Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woawɔ Ðe Biblia Ƒe Nufiafiawo Dzi

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woawɔ Ðe Biblia Ƒe Nufiafiawo Dzi

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woawɔ Ðe Biblia Ƒe Nufiafiawo Dzi

“Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.”—LUKA 8:15.

1, 2. (a) Nu ka tae wota Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa? (b) Le ƒe siawo me la, aleke Yehowa yra ɖe eƒe amewo ƒe agbagbadzedze be woawɔ amewo nusrɔ̃lawoe dzi?

“AGBALẼA nyo ŋutɔ. Edzɔa dzi na nye nusrɔ̃viwo ale gbegbe. Eƒe nu léa dzi nam ŋutɔ. Agbalẽ sia nana wònɔa bɔbɔe be woadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple amewo le woƒe ʋɔtru nu ke.” Nya siae Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela aɖe gblɔ ku ɖe agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ŋu. * Ame tsitsi aɖe si hã nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela gblɔ tso agbalẽ sia ke ŋu be: “Mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpe ɖe ame geɖe ŋu wova nya Yehowa le ƒe 50 siwo metsɔ wɔ subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe la me. Gake magblɔ be Biblia-srɔ̃gbalẽ sia le etɔxɛ ŋutɔ. Nɔnɔmetata kple kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi siwo le eme la doa dzidzɔ na ame ŋutɔ.” Nenemae nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ŋua? Wotrɔ asi le Biblia-srɔ̃gbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Yesu ƒe sedede si nye be, “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi” la dzi.—Mateo 28:19, 20.

2 Ðikeke mele eme o be edoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ne ekpɔ eƒe Ðasefo 6, 600,000, siwo lɔ̃ faa le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe sedede be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo la dzi. (Lododowo 27:11) Edze ƒã be Yehowa le yayram ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2005 me la, woɖe gbeƒã nyanyuia le dukɔ 235 me, eye wosrɔ̃ Biblia kple ame siwo wu 6,061,500. Esia wɔe be ame geɖe ‘se mawunya la eye womexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe ale si wònye Mawu ƒe nya vavã ene.’ (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Le ƒe eve siwo va yi me la, nusrɔ̃la yeye siwo wu 500,000 trɔ woƒe agbenɔnɔ wòsɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu, eye wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu.

3. Nyabiase siwo ku ɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa zazã ŋu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Ðe nèkpɔ dzidzɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ame aɖe me le ŋkeke siawo mea? Le xexeame godoo la, amewo gakpɔtɔ li, siwo si “dzi nyui, si dza” le, eye ne wose Mawu ƒe nya la “wotsena le dzigbɔɖanyi me.” (Luka 8:11-15) Na míakpɔ ale si míate ŋu azã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me ɖa. Míadzro nyabiase etɔ̃ siwo gbɔna la me: (1) Aleke nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔmee? (2) Nufiafiamɔnu kawoe wɔa dɔ wu? (3) Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu be manye nusrɔ̃la ɖeɖekoe wòanye o, ke boŋ wòanye Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi, Biblia, fiala hã?

Ale Si Nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ Gɔmee

4. Nu ka tae ame aɖewo hena ɖe megbe le Biblia-sɔsrɔ̃ ŋu, eye aleke nàwɔ akpe ɖe wo ŋu woaɖu vɔvɔ̃ sia dzii?

4 Nenye be wobia tso asiwò be nàdzo kpo aflɔ tsisisi aɖe si keke ŋutɔ la, ɖewohĩ màlɔ̃ o. Gake ne woda kpewo ɖe tsia me ɖe ɖoɖo nu la, ɖewohĩ àdi be yeatee akpɔ. Nenema kee ame si ŋu vovo menɔna o hã anɔ hehem ɖe megbe le Biblia-sɔsrɔ̃ ŋu. Aƒemenɔlaa asusui be abia agbagbadzedze kple ɣeyiɣi geɖe hafi yeate ŋu asrɔ̃e. Aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋu wòaɖu eƒe vɔvɔ̃a dzii? Àte ŋu ato numedzodzro tuameɖo siwo le kpuie wɔwɔ kple amea le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me dzi ana wòazu ame si srɔ̃a Mawu ƒe Nya la edziedzi. Ne èdzrana ɖo nyuie la, tɔtrɔyi ɖe sia ɖe si nàwɔ anɔ abe kpe siwo dzi tom wòle be wòadze xɔlɔ̃ Yehowa ene.

5. Nu ka tae wòhiã be nàxlẽ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa?

5 Gake hafi nàte ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa naɖe vi nɛ la, ehiã be wò ŋutɔ nànya emenyawo nyuie. Ðe nèxlẽ agbalẽ bliboa wu enua? Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a tsɔ agbalẽa ɖe asi yi mɔkekee, eye wote exexlẽ esime wonɔ ɖiɖim ɖe eme le ƒuta. Esi nyɔnu aɖe si dzraa nu na modzakaɖetsaɖilawo le nutoa me te ɖe wo ŋu la, eƒe ŋku dze agbalẽa ƒe tanya si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? dzi. Egblɔ na atsu kple asia be gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, yedo gbe ɖa le nyabiase ma tututu ŋu hebia Mawu be wòana ŋuɖoɖo ye. Wotsɔ agbalẽa ɖeka nɛ kple dzidzɔ. Ðe ‘nèwɔ ɣeyiɣi la ŋuti dɔ nyuie’ tsɔ xlẽ agbalẽ sia ake esime nènɔ ame aɖe lalam alo nɔ ɖiɖim ɖe eme le dɔwɔƒe alo suku kpɔa? (Efesotɔwo 5:15, 16) Ne èwɔe alea, àva nya Biblia-srɔ̃gbalẽ sia me nyawo nyuie eye aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò be nàƒo nu tso nu siwo le eme ŋu na amewo.

6, 7. Aleke nàte ŋu azã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmee?

6 Ne èle agbalẽ sia nam le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, wɔ kpɔɖeŋuwo, mawunyakpukpuiwo, kple nyabiase siwo le axa 4, 5, kple 6 lia ŋudɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme kple nyabiase sia be: “Esi kuxiwo do agbogbo ɖe ameƒomea dzi alea la, afi kae nèsusu be míate ŋu akpɔ mɔfiame siwo ŋu kakaɖedzi le la tsoe?” Ðo to nyuie nàse amea ƒe ŋuɖoɖoa, emegbe xlẽ Timoteo II, 3:16, 17 nɛ, eye nàɖe eme nɛ be Biblia gblɔ nu si tututu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiawo gbɔ. Emegbe, he aƒemenɔla ƒe susu yi axa 4 kple 5 dzi, eye nàbiae be: “Nɔnɔme siwo woɖɔ le axa siawo dometɔ kae ɖea fu na wò wu?” Ne etɔ asi ɖe dzi la, tsɔ agbalẽa de esi ne nàxlẽ mawunyakpukpui si woŋlɔ ɖe nɔnɔmetataa gbɔ la le wò Biblia me nɛ. Emegbe xlẽ nya siwo le axa 6 lia nɛ, eye nàbiae be: “Nyabiase ade siwo dze le axa sia te dometɔ kae nàdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na?” Ne aƒemenɔla tia wo dometɔ ɖeka la, ʋu ta si ɖo nyabiase ma ŋu nɛ, tsɔ agbalẽa nɛ, eye miawɔ ɖoɖo aɖe koŋ be nàtrɔ ayi ne miadzro nyabiase ma me.

7 Dzeɖonya si ŋu míeƒo nu tsoe fifia axɔ abe miniti atɔ̃ ko ene. Gake le miniti ʋɛ mawo me la, àde dzesi nu si me aƒemenɔla tsɔ ɖe le, àxlẽ mawunyakpukpui eve ahaɖe eme nɛ, eye àwɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu. Dzeɖoɖo kpuie kple aƒemenɔla alea anya nye mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòase dzideƒonamenya kple akɔfanamenya nyui siwo megase kpɔ o la. Esia awɔe be ame si ŋu vovo menɔna kura o gɔ̃ hã anɔ didim be nàgava yewoasrɔ̃ nu miniti ʋɛ aɖewo esi nèle kpekpem ɖe eŋu be wòawɔ ŋgɔyiyi azɔ ‘mɔ si kplɔa amewo yina ɖe agbe me’ la dzi. (Mateo 7:14) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ne amea va tsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃a me vevie la, àte ŋu ana ɣeyiɣi si mietsɔ srɔ̃a nua la nadidi vie ɖe edzi. Àte ŋu awɔ esia ne èdoe ɖe amea gbɔ be yewoanɔ anyi asrɔ̃ nua ɣeyiɣi didime aɖe koŋ.

Nufiafiamɔnu Siwo Wɔa Dɔ Wu

8, 9. (a) Aleke nàte ŋu abla akpa na wo Biblia-nusrɔ̃vi be wòanɔ te ɖe kplamatsedonu kple dodokpɔ siwo wòate ŋu ava do goe la nu? (b) Afi kae woate ŋu akpɔ nu siwo dzo mefiãna o si wotsɔna tua xɔse sesẽ ɖoe la le?

8 Ne ame te wɔwɔ ɖe nu si Biblia fia dzi ko la, ado go kplamatsedonu siwo ate ŋu ahe eƒe ŋgɔyiyiwɔwɔ ɖe megbe godoo. Apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Paulo tsɔ dodokpɔ siawo sɔ kple dzo si te ŋu bina xɔtunu manyomanyowo, gake mete ŋu bina xɔtunu siwo nye sika, klosalo, kple kpe xɔasiwo ya o la. (Korintotɔwo I, 3:10-13; Petro I, 1:6, 7) Be nàkpe ɖe wò Biblia-nusrɔ̃vi ŋu be wòatu nɔnɔme siwo akpe ɖe eŋu wòanɔ te ɖe dodokpɔ siwo wòate ŋu ava do goe nu la, ele be nàzã xɔtunu siwo dzo mefiãna o la atsɔ atu eyama ɖoe.

9 Hakpala la tsɔ “Yehowa ƒe nyawo” sɔ kple “klosalo, si wolólona le kpo me wotsrana ɖe anyigba, eye woklɔe zi gbɔ zi adre.” (Psalmo 12:7) Le nyateƒe me la, nu xɔasi siwo katã woate ŋu azã atsɔ atu xɔse sesẽ ɖoe la le Biblia me. (Psalmo 19:8-12; Lododowo 2:1-6) Eye Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ate ŋu afia ale si nàzã Ŋɔŋlɔawo nyuie la wò.

10. Aleke nàte ŋu ahe nusrɔ̃via ƒe susu ayi Biblia dzii?

10 Le nusrɔ̃ɣia la, he nusrɔ̃via ƒe susu yi mawunyakpukpui siwo woyɔ le ta si me dzrom miele la me dzi. Zã nyabiasewo nàtsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòase mawunyakpukpui veviawo gɔme eye wòagblɔ ale si eya ŋutɔ awɔ wo ŋudɔe. Kpɔ nyuie be nàgaɖo nu si wòawɔ la nɛ o. Srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu boŋ. Esime sefiala aɖe bia nya Yesu la, eɖo eŋu nɛ be: “Nuka woŋlɔ ɖe segbalẽa me mahã? Aleke xlẽm nèlea?” Ŋutsua na ŋuɖoɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me, eye Yesu kpe ɖe eŋu wòkpɔ ale si eya ŋutɔ awɔ gɔmeɖose ma ŋudɔe. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe hã nɛ tsɔ kpe ɖe eŋu wòkpɔ ale si nufiafia si le eme la ka eya ŋutɔe. (Luka 10:25-37) Kpɔɖeŋu bɔbɔe geɖe le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me siwo nàte ŋu azã atsɔ akpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu be eya ŋutɔ natsɔ Biblia me gɔmeɖosewo awɔ dɔe.

11. Nu agbɔsɔsɔme kae miasrɔ̃ le nusrɔ̃ɣi ɖe sia ɖe me?

11 Abe ale si ko Yesu tsɔ nya bɔbɔewo ɖe nya siwo gɔmesese sesẽ mee ene la, wozã nya siwo le bɔbɔe eye wo me kɔ tsɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me. (Mateo 7:28, 29) Anyo be nàsrɔ̃ kpɔɖeŋu sia. Na wò nyawo nanɔ bɔbɔe, wo me nakɔ, eye woanye nyateƒe. Migaƒu du to agbalẽa me dzradzradzra o. Ke boŋ, memama agbɔsɔsɔme si miasrɔ̃ le nusrɔ̃ɣi ɖe sia ɖe me la nanɔ te ɖe nusrɔ̃via ƒe ŋutete kple eƒe nɔnɔmewo dzi. Yesu nya eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutete eye metsɔ nya siwo womate ŋu atsɔ ɣemaɣi o la do agbae na wo o.—Yohanes 16:12.

12. Aleke wòle be nàzã megbenyawoe?

12 Megbenya siwo me wodzro nyati 14 me le la le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me. Wò, nufiala, ŋutɔ àte ŋu anɔ te ɖe nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo dzi akpɔ ale si miazã megbenya siawo wòaɖe vii. Le kpɔɖeŋu me, ne nusrɔ̃vi aɖe mese nya aɖe gɔme nyuie o, alo nyabiasewo le esi le nya tɔxɛ aɖewo ŋu le dzixɔse siwo nɔ esi tsã ta la, fiae ale si wòate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na nya mawoe la le megbenyawo me. Gake le ale si nusrɔ̃via ƒe hiahiãwo le nu la, àte ŋu atiae be yeadzro eme kplii. Ŋɔŋlɔawo me nyati vevi siwo dometɔ aɖewo nye “‘Luʋɔ’ Kple ‘Gbɔgbɔ’—Nukae Nya Siawo Fia Ŋutɔŋutɔ?” kple “Nukae Nye ‘Babilon Gã La’?” le megbenyawo me. Àte ŋu adzro nyati siawo me kple wò nusrɔ̃via ne ehiã. Esi wònye be nyabiasewo mekpe ɖe megbenyaawo ŋu o ta la, ahiã be wò ŋutɔ nànya emenyawo nyuie bena nàte ŋu abia nya siwo akpe ɖe eŋu wòase nuawo gɔme.

13. Akpa kae gbedodoɖa wɔna le ŋusẽdodo ame ƒe xɔse me?

13 Psalmo 127:1 gblɔ be: “Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.” Eya ta ne èle dzadzram ɖo ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu la, do gbe ɖa nàbia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Na ale si mia kple Yehowa dome le kplikplikplii la nadze le gbe siwo nàdo ɖa le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze kple enuwuwu siaa me. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòado gbe ɖa na Yehowa abia nunya be wòase Mawu ƒe Nya la gɔme, eye be wòado ŋusẽ ye yeawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eme dzi. (Yakobo 1:5) Ne nusrɔ̃via wɔe alea la, ado ŋusẽe be wòado dzi le dodokpɔwo me eye eƒe xɔse asesẽ ɖe edzi.

Kpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Be Woazu Nufialawo

14. Ŋgɔyiyi kae wòhiã be Biblia-nusrɔ̃viwo nawɔ?

14 Be míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo nawɔ “nusiwo katã” Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo la, ehiã be woawɔ ŋgɔyiyi ava zu Mawu ƒe Nya la fialawo. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:6-8) Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu be wòawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi sia?

15. Nu ka ta wòle be nàde dzi ƒo na wò Biblia-nusrɔ̃vi be wòade Kristotɔwo ƒe kpekpewo?

15 Tso nusɔsrɔ̃ gbãtɔ dzi ke la, kpe nusrɔ̃via be wòade hamea ƒe kpekpeawo kpli wò. Ðe eme nɛ be kpekpeawo mee yexɔa hehe le be yeanye Mawu ƒe Nyaa fiala. Le Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, tsɔ miniti ʋɛ aɖewo ƒo nu tso ɖoɖo siwo wowɔ ɖe gbɔgbɔmenufiamewo xɔxɔ le kpekpe kple takpekpe vovovoawo me ŋu la ŋu nɛ hena kwasiɖa aɖewo. Ƒo nu tso viɖe siwo nèkpɔna tsoa wɔna siawo me ŋu nɛ dzonɔamemetɔe. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ne nusrɔ̃via nya te kpekpeawo dede edziedzi ko la, ate ŋu ava zu Mawu ƒe Nya la fiala.

16, 17. Taɖodzinu siwo Biblia-nusrɔ̃vi ate ŋu aɖo na eɖokui ahaɖo wo gbɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

16 Kpe ɖe Biblia-nusrɔ̃via ŋu wòaɖo taɖodzinu siwo gbɔ wòate ŋu aɖo la na eɖokui. Le kpɔɖeŋu me, de dzi ƒo nɛ be wòagblɔ nu si srɔ̃m wòle la na exɔlɔ̃ aɖe alo eƒe ƒometɔ aɖe. Kafui nɛ hã be wòaɖoe eƒe taɖodzinu be yeaxlẽ Biblia bliboa. Ne èkpe ɖe eŋu wòna Biblia-xexlẽ edziedzi zu numame nɛ la, esia ayi edzi aɖe vi nɛ ɖaa le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe manyo ŋutɔ be nàde dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaɖoe eƒe taɖodzinu be mawunyakpukpui, siwo ɖo nyabiase vevi siwo le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta ɖe sia ɖe me la, ɖeka ya teti natsi tame na ye oa? Ewɔwɔ alea ana wòazu “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.”—Timoteo II, 2:15.

17 Le esi nàna nusrɔ̃via nagbugbɔ mawunyakpukpuiwo agblɔ alo agblɔ emenyawo gbadza teƒe la, de dzi ƒo nɛ be wòagblɔ ale si wòaɖe mawunyakpukpui veviwo mee ne ele nya ŋu ɖom na ame siwo abia nyae ku ɖe eƒe xɔse ŋu. Aɖe vi ŋutɔ ne miewɔa ale si wòaɖe eƒe dzixɔse me na ƒometɔ alo dɔwɔhati aɖe si bia nyae la ƒe wɔwɔfia kpuiwo, tsɔ ɖokuiwò ɖo ame si abia nya lae teƒe. Ne nusrɔ̃via le nya ŋu ɖom la, fiae ale si wòaɖo nya ŋu le “dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃” me.—Petro I, 3:15.

18. Ne woɖe mɔ na Biblia-nusrɔ̃vi be wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, kpekpeɖeŋu bubu kawoe nàte ŋu anɛ?

18 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Biblia-nusrɔ̃via ate ŋu adze hena gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ðe eme nɛ be mɔnukpɔkpɔe wònye be woaɖe mɔ na ame be wòakpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me. (Korintotɔwo II, 4:1, 7) Ne hamemetsitsiwo nya ɖe mɔ na nusrɔ̃via be wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ko la, kpe ɖe eŋu wòadzra ɖaseɖinya kpui aɖe ɖo, eye emegbe mia kplii miayi gbeadzi ɖekae. Mia kplii minɔ gome kpɔm ɖekae le subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo me edziedzi, eye nàfiae ale si wòadzra ɖo ahawɔ tɔtrɔyi siwo tsea ku. Kpɔɖeŋu nyui si wò ŋutɔ nàɖo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe edzi.—Luka 6:40.

‘Xɔ Ðokuiwò Kple Ame Siwo Ðoa To Wò La Ðe Agbe’

19, 20. Taɖodzinu kae wòle be míaɖo, eye nu ka tae?

19 Ðikeke mele eme o be ebia agbagbadzedze vevie be woakpe ɖe ame aɖe ŋu wòava “nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Gake dzidzɔ si kpekpe ɖe amewo ŋu be woava wɔ ɖe nu si Biblia fia dzi hena vɛ la tɔgbe mebɔ o. (Tesalonikatɔwo I, 2:19, 20) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye be míanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” le xexeame katã ƒe nufiafiadɔ sia me!—Korintotɔwo I, 3:9.

20 Yehowa ato Yesu Kristo kple mawudɔla triakɔwo dzi abia akɔnta “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o” la. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-8) Amewo ƒe agbe le afɔku me. Ðe manyo be nàɖoe wò taɖodzinui be yeazã Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa atsɔ anɔ aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔmee kple ame ɖeka ya teti oa? Ne èle gome kpɔm le dɔ sia me la, ana mɔnukpɔkpɔ wò be ‘nàxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.’ (Timoteo I, 4:16) Ehiã fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe be míakpe ɖe amewo ŋu woawɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 1 Yehowa Ðasefowoe tae.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Nu ka tae wota Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa?

• Aleke nàte ŋu azã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔmee?

• Nufiafiamɔnu kawoe wɔa dɔ wu?

• Aleke nàte ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi ŋu be wòazu Mawu ƒe Nya la fiala?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Èle agbalẽ sia zãm nyuiea?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Numedzodzro kpui aɖe ate ŋu ana ame nadi be yeasrɔ̃ Biblia

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ahe nusrɔ̃via ƒe susu ayi Biblia dzii?

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Kpe ɖe Biblia-nusrɔ̃via ŋu be wòawɔ ŋgɔyiyi

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

NUKA Tututue NYE BIBLIA ƑE NUFIAFIA?