Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nànɔ Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðem Fia Geɖe Wu

Yi Edzi Nànɔ Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðem Fia Geɖe Wu

Yi Edzi Nànɔ Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðem Fia Geɖe Wu

“Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o!”—PSALMO 139:17.

1, 2. Nu ka tae wòle be míade asixɔxɔ Mawu ƒe Nya la ŋu ɖo, eye aleke hakpala la ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu gblɔe?

ESIME wonɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem dzram ɖo la, Nunɔlagã Xilkiya fɔ “Yehowa ƒe se, si wòna to Mose dzi la ƒe agbalẽ la,” eye ɖikeke mele eme o be agbalẽ siae nye esi Mose ŋutɔ ŋlɔ anɔ ƒe 800 do ŋgɔ. Agbalẽ sia si ŋu woke ɖo la do dzidzɔ na wo ale gbegbe! Ðe nàte ŋu akpɔ ale si Fia Yosiya, Mawu vɔ̃la la, se le eɖokui me esime wotsɔ agbalẽa va ɖo eŋkume la le susu mea? Ðikekemanɔmee la, ede asixɔxɔ eŋu ŋutɔ, eye wòna agbalẽŋlɔla Safan xlẽe nɛ enumake.—Kronika II, 34:14-18.

2 Egbea la, Mawu ƒe Nya bliboa alo eƒe akpa aɖe li ame biliɔn geɖe ate ŋu axlẽ. Gake ɖe ema wɔe be Ŋɔŋlɔawo ƒe asixɔxɔ dzi ɖe kpɔtɔ alo be womegale vevie oa? Kpao! Le nyateƒe me la, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe susuwoe woŋlɔ ɖi be woaɖe vi na mí. (Timoteo II, 3:16) Esi hakpala Dawid nɔ ale si wòse le eɖokui me le Mawu ƒe Nya la ŋuti ɖem fia la, eŋlɔ bena: “Nye la, Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o!”—Psalmo 139:17.

3. Nu kae ɖee fia be Dawid nye ame si si gbɔgbɔmenugɔmesese deto le?

3 Dawid medzudzɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ɖe Yehowa, eƒe Nya la, kple ɖoɖo siwo Mawu wɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la ŋu gbeɖe o. Ha lédziname siwo Dawid kpa la ɖea ale si wòsena le eɖokui mee fiana. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ ɖe Psalmo 27:4 be: “Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame [ŋudzedzekpɔkpɔtɔe] le eƒe gbedoxɔ me.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘woayi tame ŋudzedzekpɔkpɔtɔe’ la fia ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu hena ɣeyiɣi didi aɖe, ŋkuléle ɖe nu ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe, dzidzɔtɔe, le mɔ lédziname aɖe nu. Edze ƒã be Dawid nye ame si si gbɔgbɔmenugɔmesese deto le, ame si kpɔa ŋudzedze ɖe tadedeagu ŋuti ɖoɖo siwo Yehowa wɔ la ŋu vevie, eye wòkpɔa dzidzɔ ɖe gbɔgbɔmenugɔmesese suetɔ kekeake si Mawu ɖe fia la ŋu. Enyo ŋutɔ be míasrɔ̃ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo ɖi la.—Psalmo 19:8-12.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Biblia Me Nyateƒea Nyanya Ŋu

4. Nu kae na Yesu ‘tso aseye le gbɔgbɔ kɔkɔe la me’?

4 Mawu ƒe Nya la gɔmesese menɔa te ɖe tagbɔ ɖaɖɛ alo xexemenunya si nana amewo doa wo ɖokui ɖe dzi la dzi o. Ke boŋ Yehowa ƒe amenuveve, si wònana ɖokuibɔbɔla dzianukwaretɔ siwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me la dzie wònɔa te ɖo. (Mateo 5:3; Yohanes I, 5:20) Esi Yesu de ŋugble le nyateƒe si wònye be wonɔ amegbetɔ madeblibowo ƒe ŋkɔwo ŋlɔm ɖi le dziƒo ŋu la, “etso aseye le [gbɔgbɔ] kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩwo.”—Luka 10:17-21.

5. Nu ka tae mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nabu Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe siwo woɖe fia wo la nu tsɛe o?

5 Esi Yesu do gbe ɖa tso dzi blibo me alea vɔ la, etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be: “Woayra ŋku, siwo le nusiwo kpɔm miele la kpɔm; elebena mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖila kple fia geɖe di bena, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miawo miele, eye womekpɔe o, eye be, yewoase nusiwo sem miele, eye womesee o.” Ẽ, Yesu de dzi ƒo na eyomedzela wɔnuteƒeawo be woagabu Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe xɔasi siwo wole ɖeɖem ɖe go fia wo la nu tsɛe o. Womeɖe nyateƒe siawo fia Mawu subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na wo o, eye womeɖe wo fia ‘nunyalawo kple nugɔmesela’ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la kura gɔ̃ hã o!—Luka 10:23, 24.

6, 7. (a) Susu kawo tae míekpɔa ŋudzedze ɖe nyateƒe siwo tso Mawu gbɔ la ŋu ɖo? (b) Vovototo kae le subɔsubɔ vavãtɔ kple alakpasubɔsubɔ dome egbea?

6 Le míaƒe ŋkekea me la, susu geɖewo li siwo tae wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒe siwo tso Mawu gbɔ la ŋu ɖo, elabena Yehowa kpɔtɔ le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi tom le kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu be woase eƒe Nya la gɔme geɖe wu. (Mateo 24:45; Daniel 12:10) Nyagblɔɖila Daniel na míenya be le ŋkeke mamlɛawo me la, “ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.” (Daniel 12:4) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be Mawu ŋuti sidzedze ‘dzi ɖe edzi,’ eye be wole gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe nam Yehowa ƒe amewo egbea oa?

7 Vovototo gã kae nye esi le Mawu ƒe amewo kple Babilon Gã la me tɔwo dome! Sidzedze geɖe su Mawu ƒe amewo si ku ɖe eƒe tameɖoɖowo ŋu, gake Babilon Gã la me tɔwo ya tɔtɔ le subɔsubɔnyawo gome. Esia wɔe be ame geɖe siwo megakpɔa ŋudzedze ɖe alakpasubɔsubɔ me nufiafiawo ŋu o eye dzi ɖe le wo ƒo la va le gegem ɖe tadedeagu vavãtɔ me. Wonye ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ, ame siwo ‘medi be yewoagade ha kple Babilon Gã la le eƒe nuvɔ̃wo me o’ alo be, ‘yewoaxɔ eƒe fuwɔamea ƒe ɖeke o.’ Yehowa kple esubɔlawo le ame siawo katã kpem be woava wɔ ɖeka kple Kristo hame vavã la.—Nyaɖeɖefia 18:2-4; 22:17.

Ame Siwo Kpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu Le Zi Nyém Va Mawu Gbɔ

8, 9. Aleke Xagai 2:7 me nyawo le eme vam egbeae?

8 Yehowa gblɔ ɖi le eƒe gbɔgbɔmetadeaguƒe la ŋuti bena: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.” (Xagai 2:7) Nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi sia va eme le Xagai ƒe ŋkekeawo me esime Mawu ƒe ame susue siwo trɔ gbɔ la gbugbɔ tu Yerusalem gbedoxɔa. Egbea la, Xagai ƒe nyawo gakpɔtɔ le eme vam le mɔ bubu nu ku ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ŋu.

9 Ame miliɔn geɖe va ƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe kpɔɖeŋugbedoxɔ sia me xoxo hena tadedeagu na Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me,” eye ƒe sia ƒe la, ame akpe alafa geɖe siwo nye “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ” la nyéa zi vaa gbɔgbɔmegbedoxɔ sia me. (Yohanes 4:23, 24) Le kpɔɖeŋu me, xexeame katã ƒe akɔntabubu hena ƒe 2006 subɔsubɔƒea ɖee fia be ame 248,327 woe xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Ema fia be ame 680 sɔŋ xɔa nyɔnyrɔ gbe sia gbe le mamadedie nu. Woƒe nyateƒea lɔlɔ̃ kple woƒe didi vevie be yewoasubɔ Yehowa abe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ene la ɖo kpe edzi be Mawue he wo vɛ vavã.—Yohanes 6:44, 65.

10, 11. Gblɔ ale si amewo va kpɔa ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒea ŋu la ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

10 Dzianukwaretɔ siawo dometɔ geɖe va xɔ nyateƒea elabena wokpɔ “vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome” dze sii. (Maleaxi 3:18) Bu Wayne kple Virginia, atsu kple asi siwo nɔ Protestant sɔlemehaa me, gake womekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase geɖe siwo nɔ fu ɖem na wo o la, ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Wolé fu aʋawɔwɔ eye wòtena ɖe wo dzi ŋutɔ ne wokpɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo wole asrafowo kple aʋawɔnuwo yram. Togbɔ be Virginia fia nu le sɔlemeha la ƒe mawunyasrɔ̃suku si wodena Kwasiɖagbewo me hena ƒe geɖe hã la, sɔlemeha la me tɔwo megava tsɔa ɖeke le eme na atsu kple asi sia esime wova tsi o. Wogblɔ be: “Ame aɖeke meva srãa mí kpɔ alo tsɔa ɖe le míaƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me o. Míaƒe ga ŋu koe sɔlemeha la tsia dzi ɖo. Esia na dzi ɖe le mía ƒo.” Dzi gaɖe le wo ƒo geɖe wu esime sɔlemeha la va da asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe dzi.

11 Le ɣeyiɣi mawo me la, Wayne kple Virginia vinyɔnu ƒe vi nyɔnuvi va zu Yehowa Ðasefo, eye emegbe wovia ŋutɔ hã va zu Ðasefo. Togbɔ be Wayne kple Virginia mekpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu le gɔmedzedzea me o hã la, wova trɔ woƒe susu emegbe, eye wolɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple yewo. Wayne gblɔ be: “Nu siwo míesrɔ̃ tso Biblia me le ɣleti etɔ̃ pɛ ko me la sɔ gbɔ sasasã wu esiwo míesrɔ̃ le ƒe 70 siwo do ŋgɔ la me. Míenya gbeɖe be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa o, eye míenya naneke hã tso Fiaɖuƒea kple Paradisonyigba la ŋu o.” Eteƒe medidi o, atsu kple asi dovevienu sia te Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, eye wokpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Virginia gblɔ be: “Míedi be míaɖe gbeƒã nyateƒea na ame sia ame.” Woa kple evea siaa woxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2005 me esime woxɔ ƒe 80 kple edzivɔwo. Wogblɔ be: “Míeke ɖe Kristo hame vavãtɔ la ŋu.”

Da Akpe Be ‘Wodzra Wò Ðo Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ’

12. Nu kae Yehowa wɔna na esubɔlawo ɣesiaɣi, eye nu kae wòle be míawɔ be wòaɖe vi na mí?

12 Yehowa kpena ɖe esubɔlawo ŋu ɣesiaɣi be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Le kpɔɖeŋu me, ena mɔfiame siwo me kɔ hele tẽ la Noa le ale si wòakpa aɖakaʋuae ŋuti. Enye dɔ si ŋu wòle be wòalé fɔ ɖo awɔ pɛpɛpɛ! Eye ete ŋu wɔe hã. Nu ka tae? Elabena Noa ‘wɔe abe ale si Mawu de se nɛ la ene, nenema pɛ wòwɔe.’ (Mose I, 6:14-22) Egbea hã, Yehowa dzraa esubɔlawo ɖo bliboe hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Míaƒe dɔ vevitɔe nye be míaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la, eye míakpe ɖe ame siwo dze la ŋu be woava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Eye abe ale si wònɔ le Noa gomee ene la, míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe toɖoɖo dzi. Ele be míawɔ ɖe mɔfiame siwo Yehowa nana to eƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa dzi la dzi pɛpɛpɛ.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

13. Mɔ kawo dzie Yehowa tona naa hehe mí?

13 Hafi míate ŋu awɔ dɔ sia ade goe la, ele be míabi ɖe míaƒe dɔwɔnu vevitɔ—Mawu ƒe Nya la—si “[nyo na] nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ,” la zazã me. (Timoteo II, 2:15; 3:16, 17) Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa me ene la, Yehowa naa hehe adodoe mí to Kristo hamea dzi. Le hame 99,770 siwo le xexeame katã egbea me la, wotoa Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpe, siwo wowɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la dzi naa hehe mí ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Ðe nèɖea wò ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe kpekpe siawo ŋu to wo dede edziedzi kple nu siwo nèsrɔ̃na la dziwɔwɔ mea?—Hebritɔwo 10:24, 25.

14. Alekee Yehowa subɔlawo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe mɔnukpɔkpɔ si su wo si be wosubɔa Mawu la ŋu? (Ƒo nu tso akɔntabubu si dze le axa 27-30 la hã ŋu.)

14 Mawu subɔla miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo la ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe hehe si xɔm wole la ŋu to veviedodonu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2006 subɔsubɔƒea me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 6,741,444 zã gaƒoƒo 1,333,966,199 sɔŋ tsɔ kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe mɔnu vovovo me. Eye wowɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ 6,286,618 sɔŋ! Esiawo nye xexea me katã ƒe akɔntabubu ŋuti nyatakaka dedziƒonameawo dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Anyo be nàlé ŋku ɖe akɔntabubu sia ŋu ahadzro eme nyuie bene woade dzi ƒo na wò abe ale si ko mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la hã kpɔ dzideƒo geɖe tso gbeƒãɖeɖedɔa ƒe takeke ŋuti nyatakakawo mee ene.—Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:5-11, 41, 47; 4:4; 6:7.

15. Nu ka tae mele be dzi naɖe le ame aɖeke ƒo ɖe subɔsubɔ si wòtsɔna naa Yehowa tso luʋɔ blibo me la ŋu o?

15 Kafukafu gbogbo siawo si Yehowa subɔlawo tsɔna naa Mawu ƒe sia ƒe la ɖea ale si gbegbe wokpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònye na wo be wova nya Yehowa heɖia ɖase tso eyama ŋu la fiana. (Yesaya 43:10) Nyateƒee, míate ŋu atsɔ kafukafuvɔsa si mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nye ame tsitsiwo, dɔnɔwo, kple nuwɔametɔwo nana la asɔ kple ahosi dahea ƒe nu sue si wodzɔ la. Gake mele be míaŋlɔ be o be Yehowa kple Via kpɔa ŋudzedze ɖe ame sia ame si zãa eƒe ŋutetewo katã tsɔ subɔa Mawu tso luʋɔ blibo me la ŋu.—Luka 21:1-4; Galatiatɔwo 6:4.

16. Dɔwɔnu kawoe Mawu na mí le ƒe siwo va yi me hena nufiafia amewo?

16 Tsɔ kpe ɖe hehe si míexɔna hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu la, Yehowa gatoa eƒe habɔbɔa dzi nana dɔwɔnu nyuiwo mí hena nufiafia ame bubuwo. Ɣeyiɣi aɖewoe nye esi va yi la, dɔwɔnu siawo ƒe ɖewoe nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee; Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi; Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; eye esi zãm míele fifiae nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe dɔwɔnu siawo ŋu vavã la wɔa wo ŋudɔ nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me.

Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa Ŋudɔ Nyuie

17, 18. (a) Bible ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe akpa kawo ŋudɔwɔwɔe doa dzidzɔ na wò wu le gbedzisubɔsubɔdɔa me? (b) Nya kae nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ le Bible ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu?

17 Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa, si me ta vovovo 19 le hekpe ɖe megbenya si me woɖe nu me le tsitotsito ŋu, si ƒe nufiafiawo me kɔ, eye wo gɔmesese le bɔbɔe la, le vi ɖem le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, eƒe ta 12 lia dzro nyati si nye “Agbe Nɔnɔ Alesi Wòadze Mawu Ŋu” me. Togbɔ be meva susu me na ame geɖe kpɔ be yewoate ŋu adze xɔlɔ̃ Mawu o hã la, ta sia kpena ɖe ame si le nua srɔ̃m la ŋu be wòanya ale si wòawɔ anye Mawu xɔlɔ̃. (Yakobo 2:23) Aleke amewo le nu wɔm ɖe Biblia srɔ̃gbalẽ sia ŋui?

18 Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Australia ka nya ta be Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me nyawo “doa dzidzɔ na ame, eye woʋãa aƒemenɔlawo enumake wolɔ̃na kpɔa gome le dzeɖoɖo me.” Egblɔ kpee be agbalẽa zazã le bɔbɔe ale gbegbe be “enaa kakaɖedzi kple dzidzɔ si sua Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe si le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la gadzi ɖe edzi geɖe wu. Mewɔ nuku o be nɔvi aɖewo le agbalẽa yɔm be Sikanu Xɔasi La!”

19-21. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo ɖe asixɔxɔ si gbegbe le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu la fia.

19 Nyɔnu aɖe si le Guyana la gblɔ na mɔɖela aɖe si va eƒeme be: “Mawue anya dɔ wò ɖe gbɔnye.” Nyɔnu sia ƒe ahiãvi si gbɔ wònɔ la dzo hegblẽ eya kple via sue eve ɖi. Mɔɖela la ʋu Bible ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta gbãtɔa hexlẽ eƒe memama 11 lia, si le tanya sue si nye “Aleke Mawu Sena Le Eɖokui Me Ðe Numadzɔmadzɔwɔwɔ Siwo Li Ŋu?” te. Mɔɖelaa gblɔ be: “Numeɖeɖeawo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be eva tso gɔ̃ hã yi ɖe eƒe fiasea godo ɖafa avi vevie.” Nyɔnu sia lɔ̃ be nɔvinyɔnu aɖe si le woƒe nutoa me la nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye edziedzi, eye ele ŋgɔyiyi wɔm nyuie.

20 José si le Spain la srɔ̃nyɔnu ku le ʋufɔku aɖe me. Eya ta eƒo eɖokui ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã me be yeakpɔ akɔfafa, eye ete ɖe susu ŋuti nunyalawo hã ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. Gake susu ŋuti nunyalaawo mete ŋu ɖo José ƒe nyabiase si nɔ fu ɖem nɛ vevie ŋutɔ, si nye: “Nu ka tae Mawu ɖe mɔ srɔ̃nye ku ɖo?” la ŋu nɛ o. Gbe ɖeka, José do go Francesc, ame si hã wɔa dɔ na dɔwɔƒe ma ke. Francesc doe ɖe José gbɔ be yewoadzro Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta 11 lia, si ƒe tanyae nye “Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?” la me. Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe kple kpɔɖeŋu si ku ɖe nufiala kple sukuvi aɖe ŋu la wɔ dɔ ɖe José dzi ŋutɔ. Ete Biblia sɔsrɔ̃ movevieɖoɖotɔe, ede nutome sue takpekpe aɖe, eye fifia, edea kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata si le woƒe nutoa me la me.

21 Roman, si xɔ ƒe 40, eye wònye asitsala le Poland la dea bubu Mawu ƒe Nya la ŋu ɣesiaɣi. Gake esi wònye be eƒoa eɖokui ɖe eƒe dɔwɔɖuia me vevie ta la, mewɔ ŋgɔyiyi boo aɖeke le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me o. Ke hã, ede nutome gã takpekpe aɖe eye wòxɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa. Esia megbe la, ewɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo. Egblɔ be: “Agbalẽ sia na Biblia me nufiafia veviwo katã me va kɔ nam nyuie.” Roman le Biblia srɔ̃m edziedzi fifia, eye wòle ŋgɔyiyi nyui wɔm.

Yi Edzi Nànɔ Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðem Fia Geɖe Wu

22, 23. Aleke míate ŋu ayi edzi anɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia ɖe mɔkpɔkpɔ si su mía si la ŋu?

22 Abe ale si woɖe eme le “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpe wɔdɔɖeamedziawo mee ene la, Kristotɔ vavãwo le mɔ kpɔm na “ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ” si ŋugbe Mawu do, si ava eme to Yesu Kristo ƒe ʋu si wokɔ ɖi dzi la vevie. Mɔ bubu aɖeke meli si dzi míato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi blibo me la afia ɖe mɔkpɔkpɔ xɔasi sia ŋu wu be míayi edzi anɔ mía ɖokuiwo ŋuti ‘kɔm tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bene míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu gbagbe la’ o.—Hebritɔwo 9:12, 14.

23 Ẽ, nyateƒe si wònye be Fiaɖuƒegbeƒãɖela miliɔn ade kple edzivɔ yi edzi le dzi dom le Mawu subɔm le ŋkeke siawo si me ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ nu le sesẽm fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe la, nye nukunu vavã. Azɔ hã enye kpeɖodzi be Yehowa subɔlawo kpɔa ŋudzedze deto ɖe bubu si wònye na wo be wole Mawu subɔm la ŋu, elabena wonyae be yewoƒe “agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o.” Neva eme be míayi edzi anɔ ŋudzedzekpɔkpɔ sia ɖem fia geɖe wu.—Korintotɔwo I, 15:58; Psalmo 110:3.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae hakpalaa fia mí ku ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu kple eƒe gbɔgbɔmemɔnuɖoɖowo ŋu ŋuti?

• Aleke nya siwo le Xagai 2:7 la le eme vam egbeae?

• Aleke Yehowa dzraa esubɔlawo ɖo be woasubɔ ye ale si dzee?

• Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 27-30]

2006 SERVICE YEAR REPORT OF JEHOVAH’S WITNESSES WORLDWIDE

(See bound volume)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Yehowa dzraa mí ɖo bliboe hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ