Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣea Kple Eŋuɣletinyigbawo​—Ale Si Wowɔ Va Dzɔ

Ɣea Kple Eŋuɣletinyigbawo​—Ale Si Wowɔ Va Dzɔ

Ɣea Kple Eŋuɣletinyigbawo​—Ale Si Wowɔ Va Dzɔ

NU GEÐEWOE na be yamenutoa ƒe akpa si míele la le etɔxɛ. Míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo le Masa ɣletivihatsotsoa (Milky Way) ƒe akpa si ɣletiviwo mesɔ gbɔ ɖo fũ o la me. Ɣletivi siwo katã kloe míate ŋu akpɔ le zã me la gbɔ didi ale gbegbe be ne wotsɔ yamenutomekpɔmɔ̃ deŋgɔwo kpɔwoe gɔ̃ hã la ɖeko wodzena abe nu keklẽ suesuewo ene. Afi mae wòsɔ be woanɔa?

Ne ɖe míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo te ɖe Masa ɣletivihatsotsoa ƒe titina lɔƒo, afi si ɣletiviwo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ la, anye ne agblẽ nu le mía ŋu. Ana ɖoɖo si nu anyigba zɔna ɖo la natɔtɔ, eye esia agblẽ nu le amegbetɔwo ƒe agbe ŋu vevie. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, edze ƒã be ɣea kple eŋuɣletinyigbawo le afi si sɔ tututu le ɣletivihatsotsoa me, si kpɔa eta tso afɔku sia kple bubu siwo nye dzoxɔxɔ wòagbɔ eme ne ele ya babla xɔdzowo me tom, alo ɣletivi wowówo kpakple keklẽ wuamewo si me.

Ɣea nye ɣletivi nyui aɖe si míehiã vevie. Enɔa bibim ɖaa, eli tegbee, eye melolo akpa alo xɔ dzo akpa o. Ɣletivi akpa gãtɔ siwo le míaƒe ɣletivihatsotsoa me le sue wu míaƒe ɣea, eye womate ŋu ana keklẽ kpakple dzoxɔxɔ si hiã be agbe nanya anɔ le anyigba sia tɔgbi dzi o. Gakpe ɖe eŋu la, ɣletivi geɖe te ɖe ɣletivi ɖeka alo esi wu nenema ŋu tututu, eye wonɔa xlã ƒom wo nɔewo. Gake míaƒe ɣea ya le eɖokui si. Manɔ bɔbɔe be míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo nanɔ ɖoɖo nyui nu nenye ɣe eve alo etɔ̃ ƒe nuheŋusẽe hena wo o.

Nu bubu si na be míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo le etɔxɛ lae nye afi si ɣletinyigba gã siwo ƒoa xlã le togodo me la le le eme, ale be woƒe nuheŋusẽ megblẽa nu le ɣletinyigba ƒuƒui ene gbãtɔawo ŋu o. * Ke ɖe ɣletinyigba gã siawo kpɔa wo ta boŋ to kpe gã siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu la hehe ƒu gbe me. Dzɔdzɔme ŋuti nunyala siwo nye Peter D. Ward kple Donald Brownlee gblɔ le woƒe agbalẽ aɖe me be: “Le ɣletinyigba gãwo abe Jupiter ene ta la, ƒã hafi ɣletivitoasike kple ɣletinyigba suesue siwo gena la ƒe kakɛ aɖewo va dzea míaƒe anyigba la dzi.” (Rare Earth—Why Complex Life Is Uncommon in the Universe) Woke ɖe ɣe kple eŋuɣletinyigba bubu siwo me ɣletinyigba gãwo le la hã ŋu. Gake ale si ɣletinyigba gã siawo ƒe akpa gãtɔ ƒoa xlã woƒe ɣeawoe la agblẽ nu le ɣletinyigba sue siwo le abe míaƒe anyigbaa ene la ŋu.

Dɔ Siwo Ɣletia Wɔna

Tso blema ke la, míaƒe ɣletia nana amegbetɔwo ƒe nu kuna. Ame geɖewo ŋlɔa hakpanyawo tso eŋu alo tsɔnɛ kpaa hae. Le kpɔɖeŋu me, blema Hebritɔ hakpanyaŋlɔla aɖe ɖɔ ɣletia be ‘eli ke tegbee abe ɖasefo si le dziŋgɔli me ene, eye wònye nyateƒetɔ.’—Psalmo 89:38.

Mɔ vevi siwo nu ɣletia kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe anyigba dzi le la dometɔ ɖekae nye be eƒe nuheŋusẽ nana be atsiaƒu sina alo gbagbana. Eye wosusui be atsiaƒua ƒe sisi alo eƒe gbagba kpɔa ŋusẽ vevi aɖe ɖe yame ƒe nɔnɔmewo dzi.

Dɔ vevi bubu si ɣletia wɔnae nye be eƒe nuheŋusẽ na be anyigba la li ɖe eƒe anyinɔwo dzi eye wòviã vie hafi le xlã ƒom ɣea. Agbalẽ aɖe si ƒoa nu tso dzɔdzɔme ŋuti nunya ŋu si ŋkɔe nye Nature gblɔ be, ɣletia manɔmee la, anye ne le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, anyigba la ƒe anyinɔwo aviã wu ale si dze. Bu ale si wòanɔ ne ɖe anyigba la ƒe anyinɔwo meviã vie o la ŋu kpɔ! Anye ne ɣeyiɣiwo kple azãgbewo manɔ tɔtrɔm o, eye tsi hã manɔ dzadzam ɖe ɖoɖo nu o. Ne menye ɖe anyigba la viã vie o la, anye ne yame ƒe nɔnɔmewo nu asẽ ale gbegbe be agbe manya nɔ o. Ɣletiviŋununyala Jacques Laskar ƒo nya ta be: “Nu tɔxɛ aɖee na be míaƒe yame ƒe nɔnɔmewo le ɖoɖo si nu wole la: eyae nye Ɣletia.” Be wòate ŋu ana nuwo nanɔ ɖoɖo sia nu la, míaƒe ɣletia lolo—elolo wu ɣletinyigba gãwo ƒe ɣletiwo.

Abe ale si Biblia gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ŋlɔla gblɔe ene la, dɔ bubu si hã míaƒe ɣletia gawɔnae nye be eklẽna ɖe anyigba la dzi le zã me.—Mose I, 1:16.

Nudogoɖenunue Loo Alo Ðe Wowɔea?

Nu kae ame aɖe ate ŋu agblɔ be eya gbɔe nu gbogbo siwo katã wɔe be agbe nya nɔna le anyigba dzi eye míesea vivi le eme la tso? Edze abe ŋuɖoɖo eve koe li ene. Gbãtɔe nye be nu ŋutɔŋutɔ siawo nye nudogoɖenunu siwo dzɔ le vome ko. Eveliae nye be nunyala aɖe koŋue ɖoe wɔ wo.

Ƒe akpe geɖewoe nye esia la, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ be Wɔla aɖee ɖoe wɔ míaƒe xexea—eyae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ne nyateƒee nya sia nye la, ke efia be ɖee woɖo ɖoɖo siwo nu míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo zɔna ɖo la wɔ, ke menye nudogoɖenunue o. Ne míagblɔe la, Wɔla la na woŋlɔ ɖoɖo siwo nu wòwɔ nuawo ɖo be agbe nanya nɔ le anyigba dzi la da ɖi na mí. Awɔ nuku na wò be nasee be togbɔ be nuŋlɔɖi sia xɔ ƒe 3,500 hã la, ale si woɖɔ ɖoɖo si nu wowɔ xexea ɖo la sɔ kple ale si dzɔdzɔme ŋuti nunyalawo hã bunɛ be eya nue wodzɔ ɖo. Nuŋlɔɖi sia le Biblia gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. Kpɔ nu si wògblɔ la ɖa.

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa Me Nuwɔwɔ Ŋuti Nuŋlɔɖia

“Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” (Mose I, 1:1) Míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo, míaƒe anyigba, kple ɣletiviwo kpakple ɣletivihatsotso biliɔn gbogbo siwo le míaƒe xexea me ŋue nya siwo wotsɔ dze Biblia me nyawo gɔmee la ku ɖo. Le Biblia ƒe nya nu la, ɣeaɖeɣi la, ‘anyigba dzi nɔ nyama, nɔnɔme meli nɛ o.’ Anyigbagãwo kple anyigba ƒuƒuiwo menɔ anyi o. Gake nya siwo kplɔe ɖo tɔ asi nu si dzɔdzɔme ŋuti nunyalawo bu be eyae le vevie hafi agbe nanya nɔ le anyigba dzi la dzi—eyae nye tsi sɔgbɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔ “agba sam le tsia dzi.”—Mose I, 1:2.

Be tsi si le anyigbaa dzi nagamie alo abla azu tsikpe o la, ele be didime si sɔ nanɔ ɣe kple ɣletinyigba la dome. Ɣletinyigba ŋuti nunyala Andrew Ingersoll gblɔ be: “Mars fa akpa, Venus xɔ dzo akpa, gake Anyigba ya le afi si sɔ pɛpɛpɛ.” Numiemiewo hã hiã kekeli si sɔ be woate ŋu atsi. Nukutɔe la, Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be le nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu na ɣe klẽ to afu si do litii ɖe atsiaƒua dzi, abe ale si ‘woxatsana avɔ’ ɖe vidzĩ ŋu ene, la me.—Hiob 38:4, 9; Mose I, 1:3-5.

Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe kpukpui siwo kplɔe ɖo gblɔ be Wɔla la wɔ nu si Biblia yɔ be “alili.” (Mose I, 1:6-8) Alili siae nye ya vovovo siwo ƒo xlã anyigba la.

Biblia ɖe eme be Mawu trɔ anyigba si dzi tsi xɔ la wòzu anyigba ƒuƒui. (Mose I, 1:9, 10) Anɔ eme be, ena be anyigba tume ho ɖe dzi. Esia anya na teƒe aɖewo zu ʋe gãwo eye anyigbagãwo do tso atsiaƒu la me.—Psalmo 104:6-8.

Ɣeyiɣi aɖe le anyigba wɔwɔ vɔ megbe la, Mawu wɔ ƒumegbe suesuesue siwo womate ŋu akpɔ kple ŋku ƒuƒlu o la ɖe atsiaƒuwo me. Ƒumegbe siawo siwo nɔa kekem ɖe enu la va te ɣea ƒe ŋusẽ zazã tsɔ trɔa carbon dioxide wòzua woƒe nuɖuɖu, eye wotua ɔksidzin ɖe yame. Nuwɔna wɔnuku sia va tsɔ kabakaba le nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke etɔ̃agbe, esime wowɔ numiemie siwo va xɔ anyigba bliboa dzi emegbe la. Esia wɔe be ɔksidzin ƒe agbɔsɔsɔme si le yame la dzi ɖe edzi, ale be amegbetɔwo kple lãwo siaa nate ŋu ava kpɔ ya si woagbɔ be woate ŋu anɔ agbe.—Mose I, 1:11, 12.

Be Wɔla la nana anyigba nawɔ nu la, ewɔ nugbagbevi suesuesue hamehamewo ɖe anyigba me. (Yeremya 51:15) Nugbagbevi suesuesue siawo nana gbe ƒuƒuwo nyunyɔna eye wotrɔna zua nunyiame siwo atiwo hiã be woatsi. Anyigba me nugbagbevi suesuesue tɔxɛ aɖewo gbɔa nitrogen (azote) tsoa ya me, eye esia nana atiwo tea ŋu kpɔa ya vevi sia si hiã na woƒe tsitsi. Nukutɔe la, nugbagbevi suesuesue siwo ade biliɔn ade ye nɔa anyigba wɔnu asivlo ɖeka pɛ ko me!

Mose I, 1:14-19 ɖɔ ale si wowɔ ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke eneagbe. Gbã la, nya sia adze abe ɖe wòtsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe siwo do ŋgɔ la ŋu ene. Gake de dzesii be Mose, ame si ŋlɔ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa la, ɖɔ nuwɔwɔ ŋuti nya ko abe ɖe wònɔ anyigba dzi nɔ eteƒe kpɔm hafi wonɔ nuwo wɔm ene. Edze abe ɣemaɣie ɣe, ɣleti, kple ɣletiviawo te dzedze le yame ene.

Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nuŋlɔɖia gblɔ be wowɔ nuwɔwɔ siwo le atsiaƒu me le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke atɔ̃agbe, eye wowɔ anyigbadzilãwo kple amegbetɔ le ŋkeke adeagbe.—Mose I, 1:20-31.

Wowɔ Anyigba La Be Míakpɔ Dzidzɔ Le Edzi

Ðe mekpɔe be ɖe wowɔ agbe si míele le anyigba dzi, si dzɔ abe ale si woɖɔe le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me ene, la be míase vivi le eme oa? Ðe nèfɔ le ŋkeke si dzi ŋdɔ le ʋuʋum nyuie dzi, gbɔ ya fafɛ, eye dzi dzɔ wò ŋutɔ be yegale agbe kpɔa? Ðewohĩ èɖi tsa le abɔ nyui aɖe me kpɔ eye seƒoƒowo ƒe amadedewo kple woƒe ʋeʋẽ lililiawo do dzidzɔ na wò. Alo ɖewohĩ èɖi tsa le atikutsetsebɔ aɖe me kpɔ eye nègbe kutsetse viviawo dometɔ aɖewo ɖu. Mate ŋu ase vivi ma gbegbe ne menye nu siwo gbɔna lae li o: (1) tsi gbogbo si le anyigba dzi, (2) dzoxɔxɔ kple kekeli si sɔ si tsoa ɣea gbɔ, (3) ya si ƒo xlã anyigba la si me ya vovovowo le, kpakple (4) anyigba nyonuwo.

Nu siawo katã—siwo mele Mars, Venus, kple ɣletinyigba bubuwo dzi o la—menye nudogoɖenunuwoe o. Wowɔ wo nyuie ɖe ɖoɖo nu be míase vivi le agbe me le anyigba dzi. Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, Biblia gblɔ hã be Wɔla la wɔ míaƒe anyigba dzeani sia be wòanɔ anyi tegbee.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Ɣletinyigba ene gbãtɔ siwo le míaƒe ɣe kple eŋuɣletinyigbawo me woe nye—Mercury, Venus, Anyigba, kple Mars—woyɔa wo be ɣletinyigba ƒuƒuiwo, elabena kpewo le wo dzi. Ɣletinyigba gã—siwo nye Yupiter, Saturn, Uranus, kple Neptune—nye ya kple dzudzɔ babla sɔŋ.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

“Ne wobia tso nye ame si nye anyigba ŋuti nunyala si be maɖe ale si míesusuna egbea be anyigba wɔ va dzɔ kple ale si nugbagbe siwo le edzi wɔ va li me na ame tsɛ siwo nye alẽkplɔlawo, abe to siwo woŋlɔ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa na ene la, nyemate ŋu aɖe eme eme nakɔ wu nya siwo wogblɔ le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta gbã me o.”—Anyigba ŋuti nunyala Wallace Pratt.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

ELE AFI SI SƆ NA NUSƆSRƆ̃ TSO ƔLETIVIWO ŊU

Ne teƒe bubu aɖee ɣea le le míaƒe ɣletivihatsotsoa me la, anye ne míate ŋu anɔ ɣletivi bubuawo kpɔm nyuie alea o. Agbalẽ si nye The Privileged Planet gblɔ be: “Ɣea kple eŋuɣletinyigbawo le . . . afi si didi boo tso nuto si me ʋuʋu kple kekeli nu sẽ le, si wɔe be míetea ŋu kpɔa ɣletivi siwo gogo mí kple esiwo didi tso míagbɔ la siaa nyuie.”

Gawu la, ɣletia ƒe lolome kple ale si wòdidi tso anyigba gbɔe sɔ nyuie ŋutɔ be ɣletia natsyɔ ɣea ŋkume ne zãdokeli do. Nudzɔdzɔ wɔnuku sia si mebɔ o la naa mɔnukpɔkpɔ ɣletiviŋununyalawo be woasrɔ̃ nu tso ɣea ŋu. Nusɔsrɔ̃ siawo kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu va nya nu geɖe tso ale si ɣletiviwo klẽnɛ ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ɣletia ƒe lolome si sɔ ŋutɔ la wɔe be anyigba la li ɖe eƒe anyinɔwo dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nu kawoe na be agbe nya nɔna le anyigba dzi? Eƒe tsi gbogboawo, dzoxɔxɔ kple kekeli si sɔ, ya si ƒo xlã anyigba, kple anyigba nyonu la

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Anyigbaa: Based on NASA Photo; lua: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.