.” (Efesotɔwo 1:13, 14NW) Biblia me nuŋlɔɖiwo ɖee fia kɔte le go geɖe me be, esime ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo se nyanyuia eye wozu Kristo dzi xɔselawo megbe teti koe wotrea wo nu. (Dɔwɔwɔwo 8:15-17; 10:44) Amenutetre sia ɖea Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe woamawo ŋu fiana. Gake mefiana Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu bliboe o. Nu ka tae?

Paulo gblɔ le Kristotɔ amesiaminawo nutetre ŋuti be, “[wotre] mia nu hena ŋkeke si dzi woato tafe dzi aɖe mi la.” (Efesotɔwo 4:30NW) Esia ɖee fia be ɣeyiɣi aɖe va yina, zi geɖe la enyea ƒe geɖe, le amenutetre gbãtɔa megbe. Ehiã be amesiaminawo nayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi tso ŋkeke si dzi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe tre wo nu va se ɖe ‘ŋkeke si dzi woaɖe wo’ tso woƒe luʋɔŋutilã si me—si fia be, va se ɖe woƒe ku me. (Romatɔwo 8:23; Filipitɔwo 1:23; Petro II, 1:10) Eya tae le Paulo ƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu ko hafi wòte ŋu gblɔ be: “Ʋiʋli nyuie lae meʋli, mewu duƒuƒu la nu, melé xɔse la me ɖe asi. Tso fifia dzi la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam.” (Timoteo II, 4:6-8NW) Gakpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame aɖe be: “Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!”—Nyaɖeɖefia 2:10; 17:14.

Nya si nye ‘fiakuku’ gana kpeɖodzi bubu be ɣeyiɣi tsoa amenutetre gbãtɔa kple mamlɛtɔa dome. Nu ka tae? Le blemaɣeyiɣiwo me la, enye kɔnu be wonana dziɖuɖukuku duƒula si ɖu dzi le duɖimekeke aɖe me. Hafi wòaxɔ dziɖuɖukukua la, menye ɖeko wòadze dua ƒuƒu gɔme ko evɔ o. Ele be wòaƒu dua yi ɖase ɖe nuwuwu. Nenema kee, ne Kristotɔ amesiaminawo ku kutri le woƒe duƒuƒua katã me—tso amenutetre gbãtɔa dzi yi ɖase ɖe amenutetre mamlɛtɔa dzi—ko hafi woana wo agbefiakuku, si nye makumakugbenɔnɔ le dziƒo.—Mateo 10:22; Yakobo 1:12.

Ɣekaɣie woatre Kristotɔ amesiamina susɔeawo, siwo nu wotre le mɔ gbãtɔa nu xoxo la, nu keŋkeŋ? Woatre wo dometɔ ɖe sia ɖe, si gakpɔtɔ le agbe le anyigba dzi la ‘ƒe ŋgonu’ hafi xaxa gã la nadze egɔme. Woatre gbɔgbɔ me Israel me tɔwo katã nu keŋkeŋ hafi woaɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe yaƒoƒo eneawo ŋu togbɔ be wo dometɔ ʋɛ aɖewo akpɔtɔ anɔ agbe le anyigba dzi, eye wòle nawo be woawu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu gɔ̃ hã.