Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anukwareɖiɖi Ƒe Kpɔɖeŋu

Anukwareɖiɖi Ƒe Kpɔɖeŋu

Anukwareɖiɖi Ƒe Kpɔɖeŋu

NELMA, si nye ɖawɔla le Cruzeiro do Sul, Brazil, do go nɔnɔme aɖe si do eƒe Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ nyitsɔ laa. Esi tsiɖɔɖɔ aɖe va gblẽ nu le woƒe nutoa me la, Nelma ƒe asisi aɖe ɖo awu aɖewo ɖee. Esime wònɔ awuawo me kam la, eke ɖe ga home si nye United States ƒe dɔlar 1,000 ŋu le atawui aɖe ƒe kotokuwo me.

Ga si Nelma kpɔ le kotokuawo me la ƒe home ade eƒe ɣleti adre ƒe fetu, eye ehiã ga ma vevie. Tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋu vevie, eye fofoa kple nɔviawo hã bu woƒe nunɔamesi akpa gãtɔ. Ate ŋu azã ga ma atsɔ awu eƒe aƒea dzadzraɖo nu, eye ɖe nagasusɔ wòatsɔ akpe ɖe eƒe ƒometɔawo ŋui. Gake Nelma ƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee meɖe mɔ nɛ be wòazi gaa dzi o.—Hebritɔwo 13:18.

Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, eyi dɔ me kaba wu ale si wòyina, eye wòyi ɖe nyɔnu dɔdzikpɔlagã si ɖo awuawo ɖee la gbɔ. Nelma da akpe nɛ ɖe awuawo ta, gake gblɔ kpee be yemate ŋu azi nu si yekpɔ le awuawo me dzi o. Nyɔnua kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be etrɔ ga vɛ. Ðe wòdzra ga sia ɖo be yeatsɔ axe fe na yeƒe dɔwɔlawo. Nyɔnu dɔdzikpɔlagã la gblɔ be: “Anukwareɖiɖi megabɔ egbea kura o.”

Le nyateƒe me la, ame aɖewo abui be anukwareɖiɖi meɖea vi boo aɖeke o. Ke hã, ame siwo dina be yewoadze Yehowa, Mawu vavã, la ŋu ya dea asixɔxɔ gã aɖe ŋutɔ anukwareɖiɖi ŋu. (Efesotɔwo 4:25, 28) Nelma gblɔ be: “Nenye ɖe mezi gaa dzi la, anye ne metsi zãdomadɔlɔ̃e.”