Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amos​—Gbotsetsenuƒoƒulae Loo, Alo Gbotsetseŋɔlae?

Amos​—Gbotsetsenuƒoƒulae Loo, Alo Gbotsetseŋɔlae?

Amos​—Gbotsetsenuƒoƒulae Loo, Alo Gbotsetseŋɔlae?

LE ƑE alafa asiekelia D.M.Ŋ. me la, Amazya, si nye nyivisubɔsubɔ ƒe nunɔla vɔ̃ɖi aɖe la de se na nyagblɔɖila Amos be wòadzudzɔ nyagbɔgblɔɖi le Israel. Gake Amos ɖo eŋu nɛ be: “Lãkplɔvi kple gbotidola [alo gbotsetseŋɔla] menye. Ke Yehowa ɖem le lãhawo yome, eye Yehowa gblɔ nam bena: Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ Israel ŋu.” (Amos 7:14, 15) Ẽ, menye Amos ŋutɔe ɖo eɖokui nyagblɔɖilae o, ke boŋ Yehowae ɖoe. Gake nu kae Amos wɔnɛ esi wògblɔ be “gbotsetseŋɔla” yenye?

Zi ɖeka sia koe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe nenema la dze le New World Translation Biblia la me. Gake Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ɖe nya ma ke gɔme be “gbotsetsenuƒoƒula,” “gbotsetsegbledela,” “gbotiŋuɖela,” kple “gbotidola,” ke menye “gbotsetseŋɔla” o. Ke hã, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Economic Botany gblɔ be nya la ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔe nye “gbotsetseŋɔla,” elabena nya sia ɖea dɔ tɔxɛ aɖe si gbotsetsegbledela wɔna la fiana.

Gbotsetsewo ŋɔŋɔ, si nye do suesuesuewo ŋɔŋɔ ɖe gbotsetsewo ŋu, nye nu si wonya nyuie le Egipte kple Kipro (Cyprus alo Chypre) tso keke gbe aɖe gbe ke. Womegaŋɔa gbotsetsewo le egbegbe Israel o, elabena gbotsetse bubu ƒomevi vovovowo ƒe agblee wodena le afi ma fifia. Gake le Amos ƒe ŋkekeawo me la, Israel vi siwo nye gbotsetsegbledelawo ŋɔa gbotsetsewo, elabena gbotsetse si ƒomevi ƒe agble wodena ɣemaɣi le Israel la nye esiwo nɔ Egipte la dometɔ aɖe.

Anɔ eme be gbotsetsewo ŋɔŋɔ nana be tsi ɖoa gboawo me nyuie. Eye enana be ya tɔxɛ aɖe, si nana atikutsetsewo ɖina kaba la, dzina ɖe edzi kabakaba le gbotsetseawo me, eye esia wɔnɛ be wololona hevivina wu. Gakpe ɖe eŋu la, enana be nudzodzoevi, siwo woyɔna be ʋaʋãwo, megblẽa gbotsetseawo o, le esi woɖina kabakaba ta.

Togbɔ be alẽkplɔla kple gbotsetseŋɔla dzro koe Amos nye hã la, mevɔ̃ eƒe futɔwo o. Ke boŋ eɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasi si ku ɖe Israel ŋu la dzideƒotɔe. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòɖo ɖi na Mawu subɔla siwo li egbea, ame siwo hã wòle na be woaɖe gbeƒã nya aɖe si mesɔa tome na amewo o!—Mateo 5:11, 12; 10:22.