Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Tsitretsitsi Gbãtɔ” La—Ele Eme Vam Xoxo!

“Tsitretsitsi Gbãtɔ” La—Ele Eme Vam Xoxo!

“Tsitretsitsi Gbãtɔ” La—Ele Eme Vam Xoxo!

“Amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã.”—TESALONIKATƆWO I, 4:16.

1, 2. (a) Mɔkpɔkpɔ kae li na ame siwo ku? (b) Nu kae na nèxɔ tsitretsitsia dzi se? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

“AGBAGBEAWO nyae be, yewogbɔna kuku ge.” Nya sia nye nyateƒe tso keke esime Adam wɔ nuvɔ̃ ke. Le ŋutinya katã me la, ame sia ame si wonya dzi ko la nyae be yeava ku godoo, eye esia nana ame geɖe biana be: ‘Nu kae dzɔna le ku megbe? Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?’ Biblia ɖo eŋu be: “Kukuawo menya naneke o.”—Nyagblɔla 9:5.

2 Ke ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame siwo ku la? Ẽ. Le nyateƒe me la, hafi Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na ameƒomea nava eme la, ele be mɔkpɔkpɔ aɖe nanɔ anyi na ame kukuwo. Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Mawu subɔlawo ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo ku ɖe Dzidzimevi si ava tsrɔ̃ Satana eye wòaɖɔ nu siwo katã wògblẽ ɖo la dzixɔxɔse fia. (Mose I, 3:15) Wo dometɔ geɖe ku xoxo. Hafi woawo hã woakpɔe be ŋugbedodo ma kple ŋugbe bubu siwo Yehowa do va eme la, ehiã be woafɔ wo tso ame kukuwo dome. (Hebritɔwo 11:13) Ðe esia anya wɔa? Ẽ, anya wɔ. Apostolo Paulo gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ɣeaɖeɣi la, Paulo fɔ ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Eutixo, ame si ge tso dziƒoxɔ aɖe ƒe dzisasrã etɔ̃lia ƒe fesre nu, eye “woyi ɖakɔe wòku” la ɖe tsitre. Esiae nye tsitretsitsi asieke siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe mamlɛtɔ.—Dɔwɔwɔwo 20:7-12. *

3. Aleke Yesu ƒe nya siwo dze le Yohanes 5:28, 29 la fa akɔ na wòe, eye nu ka tae?

3 Tsitretsitsi asieke mawo nye kpeɖodzi siwo li be míate ŋu axɔ nya si Paulo gblɔ la dzi ase. Wodoa ŋusẽ míaƒe kaka ɖe Yesu ƒe ŋugbedodo sia si nye be: “Gaƒoƒo la gbɔna, si me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go” la dzi. (Yohanes 5:28, 29, NW) Nya dedziƒoname kawoe nye esi! Eye aleke wòfaa akɔ na ame miliɔn geɖe siwo ƒe ame veviwo dɔ alɔ̃ le ku me lae nye esi!

4, 5. Tsitretsitsi ƒomevi vovovo kawo ŋue Biblia ƒo nu tso, eye wo dometɔ ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ akpa gãtɔ ava nɔ anyigba sia si dzi ŋutifafa axɔ aƒe ɖo le Mawufiaɖuƒea te la dzi. (Psalmo 37:10, 11, 29; Yesaya 11:6-9; 35:5, 6; 65:21-23) Gake tsitretsitsi bubu aɖewo ado ŋgɔ na esia. Gbã la, ele be woafɔ Yesu Kristo ɖe tsitre be wòatsɔ asixɔxɔ si le eƒe vɔsaa ŋu ayi na Mawu le mía ta. Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitre le ƒe 33 M.Ŋ. me.

5 Emegbe, ele be amesiaminawo, ame siwo nye “Mawu ƒe Israel” me tɔwo la nayi aɖawɔ ɖeka kple Aƒetɔ Yesu Kristo le dziƒo ŋutikɔkɔe me, eye woanɔ “anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.” (Galatiatɔwo 6:16; Tesalonikatɔwo I, 4:17) Woyɔa nudzɔdzɔ sia be “tsitretsitsi gbãtɔ.” (Filipitɔwo 3:10, 11, NW; Nyaɖeɖefia 20:6) Ne tsitretsitsi ma wu enu la, ɣeyiɣia ade azɔ be woafɔ ame miliɔn geɖe ɖe tsitre va anyigba dzi be agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔnukpɔkpɔ nasu wo si. Eya ta eɖanye dziƒo alo anyigba dzi mɔkpɔkpɔe le mía si o, míetsɔa ɖe le “tsitretsitsi gbãtɔ” la me vevie. Tsitretsitsi ka ƒomevie wònye? Ɣekaɣie wòava eme?

“Ŋutilã Ka Ƒomevie Woatsɔ Ado Goe?”

6, 7. (a) Hafi Kristotɔ amesiaminawo nate ŋu ayi dziƒo la, nu kae adzɔ ɖe wo dzi godoo? (b) Ŋutilã ka ƒomevie woatsɔ afɔ wo ɖe tsitree?

6 Le Paulo ƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la, efɔ biabia aɖe ɖe te ku ɖe tsitretsitsi gbãtɔa ŋu be: “Aleke woafɔ ame kukuwo ɖe tsitree? Ẽ, ŋutilã ka ƒomevie woatsɔ ado goe?” Eɖo eŋu be: “Nu si nèƒãna la megbɔa agbe o, negbe ɖe wòku gbã . . . gake Mawu naa ŋutilã si wòlɔ̃ lae . . . Dziƒonuwo ƒe ŋutilãwo ƒe ŋutikɔkɔe le vovo, anyigba dzi tɔwo hã tɔ le vovo.”—Korintotɔwo I, 15:35-40NW.

7 Paulo ƒe nyawo ɖee fia be, ele na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na la be woaku godoo hafi woate ŋu axɔ woƒe dziƒofetu la. Ne woku la, woƒe amegbetɔŋutilã trɔna zua anyi. (Mose I, 3:19) Le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, wofɔa wo kple ŋutilã ƒomevi aɖe si asɔ na agbenɔnɔ le dziƒo. (Yohanes I, 3:2) Mawu nana makumakunyenye hã wo. Menye ɖe wodzi wo kple makumakunyenye sia, abe ɖe wogbɔ nu si amewo yɔna be luʋɔ makumaku ɖe wo me ene o. Ke boŋ Paulo gblɔ be: “Ele be nu sia si kuna la nado makumakunyenye.” Makumakunyenye nye Mawu ƒe nunana, si ame siwo kpɔa gome le tsitretsitsi gbãtɔa me la ‘dona.’—Korintotɔwo I, 15:50, 53; Mose I, 2:7; Korintotɔwo II, 5:1, 2, 8.

8. Aleke míewɔ nya be Mawu metiaa ame 144,000 la me tɔwo tsoa subɔsubɔha vovovowo me o?

8 Ame 144,000 koe akpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔa me. Yehowa dze wo tiatia gɔme tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi le Yesu fɔfɔ ɖe tsitre megbe kpuie. “Woŋlɔ [Yesu] ƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ” ɖe wo katã “ƒe ŋgonu.” (Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Eya ta wometiaa wo tsoa subɔsubɔha vovovowo me o. Wo katã wonye Kristo yomedzelawo, eye enye dzidzɔ kple bubu na wo be Fofo la ƒe ŋkɔ—Yehowa—le yewo ŋu. Ne wofɔ wo ɖe tsitre la, wonana dɔdasi wo le dziƒo. Mɔnukpɔkpɔ sia si su wo si be woasubɔ le Mawu ŋutɔ gbɔ le dziƒo la doa dzidzɔ na wo ŋutɔ.

Ðe Wòle Eme Vam Xoxoa?

9. Alekee Nyaɖeɖefia 12:7 kple 17:14 kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi si lɔƒo tsitretsitsi gbãtɔa dze egɔme?

9 Ɣekaɣie tsitretsitsi gbãtɔa ava eme? Kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le la li be ele edzi yim fifia. Le kpɔɖeŋu me, na míatsɔ Nyaɖeɖefia ƒe gbalẽa ƒe ta eve aɖewo me nyawo asɔ kple wo nɔewo kpɔ. Gbã la, na míakpɔ Nyaɖeɖefia ta 12. Míexlẽ le afi ma be, Yesu Kristo si woɖo zi dzi eteƒe medidi o la, kple eƒe mawudɔla kɔkɔewo wɔ aʋa kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Abe ale si magazine sia gblɔnɛ kokoko ene la, wowɔ aʋa ma le ƒe 1914 me. * Gake de dzesii be, womegblɔ be Kristo yomedzela amesiaminawo dometɔ ɖeka pɛ hã nɔ Yesu ŋu le dziƒoʋa sia wɔwɔ me o. Azɔ, na míakpɔ Nyaɖeɖefia ta 17 hã ɖa. Míexlẽ le afi ma be, le “Babilon Gã la” tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, Alẽvi la aɖu dukɔwo dzi. Emegbe wogblɔ kpee be: “Amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.” (Nyaɖeɖefia 17:5, 14) Nenye be “ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo” anɔ anyi kple Yesu le Satana ƒe xexea tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ me la, ke ele be woafɔ wo ɖe tsitre do ŋgɔ na ɣemaɣi. Eya ta susu le eme be, wofɔa amesiamina siwo ku do ŋgɔ na Harmagedon la ɖe tsitre le ƒe 1914 kple Harmagedon dome.

10, 11. (a) Ame kawoe nye amegã xoxo 24-awo, eye nu kae wo dometɔ ɖeka ɖe fia Yohanes? (b) Ekema nya ta kae míate ŋu aƒo?

10 Ðe míate ŋu agblɔ ɣeyiɣi si tututu lɔƒo tsitretsitsi gbãtɔa dze egɔmea? Nu vevi aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu la dze le Nyaɖeɖefia 7:9-15, afi si apostolo Yohanes ƒo nu tso eƒe ŋutega si wòkpɔ ku ɖe “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la” ŋu le. Amegã xoxo 24-awo, siwo tsi tre ɖi na Kristo ƒe hatidziɖula ame 144,000-awo le woƒe dziƒo ŋutikɔkɔe me la dometɔ ɖekae ɖe ame siwo ameha gã la nye fia Yohanes. * (Luka 22:28-30; Nyaɖeɖefia 4:4) Dziƒomɔkpɔkpɔe nɔ Yohanes ŋutɔ hã si; gake esi wònye be ekpɔtɔ nye amegbetɔ le anyigba dzi le ɣeyiɣi si me amegã xoxoa ƒo nu kplii ta la, ele be Yohanes natsi tre ɖi na amesiamina siwo le anyigba dzi, siwo mekpɔ xɔ woƒe dziƒofetu haɖe o la, le ŋutegaa me.

11 Ke nya ta kae míate ŋu aƒo le nyateƒe si wònye be, amegã xoxo 24-awo dometɔ ɖekae ɖe ame siwo ameha gã la nye fia Yohanes ŋu? Ewɔ abe wotoa amegã xoxo 24-awo ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ siwo wofɔ ɖe tsitre xoxo la dzi ɖea Mawu ƒe nyateƒenyawo fiana egbea ene. Nu ka tae esia le vevie? Ele vevie, elabena woɖe ame siwo tututu ameha gã la me tɔwo nye la fia Mawu subɔla amesiamina siwo le anyigba dzi la le ƒe 1935 me. Ne woto amegã xoxo 24-awo dometɔ ɖeka dzi ɖe nyateƒenya vevi ma fia la, ekema woanya fɔ eyama ɖe tsitre yi dziƒo do ŋgɔ, ne etsi megbe ƒã la, le ƒe 1935 me ya teti. Ema afia be, tsitretsitsi gbãtɔa dze egɔme le ƒe 1914 kple 1935 dome. Gake ɖe míate ŋu agblɔ ɣeyiɣi si tututu wònye la tẽa?

12. Ðe nu si tae míate ŋu abui be, ƒe 1918 ƒe adamee tsitretsitsi gbãtɔa anya dze egɔme la me.

12 Le afi sia la, nu siwo míate ŋu abu be wonye nudzɔdzɔ siwo ɖi wo nɔewo le Biblia me la me dzodzro ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Wosi ami na Yesu Kristo abe ame si ava nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me. Ƒe etɔ̃ kple afã megbe le ƒe 33  M.Ŋ. ƒe adame la, wofɔe ɖe tsitre abe gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe ene. Ekema ɖe míate ŋu abui be esi wònye be woɖo Yesu zi dzi le ƒe 1914 ƒe kele me ta la, eyomedzela amesiamina wɔnuteƒewo ƒe tsitretsitsia anya dze egɔme le ƒe etɔ̃ kple afã megbe, si nye ƒe 1918 ƒe adamea? Ate ŋu anɔ eme nenema. Togbɔ be míate ŋu aɖo kpe esia dzi tẽ le Biblia me o hã la, ewɔ ɖeka kple mawunyakpukpui siwo ɖee fia be tsitretsitsi gbãtɔa dze egɔme le Kristo ƒe anyinɔɣia ƒe gɔmedzedze megbe kpuie la.

13. Mɔ ka nue Tesalonikatɔwo I, 4:15-17 ɖee fia le be tsitretsitsi gbãtɔa anya dze egɔme le Kristo ƒe anyinɔɣia ƒe gɔmedzedze lɔƒo?

13 Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ bena: “Mí ame siwo le agbe fifia, siwo anɔ anyi va se ɖe Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi la, [menye le eƒe anyinɔɣia ƒe nuwuwu o la,] míado ŋgɔ na ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la le mɔ aɖeke nu o; elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ gbeɖeɖe sesẽ kple mawudɔlagã ƒe gbe kpakple Mawu ƒe kpẽ aɖi tso dziƒo, eye ame siwo ku le Kristo me la atsi tre gbã. Emegbe la, woakɔ mí ame siwo le agbe la le alilikpowo me ayi ɖakpe Aƒetɔ la le ya me ahawɔ ɖeka kpli wo; eye ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ ɖaa.” (Tesalonikatɔwo I, 4:15-17, NW) Eya ta wofɔ Kristotɔ amesiamina siwo ku do ŋgɔ na Kristo ƒe anyinɔɣia la ɖe tsitre yi dziƒogbenɔnɔ me do ŋgɔ na wo dometɔ siwo kpɔtɔ le agbe le Kristo ƒe anyinɔɣia. Esia fia be tsitretsitsi gbãtɔa anya dze egɔme le Kristo ƒe anyinɔɣia ƒe gɔmedzedze lɔƒo, eye wòayi edzi “le eƒe anyinɔɣi la.” (Korintotɔwo I, 15:23, NW) Le tsitretsitsi gbãtɔa me la, menye ɖe wofɔa wo katã ɖe tsitre zi ɖeka le ɣeyiɣi ɖeka me o, ke boŋ ɖe wofɔa wo ɖe tsitre le ɣeyiɣi ƒe didime aɖe me.

“Wona Awu Ʋlaya Ɣi Wo Dometɔ Ðe Sia Ðe”

14. (a) Ɣekaɣie ŋutega siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 6 lia me la va eme? (b) Gɔmesese kae le Nyaɖeɖefia 6:9 me nyawo ŋu?

14 De ŋugbe tso kpeɖodzi siwo dze le Nyaɖeɖefia ta 6 lia hã me ŋu kpɔ. Le afi ma la, wokpɔ Yesu wònɔ sɔ dom abe Fia aʋadziɖula ene. (Nyaɖeɖefia 6:2) Wokpɔ dukɔwo woƒo wo ɖokui ɖe aʋawɔwɔ gã aɖe me. (Nyaɖeɖefia 6:4) Dɔ to le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 6:5, 6) Dɔvɔ̃wo gblẽ nu le ameƒomea ŋu. (Nyaɖeɖefia 6:8) Nyagblɔɖi me nudzɔdzɔ siawo katã sɔ kple ale si xexeame ƒe nɔnɔme le tso keke ƒe 1914 me ke. Gake nu bubu aɖe hã gadzɔ. Wohe míaƒe susu yi vɔsamlekpui aɖe dzi. Wokpɔ “amesiwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi, si wolé ɖe asi ŋuti la, ƒe luʋɔwo” le vɔsamlekpui la te. (Nyaɖeɖefia 6:9) Esi wònye be “agbe [alo luʋɔ] le ʋu la me” ta la, nu si luʋɔ siwo wokpɔ le vɔsamlekpuia te la tsi tre ɖi na koŋue nye Yesu yomedzela wɔnuteƒe siwo wowu le woƒe dzinɔameƒo kple ɖaseɖiɖi dzonɔamemetɔe ta la ƒe ʋu.—Mose III, 17:11.

15, 16. Ðe nu si tae Nyaɖeɖefia 6:10, 11 me nyawo do ƒome kple tsitretsitsi gbãtɔa la me.

15 Abe ale si wòle le Habel gome ene la, Kristotɔ xɔsetakula siawo ƒe ʋu le ɣli dom hena hlɔ̃biabia. (Mose I, 4:10) “Wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?” Nu kae dzɔ kplɔe ɖo? “Wona awu ʋlaya ɣi wo dome amesiame, eye wogblɔ na wo bena, woadzudzɔ ɣeyiɣi kpui aɖe, yiɖase esime woƒe hadɔwɔlawo kple wo nɔvi, siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la, hã ƒe xexlẽme nu nade.”—Nyaɖeɖefia 6:10, 11.

16 Ʋu siwo gbagba ɖe anyi le vɔsamlekpuia te lae wotsɔ awu ʋlaya ɣi siawo na? Menye nenemae kura o! Ke boŋ ame siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi, abe ɖe wowu wo ɖe vɔsamlekpuia dzi le kpɔɖeŋumɔ nu ene lae wotsɔ awu ʋlayaawo na. Wotsɔ woƒe agbe sa vɔe le Yesu ƒe ŋkɔa ta, eye fifia wofɔ wo ɖe tsitre abe gbɔgbɔmemewo ene. Aleke míewɔ nya? Do ŋgɔ la, míexlẽ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be: “Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge ɖa le agbegbalẽa me o.” Azɔ hã, ɖo ŋku edzi be, amegã xoxo 24-awo “[do] awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.” (Nyaɖeɖefia 3:5; 4:4) Eya ta esi aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple dɔvɔ̃wo te nugbegblẽ le anyigba dzi megbe la, wofɔ ame 144,000-awo dometɔ siwo ku, siwo nye ame siwo ʋu siwo le vɔsamlekpuia te la tsi tre ɖi na la yi dziƒo, eye wodo kpɔɖeŋuwuʋlaya ɣiwo na wo.

17. Gɔmesese ka nue wòle be ame siwo wona awu ʋlaya ɣiwoe la ‘nadzudzɔ’ le?

17 Ele be amesiamina mawo siwo wofɔ ɖe tsitre la ‘nadzudzɔ.’ Ele be woalala Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la dzigbɔɖitɔe. Elabena ele na woƒe “hadɔwɔlawo,” Kristotɔ amesiamina, siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi la be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔwo me ade goe hafi. Ne Mawu ƒe hlɔ̃biabia ƒe ɣeyiɣia de la, woƒe ‘dzudzɔ’ la awu enu. (Nyaɖeɖefia 7:3) Le ɣemaɣi la, ame siawo siwo wofɔ ɖe tsitre la awɔ ɖeka kple Aƒetɔ Yesu Kristo ahahe tsɔtsrɔ̃ va ame vɔ̃ɖi, siwo dome ame siwo kɔ Kristotɔ maɖifɔwo ƒe ʋu ɖe anyi hã le, la dzi.—Tesalonikatɔwo II, 1:7-10.

Nu Si Wòfia Na

18, 19. (a) Susu kawo tae nàte ŋu aƒo nya ta be tsitretsitsi gbãtɔa le eme vam xoxo? (b) Aleke gɔmesese si va su asiwò le tsitretsitsi gbãtɔa ŋu na nèse le ɖokuiwò mee?

18 Mawu ƒe Nya la megblɔ ɣeyiɣi si tututu tsitretsitsi gbãtɔa ava eme la o, gake eɖee fia be ava eme le ɣeyiɣi ƒe didime aɖe me le Kristo ƒe anyinɔɣia. Ame gbãtɔ siwo woafɔ ɖe tsitre lae nye Kristotɔ amesiamina siwo ku do ŋgɔ na Kristo ƒe anyinɔɣia ƒe gɔmedzedze. Fifia, esi Kristo ƒe anyinɔɣia le edzi yim la, wotrɔa Kristo amesiamina siwo wu woƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu la kasia le “aɖabaƒoƒo ɖeka me” wozua gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋuwo. (Korintotɔwo I, 15:52) Ðe amesiaminawo katã adzo ayi dziƒo aɖaxɔ woƒe dziƒofetua do ŋgɔ na Harmagedon-ʋa la? Míenya o. Gake míenyae be le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, ame 144,000 la katã anɔ tsitre ɖe dziƒo, si woyɔ be Zion-to la dzi, mlɔeba.

19 Míenyae hã be ame 144,000-awo ƒe akpa gãtɔ yi ɖawɔ ɖeka kple Kristo xoxo. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe gakpɔtɔ ɖe anyigba dzi. Aleke gbegbe esia ɖee fiae be ɣeyiɣi si me Mawu ahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ la le aƒe tum kabakabae enye esi! Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ Satana ƒe xexeme nuɖoanyi bliboa katã. Woade Satana ŋutɔ aʋli me. Emegbe, ameƒomea me tɔ susɔeawo fɔfɔ ɖe tsitre le anyigba dzi ate ŋu adze egɔme, eye woato Yesu ƒe tafevɔsaa dzi ana amegbetɔ wɔnuteƒewo naɖo blibodede si tɔgbe Adam bu la gbɔ. Yehowa ƒe nyagblɔɖi si dze le Mose I, 3:15 la le eme vam nukutɔe. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míele agbe le ɣeyiɣi siawo me!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Ne èdi Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo ɖee fia be Kristo ƒe anyinɔnɔ dze egɔme le ƒe 1914 me la, ke kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 215-18. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 10 Ne èdi be yeanya ale si míewɔ nya be amegã xoxo 24-awo tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo, siwo le woƒe nɔƒewo le dziƒo la, ke kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe axa 77. Yehowa Ðasefowoe tae.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

Aleke mawunyakpukpui siwo gbɔna la kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi si me ‘tsitretsitsi gbãtɔa’ ava emee?

Nyaɖeɖefia 12:7; 17:14

Nyaɖeɖefia 7:13, 14

Korintotɔwo I, 15:23; Tesalonikatɔwo I, 4:15-17

Nyaɖeɖefia 6:2, 9-11

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Tsitretsitsi kawoe ado ŋgɔ na ameƒomea me tɔ susɔeawo fɔfɔ ɖe tsitre tso ku me le anyigba dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Gɔmesese ka nue wotsɔ awu ʋlaya ɣi na ame aɖewo siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la le?