Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutsu Kple Nyɔnu Ðe Sia Ðe Le Ðoƒe Si Ŋu Bubu Le

Ŋutsu Kple Nyɔnu Ðe Sia Ðe Le Ðoƒe Si Ŋu Bubu Le

Ŋutsu Kple Nyɔnu​—Ðe Sia Ðe Le Ðoƒe Si Ŋu Bubu Le

YEHOWA MAWU wɔ Adam gbã, emegbe ewɔ Xawa. Do ŋgɔ na Xawa wɔwɔ la, nuteƒekpɔkpɔ geɖe su Adam si le agbe me. Yehowa nɛ mɔfiame aɖewo le ɣeyiɣi mawo me. (Mose I, 2:15-20) Ele be Adam nanɔ Mawu teƒe atsɔ mɔfiame siawo ana srɔ̃a. Esia fia be eyae axɔ ŋgɔ le subɔsubɔnyawo me.

Ðoɖo ma tɔgbe ke le Kristo-hamea me egbea, eye esia me dzodzro ate ŋu aɖe vi na mí. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be . . . wòaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo. Elabena womè Adam gbã, emegbe la Xawa.” (Timoteo I, 2:12, 13) Be nyɔnu nalé eɖokui kpoo mefia be wòazi ɖoɖoe keŋkeŋ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me o. Ele nɛ be woalé eɖokui kpoo, alo azi ɖoɖoe, le susua nu be manɔ nya ʋlim kple ŋutsu o. Mele be wòagbe bubudede ŋutsu ƒe ɖoƒe ŋu, alo anɔ agbagba dzem be yeafia nu hamea o. Wode dɔ asi na ŋutsuwo be woaxɔ ŋgɔ le hamea dzikpɔkpɔ kple nufiafia hamea me, gake nyɔnuwo wɔa geɖe le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me to gomekpɔkpɔ le wo me le mɔ vovovowo nu me.

Esime apostolo Paulo nɔ ɖoƒe si ŋutsuwo kple nyɔnuwo le, le Mawu ƒe ɖoɖowo me, me ɖem na mí la, eŋlɔ bena: “Ŋutsu metso nyɔnu me o, hafi nyɔnu boŋ ye tso ŋutsu me. . . . Gake srɔ̃nyɔnu mele Aƒetɔ la me ŋutsu manɔmee o, eye srɔ̃ŋutsu hã mele Aƒetɔ la me nyɔnu manɔmee o [wo dometɔ aɖeke mele eɖokui si o]. Elabena abe alesi nyɔnu tso ŋutsu me la, nenema ke ŋutsu hã to nyɔnu me va; ke esiawo katã tso Mawu gbɔ.”—Korintotɔwo I, 11:8-12.

Mɔnukpɔkpɔ Nyui Siwo Le Nyɔnuwo Si

Le Se si Mawu tsɔ na Israel-viwo me la, mɔnukpɔkpɔ geɖe nɔ nyɔnuwo si, eye woate ŋu awɔ woƒe ŋutetewo ŋudɔ faa. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 31:10-31 ƒo nu tso “nyɔnu zazɛ̃” si ƒlea ɖeti nyuiwo tsɔ lɔ̃a avɔe na eƒemetɔwo ŋu. “Etɔa awutewui hedzrana” hã! (Kpukpui 13, 21-24) “Abe asiʋu ene” la, nyɔnu zazɛ̃ sia dia nuɖuɖu nyuiwo vɛ, nenye be didiƒee wòayi aɖaƒlee gɔ̃ hã. (Kpukpui 14) ‘Ebua tame le agble ŋu, eye wòƒlenɛ hã,’ eye ‘wòdea weingble.’ (Kpukpui 16) Esi wònye be ‘eƒe asitsatsa nyo’ ta la, eƒe asinudɔwɔwɔwo ɖea vi. (Kpukpui 18) Yehowa-vɔ̃la veviedonula sia ‘léa ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu le eƒe me,’ eye wòkpena ɖe ame bubuwo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe. (Kpukpui 20, 27) Eya ta mewɔ nuku o be wokafunɛ!— Kpukpui 31.

Yehowa ƒe se siwo wòna to Mose dzi la na mɔnukpɔkpɔ gã aɖe nyɔnuwo be woatsi le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Yosua 8:35 gblɔ be: “Nya, siwo katã Mose gblɔ la, dometɔ aɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ na Israel-ha blibo la, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro, siwo le wo dome la o.” Biblia gblɔ tso nunɔla Ezra ŋu be: “Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ate ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Eye wòxlẽe le do gba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.” (Nexemya 8:2, 3) Nyɔnuwo hã nɔ Sea xexlẽ teƒe. Wokpɔ gome le subɔsubɔzãwo hã ɖuɖu me. (Mose V, 12:12, 18; 16:11, 14) Vevietɔ wu la, nyɔnu siwo nɔ blema Israel ate ŋu anɔ ƒomedodo me kple Yehowa Mawu ahado gbe ɖa nɛ le wo ɖokui si.—Samuel I, 1:10.

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, mɔnukpɔkpɔ su nyɔnu Mawu-vɔ̃la aɖewo si wona kpekpeɖeŋu Yesu. (Luka 8:1-3) Nyɔnu aɖe si ami ɖe ta kple afɔ na Yesu le fiẽnuɖuƒe aɖe le Betania. (Mateo 26:6-13; Yohanes 12:1-7) Nyɔnuwo nɔ ame siwo Yesu ɖe eɖokui fia le eƒe tsitretsitsi vɔ megbe la dome. (Mateo 28:1-10; Yohanes 20:1-18) Le Yesu ƒe dziƒoyiyi megbe la, “nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada” hã nɔ ame 120 siwo kpe ta la dome. (Dɔwɔwɔwo 1:3-15) Ðikeke aɖeke mele eme o be nyɔnu siawo dometɔ geɖe alo wo katã nɔ dziƒoxɔa me le Yerusalem esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, eye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒo nu kple gbegbɔgblɔ vovovowo nukutɔe.—Dɔwɔwɔwo 2:1-12.

Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nɔ ame siwo dzi Yoel 3:1, 2 me nyagblɔɖi, si apostolo Petro yɔ la, va eme ɖo le Pentekoste-ŋkekea dzi la dome. Nyagblɔɖia gblɔ be: “[Nye Yehowa] matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi . . . Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.” (Dɔwɔwɔwo 2:13-18) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea megbe la, nyɔnu Kristotɔwo xɔ gbɔgbɔa ƒe nunanawo va se ɖe ɣeyiɣi aɖe. Wogblɔ nya ɖi, si fia be wogblɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenyawo le dutagbewo me.

Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma me la, eƒo nu nyuie tso “Foibe, mía nɔvinyɔnu,” ŋu eye wòkafui na wo. Eƒo nu tso Trifena kple Trifosa hã ŋu hegblɔ be ‘wodzea agbagba geɖe le Aƒetɔ la me.’ (Romatɔwo 16:1, 2, 12) Togbɔ be womeɖo nyɔnu siawo subɔsubɔnɔƒewo le Kristo-hame gbãtɔa me o hã la, mɔnukpɔkpɔ su woa kple nyɔnu bubuwo si be Mawu tia wo be woaɖu fia kple Via, Yesu Kristo, le Dziƒofiaɖuƒea me.—Romatɔwo 8:16, 17; Galatiatɔwo 3:28, 29.

Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe le nyɔnu mawuvɔ̃lawo si egbea hã. Psalmo 68:12 gblɔ be: “Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.” Nyɔnu siawo dze na kafukafu. Le kpɔɖeŋu me, ale si wofiaa nu nyuie ne wole Biblia srɔ̃m kple amewo le aƒewo me la, na be ame geɖe va le nyateƒenufiafia siwo dzea Mawu ŋu la xɔm. Nyɔnu srɔ̃tɔ Kristotɔ siwo kpena ɖe wo viwo ŋu be woazu xɔsetɔwo, eye wonaa kpekpeɖeŋu wo srɔ̃, siwo dzi dɔ geɖe le le hamea me la, hã dze na kafukafu. (Lododowo 31:10-12, 28) Nyɔnu siwo meɖe srɔ̃ o hã le ɖoƒe si ŋu bubu le le Mawu ƒe ɖoɖowo me, eye wogblɔ na ŋutsu Kristotɔwo be ‘woaxlɔ̃ nu nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.’—Timoteo I, 5:1, 2.

Ŋutsu Ƒe Dɔdasi Vovovoawo

Mawu de dɔ aɖe asi na ŋutsu Kristotɔ, eye ekpɔa mɔ be wòawɔe. Paulo gblɔ be: “Mele didim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Korintotɔwo I, 11:3) Ame aɖe hã nye ŋutsua ƒe ta—eyae nye Kristo. Le nyateƒe me la, ŋutsu abu akɔnta na Kristo eye vevietɔ na Mawu. Eye Mawu kpɔa mɔ be ŋutsu nawɔ eƒe tanyenye ŋudɔ le lɔlɔ̃ me. (Efesotɔwo 5:25) Aleae wòle tso keke esime wowɔ amegbetɔwo ɖe anyigba dzi ke.

Biblia ɖee fia be Mawu de dɔ si wɔ ɖeka kple tanyenye ƒe ɖoƒe si ŋutsu le la asi nɛ. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa na Noa, si nye ŋutsu, kpa aɖaka hena amewo xɔxɔ ɖe agbe le Tsiɖɔɖɔa me. (Mose I, 6:9–7:24) Wodo ŋugbe na Abraham, si nye ŋutsu, be woayra anyigba dzi ƒomeawo kple dukɔwo katã to eƒe dzidzimevi dzi. Dzidzimevi sia ƒe akpa vevitɔe nye Kristo Yesu. (Mose I, 12:3; 22:18; Galatiatɔwo 3:8-16) Mawu tia Mose, si hã nye ŋutsu, be wòakplɔ Israel-viwo tso Egipte. (Mose II, 3:9, 10, 12, 18) Mose dzie Yehowa to tsɔ se siwo woyɔna be Se ƒe nubabla, alo Mose ƒe Sea, la na. (Mose II, 24:1-18) Nenema ke ame siwo katã ŋlɔ Biblia la hã nye ŋutsuwo.

Yesu si nye Kristo-hamea ƒe Ta la na ‘nunana siwo nye amewo.’ (Efesotɔwo 1:22; 4:7-13) Esime Paulo nɔ nudidi siwo gbɔ wòle be dzikpɔlawo naɖo yɔm la, ŋutsuwo ŋue wòƒo nu tsoe. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Eya ta ŋutsuwoe nyea dzikpɔlawo, alo hamemetsitsiwo, kple subɔsubɔdɔwɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me. (Filipitɔwo 1:1, 2; Timoteo I, 3:8-10, 12) Ŋutsuwo koe wòle be woanye Kristo ƒe alẽawo kplɔlawo le hamea me. (Petro I, 5:1-4) Ke hã, abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, Mawu na mɔnukpɔkpɔ nyuiwo nyɔnuwo hã.

Wokpɔa Dzidzɔ Ðe Woƒe Ðoƒeawo Ŋu

Ne ŋutsuwo kple nyɔnuwo wɔ woƒe akpa dzi le ɖoƒe si Mawu da wo ɖo me la, ehea dzidzɔ vɛ. Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo srɔ̃ Kristo kple eƒe hamea ƒe kpɔɖeŋu la, dzidzɔ nɔa woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Paulo ŋlɔ bena: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene . . . Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene.” (Efesotɔwo 5:25-33) Eya ta wobia tso srɔ̃ŋutsuwo si be woawɔ woƒe tanyenyea ŋudɔ le lɔlɔ̃ me, ke menye ɖokuitɔdiditɔe o. Menye ame deblibowoe le Kristo-hamea me o. Ke hã, Yesu lɔ̃nɛ heléa be nɛ. Nenema ke wòle be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nalɔ̃ srɔ̃a ahalé be nɛ.

Ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ “nasi srɔ̃a ɖa.” (Efesotɔwo 5:33) Ate ŋu asrɔ̃ hamea ƒe kpɔɖeŋu le esia wɔwɔ me. Efesotɔwo 5:21-24 gblɔ be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vɔvɔ̃ me. Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla. Gake la alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me.” Togbɔ be asesẽ na srɔ̃nyɔnu be wòabɔbɔ na srɔ̃a ɣeaɖewoɣi hã la, ɖokuibɔbɔ sia ‘dze alo sɔ le Aƒetɔ la me.’ (Kolosetɔwo 3:18) Eɖokuibɔbɔ na srɔ̃a anɔ bɔbɔe nɛ wu ne eɖoa ŋkui be esia wɔwɔ dzea Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu.

Ele na srɔ̃nyɔnu Kristotɔ be wòabɔbɔ ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te nenye be srɔ̃a menye haxɔsetɔ o gɔ̃ hã. Apostolo Petro gblɔ be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.” (Petro I, 3:1, 2) Mɔnukpɔkpɔ su Sara, ame si de bubu srɔ̃a Abraham ŋu la, si be wòdzi Isak eye wòva zu Yesu Kristo mama. (Hebritɔwo 11:11, 12; Petro I, 3:5, 6) Mawu ayra srɔ̃nyɔnu siwo nɔa agbe abe Sara ene la godoo.

Ne ŋutsuwo kple nyɔnuwo wɔ nu wòsɔ ɖe ɖoƒe si Mawu da wo ɖo nu la, ehea ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vɛ. Esia hea dzidzɔ kple dzidzeme vɛ na wo. Gawu la, wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo dzi ana bubu si le ɖoƒe tɔxɛ si Mawu da wo ɖo le eƒe ɖoɖowo me ŋu la nasu wo dometɔ ɖe sia ɖe si.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ale Si Wobua Ðoƒe Si Mawu Na Wo Lae

Susan gblɔ be: “Srɔ̃nye wɔa eƒe tanyenye ŋudɔ le lɔlɔ̃ kple tufafa me. Zi geɖe la, míeléa nyawo kpɔna, eye ne etso nya me le nu si míawɔ alo esi míawɔ o ŋu la, menyae be míaƒe nyonyo tae. Ðoƒe si Yehowa na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo la nana mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ eye wònana míaƒe srɔ̃ɖeɖea lia ke. Tsi metoa mía dome o eye míewɔa nuwo ɖekae tsɔ ɖoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ.”

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Mindy gblɔ be: “Ðoƒe si Yehowa da mí esubɔla siwo nye nyɔnuwo ɖo la nye kpeɖodzi be elɔ̃ mí. Mesena le ɖokuinye me be ne mede asixɔxɔ kple bubu srɔ̃nye ŋu, eye mekpe ɖe eŋu le hamea ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me la, enye nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo sia si Yehowa wɔ la ŋu.”

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mawu de dɔ vovovowo asi na Noa, Abraham, kple Mose, le ɖekawɔwɔ me kple tanyenye ƒe ɖoƒe si ŋutsu le

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

“Nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ”