Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔyiyi Ðedzesi Siwo Wowɔ Le Afrikagbe Bibliawo Tata Me

Ŋgɔyiyi Ðedzesi Siwo Wowɔ Le Afrikagbe Bibliawo Tata Me

Ŋgɔyiyi Ðedzesi Siwo Wowɔ Le Afrikagbe Bibliawo Tata Me

ƔEYIƔI didi aɖee nye esia si Biblia-xlẽla veviedonula siwo tso Europa kple Dziehe Amerika kpɔe dze sii be ehiã be Afrikatɔwo naxlẽ Mawu ƒe Nya la le woa ŋutɔwo degbe me. Be woate ŋu aɖo taɖodzinu nyui sia gbɔ la, ame geɖe ʋu va Afrika bene yewoava srɔ̃ Afrikagbewo. Wo dometɔ aɖewo to gbe siawo dometɔ aɖewo ŋɔŋlɔ vɛ, eye wota nyagɔmeɖegbalẽwo. Emegbe wodze Biblia gɔmeɖeɖe ɖe Afrikagbe vovovowo me. Dɔ sia menɔ bɔbɔe kura o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ate ŋu axɔ ƒe geɖe hafi gbegɔmeɖela aɖe nate ŋu akpɔ nya siwo asɔ tututu wòatsɔ aɖɔ Kristotɔwo ƒe nya tɔxɛ siwo le bɔbɔe kura gɔ̃ hã lae.”—The Cambridge History of the Bible.

Le ƒe 1857 me la, woɖe Biblia bliboa gɔme ɖe Tswanagbe me, wònye Biblia gbãtɔ si gɔme woɖe ɖe Afrikagbe siwo womeŋlɔna tsã o la me. * Wotae wònye babla vovovowo, ke menye agbalẽ ɖeka o. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova ɖe Biblia gɔme ɖe Afrikagbe bubuwo hã me. Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le Afrikagbe Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔ siawo dometɔ geɖe me le Hebri Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Xoxoa,” kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Yeyea,” siaa me. Gake ame siwo gbugbɔ Biblia siawo gɔme ɖe ake, kple ame siwo ta yeyewo la mede bubu Biblia la Ŋlɔla ƒe ŋkɔ kɔkɔe, Yehowa, ŋu o. Ke boŋ wosrɔ̃ Yudatɔwo ƒe aʋatsodzixɔse si nye Mawu ƒe ŋkɔa ɖɔliɖɔli kple dzesideŋkɔ siwo nye Mawu alo Aƒetɔ. Eya ta eva hiã be Biblia gɔmeɖeɖe si me wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa dee la nanɔ Afrikatɔ siwo lɔ̃a Mawu la si.

Tso ƒe 1980-awo me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la ƒe ŋku biã ɖe New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures-Traduction du monde nouveau) Biblia la gɔmeɖeɖe ɖe Afrikagbe siwo wodona wu me ŋu. Esia wɔe be ame akpe alafa geɖe siwo dea asixɔxɔ Biblia ŋu le Afrika la te ŋu xlẽa New World Translation Biblia la le wo degbe me egbea. Ne mede ɖeko o la, woɖe New World Translation Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe Afrikagbe 17 me.

Enyea dzidzɔ na ame siwo xlẽa Afrikagbe Biblia siawo be gɔmeɖeɖe aɖe si me Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe, Yehowa, le la le yewo si. Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu tsi tre le ƒuƒoƒe si le Nazaret la, egblɔ dɔdasi si tae wòva ɖo la to Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsa la ƒe akpa aɖe, si Fofoa ƒe ŋkɔ dze le la, xexlẽ na wo me. (Yesaya 61:1, 2) Woɖe nu si Yesu xlẽ, si dze le Luka ƒe Nyanyuia me, gɔme le New World Translation of the Holy Scriptures me be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nyanyui na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo kple nukpɔkpɔ ake na ŋkuagbãtɔwo, be mana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi ahaɖe asi le wo ŋu, be maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe la.”—Luka 4:18, 19.

Le August 2005 me la, wogawɔ ŋgɔyiyi ɖedzesi bubu le Biblia tata le Afrikagbewo me me. Le ɣleti ma me la, wota New World Translation Biblia ɖekaɖeka 76,000 ɖe Afrikagbewo me le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa. Wota Biblia siawo dometɔ 30,000 ɖe Shona-gbe me. Woɖe Biblia sia ɖe go le Yehowa Ðasefowo ƒe “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpe, siwo wowɔ le Zimbabwe la me.

Le ɣleti ɖedzesi ma me la, ame siwo ɖi tsa va South Africa alɔdzedɔwɔƒea kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wokpɔ Afrikagbe Biblia yeye siwo tam wonɔ la. Nhlanhla, si nye Betel-ƒomea me tɔ si wɔa dɔ le agbalẽblaƒea, gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye metso aseye be mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpɔ gome le New World Translation Biblia la tata ɖe Shona-gbe kple Afrikagbe bubuwo me me.” South Africa Betel-ƒome bliboa ƒe seselelãmee nye ema wòɖe gblɔ.

Fifia la, Biblia yeyewo ate ŋu asu Afrikatɔwo si kaba wu eye magblẽ ga fũ abe ale si wònɔna ne wotae le yevuwo de ɖo ɖa ene la o. Vevietɔ wu la, Biblia gɔmeɖeɖe si sɔ pɛpɛpɛ si me wozã Yehowa Mawu, Ame si nye Biblia la Ŋlɔla gãtɔ, ƒe ŋkɔ kɔkɔea le la su Afrikatɔwo si azɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kaka ƒe 1835 naɖo la, woɖe Biblia gɔme ɖe Malagasy-gbe si wodona le Madagascar la me, eye kaka ƒe 1840 naɖo la, woɖe egɔme ɖe Amharic-gbe si wodona le Ethiopia me. Woŋlɔa gbe siawo xoxoxo hafi wova ɖe Biblia gɔme ɖe wo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mawu ƒe ŋkɔ le Tswanagbe Biblia si wota le ƒe 1840 me la me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Harold Strange Library of African Studies

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Amedzro siwo tso Swaziland kpɔ Biblia yeye siwo tam wole la le South Africa alɔdzedɔwɔƒea