Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Sesĩe Ne Viwò Dze Aglã

Tenɔnɔ Sesĩe Ne Viwò Dze Aglã

Tenɔnɔ Sesĩe Ne Viwò Dze Aglã

NYƆNU Kristotɔ aɖe si míayɔ be Joy, dze agbagba he viaŋutsuvi be wòalɔ̃ Yehowa Mawu. Gake esi ɖevia nɔ dodom le eƒe ƒewuiwo me la, edze aglã hedzo le aƒeme. Joy gblɔ be: “Emae nye veve gãtɔ si mese kpɔ le agbe me. Mese le ɖokuinye me be meɖu ŋukpe, dzinye gbã, eye dzi ɖe le ƒonye. Mɔkpɔkpɔ bu ɖem kura.”

Ðewohĩ wò hã èdze agbagba he viwòwo be woalɔ̃ Mawu ahasubɔe—gake kaka nàkpɔa, wo dometɔ ɖeka alo esi wu nenema gbe Yehowa. Aleke nàte ŋu awɔ anɔ te ɖe dzigbãnya sia nu? Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ te sesĩe le Yehowa subɔsubɔ me?

Esime Yehowa Ƒe Viwo Dze Aglã

Nu gbãtɔ si wòle be nànyae nye be Yehowa nya ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me. Yesaya 49:15 gblɔ be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!” Yehowa sena le eɖokui me abe ale si tututu vifofowo kple vidadawo hã sena le wo ɖokui me ene. Ekema dzi anya nɔ edzɔm ŋutɔ esime via siwo nye mawudɔlawo katã nɔ ekafum henɔ esubɔm. Esime Yehowa nɔ nya ŋu ɖom na blemafofo Hiob “le dziya me” la, eɖo ŋku ɣeyiɣi si me woa kple eƒe gbɔgbɔmeviwo kpɔa dzidzɔ ɖekae la dzi, eye wòbiae be: “Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? . . . Esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa?”—Hiob 38:1, 4, 7.

Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu vavã la ƒe vi deblibo siawo dometɔ ɖeka va dze aglã ɖe eŋu eye wòzu Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” Yehowa ƒe vi Adam, si nye amegbetɔ gbãtɔ, kple srɔ̃a deblibo, Xawa, hã dze aglã kpe ɖe eŋu. (Mose I, 3:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9) Emegbe mawudɔla bubuwo hã ‘gblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi’ eye wodze aglã ɖe Mawu ŋu.—Yuda 6.

Ŋɔŋlɔawo megblɔ ale si Yehowa se le eɖokui me esime via debliboawo dometɔ aɖewo dze aglã ɖe eŋu la na mí o. Gake Biblia gblɔe tẽ be: “Esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la, eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye wòɖu dzi nɛ.” (Mose I, 6:5, 6) Yehowa ƒe dukɔ tiatia, Israel, ƒe aglãdzedze hã ‘do dziku nɛ’ eye wòvee.—Psalmo 78:40, 41.

Ðikeke mele eme o be Yehowa sea veve ɖe dzila siwo ƒe viwo ƒe aglãdzedze na be wole veve sem eye woƒe dzi gbã la nu. Le eƒe Nya, Biblia, me la, ena aɖaŋuɖoɖo nyui kple dzideƒonamenya siwo ate ŋu akpe ɖe dzila siawo ŋu woanɔ te ɖe kuxia nu. Mawu le nu xlɔ̃m wo be woatsɔ woƒe dzimaɖiwo katã ada ɖe ye dzi, abɔbɔ wo ɖokui, ahatsi tre ɖe Satana Abosam ŋu. Nà míakpɔ ale si wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te sesĩe ne viwò dze aglã la ɖa.

Tsɔ Wò Dzimaɖiwo Da Ðe Yehowa Dzi

Yehowa nyae be dzilawo tsia dzi vevie wu ne wokpɔe be yewo viwo ƒe nuwɔnawo le woƒe agbe dem afɔku me alo kpɔe be ame bubuwo le didim be yewoagblẽ nu le wo ŋu. Apostolo Petro tɔ asi mɔ siwo dzi woate ŋu ato anɔ te ɖe kuxi sia kple bubuwo nu la dometɔ ɖeka dzi. Eŋlɔ bena: “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe [Yehowa] dzi; elabena eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:7) Nu ka tae aɖaŋuɖoɖo kple kakaɖedzinya sia sɔ nyuie na dzila siwo ƒe viwo dze aglã?

Esime viwòa nɔ sue la, ènɔa ŋudzɔ ɖe eŋu hekpɔa eta tso afɔkuwo me, eye eya hã wɔna ɖe wò mɔfiame siwo nènanɛ lɔlɔ̃tɔe la dzi. Gake esi wòva nɔ tsitsim la, wò ŋusẽkpɔkpɔ ɖe eyama dzi dzi ɖe kpɔtɔ, gake didi vevi si le mewò be yeakpɔ eyama ta ya dzi meɖe kpɔtɔ o. Le nyateƒe me la, ɖe wòdzi ɖe edzi boŋ.

Le esia ta, ne viwò dze aglã eye nu gblẽ le eŋu le gbɔgbɔ me, le seselelãme me, alo le ŋutilã me la, ɖewohĩ àbu fɔ ɖokuiwò be ye gbɔe wòtso. Aleae Joy, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, se le eɖokui mee. Egblɔ be: “Sese le ɖokuinye me be medo kpo nu la ɖea fu nam vevie, eye menɔa nu siwo dzɔ va yi la ŋu bum gbe sia gbe.” Ɣeyiɣi siawo koŋ mee Yehowa di be ‘nàtsɔ wò dzimaɖiwo katã ada ɖe ye dzi.’ Ne èwɔe alea la akpe ɖe ŋuwò. Hakpalaa gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Joy kpɔ akɔfafa ma. Egblɔ be: “Megblɔ nye dzimenyawo katã na Yehowa. Meɖe wo gblɔ faa, eye esia na nye dzi dze eme ŋutɔ.”

Abe dzila madeblibo ene la, ànya wɔ vodada aɖewo le viwòa hehe me. Gake nu ka tae nànɔ vodada siawo ko ŋu bum? Edze ƒã be Yehowa mewɔa nenema o, elabena gbɔgbɔ ʋã hakpalaa wògblɔ be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Ne mewɔ vodada aɖeke o gɔ̃ hã la, viwòa ate ŋu adze aglã. Eya ta ɖe wò seselelãmewo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me, eye akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxia nu. Gake hafi wò ŋutɔ nàte ŋu anɔ te sesĩe asubɔ Yehowa eye Satana maɖu dziwò o la, ele be nàgawɔ nu bubuwo hã.

Bɔbɔ Ðokuiwò

Petro ŋlɔ bena: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si wòɖo ɖi la dzi.” (Petro I, 5:6) Nu ka tae wòhiã be nàbɔbɔ ɖokuiwò ne viwò dze aglã? Tsɔ kpe ɖe fɔbuameɖokui ƒe seselelãme kple vevesese si viwò ƒe aglãdzedze ado na wò ŋu la, ate ŋu ana nàtɔtɔ hã. Ðewohĩ àtsi dzi vevie be ye via ƒe nuwɔna klo bubu le ƒomea ŋu, vevietɔ nenye be woɖee le Kristo-hamea me. Ŋukpe kple vlodoame ƒe seselelãmewo ate ŋu aɖe dzi le ƒowò ale be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nazu dɔ na wò.

Be nàte ŋu anɔ te ɖe kuxi sia nu la, ahiã be nàwɔ nunya vavã ŋudɔ. Lododowo 18:1 xlɔ̃ nu be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” Ne èdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi togbɔ be èle nu xam hã la, àte ŋu anɔ mɔfiame kple dzideƒoname siwo wonana le teƒe vevi ma la xɔm. Joy gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, nyemedina be mado ɖe nɔviwo dome kura o. Gake meva ɖo ŋku vevienyenye si le gbɔgbɔmeɖoɖo siwo dzi mezɔna ɖo la ŋu dzi. Gawu la, nenye ɖe metsi aƒeme la, anye ne kuxiawo ŋu bubu amim. Kpekpeawo kpe ɖe ŋunye be nye susu nɔ gbɔgbɔmenu tuameɖowo ŋu. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemeɖe ɖokuinye ɖe aga o, si wɔe be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le la meto ŋunye o.”—Hebritɔwo 10:24, 25.

Do ŋku edzi hã be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe “atsɔ ye ŋutɔ ƒe [Kristotɔnyenye ƒe] agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Yehowa kpɔa mɔ be dzilawo nalɔ̃ wo viwo ahana hehe wo. Ekpɔa mɔ hã be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo ahade bubu wo ŋu. Ne dzilawo dze agbagba ɖe sia ɖe he wo viwo “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me” la, dzilawo ŋutɔ awɔ ŋkɔ nyui na wo ɖokui le Mawu gbɔ. (Efesotɔwo 6:1-4) Ne ɖevi aɖe dze aglã ɖe edzilawo ƒe hehe si wonanɛ ŋu la, eya ŋutɔ ƒe ŋkɔe wòaƒo ɖii. Lododowo 20:11 gblɔ be: “Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔwo adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.” Satana ƒe aglãdzedzea megblẽ naneke kura le bubu si le Yehowa ŋu la ŋuti le ame siwo nya nyateƒea gbɔ o.

Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu

Petro xlɔ̃ nu be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Abe dzata ene la, ɖevi siwo si nuteƒekpɔkpɔ mesu o koŋue Abosam dina be yealé. Le blemaɣeyiɣiwo me la, dzatawo nɔ Israel-nyigba dzi eye woléa aƒemelãwo. Ne alẽvi aɖe tra ɖa tso alẽha gbɔ la, dzata te ŋu lénɛ bɔbɔe. Edzɔna be alẽnɔ dea eƒe agbe afɔku me hena via takpɔkpɔ. Ke hã, alẽnɔ tsitsi gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe dzata nu o. Eya ta alẽkplɔla kalẽtɔwo hiã be woakpɔ alẽha ta.—Samuel I, 17:34, 35.

Be Yehowa nate ŋu akpɔ eƒe kpɔɖeŋulẽha ta tso “dzata, si le gbe ɖem” si me la, ewɔ ɖoɖo be gbɔgbɔmelẽkplɔlawo nakpɔ alẽha la dzi le Yesu Kristo, “alẽkplɔla gã la,” ƒe kpɔkplɔ te. (Petro I, 5:4) Petro xlɔ̃ nu ŋutsu siawo siwo woɖo be: “Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa.” (Petro I, 5:1, 2) Ne mi dzilawo miwɔ nu aduadu kple alẽkplɔla siawo la, woate ŋu akpe ɖe mia via ŋu be tenɔnɔ nyui nagasu esi le gbɔgbɔ me.

Ne ehiã be alẽkplɔla Kristotɔwo naɖo aɖaŋu na viwò dzeaglã la, ɖewohĩ àdi be yeaʋli eta be woagahe to nɛ o. Gake ewɔwɔ alea anye vodada gã aɖe. Petro gblɔ be: “Minɔ tsitre sesĩe ɖe [Abosam] ŋuti”—ke menye ɖe gbɔgbɔmelẽkplɔlawo ŋu o.—Petro I, 5:9.

Ne Tohehea Sesẽ

Ne viwòa gbe dzimetɔtrɔ evɔ wònye Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ la, woate ŋu ahe to sesẽtɔ nɛ—si nye be woaɖee le hamea me. Tso ekema dzi la, ale si nàwɔ nu kplii la anɔ te ɖe eƒe ƒexɔxɔ kple nɔnɔme bubuwo dzi.

Nenye be ɖevia metsi anɔ eɖokui si o eye wòle gbɔwò la, eme kɔ be àyi edzi akpɔ eƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ nɛ. Wò agbanɔamedzie wònye hã be nàna hehe kple mɔfiame siwo hiã le agbe me lae. (Lododowo 1:8-18; 6:20-22; 29:17) Àte ŋu asrɔ̃ Biblia kplii eye nàɖe mɔ eya hã naƒo nu. Àte ŋu ahe eƒe susu ayi mawunyakpukpui vovovowo kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo dzi. (Mateo 24:45) Àte ŋu akplɔ viwòa ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo ahana wòanɔ anyi ɖe gbɔwò. Àte ŋu awɔ esiawo katã ahanɔ mɔ kpɔm be ava wɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖowo dzi.

Gake mele nenema le vi tsitsi si woɖe le hamea me, si mele edzilawo gbɔ o ya gome o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto la be: “Miagade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o.” (Korintotɔwo I, 5:11) Togbɔ be ƒomenya aɖewo gbɔkpɔkpɔ ana wòahiã be woawɔ nanewo ɖekae kple ame si woɖe le hamea me hã la, ele be dzila Kristotɔ nadze agbagba aƒo asa na hadede kplii madzemadzee.

Ne alẽkplɔla Kristotɔwo he to na viwò dzeaglã la, nunya manɔ eme be nàtsi tre ɖe woƒe nyametsotso si wonɔ te ɖe Biblia dzi wɔ la ŋu alo aɖe ɖeklemii o. Viwò dzeaglãa dzidede makpɔ eta tso Abosam sime kura o. Le nyateƒe me la, esia wɔwɔ anye wò ŋutɔ wò gbɔgbɔmenyenye dede afɔku me. Gake ne èkpe asi ɖe alẽkplɔlaawo ƒe agbagbadzedzewo ŋu la, ànɔ ‘tsitre sesĩe le xɔse me’ ahana kpekpeɖeŋu nyuitɔ viwòa.—Petro I, 5:9.

Yehowa Alé Wò Ðe Te

Ne viwò dze aglã la, ɖo ŋku edzi be esia dzɔna ɖe ame bubuwo hã dzi. Dzila Kristotɔ bubuwo hã le nɔnɔme sia me tom. Dodokpɔ ka ke me tom míeɖale o, Yehowa ate ŋu alé mí ɖe te.—Psalmo 68:20.

Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa nɛ me. De ha kple Kristo-hamea edziedzi. Lɔ̃ ɖe tohehe si alẽkplɔlawo na dzi. Ne èwɔe alea la, àte ŋu anɔ te sesĩe. Eye ɖewohĩ wò kpɔɖeŋu nyuia aʋã viwòa be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe si me lɔlɔ̃ le la dzi atrɔ agbɔ va egbɔ.—Maleaxi 3:6, 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Xɔ ŋusẽdoame to Kristo-hamea kple gbedodoɖa dzi