Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia Nu Si Tututu Nye Biblia Ƒe Nufiafia

Fia Nu Si Tututu Nye Biblia Ƒe Nufiafia

Fia Nu Si Tututu Nye Biblia Ƒe Nufiafia

‘Miwɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo, eye miafia nu wo.’ —MATEO 28:19, 20.

1. Nu kae míate ŋu agblɔ tso ale si gbegbe Biblia bɔe ŋu?

YEHOWA ƑE NYA, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea, nye agbalẽ xoxotɔ siwo woma wu le xexea me la dometɔ ɖeka. Ne mede ɖeke o la, woɖe eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 2,300 kple edzivɔwo me. Ele anyigbadzinɔla siwo wu 90 le alafa me la si le woa ŋutɔwo degbe me.

2, 3. (a) Nu ka tae amewo tɔtɔ le nu si nye Biblia ƒe nufiafiawo ŋu? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

2 Ame miliɔn geɖe xlẽa Biblia ƒe akpa aɖe gbe sia gbe. Ame aɖewo hã xlẽ Biblia bliboa zi gbɔ zi geɖe. Subɔsubɔha geɖe gblɔna be Biblia dzie yewotu yewoƒe nufiafiawo ɖo, gake woƒe nu mesɔna le nu siwo wogblɔna be eyae nye eƒe nufiafia la ŋu o. Nu si na kuxia gado fievo ɖe edzi wue nye be subɔsubɔha ɖeka me tɔwo gɔ̃ hã melɔ̃na ɖe nya ɖeka dzi o. Ame aɖewo kea ɖi Biblia, etsoƒe, kple asixɔxɔ si le eŋu la. Ame geɖe bunɛ be agbalẽ kɔkɔe aɖe koe wònye wotsɔna kaa atam le ʋɔnudrɔ̃ƒe be woato nyateƒe.

3 Le nyateƒe me la, Mawu ƒe nya, alo eƒe gbedasi si ŋu ŋusẽ le, ye le Biblia me na ameƒomea. (Hebritɔwo 4:12) Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míedi be amewo nanya nu si nye Biblia ƒe nufiafia. Edzɔa dzi na mí be míawɔ dɔ si Yesu Kristo de asi na eyomedzelawo esime wògblɔ be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo, eye miafia nu wo.’ (Mateo 28:19, 20) Le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la, míedoa go dzianukwaretɔ siwo le nu xam ɖe ale si mawusubɔsubɔ me nufiafiawo tɔtɔ le xexeame godoo la ta. Wodina be yewoanya nyateƒe si ku ɖe mía Wɔla ŋu kple nu si Biblia gblɔ ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋu. Mina míadzro nyabiase etɔ̃ siwo ɖea fu na ame geɖewo la me. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe me la, míade dzesi nu si subɔsubɔhakplɔlawo gblɔna vodadatɔe be eyae nye Biblia ƒe nufiafia, eye emegbe míadzro nu si tututu Biblia ya fia me. Nyabiaseawoe nye: (1) Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na mía? (2) Nu ka tae míele anyigba dzi ɖo? (3) Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mía?

4, 5. Nu ka tae amewo bunɛ be Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o?

4 Mina míadze egɔme kple nyabiase si nye, Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na mía? Nublanuitɔe la, ame geɖe susunɛ be ŋuɖoɖoae nye ao. Nu ka tae wosusunɛ nenema? Susu ɖekae nye be wokpɔnɛ be yewole xexe aɖe si me yɔ fũ kple fuléle, aʋawɔwɔ, kple nuxaxa me. Wogblɔna be, ‘Ne ɖe Mawu tsɔa ɖe le eme na mí la, anye ne axe mɔ ɖe nu wɔnublanui siawo nu godoo.’

5 Susu bubu si tae amewo bunɛ be Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o enye be subɔsubɔhakplɔlawoe nana wosusunɛ nenema. Ne afɔku aɖe dzɔ la, nya kae subɔsubɔhakplɔlawo gblɔna? Esi nyɔnu aɖe ƒe vi eve ku le ʋufɔku aɖe me la, woƒe subɔsubɔhanunɔla gblɔ be: “Mawu ƒe lɔlɔ̃nue. Mawue gahiã mawudɔla eve bubu.” Ne subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ nya siawo tɔgbe la, le nyateƒe me la, wole fɔ bum Mawu be eyae nana afɔkuwo dzɔna. Gake nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Yehowa Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi aɖeke o. Ẽ, “nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi.”—Hiob 34:10.

6. Ame kae le megbe na vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe siwo le xexe sia me?

6 Ekema nu ka tae vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe bɔ alea gbegbe ɖo? Susu ɖekae nye be ameƒomea gbe be Mawu naganye yewo Dziɖula o, eye womedi be yewoabɔbɔ ɖe eƒe sewo kple gɔmeɖose dzɔdzɔewo te o. Amegbetɔwo tsɔ wo ɖokui de Mawu ƒe Futɔ, Satana, te le manyamanya me, elabena “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Nyateƒenya sia nyanya na be wòle bɔbɔe be míase nu si tae nɔnɔmeawo gblẽ alea ɖo la gɔme. Futɔ vɔ̃ɖi, ameblela, kple ŋutasẽlae Satana nye. Eya ta míate ŋu akpɔ mɔ be xexeame aɖe edziɖula ƒe nɔnɔmewo afia godoo. Esia tae mewɔ nuku o be vɔ̃ɖinyenye bɔ alea gbegbe ɖo!

7. Susu siwo ta míekpea fu ɖo la dometɔ aɖewo ɖe?

7 Susu bubu si tae míele fu kpem ɖoe nye be amegbetɔwo mede blibo o. Amegbetɔ nu vɔ̃ mewo ʋlina be yewoaɖu ame bubuwo dzi, eye esia hea aʋawɔwɔ, ameteteɖeanyi, kple fukpekpe vanɛ zi geɖe. Nyagblɔla 8:9 gblɔe wòsɔ nyuie be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” Susu bubu aɖe hã si tae fukpekpe li ɖoe nye ‘azãgbe kple nuɖiɖeamewo.’ (Nyagblɔla 9:11) Zi geɖe la, afɔku dzɔna ɖe amewo dzi le vome.

8, 9. Aleke míewɔ nya be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí vavã?

8 Efaa akɔ na mí be míanyae be Yehowa mehea fukpekpe vaa amewo dzi o. Gake ɖe Mawu tsɔa ɖe le nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe agbe me la me vavãa? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dodzidzɔname enye, ẽ! Míenya be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí, elabena eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la na míenya susu si tae wòɖe mɔ amegbetɔwo ŋutɔ lé woƒe mɔ gbegblẽwo tsɔ ɖo. Susu eve tae, woawoe nye: Mawu ƒe dziɖulanyenye kple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ. Esi Yehowae nye mía Wɔla ŋusẽkatãtɔ ta la, menye dzizizie wònye nɛ be wòaɖe nu si tae wòɖe mɔ fukpekpe li ɖo la me na mí o. Gake eɖe eme na mí esi wòtsɔa ɖe le eme na mí ta.

9 Gabu kpeɖodzi bubu siwo fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí ŋu kpɔ. Esi vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me la, ‘eɖu dzi na’ Mawu vevie. (Mose I, 6:5, 6) Ke egbea, ɖe ale si Mawu sena le eɖokui me la trɔa? Ao, elabena Mawu metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Elé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ eye medina kura be yeakpɔ amewo woanɔ fu kpem o. Biblia fia be eteƒe madidi o, Mawu aɖɔ nu gbegblẽ siwo katã amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu he vɛ la ɖo eye wòaɖe Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa. Ðe esia menye kpeɖodzi vavã be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí oa?

10. Aleke Yehowa sena le eɖokui me le fu siwo amewo kpena ŋu?

10 Alakpanya vɔ̃ɖie wònye subɔsubɔhakplɔlawo gblɔna ɖe Mawu ŋu ne wogblɔ be eƒe lɔlɔ̃nue afɔku siwo dzɔna ɖe mía dzi le agbe me la nye. Nyateƒea enye be Yehowa di vevie be yeaɖe fukpekpe ɖe sia ɖe ɖa. Petro I, 5:7 gblɔ be: “Eyama léa be na mi.” Esiae nye nu si tututu Biblia fia!

Nu Ka Tae Míele Anyigba Dzi Ðo?

11. Nu kae subɔsubɔhawo gblɔna zi geɖe be eya tae míele anyigba dzi ɖo?

11 Mina míabu biabia evelia si ŋu ame geɖe dea ŋugble le ŋu, si nye, Nu ka tae míele anyigba dzi ɖo? Subɔsubɔhawo ɖoa biabia ma ŋu zi geɖe be amedzrowoe míenye le anyigba dzi. Wogblɔna be teƒe aɖee míeva yina, eye be anyigba la nye teƒe aɖe si míetɔna ɖo vie ko gayia mɔzɔzɔa dzi. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo fiaa nu be Mawu ava tsrɔ̃ anyigba sia keŋkeŋ gbe ɖeka. Nufiafia mawo na ame geɖe ƒo nya ta be anyo be yewoaɖu agbe ale si yewoate ŋui, elabena yewole kuku ge tsã. Nu ka tututue nye Biblia ƒe nufiafia le nu si tae míele anyigba dzi ɖo ŋu?

12-14. Nu kae Biblia fia be eyae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigbaa kple ameƒomea?

12 Tameɖoɖo nyui aɖee le Mawu si na anyigbaa kple ameƒomea. ‘Menye ɖe wòwɔ anyigba be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.’ (Yesaya 45:18) Gawu la, Yehowa ‘ɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.’ (Psalmo 104:5) Tameɖoɖo si le Mawu si na anyigba kple ameƒomea nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae míele afi sia ɖo la gɔme.

13 Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 1 kple 2 lia ɖee fia be ɖe Yehowa trɔ asi le anyigbaa ŋu nyuie be amegbetɔwo nanɔ edzi. Le anyigbadzinuwo katã wɔwɔ vɔ megbe la, nu sia nu ‘nyo ŋutɔ.’ (Mose I, 1:31) Mawu da ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa, ɖe Eden-bɔ nyui la me, eye wòna nuɖuɖu nyui gbogbo aɖewo wo. Mawu gblɔ na ame eve gbãtɔawo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” Ðe Mawu ɖoe be woadzi vi deblibowo, akeke woƒe paradisoƒea ɖe enu wòaxɔ anyigba bliboa dzi, eye woakpɔ lãwo hã dzi le lɔlɔ̃ me.—Mose I, 1:26-28.

14 Yehowa ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔƒome deblibo nanɔ anyigbaa dzi tegbee. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Ẽ, ɖe wowɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. Esiae nye Mawu ƒe tameɖoɖo, eye nu sia tututue nye Biblia ƒe nufiafia!

Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

15. Nu kae subɔsubɔha siwo le xexeame la ƒe akpa gãtɔ fiana tso nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku ŋu?

15 Azɔ mina míadzro biabia etɔ̃lia si ŋu amewo tsia dzi ɖo vevie la me, si nye: Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Subɔsubɔha akpa gãtɔ siwo le xexeame fiaa nu be nane le ame me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Subɔsubɔha aɖewo gakpɔtɔ lé nufiafia si nye be Mawu nana ame vɔ̃ɖiwo kpea fu le dzomavɔ me tsɔ hea to na woe la me ɖe asi. Gake nyateƒeae nye ema? Nu ka tututue nye Biblia ƒe nufiafia tso ku ŋu?

16, 17. Le Biblia ƒe nya nu la, nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

16 Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o.” Esi wònye be “kukuawo menya naneke o” ta la, womate ŋu ase nu, akpɔ nu, aƒo nu, ase nu le lãme, alo abu tame o. Fetu aɖeke megali na wo o. Alo? Womagate ŋu awɔ dɔ aɖeke o ɖe! Gawu la, “woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke,” elabena womate ŋu aɖe seselelãme aɖeke afia o.—Nyagblɔla 9:5, 6, 10.

17 Nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu la le bɔbɔe eye eme kɔ—ne ame nya ku ko la, megale agbe le afi aɖeke o. Naneke meli si dona le ame ƒe ŋutilã me, ne eku, ɖanɔa agbe le afi aɖe, ale be woagate ŋu ava dzii le ŋutilã bubu aɖe me abe ale si ame siwo xɔ gbugbɔgadzɔ nufiafiaa dzi se la gblɔnɛ ene o. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Míate ŋu atsɔ agbe si míele la asɔ kple dzoƒaɖe. Ne wotsi dzoa la, dzoƒaɖea meyia afi aɖeke o. Etsi, megali o.

18. Ne Biblia-nusrɔ̃vi va srɔ̃e be kukuawo meganya naneke o la, nya ta kae wòate ŋu aƒo?

18 Bu ŋusẽ si gbegbe nyateƒenya bɔbɔe wɔdɔɖeamedzi sia ate ŋu akpɔ ɖe amewo dzi ŋu kpɔ. Ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe va srɔ̃e be kukuawo meganya naneke o la, ele be wòate ŋu aƒo nya ta bɔbɔe be aleke kee tɔgbui siwo ku la dometɔ aɖewo ɖaléa nya ɖe dɔme esime wonɔ agbe o, womagate ŋu aɖe fu aɖeke na ye fifia o. Ele be wòate ŋu akpɔe adze si enumake hã be yeƒe ame vevi siwo ku la magate ŋu ase nu, akpɔ nu, aƒo nu, alo abu tame o. Le esia ta womate ŋu anɔ nu xam be yewotsi akogo le ŋutiklɔdzo me loo alo anɔ fu kpem le dzomavɔ aɖe me o. Ke hã Biblia fia be woafɔ ame kuku siwo le Mawu ƒe susu me la ɖe tsitre. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi!—Yohanes 5:28, 29.

Agbalẽ Yeye Si Míazã

19, 20. Agba kae le mí Kristotɔwo dzi, eye Biblia-srɔ̃gbalẽ ka ŋue wotrɔ asi le be míazã le subɔsubɔdɔa me?

19 Biabia geɖe siwo ŋu amewo dea ŋugble le la dometɔ etɔ̃ ko mee míedzro. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe me dzodzro me la, míeva kpɔe be nu si Biblia fia la me kɔ eye wòle tẽ. Enyea dzidzɔ geɖe na mí be míaɖe nyateƒenya siawo me na ame siwo di be yewoanya nu si tututu Biblia fia! Gake biabia vevi bubu geɖe gali siwo dzianukwaretɔwo dina be yewoakpɔ ŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ na. Enye agba le mí Kristotɔwo dzi be míakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia mawo.

20 Mele bɔbɔe be míafia Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea amewo eme nakɔ, eye wòade woƒe dzi gbɔ o. Be esia wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na mí la, “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” trɔ asi le agbalẽ aɖe ŋu, si akpe ɖe mía ŋu le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Mateo 24:45-47) Axa 224 gbalẽ sia ƒe tanyae nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?

21, 22. Nu dodzidzɔname siwo le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa me dometɔ aɖewo ɖe?

21 Nu dodzidzɔname geɖe le agbalẽ sia si woɖe ɖe go le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2005/06 “Toɖoɖo Mawu” Nutome gã Takpekpewo me la me. Le kpɔɖeŋu me, ŋgɔdonya siwo xɔ axa atɔ̃ la le kpekpem ɖe nɔviwo ŋu be wote ŋu le aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme dzem bɔbɔe. Àkpɔe be dzeɖoɖo tso nɔnɔmetata kple mawunyakpukpui siwo le ŋgɔdonyaa me ŋu le bɔbɔe ŋutɔ. Àte ŋu azã aɖaka si le eme hã atsɔ afia nusrɔ̃via ale si wòawɔ ake ɖe mawunyakpukpuiwo ŋu le Biblia me.

22 Woŋlɔ agbalẽ sia wòle bɔbɔe, eye eme kɔ. Wotrɔ asi le eŋu be nya aɖewo nayi na nusrɔ̃via tẽ le afi siwo wòanya wɔ le bene wòade eƒe dzi gbɔ. Le ta ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze la, woŋlɔ biabia aɖewo ɖe tanyaa te, eye le taa ƒe nuwuwu la, aɖaka aɖe li si ƒe tanyae nye “Nusi Biblia Fia.” Ale si Ŋɔŋlɔawo ɖo biabia siwo le tanyaa te ŋu lae le aɖaka la me. Nɔnɔmetata kple nu siwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ kpakple kpɔɖeŋu nyui siwo le agbalẽ sia me ana wòanɔ bɔbɔe na nusrɔ̃via be wòase nu yeye siwo wòsrɔ̃ la gɔme. Togbɔ be woŋlɔ agbalẽ sia me nyawo wòle bɔbɔe hã, megbenya siwo ku ɖe nyati vevi 14 ŋu la le agbalẽa ƒe nuwuwu, si akpe ɖe ŋuwò nàɖe nu me na nusrɔ̃vi si hiã numekɔkɔ geɖe la.

23. Aɖaŋu kawoe woɖo le ale si míazã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃woe ŋu?

23 Wotrɔ asi le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míafia nu ame ƒomevi vovovo siwo ƒe agbalẽnyanya kple mawusubɔsubɔ le vovovo. Ne nusrɔ̃vi aɖe menya naneke tso Biblia ŋu o la, anyo be miama ta ɖeka me ɖe akpa geɖe me asrɔ̃. Mègaƒu du to nusɔsrɔ̃a me dzradzradzra o, ke boŋ dze agbagba be nusɔsrɔ̃a nade nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ. Ne mese kpɔɖeŋu aɖe si wowɔ le agbalẽa me gɔme o la, ɖe eme nɛ alo wɔ kpɔɖeŋu bubu nɛ. Dzra ɖo nyuie; dze agbagba be nàzã agbalẽa nyuie, eye do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ‘awɔ nyateƒenya la ŋudɔ pɛpɛpɛ.’—Timoteo II, 2:15.

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi Si Su Asiwò La Ŋu

24, 25. Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kawoe Yehowa na eƒe amewo?

24 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ xɔasi geɖe eƒe amewo. Ena míenya eyama ŋuti nyateƒea. Mele be míabu mɔnukpɔkpɔ sia nu tsɛe gbeɖe o! Nyateƒee wònye be Mawu ɣlaa eƒe tameɖoɖo ɖe dadalawo, eye wòɖenɛ fiana ɖokuibɔbɔlawo. Yesu gblɔ le nya sia ŋu be: “Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nu siawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩwo.” (Mateo 11:25) Bubu gã aɖe ŋutɔ wònye be míele ɖokuibɔbɔla siwo le Yehowa, Xexeame Katã Dziɖulagã, subɔm la dome.

25 Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí hã be míafia nu amewo ku ɖe eyama ŋu. Ðo ŋku edzi be amewo gblɔa alakpanyawo tso Yehowa ŋu le woƒe nufiafiawo me. Le esia ta, nukpɔsusu totro ye le ame geɖe si ku ɖe Yehowa ŋu, si na be wobunɛ be metsɔa ɖeke le eme na mí o, eye be mesea veve aɖeke hã ɖe mía nu o. Àdi vevie be yeakpe ɖe amewo ŋu woaɖɔ woƒe nukpɔsusu sia ɖoa? Èdi be dzianukwaretɔ siwo le afi sia fi nanya Mawu ŋuti nyateƒea? Ekema ɖoe kplikpaa nàɖee afia be yeɖoa to Mawu to gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe kple Ŋɔŋlɔa me nufiafia veviwo fiafia amewo me. Ehiã be nyateƒea dilawo nasrɔ̃ nu si tututu Biblia fia.

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Aleke míewɔ nya be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí?

• Nu ka tae míele anyigba dzi ɖo?

• Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

• Nu dodzidzɔname siwo le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me kawoe nèkpɔ be aɖe vi ŋutɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Biblia fia nu be fukpekpe maganɔ anyi o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyɔnuvi si le etame, le ɖusime: © Bruno Morandi/age fotostock; nyɔnu si le miame: AP Photo/Gemunu Amarasinghe; sitsoƒedila siwo le ete, le ɖusime: © Sven Torfinn/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ame dzɔdzɔewo anɔ Paradiso me tegbee