Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Gɔmesese ka nue nyagblɔla la kpɔ “ŋutsu ɖeka le wo ame akpe dome” ke mekpɔ “nyɔnu le esiawo katã dome o” le?—Nyagblɔla 7:28.

Hafi míate ŋu ase nya sia, si tso gbɔgbɔ me, gɔme nyuie la, ele be míase ale si Mawu bua nyɔnuwoe la gɔme gbã. Biblia yɔ Naomi, si nye ahosi, ƒe lɔ̃xoyɔvi Rut be “nyɔnu zãzɛ.” (Rut 3:11) Lododowo 31:10 gblɔ be srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ‘xɔa asi wu adzagba.’ Ekema nu kae blema Israel Fia Salomo wɔnɛ esime wògblɔ be: “Mekpɔ . . . ŋutsu vavã ɖeka le wo ame akpe dome, ke nyemekpɔ nyɔnu vavã aɖeke le esiawo katã dome o”?—Moffatt ƒe gɔmeɖeɖe.

Nya siwo ƒo xlã kpukpui sia ɖee fia be nyɔnu siwo nɔ anyi le Salomo ƒe ŋkekea me la megava nɔ agbe nyui nɔm o. (Nyagblɔla 7:26) Ðewohĩ dutanyɔnu siwo subɔa Baal la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi koŋ gbɔe esia anya tso. Dutanyɔnu gbogbo siwo Fia Salomo ɖe la, te ŋu flu eyama gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be, ‘srɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi’ ɖe alakpamawuwo ŋu. (Fiawo I, 11:1-4) Ŋutsuwo kura gɔ̃ hã menɔ agbe nyui nɔm tututu o—ŋutsu dzɔdzɔe ɖeka le wo ame akpe dome, nye xexlẽme si meɖi naneke o. Salomo ƒo nya ta be: “Esia ko mekpɔ be, Mawu wɔ amegbetɔwo woto mɔ ɖeka, ke woawo dia ayedzedze geɖe.” (Nyagblɔla 7:29) Esia nye nyataƒonya si ku ɖe amegbetɔwo ŋu—ame alo ameƒomea, ke menye ŋutsu ye wotsɔ le sɔsɔm kple nyɔnu o. Eya ta ele be míase nya si le Nyagblɔla 7:28 gɔme be amewo ƒe agbenɔnɔ le Salomo ƒe ŋkekea me ŋue wòku ɖo.

Gake gɔmesese bubu agate ŋu anɔ mawunyakpukpui sia ŋu. Ate ŋu anye nyagblɔɖinya hã, elabena nyɔnu aɖeke meɖo to Yehowa bliboe kpɔ o. Gake ŋutsu aɖe ya nɔ anyi kpɔ si ɖo to Yehowa bliboe—eyae nye Yesu Kristo.—Romatɔwo 5:15-17.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

“Ŋutsu ɖeka le wo ame akpe dome”