Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyateƒetoto Ame Bubuwo Si Koe Nèdinɛ Tsona?

Nyateƒetoto Ame Bubuwo Si Koe Nèdinɛ Tsona?

Nyateƒetoto​—Ame Bubuwo Si Koe Nèdinɛ Tsona?

NYƆNUVI ƒe 16 vi aɖe gblɔ be: “Melé fu aʋatsokaka, eye nyemedina kura be woablem o!” Ame sia ame kloe sena le eɖokui me nenema. Míedina be nya ɖe sia ɖe si woagblɔ na mí la nanye nyateƒe, eɖanye to nyagbɔgblɔ alo agbalẽŋɔŋlɔ dzi o. Gake ɖe mía ŋutɔwo míetoa nyateƒe na ame bubuwoa?

Le numekuku aɖe si wowɔ le Germany me la, ame siwo wobia gbee la dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be, “naneke megblẽ le aʋatsokaka le nu suewo me be woatsɔ akpɔ ame ɖokui alo ame bubuwo ta tso afɔku me ŋu o; ehiã vevie kura gɔ̃ hã hafi amewo nate ŋu anɔ anyi kple wo nɔewo le tomefafa me.” Eye nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Nyateƒetoto ɣeawokatãɣi nye nudzeamewɔwɔ ya, gake enana agbenɔnɔ sesẽna.”

Ðe míedina tsoa amewo si be woato nyateƒe, evɔ míawo ya míesusuna be susu nyuiwo li siwo tae mele be míato nyateƒe oa? Míeto nyateƒe alo míeɖato nyateƒe o, ɖe wòle veviea? Nu kawoe dona tsoa nyateƒematomato me?

Nu Si Nyateƒematomato Gblẽna

Bu nu si nyateƒematomato gblẽna ŋu kpɔ. Aʋatsokaka nana be srɔ̃tɔwo kple ƒometɔwo megakana ɖe wo nɔewo dzi o. Nya si mele eteƒe o gbɔgblɔ tso ame ŋu ate ŋu agblẽ ŋkɔ nyui si le amea ŋu. Dɔwɔlawo ƒe fififi ate ŋu awɔe be dɔwɔƒe aɖe ƒe gazazãwo nadzi ɖe edzi madzemadzee. Dukɔmeviwo ƒe aʋatsokaka le adzɔxenyawo me wɔnɛ be dziɖuɖuwo mekpɔa ga si hiã be woatsɔ akpɔ dukɔa ƒe nuhiahiãwo gbɔ o. Numekulawo ƒe aʋatsonyatakakawo wɔnɛ be dɔ gena le wo si, eye wòhea vlododo vaa dɔwɔƒe si da megbe na wo le numekukua wɔwɔ me la dzi. Mɔ fitifitiwo dzi toto be woazu gatɔ kaba nana be gasitsalawo ƒe agbemekesinɔnuwo katã dome gblẽna, alo egblẽa nu geɖe wu ema gɔ̃ hã. Eya ta mewɔ nuku o be Biblia gblɔ na mí be nu siwo Yehowa Mawu lé fui la dometɔ ɖekae nye “aʋatsoɖe” kple “amesi ɖua aʋatsoɖasefo.”—Lododowo 6:16-19.

Aʋatsokaka si de du ate ŋu agblẽ nu le ame ɖekaɖekawo kple du blibo siaa ŋu. Ƒã hafi ame aɖe atsi tre ɖe nya sia ŋu. Ke, nu ka tae amewo ɖonɛ koŋ kaa aʋatso? Eye ɖe nyateƒematomato ɖe sia ɖe nye aʋatsokakaa? Míaɖo biabia siawo kple bubuwo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Aʋatsokaka nana be srɔ̃tɔwo megakana ɖe wo nɔewo dzi o