Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Ðeviwo Gbɔ?

Nu Kae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Ðeviwo Gbɔ?

Nu Kae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Ðeviwo Gbɔ?

“ÈLE nu wɔm abe ɖevi ene!” Ðikeke mele eme o be ne wogblɔ nya sia le mía ŋu la, ave mí godoo. Enye nyateƒe be ɖevi suewo ƒe nu doa dzidzɔ na ame, gake edze ƒã be wometsi le susu me o, eye nuteƒekpɔkpɔ kple nunya si su ame tsitsiwo si la mele wo si o.—Hiob 12:12.

Ke hã, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gbe ɖeka be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.” (Mateo 18:3) Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Nɔnɔme nyui kawoe le ɖeviwo si siwo wòanyo be ame tsitsiwo nasrɔ̃?

Ðokuibɔbɔ Si Ðeviwo Ðena Fiana Sɔsrɔ̃

Bu nu si na Yesu gblɔ nya mawo la ŋu kpɔ. Le mɔzɔzɔ didi aɖe megbe la, wogbɔ va Kapernaum, eye Yesu bia eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Nya ka ʋlimee mienɔ le mɔa dzi?” Nusrɔ̃laawo tɔtɔ le wo ɖokui me, eye wo zi kpi, elabena wonɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti. Mlɔeba wodo dzi bia Yesu be: “Ameka ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me mahã?”—Marko 9:33, 34NW; Mateo 18:1.

Ewɔ nuku ŋutɔ be nusrɔ̃lawo nɔ anyi kple Yesu anɔ abe ƒe etɔ̃ enye ma ene, evɔ woganɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome ku ɖe ɖoƒe ŋu. Yuda subɔsubɔ si me wodea asixɔxɔ ɖoƒe ŋu le mee wonyi wo le. Anɔ eme be subɔsubɔ sia si me nusrɔ̃laawo nɔ tsã la ƒe nuŋububu kpakple amegbetɔ ƒe blibomademadee kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu dzi.

Yesu bɔbɔ nɔ anyi heyɔ nusrɔ̃laawo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo bena: “Ne ame aɖe di bena, yeanye gbãtɔ la, nanye wo katã ƒe mlɔetɔ kple wo katã ƒe subɔla.” (Marko 9:35) Nya siawo anya wɔ mo yaa na wo ŋutɔ. Yesu ƒe numeɖeɖea tsi tre ɖe ale si Yudatɔwo bua gãnyenyee la ŋu tẽ! Emegbe Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ. Esi wòkpla asi kɔ na ɖevia lɔlɔ̃tɔe la, eyi eƒe nyaa gbɔ tẽ bena: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o. Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.”—Mateo 18:3, 4.

Ðokuibɔbɔ ŋuti nufiafia ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye esi! Kpɔ nɔnɔmea ɖa le susu me. Ame tsitsi siwo ŋu wodea bubui ƒe ha aɖee ma ƒo ƒu ɖe ɖevi dzaa ɖeka aɖe ŋu. Ŋutsuawo katã fɔ ŋku ɖe ɖevia dzi. Kpɔ ale si ɖevia alé eɖokui kpoo eye wòadze ƒã be woate ŋu aka ɖe edzii ɖa! Hoʋligbɔgbɔ kple tame vɔ̃ ɖoɖo ɖe ame ŋu aɖeke mele eyama me o! Kpɔ ale si wòabɔbɔ eɖokui ɖe anyi ɖokuidodoɖedzi ƒe nɔnɔme manɔmee ɖa! Vavãe, ɖevi dzaa la ƒe nɔnɔme ɖe mawumenɔnɔme si nye ɖokuibɔbɔ fia bliboe.

Yesu ƒe nyaa me kɔ. Ele be mí katã míatu ɖokuibɔbɔ si ɖeviwo ɖena fiana la ɖo hafi míate ŋu anyi Mawufiaɖuƒea ƒe dome. Le Kristotɔ vavãwo ƒe ƒome blibo si Yehowa ɖo anyi me la, womeɖe mɔ ɖe hoʋligbɔgbɔ kple ɖokuidodoɖedzi ŋu o. (Galatiatɔwo 5:26) Le nyateƒe me la, nɔnɔme mawo tututue na Satana Abosam tsi tre ɖe Mawu ŋu. Mewɔ nuku o be Yehowa lé fu nɔnɔme mawo!—Lododowo 8:13.

Kristotɔ vavãwo dina be yewoasubɔ amewo, ke menye be yewoaɖu amegã ɖe wo dzi o. Aleke kee dɔ aɖe sesẽe o, alo aleke kee ame si wole ewɔm na adze ame tsɛe o, ɖokuibɔbɔ vavãtɔ ʋãa mí be míasubɔ amewo. Subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe alea hea viɖe geɖe vɛ. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si axɔ ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ me la, nyee wòxɔ; eye ame si xɔm la, menye nye ɖeɖee wòxɔ o, ke exɔ ame si dɔm ɖa la hã.” (Marko 9:37, NW) Dɔmenyonyo kple ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si ɖeviwo ɖena fiana la tutuɖo nana míenɔa ɖekawɔwɔ me kple Yehowa, ame si nye ame vevitɔ kekeake le xexe bliboa me la kpakple Via. (Yohanes 17:20, 21; Petro I, 5:5) Ana be dzidzɔ si tsoa nunana amewo me la nasu mía si. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Azɔ hã, enana míaƒe dzi dzea eme le esi míenyae be míekpea asi ɖe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome la tutuɖo ŋu ta.—Efesotɔwo 4:1-3.

Wolɔ̃na Wofiaa Nu Wo Eye Wokana Ðe Ame Dzi

Emegbe Yesu gate gbe ɖe nu bubu aɖe si ame tsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso ɖeviwo gbɔ la dzi, egblɔ be: “Ame sia ame si mexɔ Mawufiaɖuƒe la abe ale si ɖevi sue axɔe ene o la, mate ŋu age ɖe eme gbeɖe o.” (Marko 10:15, NW) Menye ɖeko ɖeviwo bɔbɔa wo ɖokui o; wolɔ̃na hã be woafia nu yewo. Vidada aɖe gblɔ be: “Woxɔa nufiamewo dea eme abe ale si papaŋu noa tsii ene.”

Eya ta hafi míanyi Mawufiaɖuƒea ƒe dome la, ele be míaxɔ Fiaɖuƒegbedasia ade eme ahawɔ edzi. (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Abe vidzĩwo ene la, ele be míana “[Mawu ƒe] nya la ƒe notsi tsimatɔ nadzro [mí] vevie, ale be [míato eme] atsi hena xɔxɔ.” (Petro I, 2:2, NW) Ke ne Biblia me nufiafia aɖe gɔmesese sesẽ na mí ɖe? Nyɔnu aɖe si wɔa dɔ le ɖeviwo dzikpɔƒe aɖe la gblɔ be: “Ðeviwo yia edzi nɔa nya biam va se ɖe esime wokpɔa ŋuɖoɖo nyui na woƒe biabiawo.” Anyo be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua. Eya ta yi edzi nànɔ nu srɔ̃m. Ðo dze kple Kristotɔ kpɔnuteƒewo. Bia Yehowa be wòana nunya wò. (Yakobo 1:5) Ðikekemanɔmee la, woaɖo wò gbedodoɖa veviedodotɔe la ŋu na wò godoo.—Mateo 7:7-11.

Gake ame aɖewo abia be, ‘Ðe womate ŋu able ame siwo lɔ̃na wofiaa nu wo la bɔbɔe oa?’ Ao, womate ŋu able wo o, nenye be mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le la le wo si. Le kpɔɖeŋu me, le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo trɔna ɖe wo dzilawo ŋu hena mɔfiamexɔxɔ. Vifofo aɖe gblɔ be: “Ale si dzilawo kpɔa wo viwo ta hekpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo gbe sia gbee la ɖenɛ fiana be wo viwo ate ŋu aka ɖe wo dzi.” Kakaɖedzitɔe la, susu mawo ke tae míekana ɖe Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la dzi ɖo. (Yakobo 1:17; Yohanes I, 4:9, 10) Yehowa naa mɔfiame si medoa kpo nu gbeɖe o la mí to eƒe Nya si wòna woŋlɔ ɖi la dzi. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple eƒe habɔbɔa faa akɔ na mí heléa mí ɖe te. (Mateo 24:45-47; Yohanes 14:26) Ne míewɔ nunana siawo ŋudɔ nyuie la, woakpɔ mía ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo me.—Psalmo 91:1-16.

Ale si ɖeviwo kana ɖe ame dzii la sɔsrɔ̃ le míaƒe kaka ɖe Mawu dzi me hã nana be míaƒe susu dzea akɔ anyi. Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Esi míenye ɖeviwo la, míedzea mɔzɔzɔ gɔme asi ƒuƒlu, eye míenyana ale si míawɔ aɖo afi si yim míele o; ke hã míekea ɖi le míaƒe susu me gbeɖe be mía dzilawo mate ŋu akplɔ mí ade dedie o.” Ðe kakaɖedzi ma tɔgbe le mía si ɖe Yehowa ŋu esi míele agbemɔa dzi zɔma?—Yesaya 41:10.

Kaka ɖe Mawu dzi bliboe kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na nɔnɔme kple nuwɔna siwo ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. Eye míeka ɖe nya si Yesu gblɔ be mía Fofo si le dziƒo nya míaƒe agbagbadzedzewo, eye be ne míenya tsɔ Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖo nɔƒe gbãtɔ ko la, Mawu alé be na mí la dzi bliboe. Esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na tetekpɔ si nye be míatsi dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ahagblẽ gbɔgbɔmegbanɔamedziwo ɖi.—Mateo 6:19-34.

“Vidzĩwo Le Nu Tovo Wɔwɔ Me”

Togbɔ be wodzia ɖeviwo wonyea ame madeblibowo hã la, ale si wodza le dzi kple susu me la doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. Esia tae Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mizu vidzĩwo le nu tovo wɔwɔ me.”—Korintotɔwo I, 14:20.

Bu ƒe atɔ̃ vi Monique, si gblɔ na dadaa dzidzɔtɔe be, “Sara, xɔ̃nye yeyea ƒe ɖa le gɔdɔ̃gɔdɔ̃e abe tɔnye ene!” la ŋu kpɔ. Meƒo nu tso Sara ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede kple gbegbɔgblɔ ƒe vovototo ŋu o. Dzila aɖe gblɔ be: “Ðeviwo medea vovototo amewo me o. Nazãbubu aɖeke mele wo me o.” Aleke ɖeviwo ƒe nɔnɔme ɖea mía Mawu si medea vovototo amewo me o la ƒe nukpɔsusu fiana nyuie enye esi!—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Tsɔtsɔke ƒe ŋutete wɔnuku aɖe hã le ɖeviwo si. Dzila aɖe gblɔ be: “Ne Jack kple Levi wowɔ dzre la, míegblɔna na wo be woaɖe kuku na wo nɔewo, eye kasia wogatea fefe dzidzɔtɔe. Womeléa nya ɖe dɔme alo hea nya xoxowo ɖe go o, eye womedia nane tsoa ame si hafi tsɔna kena o. Ðeko wogayia edzi nɔa fefem ɖekae.” Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi ame tsitsiwo ate ŋu asrɔ̃!—Kolosetɔwo 3:13.

Gakpe ɖe eŋu la, mesesẽna na ɖeviwo be woaxɔe ase be Mawu li o. (Hebritɔwo 11:6) Nuƒoƒo faa le dzɔdzɔme nu nazãmabumabui ʋãa wo woaɖia ɖase na amewo dzideƒotɔe. (Fiawo II, 5:2, 3) Woƒe gbedodoɖa kpui siwo tsoa dzi blibo me la te ŋu wɔa dɔ ɖe ame siwo ƒe dzime sẽ abe lotamekpe ene gɔ̃ hã dzi. Ne wole tetekpɔwo me tom la, wote ŋu ɖea agbe nyui nɔnɔ ŋutete wɔnuku aɖe fiana. Nunana xɔasi ka gbegbee nye esi ɖeviwo nye!—Psalmo 127:3, 4.

Atsyɔ̃ɖoɖo La Wɔwɔ Yeyee

Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòanya wɔ be ame tsitsiwo nagate ŋu atu nɔnɔme nyui siwo nɔ wo si tsã esime wonye ɖeviwo la ɖoa?’ Ŋuɖoɖo kpui si ŋu kakaɖedzi lee nye, ẽ! Se si Yesu de na mí be ‘míazu abe ɖeviwo ene’ la na míeka ɖe edzi be anya wɔ.—Mateo 18:3.

Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ðewohĩ ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo ɖɔa nɔnɔmetata xoxowo ɖo la le dɔ wɔm le nutata aɖe si xɔ asi ale gbegbe la ŋu. Le dɔa wɔwɔ me la, wonɔ ɖi siwo lé ɖe nɔnɔmetataa ŋu la ɖem ɖa vivivi, eye woɖɔ vodada siwo nutataɖɔɖola aɖewo wɔ va yi le woƒe agbagbadzedze be yewoaɖɔe ɖo me la hã ɖo. Le nɔnɔmetataɖɔɖolawo ƒe dzigbɔɖi kple beléle blibo me la, nɔnɔmetataa ƒe atsyɔ̃ɖoɖo kple amadede dzeani siwo nɔ eŋu tsã la gadze amewo katã kpɔ. Nenema kee míaƒe agbagbadzedze kutrikukutɔe, Yehowa ƒe gbɔgbɔa kple Kristo-hamea ƒe kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe, ate ŋu ana míagbugbɔ atu nɔnɔme nyui siwo nɔ mía si tsã, siwo dzena le mía ŋu le dzɔdzɔme nu, esime míenye ɖeviwo la ɖo woadze nyuie.—Efesotɔwo 5:1.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo bɔbɔa wo ɖokui

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðevi suewo mebua nazã o, eye wotsɔna kea wo nɔewo kaba heŋlɔnɛ be