Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yesaya Ƒe Agbalẽa Me—Akpa II

Nya Vevi Siwo Tso Yesaya Ƒe Agbalẽa Me—Akpa II

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yesaya Ƒe Agbalẽa Me—Akpa II

YESAYA le eƒe nyagblɔɖidɔa wɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Nya siwo wògblɔ ɖi ɖe Israel-to ewo fiaɖuƒea ŋu va eme xoxo. Azɔ nya bubuwo gale esi wòagblɔ ɖi ɖe Yerusalem ƒe etsɔme ŋu.

Woatsrɔ̃ Yerusalem-dua, eye woakplɔ dua me tɔwo ayi aboyo me. Gake dua manye aƒedo tegbee o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi. Esiae nye gbedasi vevi si le Yesaya 36:1–66:24 me. * Ta siawo me dzodzro ate ŋu aɖe vi na mí, elabena nyagblɔɖi siwo le akpa sia la dometɔ geɖe le eme vam le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ŋkekea me, alo woava eme le etsɔme kpuie. Nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi siwo ku ɖe Mesia la ŋu hã le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe akpa sia me.

“KPƆ ÐA, ŊKEKEWO LI GBƆNA”

(Yesaya 36:1–39:8)

Le Fia Xizkiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 14 lia (si nye ƒe 732 D.M.Ŋ.) me la, Asiriatɔwo ho ɖe Yuda ŋu. Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ Yerusalem ta. Asiriatɔwo ƒe ŋɔdzidodo be yewoadze Yuda dzi la wu enu esime Yehowa ƒe dɔla ɖeka pɛ ko wu Asiria-srafo 185,000 sɔŋ.

Xizkiya dze dɔ. Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖa ŋu, eye wòda dɔ nɛ hetsɔ ƒe 15 kpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu. Esi Babilon-fia dɔ amewo ɖa be woaɖado gbe na Xizkiya la, eɖe eƒe kesinɔnuwo katã fia wo ŋumaɖɔɖotɔe. Yesaya gblɔ Yehowa ƒe gbedasi na Xizkiya ale: “Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esiwo me woalɔ nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo katã fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel.” (Yesaya 39:5, 6) Le ƒe 100 megbe la, nyagblɔɖi sia va eme.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabia Ŋuɖoɖo:

38:8—Nu kae nye “ɖoƒe” si dzi vɔvɔlia gbugbɔ ɖe megbe le? Esi wònye wozãa ɣega le Egipte kple Babilon le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me ta la, ɖoƒe siawo ate ŋu afia dzidzenu siwo le ɣega aɖe si Xizkiya fofo, Axaz, anya ƒle la dzi. Alo atrakpui aɖe anya nɔ fiasã la me. Ðewohĩ kpe aɖe si woɖo ɖe atrakpuiawo ŋu la ƒe vɔvɔli dzena ɖe atrakpuiawo dzi, si wote ŋu tsɔ xlẽa gamee.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

36:2, 3, 22. Togbɔ be woxɔ nudzikpɔkpɔdɔ le Sebna si hã la, fia la ɖe mɔ nɛ wòzu nudzikpɔla si va xɔ ɖe eteƒe la ƒe agbalẽŋlɔla. (Yesaya 22:15, 19) Ne woxɔ dɔ le mía si le Yehowa ƒe habɔbɔa me ɖe susu aɖewo ta la, ɖe mele be míayi edzi asubɔ Mawu le ɖoƒe si wònya da mí ɖo ko oa?

37:1, 14, 15; 38:1, 2. Ne míeɖo xaxa me la, nunya le eme be míado gbe ɖa na Yehowa ahaka ɖe eyama dzi bliboe.

37:15-20; 38:2, 3. Esime Asiriatɔwo nɔ ŋɔdzi dom na Yerusalemtɔwo la, nu si ŋu Xizkiya tsi dzi ɖo vevie enye vlodoame si dua tsɔtsrɔ̃ ahe ava Yehowa ƒe ŋkɔ dzii. Esi Xizkiya se be yemagã tso yeƒe dɔlélea me o la, menye eya ŋutɔ ɖokui ko ŋue wòtsi dzi ɖo o. Nu si ɖe fu nɛ vevie wue nye ale si nu agblẽ le Dawid ƒe fiaƒomea ŋu le esi eya ŋutɔ medzi ŋutsuvi aɖeke si anyi eƒe dome o la ta. Etsi dzi hã ɖe ame si axɔ ŋgɔ akpe aʋa kple Asiriatɔwo ŋu. Abe Xizkiya ene la, Yehowa ƒe ŋkɔa ŋutikɔkɔ kple eƒe tameɖoɖowo me vava nɔa vevie na mí wu mía ŋutɔwo míaƒe agbekpɔkpɔ.

38:9-20. Xizkiya ƒe ha sia le mía fiam be naneke mele vevie na ame le agbe me wu be mɔnukpɔkpɔ nasu esi wòakafu Yehowa o.

‘WOAGBUGBƆE ATSO’

(Yesaya 40:1–59:21)

Esi Yesaya gblɔ Yerusalem tsɔtsrɔ̃ kple emenɔlawo ɖeɖe aboyoe yi Babilon ŋu nya vɔ megbe teti la, egblɔ ɖi be woagbugbɔ Yerusalem atso. (Yesaya 40:1, 2) Yesaya 44:28 gblɔ be: ‘Woagbugbɔ Yerusalem atso.’ Woalɔ Babilontɔwo ƒe legbawo adzoe abe ale si wolɔa ‘agbae’ ene. (Yesaya 46:1) Woatsrɔ̃ Babilon. Esiawo katã va eme pɛpɛpɛ le ƒe alafa eve megbe.

Yehowa atsɔ eƒe dɔla aɖo “kekeli na dukɔwo.” (Yesaya 49:6) Babilontɔwo ƒe “dziƒo,” alo dziɖulawo, “abu abe dzudzɔ ene,” eye wo teviwo “aku abe tagbatsuwo ene”; gake ‘Zion-nyɔnuvi, si woɖe aboyoe, aɖe ga le kɔ.’ (Yesaya 51:6; 52:2) Yehowa gblɔ na ame siwo tena ɖe eŋu heɖoa toe la be: “Mabla nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.” (Yesaya 55:3) Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu nana ‘wokpɔa dzidzɔ le Yehowa ŋu.’ (Yesaya 58:14) Gake dukɔa ƒe vodadawo ‘klã woa kple woƒe Mawu dome.’—Yesaya 59:2.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

40:27, 28—Nu ka tae Israel-viwo gblɔ be: “Nye mɔ ɣla ɖe Yehowa, eye nye nya dzɔdzɔe to nye Mawu ŋu yi”? Yudatɔ siwo nɔ Babilon la dometɔ aɖewo anya bui be nu madzɔmadzɔ siwo wɔm wonɔ ɖe yewo ŋu la le ɣaɣla ɖe Yehowa, alo be menɔ ekpɔm o. Woɖo ŋku edzi na wo be Babilon megbɔ Ame si wɔ anyigba la, ame si ŋu ɖeɖi metena o la, ƒe ŋutete ŋu o.

43:18-21—Nu ka tae wogblɔ na ame siwo gbɔ tso aboyo me be ‘woagaɖo ŋku nu siwo dzɔ va yi la dzi o’? Esia mefia be woaŋlɔ ale si Yehowa ɖewoe va yi la be o. Ke boŋ, Yehowa di be woakafu ye le “nu yeye” aɖe, si teƒe woa ŋutɔwo woakpɔ, si nye ale si ɖewohĩ woatrɔ ato gbedzimɔ si le kpuie wu agbɔ va Yerusalem dedie la ta. “Ameha gã” si ado tso “xaxa gã” la me hã anɔ te ɖe nu yeye siwo woakpɔ dzi akafu Yehowa.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

49:6—Susu ka nue Mesia la nye “kekeli na dukɔwo” le, togbɔ be Israel-viwo dome koe wòwɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa le? Le nu si dzɔ le Yesu ƒe ku megbe tae. Biblia zã Yesaya 49:6 me nyawo wòku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 13:46, 47) Egbea, Kristotɔ amesiaminawoe nye “kekeli na dukɔwo,” eye wotsɔ kekelia le yiyim na dukɔwo va se ɖe “anyigba ƒe seƒe ke,” eye tadeagula siwo nye ameha gã la me tɔwo le kpekpem ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ me.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

53:10—Mɔ ka nue Yehowa kpɔ dzidzɔ be yeagbã ye Via gudugudu le? Anya ve Yehowa, si nye Mawu si ƒe dɔme trɔna eye wòsea veve ɖe ame nu, be wòakpɔ Via wòanɔ fu kpem. Togbɔ be ele alea hã, Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe ale si Yesu lɔ̃ faa ɖo toe kple nu nyui siwo katã ado tso eƒe fukpekpe kple ku me la ŋu.—Lododowo 27:11; Yesaya 63:9.

53:11—Nunya kae Mesia la azã atsɔ “atso afia na ame geɖewo”? Eyae nye nunya si su Yesu si esime wòva anyigba dzi, va zu amegbetɔ, eye wòkpe fu madzemadze va se ɖe ku me. (Hebritɔwo 4:15) Eto esia me na tafe si hiã hafi tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu Kristotɔ amesiaminawo kple ameha gã la me tɔwo si le Mawu ŋkume.—Romatɔwo 5:19; Yakobo 2:23, 25.

56:6—Ame kawoe nye “amedzrovi” siawo, eye mɔ ka nue “wokuna ɖe [Yehowa ƒe] nubabla la ŋu” le? “Amedzrovi” siawoe nye Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo.’ (Yohanes 10:16) Wokuna ɖe nubabla yeyea ŋu le gɔmesesea nu be wowɔna ɖe nubablaa ƒe sewo dzi, wozɔna ɖe ɖoɖo siwo wowɔ to nubablaa dzi la dzi bliboe, wokpɔa gome le gbɔgbɔmenuɖuɖu si Kristotɔ amesiaminawo hã ɖuna la me, eye wokpena ɖe wo ŋu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

40:10-14, 26, 28. Ŋusẽ le Yehowa si eye wòfa tu, enye ŋusẽkatãtɔ kple nunyala gãtɔ, eye eƒe gɔmesese de to ale gbegbe be míate ŋu ase egɔme bliboe o.

40:17, 23; 41:29; 44:9; 59:4. Legbawo kpakple nubabla siwo dunyahelawo wɔna nye ‘toflokowo.’ Ŋuɖoɖo ɖe wo ŋu maɖe vi aɖeke o.

42:18, 19; 43:8. Ne míeŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi dzi, eye míedo toku nufiame siwo wònana to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi la, míazu ŋkuagbãtɔwo kple tokunɔwo le gbɔgbɔ me.—Mateo 24:45.

43:25. Yehowa tutua míaƒe vodadawo ɖa le eya ŋutɔ ɖokui ta. Yehowa ƒe ŋkɔa ŋutikɔkɔ le vevie wu míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me kpakple míaƒe agbekpɔkpɔ.

44:8. Yehowa, ame si nye agakpe si meʋãna o lae le megbe na mí. Eya ta mele be míavɔ̃ gbeɖe na ɖaseɖiɖi tso eƒe Mawunyenye ŋu o.—Samuel II, 22:31, 32.

44:18-20. Trɔ̃subɔsubɔ fiana be nu gbegblẽwo yɔ ame ƒe dzi me. Mele be naneke naxɔ ɖe Yehowa teƒe le míaƒe dzi me o.

46:10, 11. Ŋutete si le Yehowa si be wòana eƒe ‘tameɖoɖo nava me’ alo be wòawɔ eƒe nya dzi la ɖoa kpe eƒe Mawunyenye dzi.

48:17, 18; 57:19-21. Ne míekpɔa mɔ na Yehowa be wòaɖe mí, eye míetena ɖe eŋu hewɔna ɖe eƒe sededewo dzi la, míaƒe ŋutifafa asɔ gbɔ abe tsi gbogbo siwo le tɔsisi me ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ asɔ gbɔ abe ƒutsotsoewo ene. Ame siwo meɖoa to Mawu ƒe Nya la o la, le abe “atsiaƒu dzeagbo ene.” Ŋutifafa aɖeke meli na wo o.

52:5, 6. Babilontɔwo ƒo nya ta vodadatɔe be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔe Mawu vavã la nye. Womede dzesii be esi Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe Israel-viwo ŋu o tae wòɖe mɔ wozu kluviwo ɖo o. Ne afɔkuwo dzɔ ɖe amewo dzi la, nunya manɔ eme be míatsi dzi aƒo nya ta le nu si gbɔ wòtso ŋu o.

52:7-9; 55:12, 13. Susu etɔ̃ ya teti le mía si siwo tae wòle be míakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me dzidzɔtɔe ɖo. Míaƒe afɔwo nyo na ɖokuibɔbɔla siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum la. Míaƒe ‘ŋkuwo kpɔa’ Yehowa alo míenɔa ƒomedodo kplikplikpli me kplii. Nu dzea edzi na mí le gbɔgbɔ me hã.

52:11, 12. Be míadze anye ‘Yehowa ƒe nuwo’—siwo nye mɔnuɖoɖo siwo wòwɔ ɖe subɔsubɔ kɔkɔe ŋu—tsɔlawo la, ele vevie be míanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me.

58:1-14. Ameŋkumenuwɔwɔ le mawusubɔsubɔ me kple alakpadzɔdzɔenyenye nye nu dzodzro. Ele be tadeagula vavãwo naɖe mawusosroɖa akuakua kple nɔvilɔlɔ̃ afia wòagba go.—Yohanes 13:35; Petro II, 3:11.

59:15b-19. Yehowa léa ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu eye wòdea asi nyawo me le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.

‘ANYE ATSYƆ̃ FIAKUKU’

(Yesaya 60:1–66:24)

Esime Yesaya 60:1 nɔ nu ƒom tso tadedeagu vavãtɔ gbugbɔgaɖoanyi le blemaɣeyiɣiwo kple míaƒe ɣeyiɣiawo siaa me ŋu la, egblɔ be: “Tso naklẽ, elabena wò kekeli gbɔna, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe adze ɖe dziwò!” Zion ‘anye atsyɔ̃ fiakuku le Yehowa si me.’—Yesaya 62:3.

Yesaya doa gbe ɖa na Yehowa ɖe wo detɔ siwo atrɔ dzime le woƒe aboyomenɔɣi me le Babilon la ta. (Yesaya 63:15–64:12) Esi nyagblɔɖilaa ƒo nu tso vovototo si le mawusubɔla vavãwo kple alakpatɔwo dome ŋu vɔ la, egblɔ ale si Yehowa ayra ame siwo le esubɔm lae.—Yesaya 65:1–66:24.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

61:8, 9—Nu kae nye “nu mavɔ” la, eye ame kawoe nye ‘dzidzimeviawo’? Esiae nye nubabla yeye si Yehowa wɔ kple Kristotɔ amesiaminawo. ‘Dzidzimeviawoe’ nye ‘alẽ bubuawo’—ame miliɔn geɖe siwo xɔa woƒe gbedasia.—Yohanes 10:16.

63:5—Aleke Mawu ƒe dziku kpena ɖe eŋui? Mawu ƒe dziku nye seselelãme si dzi wòte ŋu ɖuna—enye eƒe dɔmedzoe si sɔ. Eƒe dzikua kpena ɖe eŋu heʋãnɛ wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

64:5. Amegbetɔ madeblibowo mate ŋu axɔ na wo ɖokui o. Woƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ meɖi naneke o, ɖeko wòle abe awu ƒoɖi ene le avuléle ɖe nuvɔ̃wo ta gome.—Romatɔwo 3:23, 24.

65:13, 14. Yehowa yraa esubɔla wɔnuteƒewo eye wònaa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo wo.

66:3-5. Yehowa lé fu alakpanuwɔwɔ.

‘Mikpɔ Dzidzɔ’

Aleke gbegbee gbugbɔgaɖoanyi nyagblɔɖia anya fa akɔ na Yudatɔ wɔnuteƒe siwo nɔ aboyo me le Babilon enye esi! Yehowa gblɔ be: ‘Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖaa le nu si mawɔ la ŋuti, elabena kpɔ ɖa, mawɔ Yerusalem hena aseyetsotso, eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ.’—Yesaya 65:18.

Míawo hã míele ɣeyiɣi si me viviti xɔ anyigba dzi eye blukɔ tsyɔ dukɔwo la me. (Yesaya 60:2) Míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1) Eya ta Yehowa ƒe xɔxɔgbedasi si le Biblia-gbalẽ si nye Yesaya me la dea dzi ƒo na mí ŋutɔ.—Hebritɔwo 4:12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Ne èdi Yesaya 1:1–35:10 me ɖeɖe la, kpɔ “Yehowa ƒe Nya la Le Agbe—Nya Vevi Siwo Tso Yesaya ƒe Agbalẽ Me—Akpa I,” si dze le December 1, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ènya susu vevi si tae Xizkiya do gbe ɖa be woaɖe ye tso Asiriatɔwo si me ɖoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

“Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo!”