Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Samuel Do Tadedeagu Vavã Ðe Ŋgɔ

Samuel Do Tadedeagu Vavã Ðe Ŋgɔ

Samuel Do Tadedeagu Vavã Ðe Ŋgɔ

NYAGBLƆÐILA aɖe ka mo na eƒe haxɔsetɔ siwo bia be wòaɖo fia na yewo, eye wòxlɔ̃ nu wo be woaɖo to Mawu. Be wòaɖo kpe eƒe nyagblɔɖilanyenye dzi la, ebia Yehowa be wòana tsi nadza kple gbeɖeɖe. Zi geɖe la, tsi medzana le Israel le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma, si nye luŋeɣi la, me o. Ke hã, Mawu na tsi dza kple gbeɖeɖe. Esia wɔe be dukɔa vɔ̃ Yehowa kple eteƒenɔla, Samuel, ŋutɔ.—Samuel I, 12:11-19.

Nyagblɔɖila Samuel nye agbalẽŋlɔla hã. Eŋlɔ nu tso nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi siwo axɔ ƒe 330 lɔƒo ŋu, siwo ƒe akpa aɖe ku ɖe dɔ klitsu siwo Israel ƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa Simson, ame sesẽtɔ si nɔ anyi kpɔ, ƒe agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔ ŋlɔa hakpanyawo, kpaa hawo, eye wotsɔnɛ wɔa fefewo kple sinimawoe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo, ta 13–16) Samuel ŋlɔ nu tso Rut kpakple lɔ̃xoa, Naomi, ame siwo kple evea siaa nye ahosi dahewo la hã ŋu. Agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔ sia si va wu enu kple dzidzɔnya hã léa dzi na ame ŋutɔ.—Rut, ta 1–4.

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nu siwo Samuel ŋlɔ ɖi kple ale si wònɔ agbee me? Aleke wòdo tadedeagu vavã ɖe ŋgɔe?

Eƒe Ðevimenɔɣi

Samuel fofo, Elkana, nye Yehowa subɔla kple srɔ̃ŋutsu nyui aɖe. Elkana srɔ̃, Xana, hã nye nyɔnu si sẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Xana, si nye konɔ la, yi ɖado gbe ɖa le Yehowa ƒe me le Silo heɖe adzɔgbe gblɔ bena: “Yehowa Zebaot, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nèna ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!” (Samuel I, 1:1-11) Esia fia be ɖevia azu Yehowa tɔ keŋkeŋ.

Xana do gbea ɖa le dzi me. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Eƒe nuyiwo koe le ʋaʋãm butubutu.” Nunɔlagã Eli bui vodadatɔe be ahae wòmu eye wòka mo nɛ. Gake Xana ɖe eƒe kuxia me nɛ bubutɔe, eye Eli gblɔ be: “Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nusi nèbiae la na wò!” Yehowa wɔe hã, elabena nuŋlɔɖia yi edzi be: “Esi ƒe trɔ la, Xana fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Samuel, elabena egblɔ be: Yehowa si me mebiae le.”—Samuel I, 1:12-20.

Wonyi Samuel “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Esi Samuel ɖi no ko la, Xana kplɔe yi Mawu ƒe me le Silo hetsɔe de asi na Nunɔlagã Eli. Le Eli ƒe dzikpɔkpɔ te la, “ɖevi la zu subɔla na Yehowa.” Xana ɖe dzidzɔ gã si wòkpɔ la gblɔ le eƒe akpedanya wɔdɔɖeamedzi si Samuel ŋutɔ va ŋlɔ emegbe la me.—Samuel I, 2:1-11.

Ne dzilae nènye la, ɖe nèdea dzi ƒo na viwòwo be woatsɔ Yehowa subɔsubɔ awɔ woƒe agbemedɔea? Tadedeagu vavã dodo ɖe ŋgɔe nye mɔ nyuitɔ si nu ame ate ŋu ato azã eƒe ŋusẽ wòaɖe vi.

Samuel nɔ agbe wòsɔ ɖe ɖoɖo siwo le Mawu ƒe aƒea me nu nyuie. ‘Etsi ɖe dzi, eye eƒe nu nyo Yehowa kple amegbetɔwo ŋu.’ Eɖe mawumenɔnɔme nyuiwo fia si wɔe be amewo lɔ̃e vevie.—Samuel I, 2:21, 26.

Menɔ nenema le Eli ƒe viŋutsu Xofni kple Pinexas siwo nye ame vlowo gome o; woawo ya ‘metsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya me o.’ Wonɔa nyɔnuwo gbɔ dɔm eye wotsɔa vɔsalã siwo amewo tsɔna vana Mawu ƒe aƒea me la ƒe akpa nyuitɔwo. Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa xoxo wòva gblɔ tohehe si ava Eli dzi la nɛ, si ƒe akpa aɖee nye be viaŋutsu eveawo aku. (Samuel I, 2:12, 15-17, 22-25, 27, 30-34) Yehowa ato Samuel dzi agblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedasi bubu nɛ.

Samuel Zu Nyagblɔɖila

Mawu gblɔ na Samuel be: “[Gblɔ na Eli] be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wɔ busunu, gake megbe na wo o.” Gbedasi sia gbɔgblɔ menɔ bɔbɔe o, gake Eli ƒoe ɖe Samuel nu be wòagaɣla nya aɖeke ɖe ye o. Eya ta Samuel gblɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ la nɛ. Dzinɔameƒo ka gbegbee nye esi wòɖe fia!—Samuel I, 3:10-18.

Esi Samuel tsi la, Israel bliboa va nyae be Mawu ƒe nyagblɔɖilae wònye. (Samuel I, 3:19, 20) Tohehe si Samuel gblɔ ɖi be ava Israel dzi la dze egɔme esime Filistitɔwo ɖu wo dzi eteƒe mekɔ o. Xofni kple Pinexas tsi aʋa, eye Filistitɔawo xɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la. Esi Eli se be ye viawo tsi aʋa eye woxɔ Nubablaɖaka la, emu tso eƒe zikpui dzi, dze anyi eye wòtɔ kɔ heku.—Samuel I, 4:1-18.

Ƒe 20 megbe la, Samuel xlɔ̃ nu Israel-viawo be woagbe nu le alakpasubɔsubɔ gbɔ. Wowɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi, eye woɖe asi le woƒe legbawo ŋu, tsi nu dɔ, eye woʋu woƒe nu vɔ̃wo me. Samuel do gbe ɖa hesa numevɔ ɖe wo ta. Nu kae do tso eme? Esi Filistitɔwo ho ɖe Israel ŋu la, Mawu na wotɔtɔ, eye Israel-viwo hã ho kpe wo hesi wo vevie. Yehowa ƒe megbenɔnɔ na Israel-viawo wɔe be nuwo va de wo dzi wu, ale be wogbugbɔ anyigba siwo Filistitɔwo xɔ le wo si la xɔ.—Samuel I, 7:3-14.

Samuel do tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ nyateƒe. Le kpɔɖeŋu me, ekpɔ egbɔ be wozãa aboyonuawo ƒe ɖewo tsɔ dzraa avɔgbadɔa ɖoe. Ena wowɔ ɖoɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu kple Lewi-vi agbonudzɔlawo ƒe dɔa ŋu. (Kronika I, 9:22; 26:27, 28; Kronika II, 35:18) Samuel zɔa mɔ tsoa wo de Rama yina ɖadrɔ̃a ʋɔnu le du vovovowo me ƒe sia ƒe. Woƒo nu tso eŋuti be enye anukwareɖila kple ameŋkumemakpɔla. Esi amewo dea bubu Samuel ŋu ta la, ete ŋu na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo. (Samuel I, 7:15-17; 9:6-14; 12:2-5) Ðikeke mele eme o be eƒe anukwareɖiɖi kple gbɔgbɔmemenyenye ʋã ame geɖewo wosrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Ðe Samuel ƒe agbenɔnɔ ʋãa wò hã?

Israel Bia Be Woaɖo Fia Na Ye

Esi Samuel ku amegã la, eɖo viawo, Yoel kple Abiya, ʋɔnudrɔ̃lawoe. Gake viawo “meto eƒe ʋe me o, wodi viɖe yome, woxɔ zãnu, eye wotrɔ gbo ʋɔnudɔdrɔ̃.” Woƒe agbenɔnɔ wɔe be Israel ƒe ame tsitsiwo bia be woaɖo fia na yewo. (Samuel I, 8:1-5) Esia medze Samuel ŋu o. Gake esi wòdo gbe ɖa le eŋu la, Yehowa ɖo eŋu be: “Menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.” (Samuel I, 8:6, 7) Mawu gblɔ na Samuel be wòawɔ dukɔa ƒe didi dzi nɛ, eye wòna wònya be fiaa axɔ gomenɔamesi aɖewo le wo si. Esi dukɔa te tɔ ɖe edzi la, Yehowa na Samuel si ami na Saul be wòazu fia.—Samuel I, 8:6-22; 9:15-17; 10:1.

Samuel kpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋu togbɔ be enyae be agblẽ nu le wo ŋu hã. Esi Israel-viwo ɖu Amonitɔwo dzi le aʋa aɖe me megbe la, Samuel ƒo dukɔa nu ƒu le Gilgal heɖo Saul fiae. (Samuel I, 10:17-24; 11:11-15) Samuel gbugbɔ Israel ƒe ŋutinya gblɔ na wo eye wòxlɔ̃ nu fia la kple dukɔa be woaɖo to Yehowa. Abe ale si míegblɔe le ŋgɔdonyaa me ene la, Mawu ɖo Samuel ƒe gbedodoɖa ŋu eye wòna tsi dza kple gbeɖeɖe, togbɔ be menye tsidzaŋɔlie o hã. Dziɖegbe sia na dukɔa lɔ̃ ɖe edzi be vodadae yewowɔ be yewogbe Yehowa. Esi wobia tso Samuel si be wòado gbe ɖa ɖe yewo ta la, egblɔ na wo be: “Nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!” Nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia Yehowa kple eƒe amewo ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi! (Samuel I, 12:6-24) Ðe wò hã elɔ̃na faa kpea asi ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu hedoa gbe ɖa ɖe haxɔsetɔwo ta?

Israel Ƒe Fia Eve Gbãtɔwo

Saul nye ɖokuibɔbɔla aɖe si ƒe nu dze Mawu ŋu. (Samuel I, 9:21; 11:6) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, megava dea bubu Mawu ƒe mɔfiafiawo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Samuel ka mo nɛ le esi wòtsɔ dzitsitsi sa vɔ le esi teƒe be wòalala, abe ale si wogblɔ nɛ ene la ta. (Samuel I, 13:10-14) Esi Saul meɖo to o, eye wògblẽ Amalek-fia Agag ɖe agbe la, Samuel gblɔ nɛ be: “Yehowa dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi, si nyo wu wò.” Samuel ŋutɔ wu Agag, eye wòxa nu vevie le Saul ta.—Samuel I, 15:1-35.

Yehowa gblɔ na Samuel mlɔeba be: “Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu?” Eye Yehowa dɔ Samuel ɖe Betlexem be wòaɖasi ami na Isai ƒe viwo dometɔ ɖeka bene wòazu fia. Samuel lé ŋku ɖe Isai ƒe viawo ŋu ɖekaɖeka va se ɖe esime Yehowa tia Dawid, si nye ɖevitɔa, be wòasi ami nɛ. Samuel srɔ̃ nu vevi aɖe gbe ma gbe be: “Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui [ye Mawu kpɔa nui] o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.”—Samuel I, 16:1-13.

Esi wònye Saul ƒe tomaɖomaɖoa ve Samuel vevie ta la, aleke gbegbee wòanya te ɖe edzii enye esi esime Saul lé fu Dawid kutɔkutɔe! Togbɔ be Samuel to nɔnɔme sesẽ siawo me hã la, eyi edzi do vevie nu le eƒe amegãkuku me hewɔ etɔ sinua le Yehowa subɔsubɔ me.—Samuel I, 19:18-20.

Kpɔɖeŋu Siwo Samuel Gblẽ Ði

Esime Samuel ku la, Israel fa na nyagblɔɖila ɖokuibɔbɔla kple dzinɔameƒotɔ sia si ƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi la. (Samuel I, 25:1) Samuel nye ame madeblibo, eye wòwɔ nyametsotso gbegblẽ aɖewo ɣeaɖewoɣi. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo nɔ Samuel ŋu hã la, esubɔ Yehowa tso dzi blibo me eye wòku kutri vevie kpe ɖe amewo ŋu be woawo hã nawɔe nenema ke.

Nuwo megale abe ale si wonɔ le Samuel ŋɔli ene ya o, gake míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nuŋlɔɖi siwo ku ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋuti me. Ƒo wo katã ta la, Samuel subɔ Yehowa le nyateƒe me eye wòdo tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ. Esia wɔmee wò hã nèlea?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

DE ŊUGBLE TSO SAMUEL ƑE AGBENƆNƆ ŊUTI

• Abe ale si Samuel dzilawo fia Mawu ƒe nyae ene la, wò hã nyi viwòwo le “Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

• De dzi ƒo na viwòwo be woatsɔ Yehowa subɔsubɔ awɔ woƒe agbemedɔe abe ale si Samuel wɔe ene.

• Mawumenɔnɔme nyui siwo Samuel ɖe fia la wɔe be eƒe nu nyo amewo ŋu, eye eto esia dzi gblẽ kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí.

• Samuel wɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe tsɔ do tadedeagu vavã ɖe ŋgɔe, abe ale si wòle be míawo hã míawɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Samuel do tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ eye wòlɔ̃ faa na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu amewo