Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nye Mawu Si Ðea Ŋudzedzekpɔkpɔ Fiana

Yehowa Nye Mawu Si Ðea Ŋudzedzekpɔkpɔ Fiana

Yehowa Nye Mawu Si Ðea Ŋudzedzekpɔkpɔ Fiana

“Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, . . . la be o.”—HEBRITƆWO 6:10.

1. Aleke Yehowa ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Moab nyɔnu Rut ŋu fiae?

YEHOWA kpɔa ŋudzedze deto ɖe ame siwo dina tso dzi blibo me be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe agbagbadzedzewo ŋu heɖoa eteƒe na wo geɖe ŋutɔ. (Hebritɔwo 11:6) Nuteƒewɔla Boaz nya Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋu sia nyuie, elabena egblɔ na Moab nyɔnu Rut, si léa be na lɔ̃xɔa si nye ahosi la bena: “Yehowa naɖo wò nuwɔwɔ teƒe na wò, eye fetu dedie le Yehowa . . . gbɔ na wò!” (Rut 2:12) Ðe Mawu ɖo eteƒe na Rut nyateƒea? Ẽ, eɖo eteƒe nɛ! Elabena woŋlɔ eƒe ŋutinya ɖe Biblia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eɖe Boaz eye wòva zu Fia Dawid kple Yesu Kristo siaa mama. (Rut 4:13, 17; Mateo 1:5, 6, 16) Esia nye Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe esubɔlawo ŋu ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la dometɔ ɖeka ko.

2, 3. (a) Nu kae ɖe dzesi le ale si Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe esubɔlawo ŋui la ŋuti? (b) Nu ka tae Yehowa te ŋu ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ vavãtɔ fiana? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

2 Yehowa abui nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ne mekpɔa ŋudzedze ɖe esubɔlawo ŋu o. Hebritɔwo 6:10 gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.” Nu si na nya sia ɖe dzesi etɔxɛe enye be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo doa vevie nu, togbɔ be wonye nuvɔ̃mewo eye womeɖoa Mawu ƒe nudidiwo gbɔ bliboe o hã la ŋu.—Romatɔwo 3:23.

3 Le míaƒe blibomademade ta la, ɖewohĩ míase le mía ɖokui me be nu siwo míewɔna le mawusubɔsubɔ me la meɖi naneke o, eye be míedze na Mawu ƒe yayra o. Gake Yehowa nyaa nu siwo ʋãa mí míewɔa dɔ mawo, esea míaƒe nɔnɔmewo gɔme nyuie, eye wòdea asixɔxɔ ale si míesubɔnɛ tso luʋɔ blibo me la ŋu ŋutɔ. (Mateo 22:37) Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Vidada aɖe kpɔ nunana aɖe si nye kɔdzonu, si mexɔ asi boo o la, le eƒe kplɔ dzi. Ðewohĩ abu nunanaa be mexɔ asi o, eye wòatutui ɖe adzɔge. Gake nu si woŋlɔ kpe ɖe nunanaa ŋu la ɖee fia be vianyɔvi sue ye zã ga siwo katã wòdzra ɖo la tsɔ ƒlee nɛ. Azɔ vidadaa ade asixɔxɔ nunana la ŋu. Ðewohĩ atsɔ dzidzɔ kple seselelãme akpla asi kɔ na via ahaɖe ale si wòkpɔ ŋudzedze ɖe eyama ŋui la agblɔ nɛ.

4, 5. Alekee Yesu srɔ̃ Yehowa le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia gome?

4 Esi Yehowa nya nu siwo ʋãa mí eye wònya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo ta la, ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe, eɖasɔ gbɔ alo le ʋɛ o. Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔme sia pɛpɛpɛ. Èɖo ŋku ahosi dahea ƒe ŋutinyaa dzia? Biblia gblɔ be: “[Yesu fɔ] kɔ te kpɔ kesinɔtɔ, siwo tsɔ woƒe nunanawo le dadam ɖe nudzɔɖaka la me. Eye wòkpɔ ahosi dahe aɖe, si tsɔ lepta eve da ɖe eme le afima. Eye wògblɔ bena: Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; elabena nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.”—Luka 21:1-4.

5 Ẽ, esi Yesu nya nyɔnua ƒe nɔnɔmewo—be enye ahosi kple ame dahe—ta la, ekpɔ asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le eƒe nudzɔdzɔa ŋu la dze sii, eye esia ʋãe wòɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe eŋu. Nenema tututue Yehowa hã le. (Yohanes 14:9) Ðe medea dzi ƒo na wò be nànyae be aleke kee wò nɔnɔmewo ɖale o, wò nu adze Mawu kple Via, ame siwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana la ŋu oa?

Yehowa Ðo Eteƒe Na Etiopiatɔ Mawuvɔ̃la Aɖe

6, 7. Nu ka tae Yehowa ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia Ebed-Melex ɖo, eye aleke wòɖee fiae?

6 Nyateƒe si wònye be Yehowa ɖoa eteƒe na ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le Ŋɔŋlɔawo me. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso ale si wòwɔ nu ɖe Kustɔ (alo Etiopiatɔ) mawuvɔ̃la Ebed-Melex, si nɔ anyi le Yeremya ƒe ɣeyiɣiawo me, eye wònye Yuda fia mawɔnuteƒe Zedekiya, ƒe aƒedzikpɔla la ŋu kpɔ. Ebed-Melex se be Yuda fia ŋutimewo tsɔ nya ɖe Yeremya ŋu madzemadzee be enye aglãdzela, eye wotsɔe de vudo aɖe me be dɔ nawui wòaku. (Yeremya 38:1-7) Esi Ebed-Melex nyae be gbedasi si Yeremya nɔ gbeƒã ɖemee tae wolé fui vevie ɖo ta la, etsɔ eƒe agbe de afɔku me yi fia la gbɔ ɖaɖe kuku ɖe eta. Etiopiatɔa gblɔ dzideƒotɔe be: “Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ nu manyomanyo ɖe nyagblɔɖila Yeremya ŋu, be wotsɔe de do me, ne dɔ nawui wòaku ɖe afima.” Le fia ƒe sedede nu la, Ebed-Melex ɖe ŋutsu 30 kpe ɖe eɖokui ŋu woyi ɖaɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilaa le vudoa me.—Yeremya 38:8-13.

7 Yehowa kpɔe be Ebed-Melex wɔ nu le xɔse me. Eƒe xɔse siae na be wòɖu vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe si anya nɔ eyama me la dzi. Eya ta Yehowa ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Ebed-Melex ƒe nuwɔnaa ŋu fia hegblɔ nɛ to Yeremya dzi be: “Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava me ɖe du sia ŋu hena vɔ̃, eye menye hena nyui o . . . Ke maɖe wò le ɣemaɣi, eye womatsɔ wò ade asi na amesiwo le ŋɔ dzim na wò la o; ke boŋ mana nàsi, . . . eye wò agbe anye aboyonu na wò, elabena èɖo dzi ɖe ŋunye.” (Yeremya 39:16-18) Nyateƒee, Yehowa ɖe Ebed-Melex kple Yeremya siaa tso Yuda fia ŋutime vɔ̃ɖiawo, kple emegbe, tso Babilontɔ siwo va tsrɔ̃ Yerusalem la si me. Psalmo 97:10 gblɔ be: “[Yehowa kpɔa] eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.”

‘Fofowò, Si Le Nu Kpɔm Le Ɣaɣlaƒe La, Aɖo Eteƒe Na Wò’

8, 9. Abe ale si Yesu ɖee fiae ene la, gbedodoɖa kawo ƒomevi ŋue Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo?

8 Kpeɖodzi bubu si ɖee fia be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe mawusosroɖanuwɔnawo ŋu hedea asixɔxɔ wo ŋu la dze le nu si Biblia gblɔ ku ɖe gbedodoɖa ŋuti me. Nunyala Salomo gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea [Mawu ŋu].” (Lododowo 15:8) Le Yesu ƒe ŋkekea me la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo doa gbe ɖa le dutoƒo, menye tso mawusosroɖa vavãtɔ me o, ke boŋ le esi wodi be yewoƒe nu nadze amewo ŋu ta. Yesu gblɔ be: “Woxɔ woƒe fetu yi xoxo.” Gake Yesu gblɔ na eyomedzelawo ya be: “Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xɔgã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.”—Mateo 6:5, 6.

9 Le nyateƒe me la, menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be dutoƒogbedodoɖa menyo o, elabena ye ŋutɔ hã do gbe ɖa le dutoƒo ɣeaɖewoɣi. (Luka 9:16) Yehowa kpɔa ŋudzedze deto ɖe míaƒe gbedodoɖawo ŋu ne wotso dzi dzadzɛ me, eye ne menye kple susu be míadze amewo ŋu o ko. Le nyateƒe me la, ale si míedoa gbe ɖa le mía ɖokui si la ɖea ale si gbegbe míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu detoe la fiana. Eya ta mewɔ nuku o be, Yesu ɖea eɖokui ɖe vovo zi geɖe hedoa gbe ɖa. Ɣeaɖeɣi la, ‘efɔ fɔŋli yi ɖado gbe ɖa.’ Ɣebubuɣi la, ‘eya ɖeka yi to aɖe dzi be, yeado gbe ɖa.’ Eye hafi Yesu natia apostolo 12-awo la, eɖe eɖokui ɖe aga hedo gbe ɖa zã blibo la katã.—Marko 1:35; Mateo 14:23; Luka 6:12, 13.

10. Ne míaƒe gbedodoɖawo tsoa dzi dzadzɛ me heɖea míaƒe seselelãme detowo fiana la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

10 De ŋugble tso ale si Yehowa anya lé to ɖe Via ƒe gbedodoɖa tso dzi blibo me ŋu vevie la ŋu kpɔ! Le nyateƒe me la, Yesu do gbe ɖa ɣeaɖewoɣi kple ‘ɣlidodo sesĩe kple aɖatsiwo eye woɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti.’ (Hebritɔwo 5:7; Luka 22:41-44) Ne míawo hã míedoa gbe ɖa tso dzi dzadzɛ me heɖea míaƒe seselelãme detowo gblɔna la, míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la léa to ɖe míaƒe gbedodoɖawo ŋu vevie hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Nyateƒee, “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo . . . katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.”—Psalmo 145:18.

11. Alekee Yehowa sena le eɖokui me le nu siwo míewɔna le ɣaɣlaƒe ŋu?

11 Esi wònye be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe gbedodoɖa nɛ le ɣaɣlaƒe ŋu ta la, akpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe toɖoɖo eyama le nu siwo míewɔna le ɣaɣlaƒe hã me ŋu godoo! Ẽ, Yehowa nyaa nu sia nu si míewɔna le ɣaɣlaƒe. (Petro I, 3:12) Le nyateƒe me la, míaƒe nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo Yehowa ne ame aɖeke mele mía kpɔm o la nye dzesi nyui aɖe be míetsɔ “dzi blibo,” si le dzadzɛ, si ʋãa mí be míawɔ nu dzɔdzɔe la le esubɔm. (Kronika I, 28:9) Aleke gbegbee nuwɔwɔ alea doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzii enye esi!—Lododowo 27:11; Yohanes I, 3:22.

12, 13. Alekee míate ŋu adzɔ míaƒe susu kple dzi ŋu abe ale si nusrɔ̃la wɔnuteƒe Natanael wɔe ene?

12 Eya ta Kristotɔ wɔnuteƒewo ƒoa asa na nuvɔ̃ ɣaɣla siwo ƒoa ɖi ame ƒe dzi kple susu la, abe amamaɖeɖenuwɔnawo kple ŋutasẽnuwɔnawo kpɔkpɔ ene. Togbɔ be nuvɔ̃ aɖewo ate ŋu anɔ ɣaɣla ɖe amegbetɔwo hã la, míenyae be “woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!” (Hebritɔwo 4:13; Luka 8:17) Ne míedzea agbagba ƒoa asa na nu siwo medzea Yehowa ŋu o la, dzitsinya nyuie sua mía si, eye nyanya be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Ẽ, ɖikeke mele eme o be Yehowa kpɔa ŋudzedze deto ɖe “amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, [si wɔa] nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me” la ŋu vavã.—Psalmo 15:1, 2.

13 Ke alekee míate ŋu adzɔ míaƒe susu kple dzi ŋu le xexe si me yɔ fũ kple nu gbegblẽ wɔwɔ la me? (Lododowo 4:23; Efesotɔwo 2:2) Tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ be woaɖe vi na mí ŋudɔwɔwɔ ŋu la, ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míatsri vɔ̃ ahawɔ nyui, eye míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi enumake ale be wòagana míawɔ nuvɔ̃ o. (Yakobo 1:14, 15) Kpɔ ale si dzi adzɔ wòe ɖa ne Yesu agblɔ le ŋuwò abe ale si wògblɔ le Natanael ŋu ene be: ‘Kpɔ ɖa, ame sia nye ame si me alakpa mele o.’ (Yohanes 1:47) Mɔnukpɔkpɔ va su Natanael, si wogayɔna be Bartotomeo la, si wòzu Yesu ƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka.—Marko 3:16-19.

“Nunɔlagã Nublanuikpɔla Kple Nuteƒewɔla”

14. Alekee ale si Yesu wɔ nu ɖe Maria ƒe nuwɔnaa ŋu la to vovo na ame bubuwo tɔ?

14 Esi Yesu nye Yehowa, “Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme” ta la, esrɔ̃a Fofoa bliboe le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ame siwo subɔa Mawu tso dzi dzadzɛ me la me ɣesiaɣi. (Kolosetɔwo 1:15) Le kpɔɖeŋu me, ŋkeke atɔ̃ do ŋgɔ hafi Yesu natsɔ eƒe agbe ana la, wokpe eya kple eƒe nusrɔ̃la aɖewo va Simon, si le Betania la, ƒeme hena fiẽnuɖuɖu. Le nua ɖuɣi la, Maria, si nye Lazaro kple Marta nɔvinyɔnu la, “tsɔ nardomi nyuitɔ pounde ɖeka nu, si ƒe asi sẽ ŋutɔ [anɔ abe ƒe ɖeka ƒe dɔwɔfetu ene] la,” kɔ ɖe Yesu ƒe tame hesii ɖe eƒe afɔwo hã ŋu. (Yohanes 12:3) Nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Nugbegblẽ sia gɔme ɖe?” Gake Yesu ya se Maria ƒe nuwɔnaa gɔme bubui kuraa. Ebui be enye dɔmenyowɔwɔ si ɖe dzesi ŋutɔ, elabena edo ƒome kple ale si eteƒe madidi o wòaku eye woadzra eƒe ŋutilã ɖo hena ɖiɖi la. Eya ta Yesu mehe nya ɖe Maria ŋu o, ke boŋ ekafui bubutɔe hegblɔ be: “Afisi ke woaɖe gbeƒã nyanyui sia afia le le xexeme blibo la katã [me] la, woagblɔ nusi nyɔnu sia wɔ la hã hena ŋkuɖoɖo edzi.”—Mateo 26:6-13.

15, 16. Aleke ale si Yesu va nɔ agbe le anyigba dzi hesubɔ Mawu abe amegbetɔ ene la ɖea vi na míi?

15 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be Yesu, ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu aleae nye mía Kplɔla! Le nyateƒe me la, ale si Yesu va nɔ agbe le anyigba dzi abe amegbetɔ ene la dzrae ɖo ɖe dɔ si le Yehowa si nɛ—be wòasubɔ abe Nunɔlagã kple Fia ene, ɖe amesiaminawo ƒe hamea dzi gbã, eye emegbe ɖe xexeame katã dzi—la wɔwɔ ŋu.—Kolosetɔwo 1:13; Hebritɔwo 7:26; Nyaɖeɖefia 11:15.

16 Hafi Yesu nava anyigba dzi la, etsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo vevie hekpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu etɔxɛe. (Lododowo 8:31) Esi wòva nɔ agbe le anyigba dzi abe amegbetɔ ene ta la, eva se nu si gbegbe nɔnɔme sesẽwo me toto le Mawu subɔsubɔ me lɔ ɖe eme la gɔme nyuie wu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ele [na Yesu] be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla . . . Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna” la. Yesu ate ŋu “anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo” elabena “enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.”—Hebritɔwo 2:17, 18; 4:15, 16.

17, 18. (a) Nu kae lɛta siwo Yesu ŋlɔ ɖo ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue la ɖe fia le ale si gbegbe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu detoe la ŋu? (b) Nu ka wɔwɔ ŋue wonɔ Kristotɔ amesiamina mawo dzram ɖo ɖo?

17 Ale si gbegbe Yesu sea tetekpɔ siwo me eyomedzelawo tona gɔme la me va kɔ na mí nyuie wu le eƒe tsitretsitsi megbe. De ŋugble tso eƒe lɛta siwo wòto apostolo Yohanes dzi ŋlɔ ɖo ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue la ŋu kpɔ. Yesu gblɔ na hame si nɔ Smirna la bena: ‘Menya wò xaxa kpakple wò ahedada.’ Le nyateƒe me la, Yesu le gbɔgblɔm le afi sia be, ‘mesea wò kuxiwo gɔme na wò; menya nu siwo gbegbe me tom nèle.’ Emegbe, nu siwo me Yesu ŋutɔ to la na wògatsɔ veveseseɖeamenu kple kakaɖedzi gblɔ na wo be: “Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!”—Nyaɖeɖefia 2:8-10.

18 Lɛta siwo Yesu ŋlɔ ɖo ɖe hame adreawo la yɔ fũ kple nyagbɔgblɔ siwo ɖee fia be enya kuxi siwo gbegbe me eƒe nusrɔ̃lawo tona la nyuie, eye be ekpɔa ŋudzedze deto ɖe woƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu. (Nyaɖeɖefia 2:1–3:22) Ðo ŋku edzi be ame siwo Yesu nɔ nya gblɔm na ɣemaɣi la nye Kristotɔ amesiamina siwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoava ɖu fia kplii le dziƒo. Abe woƒe Aƒetɔa ke ene la, wonɔ woawo hã dzram ɖo ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si asu wo si be woakpɔ gome le Kristo ƒe tafevɔsaa zazã veveseɖeamenutɔe na ameƒomea si le nɔnɔme wɔnublanui me la me ŋu.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 22:1-5.

19, 20. Aleke ame siwo si mɔnukpɔkpɔ su be woanye ‘ameha gãa’ me tɔwo la le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia Yehowa kple Viae?

19 Ke hã, lɔlɔ̃ si le Yesu si na eyomedzela amesiaminawo la keke ɖe enu lɔ eƒe ‘alẽ bubu’ wɔnuteƒe miliɔn geɖe, siwo me tɔwo si mɔnukpɔkpɔ su be woanye ‘ameha gã, si tso dukɔ sia dukɔ me,’ siwo atsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna me la hã ɖe eme. (Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Ame siawo le zi nyém va Yesu ƒe akpa dzi, elabena wokpɔa ŋudzedze ɖe eƒe tafevɔsaa kpakple agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Aleke woɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔa fianae? Wowɔa esia to ‘subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu zã kple keli’ me.—Nyaɖeɖefia 7:15-17.

20 Xexeame katã ƒe akɔntabubu hena ƒe 2006 subɔsubɔƒea, si dze le axa 27 va se ɖe 30 la, ɖee fia kɔte be subɔla wɔnuteƒe siawo le ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ tsɔm na Yehowa “zã kple keli” vavã. Le nyateƒe me la, le ƒe ɖeka ma ko me la, woa kple Kristotɔ amesiamina ʋɛ siwo kpɔtɔ la siaa wozã gaƒoƒo 1,333,966,199 le dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa me, si sɔ kple ƒe 150,000 kple edzivɔwo sɔŋ ƒe dɔwɔwɔ!

Yi Edzi Nànɔ Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðem Fia!

21, 22. (a) Le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia gome la, nu ka tae wòle na Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ vevie egbea ɖo? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Le nuwɔwɔ kple amegbetɔ madeblibowo me la, Yehowa kple Via woɖe ŋudzedzekpɔkpɔ detɔ aɖe si wɔ nuku ŋutɔ la fia. Gake nublanuitɔe la, ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ mebua Mawu ŋu ale o, ke boŋ woa ŋutɔwo ɖokui ŋu koe wotsia dzi ɖo. Esi Paulo nɔ ame siwo anɔ agbe le “ŋkeke mamlɛawo” me ƒe nɔnɔme ɖɔm la, eŋlɔ bena: “Amewo ava zu ɖokuitɔdilawo koŋ, ame siwo biãa ŋu ɖe ga ŋu . . . Woanye ame siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu kura o.” (Timoteo II, 3:1-5, Phillips) Vovototo gã ka gbegbee nye esi le ame siawo kple Kristotɔ vavãwo dome! Kristotɔ vavãwo ya toa gbedodoɖa tso dzi blibo me, toɖoɖo tso dzime faa, kple subɔsubɔ tso luʋɔ blibo me dzi ɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo katã Mawu wɔ na wo la ŋu fiana!—Psalmo 62:9; Marko 12:30; Yohanes I, 5:3.

22 Le nyati si kplɔe ɖo me la, míagbugbɔ adzro gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo gbogbo siwo Yehowa wɔ na mí lɔlɔ̃tɔe la me. Neva eme be ‘nunana nyui’ siawo me dzodzo nana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nade to ɖe edzi geɖe wu.—Yakobo 1:17.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Alekee Yehowa ɖee fia be yenye Mawu si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?

• Alekee míate ŋu ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ne ame aɖeke mele mía kpɔm o gɔ̃ hã?

• Mɔ kawo nue Yesu ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia le?

• Alekee Yesu ƒe agbenɔnɔ abe amegbetɔ ene kpe ɖe eŋu be wòanye dziɖula si ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana hesea veve ɖe ame nu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Abe ale si dzila kpɔa ŋudzedze ɖe via ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna tsɛ ŋu ene la, Yehowa hã kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ne míesubɔnɛ kple míaƒe ŋutetewo katã