Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exexlẽ Le Bɔbɔe Ya, Gake Ðe Wòde Pɛpɛpɛa?

Exexlẽ Le Bɔbɔe Ya, Gake Ðe Wòde Pɛpɛpɛa?

Exexlẽ Le Bɔbɔe Ya, Gake Ðe Wòde Pɛpɛpɛa?

LE September 2005 me la, England Sɔlemehaa da asi ɖe The 100-Minute Bible (Miniti 100 Biblia) ɖeɖe ɖe go dzi dzidzɔtɔe. Wotrɔ asi le eŋu be woate ŋu axlẽe le miniti 100 me. Woto Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖe eme wòzu axa 17, siwo dometɔ ɖe sia ɖe woma ɖe akpa vovovowo me; woto Hela Ŋɔŋlɔawo hã ɖe eme wòzu axa 33, eye abe ale si Biblia yeye sia me tola aɖe gblɔe ene la, woto esia dzi ɖe “akpa siwo xexlẽ tiaa ame” la katã ɖa. Exexlẽ le bɔbɔe ya, gake ɖe wòde pɛpɛpɛa?

To vovo na Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si woɖe ɖa le Biblia sia si woto ɖe eme alea me la, Biblia nusrɔ̃vi dovevienuwo ade dzesii bɔbɔe be nu gbogbo aɖewo siwo mesɔ o hã le eme. (Psalmo 83:19) Le kpɔɖeŋu me, akpa gbãtɔa gblɔ be Mawu “wɔ dziƒo kple anyigba le ɣeyiɣi ƒe didime si nye ŋkeke ade me.” Gake le Biblia ŋutɔŋutɔ me la, Mose I, 1:1 gblɔ kpuie ko be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” Le esia megbe la egblɔ kpee be wowɔ nu bubuwo hã, siwo ana agbe nanya nɔ le anyigba dzi, eye be wowɔ esiawo katã le “ŋkeke” ade, siwo dometɔ ɖe sia ɖe nye ɣeyiɣi didi aɖe la me. Emegbe, Mose I, 2:4 yɔ ɣeyiɣi si wotsɔ wɔ nuwo katãe la be “ɣeyiɣi [alo ŋkeke,] si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.”

Miniti 100 Biblia la gblɔ le Hiob, si nye ŋutsu nuteƒewɔla aɖe la ŋu be, “Satana, [Mawu] ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka, . . . ame si ƒe agbanɔamedzie wònye be wòanɔ amegbetɔƒomea nu tsom” la tu nu kple Hiob. Ðe nède dzesi vodada aɖe le afi sia? Nya “Satana” gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” Le nyateƒe me la, menye Mawu ƒe dɔlae Satana nye o, ke boŋ eyae nye Mawu ƒe futɔ gãtɔ, eye eya ŋutɔe tiae be yeanye ameƒomea nutsola.—Nyaɖeɖefia 12:7-10.

Ke Miniti 100 Biblia la ƒe akpa si nye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ya ɖe? Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti me la, Biblia yeye sia gblɔ be Yesu kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo kpena ɖe “ame sia ame, eɖanye aleke ke wòle tsɛe o” ŋu la ŋu, evɔ nya si koŋ Yesu gblɔe nye be ye yrana ame siwo wɔa nyui na ye yomedzelawo—siwo nye ‘yenɔviwo.’ (Mateo 25:40) Woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa si woto ɖe eme la me be: “Woatsrɔ̃ Roma, Babilon gã la keŋkeŋ.” Gake Biblia nusrɔ̃viwo ya nyae be naneke meɖee fia le Biblia ŋutɔŋutɔ me be Romae nye “Babilon Gã la” o.—Nyaɖeɖefia 17:15–18:24.

Le ame siwo dina be yewoanya mía Wɔla la ahase eƒe tameɖoɖowo gɔme gome la, naneke meli si axɔ ɖe Biblia bliboa teƒe na wo o. Enye nyateƒe be Biblia bliboa xexlẽ axɔ ɣeyiɣi geɖe wu miniti 100 ya, gake esia wɔwɔ hea yayra gbogbo manyagblɔ aɖewo vɛ na ame si xlẽnɛ. (Yohanes 17:3) Ðoe kplikpaa nàxlẽ Biblia bliboa be nàxɔ eme yayrawo.—Timoteo II, 3:16, 17.