Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me

Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me

Agbemeŋutinya

Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me

Abe Ale Si Paul Kushnir Gblɔe Ene

LE ƑE 1897 me la, danye dzilawo ʋu tso Ukraine yi ɖanɔ Canada le afi si gogo du si nye Yorkton, le Saskatchewan. Wokplɔ wo vi ene—ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi ɖeka—ɖe asi yii. Le ƒe 1923 me la, nyɔnuvia, si ŋkɔe nye Marinka, va zu danye; nyee nye eƒe vi adrelia. Ɣemaɣi la, tomefafa nɔ anyi eye agbenɔnɔ mesesẽ o. Nuɖuɖu siwo me nunyiame le kple vuvɔmewuwo nɔ mía si, eye dziɖuɖua kpɔa amewo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Aƒelikawo hã kpea asi ɖe dɔ ŋu na ame. Le ƒe 1925 ƒe vuvɔŋɔli la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefowo tsã la, dometɔ ɖeka va srã mí kpɔ. Eƒe sasrãkpɔa ʋã mí míewɔ tiatia siwo ta míegadaa akpe ɖo egbea kokoko.

Biblia Me Nyateƒea Ge Ðe Mía Ƒeme

Dada xɔ agbalẽvi aɖewo le Biblia Nusrɔ̃vi la si, eye eteƒe medidi hafi wòde dzesii be nyateƒeae nye ma o. Ewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1926 me. Esi Dada va zu Biblia Nusrɔ̃vi la, esia wɔe be ale si míaƒe ƒomea bua agbee la trɔ keŋkeŋ. Míaƒe aƒeme va zu amedzroxɔƒe. Dzikpɔla mɔzɔlawo, siwo woyɔna tsã be xɔsetamɔzɔlawo, kple Biblia Nusrɔ̃vi bubuwo va dzea mía ƒeme edziedzi. Le ƒe 1928 me la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe va ɖe “Eureka Drama,” si nye “Xexeamewɔwɔ Ƒe Fotoɖeɖefia” ƒe totoɖeme fia mi. Eɣe akpɔkplɔ wɔwɔe aɖe, si ne womiae ko wòɖea gbe la le mí ɖeviwo si. Ne enya mia akpɔkplɔa ko la, efia be ɣeyiɣi de be wòaɖe foto bubu afia. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be ezã míaƒe akpɔkplɔa le fotoɖeɖefiaa me!

Dzikpɔla mɔzɔla si ŋkɔe nye Emil Zarysky, tsɔa eƒe agbatsɔʋu si wògazãna abe xɔdɔme ene la va srãa mí kpɔ edziedzi. Ɣeaɖewoɣi la, ekplɔa via ŋutsu tsitsi ɖe asi, ame si dea dzi ƒo na mí ɖeviwo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa alo mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Mɔɖela geɖewo hã va dzea mía ƒeme. Gbe ɖeka, dada ɣe dziwui aɖe na mɔɖela aɖe esime wònɔ etɔ tɔm nɛ. Esi wòle dzodzo ge la, eŋlɔ be tsɔe dzoe. Eteƒe didi vie hafi wòɖoe ɖa heŋlɔ kukuɖelɛta kpe ɖe eŋu. Eŋlɔ ɖe eme be yemekpɔ ga home si yeatsɔ aposui o. Ðe míawo míedi be awua nazu etɔ hafi! Enye nye didi be gbe ɖeka, ne nye hã mate ŋui la, manɔ abe mɔɖela siawo siwo tsɔa wo ɖokui saa vɔe alea ene. Medaa akpe ɖe Dada ƒe amedzrowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si he yayra geɖe va míaƒe agbe me, eye wòtu míaƒe lɔlɔ̃ na nɔviwo ƒe habɔbɔa ɖo la ta.—Petro I, 4:8, 9.

Papa ya meva zu Biblia Nusrɔ̃vi o; ke hã, metsi tre ɖe mía ŋu o. Le ƒe 1930 me la, eɖe mɔ gɔ̃ hã be nɔviwo nawɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ le eƒe agbadɔxɔ gã la me. Togbɔ be ƒe adre koe mexɔ ɣemaɣi hã la, dzidzɔ kple bubu si nɔ wɔnaa ŋu wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nublanuitɔe la, Papa ku le ƒe 1933 me. Togbɔ be Dada zu ahosi eye wòle nɛ be wòanyi vi enyi sɔŋ hã la, eƒe kutrikuku be yeana míalé tadedeagu vavãtɔa me ɖe asi me megbɔdzɔ vie gɔ̃ hã o. Ekplɔam dea kpekpeawo. Ɣemaɣi la, ewɔna nam be míenɔa kpekpeawo wòdidina akpa, eye medina be maɖawɔ ɖeka kple ɖevi bubu siwo wo dzilawo ɖea mɔ na wofena le gota la. Gake le bubu si medea Dada ŋu ta la, menɔa anyi le kpekpeawo me. Zi geɖe ne Dada le nu ɖam la, eyɔa mawunyakpukpui aɖe me nyawo hebiaam be afi kae wòle le Biblia me hã. Le ƒe 1933 me la, míaƒe nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ, eye Dada zã ga si wòkpɔ ɖe edzi la tsɔ ƒle ʋu aɖe. Aƒelika aɖewo he nya ɖe eŋu be egblẽ ga la dome, gake eya xɔe se be ʋua akpe ɖe mía ŋu le teokrasidɔwo wɔwɔ me. Eye etɔ dzɔ.

Amewo Kpe Ðe Ŋunye Mewɔ Tiatia Nyuiwo

Ne sɔhɛ le tsitsim la, eva ɖoa ɣeyiɣi aɖe si me wòhiãna le be wòawɔ nyametsotso si akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe etsɔme dzi. Esi ɣeyiɣi ma ɖo na nɔvinyenyɔnu tsitsiawo, Helen kple Kay la, wote mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye John Jazewsky, si nye ɖekakpui ɖɔʋu aɖe la va dze mía ƒeme ɣeaɖeɣi. Dada bia tso John si be wòanɔ anyi hena ɣeyiɣi aɖe bena wòakpe ɖe mía ŋu le agbledɔwo wɔwɔ me. Emegbe John ɖe Kay, eye wosubɔ abe mɔɖelawo ene le teƒe si medidi boo tso mia gbɔ o. Esime mexɔ ƒe 12 la, wokpem be mava wɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa kpli yewo le nye sukumɔkeɣi. Ema na mɔnukpɔkpɔm meɖɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mía kple nɔvinyeŋutsu John míekpɔa agbledɔawo dzi ale si míate ŋui. Ema naa mɔnukpɔkpɔ Dada wòzãa dzomeŋɔliɣletiawo tsɔ subɔna abe ame siwo míeyɔna egbea be kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ene. Ezãna keke si zɔna afɔ eve dzi, si sɔ ɖeka hena la. Togbɔ be Papa na ŋkɔ sɔ tsitsi masenu sia be Saul hã la, Dada ya kpɔe be enye lã si woate ŋu amla bɔbɔe. Mía kple nɔvinyeŋutsu John míelɔ̃a agbledɔwɔwɔ ŋutɔ, gake ɣesiaɣi si Dada gbɔ tso gbeadzi hegblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔwo na mí la, ale si míelɔ̃ agbledɔa wɔwɔ la dzi ɖena kpɔtɔna, eye míeva nɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ lɔ̃m geɖe wu. Le ƒe 1938 me la, medzi nye subɔsubɔdɔa ɖe edzi, eye meva xɔ nyɔnyrɔ le February 9, 1940, dzi.

Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, woɖom hamesubɔlae. Mekpɔa hamea ƒe nuŋlɔɖiwo dzi, eye ɣesiaɣi si mede dzesii be míekpɔ dzidziɖedzi la, dzi dzɔam ŋutɔ. Anyigbamama nɔ nye ŋutɔ asinye le du aɖe si didi tso mía gbɔ kilometa 16 me, afi si meyina ɖea gbeƒã le. Le vuvɔŋɔliwo la, mezɔna yia afi ma kwasiɖa ɖe sia ɖe, eye metsia ƒome aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyawo ŋu la ƒe xɔtaxɔe me dɔna ŋkeke ɖeka alo eve. Le dzeɖoɖo kple Luther-sɔlemeha ƒe mawunyagblɔla aɖe—si me nyemeɖe tufafa fia le ale o—megbe la, edo ŋɔdzi nam be yeana kpovitɔwo nalém ne nyemeɖe asi le yeƒe alẽawo ŋu o. Gake ema kurae na megaɖoe kplikpaa be mayi edzi aɖe gbeƒã na ameawo.

Le ƒe 1942 me la, nɔvinyenyɔnu Kay kple srɔ̃a John, wowɔ ɖoɖo be yewoade takpekpe aɖe le Cleveland, Ohio, le United States (États-Unis). Edo dzidzɔ nam be wokpem be mayi kpli yewo. Nu siwo do dzidzɔ nam wu le nye agbe me la dometɔ ɖekae nye takpekpe ma. Edo ŋusẽm melé taɖodzinu siwo le asinye la me ɖe asi. Esime Nɔviŋutsu Nathan Knorr, ame si xɔ ŋgɔ le xexeame katã ƒe dɔa me ɣemaɣi la ɖe gbeƒã amekpekpe ʋãme aɖe be wohiã mɔɖela 10,000 la, metso nya me le afi ma enumake be manɔ wo dome godoo!

Le January 1943 me la, Nɔviŋutsu Henry, si nye subɔla mɔzɔla aɖe la va srã míaƒe hamea kpɔ. Eƒo nuƒo ʋãme aɖe si de dzo mí katã mía me. Le ŋkeke si do ŋgɔ na eƒe nuƒoa dzi la, yame fa miamiamia va ɖo fafadzidzeme Celsius 40, eye dzieheɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe na wògafa ɖe edzi. Zi geɖe la, xɔmee míenɔna le vuvɔwɔɣi ma tɔgbe, gake Henry di vevie be yeayi gbeadzi. Eya kple ame bubuwo tsɔ sɔkeke si tame woxe, si me mlekpui aɖe si me wodoa dzo ɖo le la, eye woyi ɖaɖi ɖase le kɔƒe aɖe si gbɔ didi kilometa 11 la me. Ke nye ya nye ɖeka meyi ɖasrã ƒome aɖe si me ŋutsuvi atɔ̃ le la kpɔ. Wolɔ̃ be manɔ Biblia srɔ̃m kpli yewo, eye le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova xɔ nyateƒea.

Gbeƒãɖeɖe Le Mɔxeɖenu Te

Le Xexemeʋa II lia wɔɣi la, woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu le Canada. Ele be míaɣla míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, eye teƒe geɖe nɔ míaƒe agbleme míaɣla wo ɖo. Kpovitɔwo vana mía ƒeme enuenu va dia míaƒe agbalẽawo, gake womeke ɖe ɖeke ŋu kpɔ o. Ne míele gbeƒã ɖem la, Biblia dzaa koe míazãna. Míekpena le ƒuƒoƒo suesuesuewo me, eye wotia mía kple nɔvinyeŋutsu John be míanɔ agbalẽwo tsɔm nɔ yiyim na nɔviwo le adzame.

Le aʋawɔɣia la, míaƒe hamea kpɔ gome le agbalẽvi si nye End of Nazism (Nazi-dziɖuɖua ƒe nuwuwu) la mama le dukɔa katã me me. Míeyina ɖamaa wo le zã titina. Ne míeyi ɖale emam hele wɔwɔm dzadzadza le tetem ɖe aƒe ɖe sia ɖe ŋu be míada agbalẽvia ɖe woƒe ʋɔtru nu la, mevɔ̃na ŋutɔ. Enye nuwɔna si me mevɔ̃ le vevie wu ɖe sia ɖe. Aleke gbegbe nye dzi dze emee nye esi esime míema agbalẽvi mamlɛtɔa! Emegbe míewɔ kaba yi ɖage ɖe míaƒe ʋu si nɔ lalam la me hexlẽ mía nɔewo kpɔ be mí katã míede hã, enumake míeho hebu ɖe viviti tsiɖitsiɖia me.

Mɔɖeɖedɔ, Gamenɔnɔ, Kple Takpekpewo

Le May 1, 1943 dzi la, metsɔ nye gabutu si me Canadatɔwo ƒe dɔlar 20 nɔ hekpe ɖe nye mɔzɔkplo sue aɖe ŋu, eye meklã Dada hedze mɔ yi afi si woɖom ɖo be maɖawɔ mɔɖeɖedɔa le zi gbãtɔ la. Nɔviŋutsu Tom Troop kple eƒe ƒomea, si nɔ du si nye Quill Lake, si le Saskatchewan nutoa me la, xɔm nyuie. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, woɖem yi anyigbamama saɖaga aɖe si le Weyburn, Saskatchewan, la me. Esime menɔ ablɔdziɖaseɖiɖidɔ wɔm le December 24, 1944 dzi la, kpɔvitɔwo va lém. Esi wodem nutoame gaxɔ me hena ɣeyiɣi aɖe la, wokplɔm yi asaɖa aɖe me le du si nye Jasper me, le Alberta. Menɔ Ðasefo bubu siwo nɔ afi ma la dome, afi si Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnuku, siwo nye Canada-togbaka ƒo xlã mí le. Le ƒe 1945 ƒe gɔmedzedze la, gaxɔdzikpɔlawo ɖe mɔ na mí be míade kpekpe aɖe le Edmonton, Alberta. Nɔviŋutsu Knorr na nyatakaka dodzidzɔname aɖe ku ɖe dzidziɖedzi si kpɔm míele le xexeame katã ƒe dɔa me ŋu. Míekpɔa mɔ na ŋkeke si dzi woaɖe asi le mía ŋu be míakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe ake la vevie.

Esi woɖe asi le ŋunye la, megadze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme ake. Eteƒe medidi o, woɖe gbeƒãe be woawɔ takpekpe si ƒe tanyae nye “Dzidziɖedzi Le Dukɔwo Katã Me,” le Los Angeles, California. Nɔviŋutsu aɖe si nɔ nuto si me woɖom ɖo me la de zikpui siwo dzi ame 20 ate ŋu anɔ la eƒe agbatsɔʋu me. Le August 1, 1947 dzi la, míedze kilometa 7,200 ƒe mɔzɔzɔ aɖe, si míaŋlɔ be gbeɖe o la gɔme to dzogbenutowo, gbegbewo, nuto dzeani wɔdɔɖeamedziwo, siwo dome dukɔa ƒe Yellowstone kple Yosemite dzɔdzɔmenu wɔnukuwo ƒe abɔwo hã le la me. Mɔzɔzɔ bliboa xɔ ŋkeke 27 sɔŋ—nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖee wònye!

Takpekpea ŋutɔ hã nye nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku aɖe si míaŋlɔ be akpɔ o. Be makpɔ gome le wɔnaawo me bliboe la, mewɔ dɔ abe anyinɔƒegbɔkpɔla ene le ŋkeke me, kple abe dzɔla ene le zã me. Esi mede kpekpe aɖe si wowɔ na ame siwo di be yewoawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa vɔ megbe la, mede asi dutanyanyuigblɔlawo ƒe dɔbiagbalẽ te, gake nyemenɔ mɔ kpɔm be woayɔm kokoko o. Esi menɔ lalam eye wova ɖe gbeƒãe be wohiã na mɔɖelawo le ƒe 1948 me la, metsɔ ɖokuinye na be maɖasubɔ le Canada ƒe nuto si nye Quebec me.—Yesaya 6:8.

Gilead-suku Dede Kple Emegbe

Le ƒe 1949 me la, dzi dzɔm ŋutɔ esime wokpem be mayi ɖade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 14 lia. Hehenana ma do ŋusẽ nye xɔse, eye wòna mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Nye nyo John kple srɔ̃a Kay ya wode klass 11 lia xoxo, eye woɖo wo ɖe Northern Rhodesia (afi si woyɔna be Zambia fifia) abe dutanyanyuigblɔlawo ene. Nɔvinyeŋutsu John hã va de Gilead-sukua le ƒe 1956 me. Eya kple srɔ̃a Frieda siaa woyi ɖasubɔ le Brazil hena ƒe 32 sɔŋ va se ɖe eƒe kugbe.

Le February 1950 me, le gbe si gbe mewu sukua nu la, mexɔ telegram, alo lɛta kpui, eve siwo de dzi ƒo nam ŋutɔ; ɖeka tso Dada gbɔ, eye evelia tso Troop ƒomea, si le Quill Lake, la gbɔ. Lɛta kpui evelia ƒe tanyae nye “Aɖaŋuɖoɖo Na Sukunuwula Aɖe.” Emenyawo xlẽ be: “Egbeŋkekea nye ŋkeke gã aɖe na wò. Ŋkeke si ŋu asixɔxɔ anɔ na wò ɣeawokatãɣi; eye neva eme be nàkpɔ dzidzedze, eye dzidzɔ nayɔ wò agbe me fũ.”

Wode dɔ asi nam be mayi ɖasubɔ le Quebec ƒe dugã la me, gake meganɔ Habɔbɔa ƒe agbledzi le New York State, afi si Gilead-sukua nɔ la hena ɣeyiɣi aɖe. Gbe ɖeka, Nɔviŋutsu Knorr biam nenye be adzɔ dzi nam be mayi Belgium (Belgique) hã. Gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, egabiam nenye be malɔ̃ axɔ dɔdasi aɖe le Netherlands (Pays-bas) mahã. Esi mexɔ dɔdasilɛtaa la, woŋlɔ ɖe eme be, ele nam be mayi “ɖawɔ alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔla ƒe dɔ.” Ðeko nye nu ku.

Le August 24, 1950 dzi la, meɖo meli dze ŋkeke 11 ƒe mɔzɔzɔ gɔme ɖo ta Netherlands. Ɣeyiɣi ma su nam metsɔ xlẽ New World Translation of the Christian Greek Scriptures (Écritures grecques chrétiennes — Traduction du monde nouveau) si woɖe ɖe go le Eŋlisigbe me tetie nye ema la. Meva ɖo Rotterdam le September 5, 1950 dzi, afi si Betel-ƒomea do wòe zɔ nam vividoɖeameŋutɔe le. Togbɔ be Xexemeʋa II lia gblẽ nu le afi ma ŋutɔ hã la, nɔviawo wɔe nyuie be wogbugbɔ dze Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo gɔme ake. Esi meɖo to se ale si wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le yometiti sesẽwo me vɔ la, mese le ɖokuinye me be, ale si nye ɖekakpui makpɔnuteƒe mava nye alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔla si te nɔviŋutsu mawo asubɔ le la, ate ŋu asesẽ na wo. Gake eteƒe medidi hafi meva kpɔe dze sii be mehiã be matsi dzi o.

Gake ehiã be woatrɔ asi le nanewo ŋu. Meva ɖo afi ma do ŋgɔ teti na takpekpe aɖe wɔwɔ, eye ale si wona dzeƒe takpekpea vala akpe geɖewo le takpekpewɔƒea la wɔ mo yaa nam ŋutɔ. Eya ta, le takpekpe si kplɔe ɖo me la, medo susua ɖa be míadi dzeƒe na vavalawo le amewo ƒe aƒewo me. Nɔviawo kpɔe be susu nyui aɖee wònye ya—gake manyawɔ le yewoƒe dukɔa me o. Esi míede adaŋu le nya sia ŋu ɖekae hena ɣeyiɣi aɖe la, mí katã míeva lɔ̃ ɖe nyametsotso aɖe dzi—be míadi dzeƒe na vavalawo ƒe afã le takpekpewɔƒea, eye míadi dzeƒe na afã mamlɛa le ame siwo menye Ðasefowo o la ƒe aƒewo me le takpedua me. Esi ɖoɖo sia me tsonuwo do dzidzɔ nam ta la, meka eta na Nɔviŋutsu Knorr esime wòva takpekpea. Gake eteƒe medidi o, dzidzɔ si nɔ menye la nu tsi esi mexlẽ míaƒe takpekpea ŋuti nyatakaka le Gbetakpɔxɔ me emegbe. Nyatakakaa gblɔ be: “Míexɔe se be ɣebubuɣi la, woadze agbagba le xɔse me gbã adi dzeƒe na takpekpea valawo le teƒe siwo asɔ na ɖaseɖiɖi wu, si nye amewo ƒe aƒewo me.” Nu ma tututue míewɔ le takpekpe si kplɔe ɖo me.

Le July 1961 me la, wokpe míaƒe alɔdzea teƒenɔla eve hekpe ɖe alɔdze bubuwo teƒenɔlawo ŋu be woaɖawɔ kpekpe aɖe le London. Nɔviŋutsu Knorr ɖe gbeƒãe be woaɖe New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures — Traduction du monde nouveau) gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe wu, siwo dome Netherlandsgbe hã nɔ la me. Nyatakaka ma do dzidzɔ na mí ale gbegbe! Gake míenya nu si gbegbe gbegɔmeɖeɖedɔa alɔ ɖe eme o. Le ƒe eve megbe, si nye ƒe 1963 me la, edo dzidzɔ nam ŋutɔ be mekpɔ gome le takpekpe aɖe si wowɔ le New York la ƒe wɔnawo me, esime woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures (Écritures grecques chrétiennes — Traduction du monde nouveau) la ɖe go le Netherlandsgbe me.

Nyametsotsowo Kple Dɔdasi Yeyewo

Le August 1961 me la, meɖe Leida Wamelink. Woƒe ƒome bliboa katã xɔ nyateƒea le ƒe 1942 me, le Nazitɔwo ƒe yometiɣiawo me. Leida te mɔɖeɖedɔa wɔwɔ tso ƒe 1950 me, eye ete subɔsubɔ le Betel le ƒe 1953 me. Ale si wòwɔa dɔ veviedodotɔe le Betel kple le hamea me siaa la na meka ɖe edzi be anye zɔhɛ wɔnuteƒe aɖe nam le nye subɔsubɔdɔa me.

Le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖeka megbe la, wokpem hena ɣleti ewo ƒe hehexɔxɔ bubu aɖewo le Brooklyn. Womewɔ ɖoɖo be nyɔnuwo nakplɔ wo srɔ̃wo ɖo o. Togbɔ be Leida ƒe lãme menɔ kɔkɔm o hã la, egblɔ nam lɔlɔ̃tɔe be mawɔ ɖe amekpekpea dzi. Emegbe Leida ƒe lãmegbegblẽa nu va sẽ ɖe edzi. Míedze agbagba be míayi míaƒe dɔ dzi le Betel, gake mlɔeba, míekpɔe be anyo wu be míayi míaƒe subɔsubɔdɔa dzi abe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo ene. Eya ta míedze dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔwɔ gɔme. Eteƒe medidi o, eva hiã be woawɔ dɔ sesẽ aɖe na srɔ̃nye. Gake nɔviwo ƒe kpekpeɖeŋunana lɔlɔ̃tɔe wɔe be míete ŋu kpɔ ta na nɔnɔmea, eye le ƒe ɖeka megbe la, míete ŋu xɔ dɔdasi yi ɖawɔ nutome gã dzikpɔkpɔdɔa gɔ̃ hã.

Míese vivi na mɔzɔzɔdɔa, eye etu mí ɖo hena ƒe adre sɔŋ. Emegbe egava hiã be mawɔ nyametsotso vevi aɖe esime wobia tso asinye be mafia nu le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua me le Betel. Togbɔ be esesẽ na mí be míawɔ tɔtrɔ sia le ale si míelɔ̃ mɔzɔzɔdɔae ta hã la, míelɔ̃ xɔ dɔdasia. Sukua ƒe klass vovovo 47, siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ kwasiɖa eve la, na mɔnukpɔkpɔm mekpɔ gome le gbɔgbɔmeyayrawo me ɖekae kple hamemetsitsiwo.

Le ɣeyiɣi mawo me la, menɔ dzadzraɖo wɔm be mayi aɖasrã danye kpɔ le ƒe 1978 me. Gake kasia, le April 29, 1977 dzi la, míexɔ nyatakaka be Dada dɔ alɔ̃ le ku me. Nyanya be nyemegale eƒe vividoɖeameŋunyawo se ge ahada akpe nɛ ɖe nu siwo katã wòwɔ nam ta o la na eƒe kua te ɖe dzinye ŋutɔ.

Esi Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua wu enu mlɔeba la, wobia tso mía si be míatsi anyi ahasubɔ kple Betel-ƒomea. Le ɣeyiɣi mawo me la, mesubɔ abe Alɔdzekɔmitia ƒe zimenɔla ene hena ƒe ewo. Emegbe, Dziɖuha la ɖo zimenɔla bubu si ate ŋu awɔ dɔa nyuie wu. Meda akpe ɖe esia ta geɖe ŋutɔ.

Subɔsubɔ Le Míaƒe Ƒexɔxɔ Nu

Mía kple Leida siaa míexɔ ƒe 83 fifia. Metsɔ ƒe 60 sɔŋ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzidzɔtɔe, eye mía kple srɔ̃nye wɔnuteƒe lae zã ƒe siawo ƒe 45 mamlɛawo tsɔ subɔ ɖekae. Ebua kpekpeɖeŋu siwo katã wònanam le nye dasiawo wɔwɔ me be enye adzɔgbe si yeɖe be yeasubɔ Yehowa la ƒe akpa aɖe. Fifia la, míewɔa nu siwo míaƒe ŋutete ɖe mɔ be míate ŋu awɔ la le Betel kple le hamea me siaa.—Yesaya 46:4.

Enuenu la, ŋkuɖoɖo míaƒe agbemenudzɔdzɔ veviwo dzi doa dzidzɔ na mí. Mía ɖokui tsɔtsɔ na le Yehowa subɔsubɔ me alea meve mí kpɔ o, eye míeka ɖe edzi be tiatia siwo míewɔ le míaƒe sɔhɛmenɔɣiwo la nye nyuitɔ kekeake. Míeɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa ahasubɔe kple míaƒe ŋusẽ katã.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mía kple fonye Bill, kpakple míaƒe sɔ, si ŋkɔe nye Saul

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Míaƒe srɔ̃ɖegbe, August 1961

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple Leida egbea