Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ðeviwo, Miɖo To Mia Dzilawo’

‘Ðeviwo, Miɖo To Mia Dzilawo’

‘Ðeviwo, Miɖo To Mia Dzilawo’

“Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.”—EFESOTƆWO 6:1.

1. Aleke toɖoɖo ate ŋu akpɔ tawòe?

ATE ŊU adzɔ be míele agbe fifia elabena míeɖo to, evɔa ame bubuwo ya ku esi womeɖo to o ta. Nu kae míeɖo to? Nuxlɔ̃amewo, le kpɔɖeŋu me, esiwo tso míaƒe ŋutilã si ‘wowɔ nukutɔe’ la gbɔ. (Psalmo 139:14) Alilikpowo do, eye dzi le gbe ɖem sesĩe. Dzikedzo na be míaƒe taɖawo fɔ ɖe te. Dzesi siawo nye nuxlɔ̃ame na ame siwo wofia nui tso afɔku si ate ŋu adzɔ ŋu la be woadi teƒe aɖe abe ɖo hafi ne ahomya si ŋu dzikedzo kple tsikpe wuamewo kpe ɖo la nate tutu.

2. Nu ka tae ɖeviwo hiã nuxlɔ̃ame, eye nu ka tae wòle be woaɖo to wo dzilawo?

2 Ehiã be woaxlɔ̃ nu mi ɖeviwo tso afɔku siwo ate ŋu adzɔ ɖe mia dzi la ŋu, eye mia dzilawo ƒe agbanɔamedzie esia nye. Àɖo ŋku edzi be wogblɔ na ye kpɔ be: “Megaka asi mlekpuia ŋu o. Exɔ dzo.” “Megayi tɔa gbɔ o. Ava lé wò.” “Kpɔ mɔ me nyuie hafi nàtsoe.” Nublanuitɔe la, ɖevi geɖe dze afɔku alo ku gɔ̃ hã esi wogbe toɖoɖo ta. Toɖoɖo dziwòlawo “le eteƒe”—edze eye wòsɔ. Nunya hã le eme. (Lododowo 8:33) Mawunyakpukpui bubu gblɔ be “esia dze” mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu. Le nyateƒe me la, Mawu le se dem na wò be nàɖo to dziwòlawo.—Kolosetɔwo 3:20; Korintotɔwo I, 8:6.

Toɖoɖo Me Tsonu Mavɔwo

3. Nu kae “agbe vavã la” nye le mía dometɔ akpa gãtɔ gome, eye aleke ɖeviwo awɔ akpɔ gome le eme?

3 Toɖoɖo dziwòlawo kpɔa wò ‘agbe, si nèle fifia’ la ta, gake toɖoɖo agate ŋu ana nàkpɔ gome le agbe si “le vava ge,” si woyɔ be “agbe vavã la” hã me. (Timoteo I, 4:8; 6:19) Le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, agbe vavã la nye agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi, le Mawu ƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo na ame siwo wɔna ɖe eƒe sededewo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la me. Sedede vevi siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “‘Bu fofowò kple dawò,’—esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la—‘bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!’” Eya ta ne èɖo to dziwòlawo la, àkpɔ dzidzɔ. Wò etsɔme anɔ dedie, eye mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nànɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi!—Efesotɔwo 6:2, 3.

4. Aleke ɖeviwo ate ŋu ade bubu Mawu ŋu eye wòaɖe vi na woe?

4 Ne èdea bubu dziwòlawo ŋu to toɖoɖo wo me la, ke èle bubu dem Mawu hã ŋu, elabena eyae de se na wò be nàɖo to wo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, eɖea vi na wò ŋutɔ hã. Biblia gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò.” (Yesaya 48:17; Yohanes I, 5:3) Aleke toɖoɖo ɖea vi na wòe? Enana dawò kple fofowò kpɔa dzidzɔ, eye woawo hã wɔa nu siwo ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me la na wò. (Lododowo 23:22-25) Vevietɔ wu la, wò toɖoɖo doa dzidzɔ na Fofowò si le dziƒo la, eye ayra wò geɖe ŋutɔ! Mína míakpɔ ale si Yehowa yra Yesu, ame si gblɔ be, “Mewɔa nusi dzea [Fofoa ŋu] ɖaa,” kple ale si wòkpɔ etae ɖa.—Yohanes 8:29.

Yesu—Dɔ Sesẽ Wɔla

5. Susu kawo tae míaxɔe ase be Yesu nye dɔ sesẽ wɔla?

5 Yesue nye dadaa, Maria, ƒe ŋgɔgbevi. Yosef, fofoa si xɔe nyi la, nye atikpala. Yesu hã va zu atikpala eye edze ƒã be Yosef gbɔe wòsrɔ̃e le. (Mateo 13:55; Marko 6:3; Luka 1:26-31) Atikpala ka ƒomevie nèsusu be Yesu nye? Esime wònɔ dziƒo hafi dadaa si nye ɖetugbi leaƒe nafɔ eƒe fu nukutɔe la, eyama si nye nunya si woɖɔ abe ame ene la gblɔ be: “Menye dɔnunɔla le [Mawu gbɔ], nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawokatãɣi.” Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ame si nye dɔ sesẽ wɔla esime wònɔ dziƒo la ŋu. Èsusui be esime wonye sɔhɛ nɔ anyigba dzi la, edze agbagba be yeanye dɔ sesẽ wɔla, si fia be wòanye atikpala nyuia?—Lododowo 8:30; Kolosetɔwo 1:15, 16.

6. (a) Nu ka tae nèsusu be, esime Yesu nye ɖevi la, anya wɔa aƒemedɔwo? (b) Mɔ kawo nue ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu le?

6 Ðikeke mele eme o be, esime Yesu nye ɖevi la, efea fefe ɣeaɖewoɣi, abe ale si Biblia gblɔe be ɖeviwo wɔna le blema ene. (Zaxarya 8:5; Mateo 11:16, 17) Ke hã, àte ŋu aka ɖe edzi be esi wònye ɖevi tsitsitɔ le ƒome si dzi nuwo mede boo o me ta la, ewɔa aƒemedɔ bubuwo esime wònɔ atikpakpadɔ srɔ̃m le Yosef gbɔ. Emegbe la, Yesu va zu gbeƒãɖela, eye wòtsɔ eɖokui ɖo anyi na eƒe subɔsubɔdɔa ale gbegbe be etsɔ eya ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo sa vɔe. (Luka 9:58; Yohanes 5:17) Àte ŋu akpɔ mɔ siwo nu nàsrɔ̃ Yesu lea? Ðe dziwòlawo biana tso asiwò be nàdzra xɔ me ɖo alo be nàwɔ aƒemedɔ bubu aɖewoa? Ðe wodea dzi ƒo na wò be nànɔ gome kpɔm le tadedeagu na Mawu me to Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede kple nuƒoƒo tso wò dzixɔsewo ŋu na amewo mea? Nenye be Yesu ɖevi lae wobia be wòawɔ nu siawo la, nu kae nèsusu be awɔ?

Biblia Nusrɔ̃vi Kple Nufiala Veviedonula

7. (a) Yesu kple ame kawoe anya zɔ mɔa yi Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe? (b) Afi kae Yesu nɔ esime eƒe ƒometɔwo trɔ gbɔna aƒe me, eye nu ka wɔmee wònɔ le afi ma?

7 Wobia tso ŋutsu siwo katã le Israel viwo ƒe ƒomewo me si be woayi aɖade ta agu na Yehowa le gbedoxɔa me le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuie etɔ̃ siwo woɖuna la dzi. (Mose V, 16:16) Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, woƒe ƒome bliboa anya zɔ mɔ yi Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Eye Yesu dadaviwo anya zɔ mɔa kpli wo. Ke hã, Salome ame si ɖewohĩ enye Maria nɔvinyɔnu, kple srɔ̃a Zebedeo, kpakple wo vi siwo nye Yakobo kple Yohanes ame siwo va zu apostolowo emegbe la, anya nɔ ame siwo nɔ mɔa zɔm kple Yesu ƒe ƒomea la dome. * (Mateo 4:20, 21; 13:54-56; 27:56; Marko 15:40; Yohanes 19:25) Esi wotrɔ gbɔna aƒe me la, Yosef kple Maria anya bui be Yesu le ƒometɔawo dome, eya ta womede dzesii gbã be ebu o. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Maria kple Yosef va ke ɖe eŋu mlɔeba le mawuƒe la me wònɔ “anyinɔƒe le nufialawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo.”—Luka 2:44-46.

8. Nu kae Yesu wɔ le gbedoxɔa me, eye nu ka tae amewo ƒe nu ku?

8 Mɔ ka nue Yesu nɔ “nya biam” nufialawo le? Menye ɖe wònɔ nya gɔme biam be yeanya nyawo dzro ko o. Helagbe me nya si wozã le afi sia ate ŋu afia ale si ʋɔnudrɔ̃lawo biaa nyawoe eye esia ate ŋu abia be ame eve nanɔ nya biam wo nɔewo. Ɛ̃, togbɔ be Yesu nye sɔhɛ hã enye Biblia nusrɔ̃vi si na mawunyafiala siwo nye agbalẽnyala gãwo ƒe nu ku! Biblia gblɔ be: “Eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.”—Luka 2:47.

9. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le Biblia sɔsrɔ̃ me lae?

9 Nu kae nèbu be eya gbɔe wòtso be Yesu, si nye ɖevi la, ƒe Biblia me sidzedze na nufiala bibiwo gɔ̃ hã ƒe nu ku? Nu si gbɔ wòtsoe nye be edzilawo nye Mawu vɔ̃lawo eye wofia Mawu ƒe mɔwoe tso eƒe vidzĩme ke. (Mose II, 12:24-27; Mose V, 6:6-9; Mateo 1:18-20) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef kplɔa Yesu yia ƒuƒoƒea be wòava se Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple wo me dzodzro. Ðe wò hã dziwòlawo srɔ̃a Biblia kpli wò hekplɔa wò yia Kristotɔwo ƒe kpekpewoa? Ðe nèdea asixɔxɔ woƒe agbagbadzedzeawo ŋu abe ale si Yesu de asixɔxɔ edzilawo tɔwo ŋu enea? Ðe nèƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m nèle ŋu na amewo abe ale si Yesu wɔe enea?

Yesu Bɔbɔ Eɖokui

10. (a) Nu ka tae wòle be Yesu dzilawo nanya afi si woakpɔe le hafi? (b) Kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo ɖi na ɖeviwo?

10 Aleke nèbu be Maria kple Yosef se le wo ɖokui me esi wova ke ɖe Yesu ŋu mlɔeba le gbedoxɔa me? Ðikeke mele eme o be, woƒe dzi dze eme ŋutɔ. Gake ewɔ nuku na Yesu ya be ye dzilawo menya afi si woakpɔ ye le o. Woa kple evea siaa nya nu tso Yesu dzidzi nukutɔe la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be womenya nyateƒeawo katã o hã la, wonyae ya teti be ava zu Xɔla kple Mawufiaɖuƒea ƒe Dziɖula le etsɔme. (Mateo 1:21; Luka 1:32-35; 2:11) Eya ta, Yesu bia wo be: “Nuka wɔ miedim ma? Ðe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã?” Ke hã, Yesu ɖo to edzilawo hekplɔ wo ɖo gbɔ va wo de Nazaret. Biblia gblɔ be: ‘Eyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo.’ Gawu la, “dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.”—Luka 2:48-51.

11. Toɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

11 Ðe wònɔa bɔbɔe na wò be nàɖo to dziwòlawo ɣesiaɣi abe ale si Yesu wɔe enea? Alo èsusuna be womele ɖeke me nyam kura le nu siwo le dzɔdzɔm egbea ŋu o, eye be yenya nu geɖe wu woa? Nyateƒee, anɔ eme be, ènya nu tso nanewo ŋu—ate ŋu anye asitelefon, alo kɔmpiuta, alo mɔ̃ aɖewo siwo li egbea zazã. Gake bu Yesu, ame si na nufiala bibiwo ƒe “mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti” la ŋu kpɔ. Àlɔ̃ ɖe edzi godoo be ne wotsɔ ye sɔ kplii la, yemenya nu boo aɖeke o. Ke hã, Yesu bɔbɔ eɖokui na edzilawo. Esia mefia be eƒe susu wɔa ɖeka kple woƒe nyametsotsowo ɣesiaɣi kokoko o. Togbɔ be enɔ alea hã, ‘eyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo’—le eƒe ƒewuimenɔɣiwo katã me. Nu kae nèkpɔ be yeate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?—Mose V, 5:16, 29.

Toɖoɖo Mele Bɔbɔe O

12. Aleke toɖoɖo ate ŋu akpɔ wò agbe tae?

12 Toɖoɖo menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, abe ale si wòdze le nane si dzɔ ƒe aɖewoe nye esia la me ene. Nyɔnuvi eve aɖewo ɖoe be yewoatso ʋumɔ gã aɖe, si dzi ʋu ade zɔna le akasa nu, me le esi woato afɔmɔ si woɖe to mɔa tame la teƒe. Woyɔ woƒe zɔhɛ si ɖo ta afɔmɔa gbɔ gblɔ nɛ be, “John, mava míatso mɔa le afi sia oa?” Esi menɔ lɔlɔ̃m be yeakplɔ wo ɖo o la, nyɔnuviawo dometɔ ɖeka dzui be, “Vɔvɔ̃nɔtɔ gã aɖe koe nènye la!” Togbɔ be John menɔ vɔvɔ̃m o hã, egblɔ be, “Ele nam be maɖo to danye.” Esi wòle afɔmɔa dzi yina sẽ ko la, ese ʋu aɖe ƒe tayawo te le anyigba xoo, eye kaka wòakpɔ anyigba la ʋue nye ema ƒo nyɔnuviawo. Nyɔnuvi ɖeka ku, eye evelia xɔ abi vevie ale gbegbe be wotso ata ɖeka nɛ. Nyɔnuviawo dada, si gblɔ na wo be woanɔ afɔmɔ si woɖe to mɔa ta tom ɣesiaɣi la, gblɔ na John dada be, “Nenye ɖe woɖo to abe ale si viwòa wɔe ene la, anye ne adzɔ dzi nam ŋutɔ.”—Efesotɔwo 6:1.

13. (a) Nu ka tae wòle be nàɖo to dziwòlawo? (b) Ɣekaɣie masɔ be ɖevi nawɔ nu si edzilawo bia tso esi be wòawɔ o?

13 Nu ka tae Mawu gblɔ be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo”? Ne èɖoa to dziwòlawo la, ke Mawue nye ema nèle to ɖomee. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dziwòlawo kpɔ nu geɖe teƒe wu wò. Le kpɔɖeŋu me, ƒe atɔ̃ do ŋgɔ na afɔku si ŋu míeƒo nu tsoe fifia la, ʋu ƒo John dada ƒe xɔlɔ̃ aɖe ƒe vi le mɔgã ma ke dzi wòku! Nyateƒee, manɔ bɔbɔe na wò be nàɖo to dziwòlawo ɣesiaɣi o, gake Mawu be ele be nàwɔe nenema. Le go bubu me la, ne dziwòlawo—alo ame bubuwo—bia tso asiwò be nàda alakpa, afi fi, alo awɔ nane si dzi Mawu meda asi ɖo o la, ekema ‘ele be, nàbu Mawu awu amewo.’ Esia tae esi Biblia gblɔ be “miɖo to mia dzilawo” la, eyi edzi be miwɔe “le Aƒetɔ la me.” Esia bia be nàɖo to dziwòlawo le nu sia nu si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe sewo me.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

14. Nu ka tae toɖoɖo le bɔbɔe na ame si de blibo, ke hã nu ka tae wòhiã be wòasrɔ̃e?

14 Èsusui be ne ɖe yede deblibo—si fia be ènye “ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome,” abe Yesu ene—la, anɔ bɔbɔe na ye ɣesiaɣi be yeaɖo to ye dzilawoa? (Hebritɔwo 7:26) Ne ɖe nède blibo la, manɔ nu gbegblẽ wɔm abe ale si nèwɔnɛ fifia ene o. (Mose I, 8:21; Psalmo 51:5) Gake enɔ na Yesu gɔ̃ hã be wòasrɔ̃ toɖoɖo. Biblia gblɔ be: “Wònye Vi [Yesu nye] hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wòkpe la me.” (Hebritɔwo 5:8) Aleke fukpekpe kpe ɖe Yesu ŋu wòsrɔ̃ toɖoɖo, nu si anye ne masrɔ̃ le dziƒo gbeɖe o?

15, 16. Aleke Yesu srɔ̃ toɖoɖoe?

15 Le Yehowa ƒe mɔfiafia te la, Yosef kple Maria kpɔ Yesu ta tso afɔku me esime wònye ɖevi. (Mateo 2:7-23) Gake emegbe la, Mawu megava kpɔa Yesu ta nukutɔe nenema o. Yesu ƒe fukpekpewo kple nuteɖeamedziwo nu va sẽ ale gbegbe be Biblia gblɔ be etsɔe na “gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo . . . hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu.” (Hebritɔwo 5:7) Ɣekaɣie nu sia dzɔ?

16 Nu sia dzɔ, vevietɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi ƒe gaƒoƒo mamlɛtɔwo me, esime Satana dze agbagba ɖe sia ɖe be yeagblẽ Eƒe nuteƒewɔwɔ me. Ale si Yesu aku abe nu vɔ̃ wɔlae ene, si ahe vlodoame ava Fofoa ƒe ŋkɔ dzii la, ɖe fu nɛ vevie ale gbegbe be “edo gbe ɖa vevie gawu [le Getsemane-bɔa me], eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.” Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, Yesu se veve helĩhelĩ le fuwɔametia ŋu ‘hedo ɣli sesĩ kple aɖatsiwo’ hafi ku. (Luka 22:42-44; Marko 15:34) Aleae “wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wòkpe la me,” eye wòto esia me do dzidzɔ na Fofoa ƒe dzi. Fifia esi Yesu le dziƒo la, esea veve ɖe mía nu ne míele agbagba dzem be míanye toɖolawo.—Lododowo 27:11; Hebritɔwo 2:18; 4:15.

Nusɔsrɔ̃ Tso Toɖoɖo Ƒe Kpɔɖeŋuwo Me

17. Aleke wòle be míabu to siwo wohena na míi?

17 Ne fofowò kple dawò hea to na wò la, efia be wolɔ̃ wò, eye wodi be eme nanyo na wò. Biblia bia be: “Vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã?” Ðe mawɔ nublanui ŋutɔ ne lɔlɔ̃ meʋã dziwòlawo be woakpɔ ɣeyiɣi ɖe ŋuwò ahadze agbagba be yewoaɖɔ wò ɖo oa? Nenema ke esi Yehowa lɔ̃a wò ta la, èɖɔa wò ɖo. “Ke le fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.”—Hebritɔwo 12:7-11.

18. (a) Nu ka dzie tohehe si me lɔlɔ̃ le ɖoa kpee? (b) Mɔ nyui kawo nue tohehe ɖɔ ame aɖewo ƒe agbenɔnɔ ɖo le nèkpɔ?

18 Blema Israel fia aɖe si Yesu kafu le eƒe nunya deto ta la, ƒo nu tso ale si wòhiã be dzilawo naɖɔ wo viwo ɖo lɔlɔ̃tɔe ŋu. Salomo ŋlɔ bena: “Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.” Salomo gblɔ gɔ̃ hã be ame si xɔa tohehe si wonanɛ lɔlɔ̃tɔe la, woaɖe eƒe luʋɔ atso ku me. (Lododowo 13:24; 23:13, 14; Mateo 12:42) Nyɔnu Kristotɔ aɖe ɖo ŋku edzi be esime yenɔ ɖevime la, ne yewɔ nu gbegblẽ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, ye fofo gblɔna be yeahe to na ye ne yewoɖo aƒe me. Fifia, dzi dzɔnɛ ne eɖo ŋku fofoa dzi, le esi wònɛ tohehe si trɔ asi le eƒe agbenɔnɔ ŋu wònyo ta.

19. Susu ka koŋ tae wòle be nàɖo to dziwòlawo?

19 Ne dziwòlawo lɔ̃a wò ale gbegbe be wote ŋu kpɔa ɣeyiɣi ɖe ŋuwò hedzea agbagba hea to na wò lɔlɔ̃tɔe la, da akpe ɖe eta. Ðo to wo, abe ale si ko mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖo to Yosef kple Maria, siwo nye edzilawo ene. Ðo to wo, vevietɔ esi Yehowa Mawu, Fofowò si le dziƒo, lae be nàwɔe nenema ta. Ne èwɔe alea la, aɖe vi na wò, eme ‘anyo na wò, eye ànɔ agbe didie le anyigba dzi.’—Efesotɔwo 6:2, 3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 841, (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 869), Yehowa Ðasefowoe tae.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ne ɖeviwo ɖo to wo dzilawo la vi kawoe wòaɖe na wo?

• Esi Yesu nye ɖevi la, aleke wòɖo kpɔɖeŋu ɖi le toɖoɖo edzilawo me?

• Aleke Yesu srɔ̃ toɖoɖoe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yesu si nye ƒe 12-vi la nya Ŋɔŋlɔawo nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Aleke Yesu srɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe la mee?