Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃nyɔnuwo—mide Bubu Deto Mia Srɔ̃wo Ŋu

Srɔ̃nyɔnuwo—mide Bubu Deto Mia Srɔ̃wo Ŋu

Srɔ̃nyɔnuwo—Mide Bubu Deto Mia Srɔ̃wo Ŋu

“Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo.”—EFESOTƆWO 5:22.

1. Nu ka tae bubudede srɔ̃ŋutsu ŋu sesẽna zi geɖe?

LE DUKƆ geɖewo me la, ne ame eve le wo nɔewo ɖem la, ŋugbetɔa kaa atam be yeade bubu deto ye srɔ̃ ŋu. Gake ale si srɔ̃ŋutsu aɖewo wɔa nu ɖe wo srɔ̃wo ŋui nana be atamkaka ma dziwɔwɔ sesẽna loo, alo nɔa bɔbɔe. Ke hã, gɔmedzedze nyui aɖe ŋutɔe nɔ srɔ̃ɖeɖe si. Mawu ɖe Adam, si nye ŋutsu gbãtɔ, ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnui nɛ. Adam gblɔ kple dzidzɔ be: “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me.”—Mose I, 2:19-23.

2. Aleke nyɔnuwo ƒe nuwɔna kple woƒe nɔnɔme ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu trɔe?

2 Togbɔ be srɔ̃ɖeɖe dze egɔme nyuie alea hã la, woɖo habɔbɔ aɖe si dzi woda ŋkɔ ɖo be nyɔnuwo ƒe ɖokuisinɔnɔ taʋiʋli—si nye nyɔnuwo ƒe agbagbadzedze be yewoavo tso ŋutsuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me—la anyi le ƒe 1960-awo ƒe gɔmedzedze le United States. Ɣemaɣi la, ne ŋutsu 300 gblẽ woƒe ƒomewo ɖi la, nyɔnu 1 koe wokpɔna wòwɔa nenema. Gake kaka ƒe 1960-awo ƒe nuwuwu naɖo la, nɔnɔmea trɔ ale be nyɔnu 3 sɔŋue gblẽa woƒe ƒomewo ɖi. Egbea la, edze abe nyɔnuwo hã taa nu, noa aha, noa atama henɔa agbe gbegblẽ abe ŋutsuwo ke ene. Ðe esia na be nyɔnuwo le dzidzɔ kpɔm wua? Kpao! Le dukɔ aɖewo me la, ame siwo ɖea srɔ̃ la ƒe afã va gbea wo nɔewo mlɔeba. Ðe agbagba si nyɔnu aɖewo dzena be yewoana yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze la na be nuwo nyo wu loo alo gblẽ ɖe edzia?—Timoteo II, 3:1-5.

3. Kuxi ka koŋue le nu gblẽm le srɔ̃ɖeɖe ŋu?

3 Nu ka koŋue nye kuxia? Le go aɖewo me la, esiae nye kuxi si nɔ anyi tso esime mawudɔla dzeaglã, si nye “da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana” la ble Xawa. (Nyaɖeɖefia 12:9; Timoteo I, 2:13, 14) Satana trɔ gbo Mawu ƒe nufiafiawo. Le kpɔɖeŋu me, Abosam na wòdze abe srɔ̃ɖeɖe sesẽ akpa eye wònana woxaxana ene. Taɖodzinu si le boblo si wòdona to xexe sia—si dzi ɖum wòle—ƒe nyakakamɔnuwo dzi ŋue nye be yeana amewo nabui be Mawu ƒe mɔfiamewo mesɔ kura o, eye wozu tsigadzinu. (Korintotɔwo II, 4:3, 4) Ke hã, ne míetsɔ nukpɔsusu nyuie dzro nu siwo Mawu gblɔ ku ɖe nyɔnu ƒe ɖoƒe le srɔ̃ɖeɖea me ŋu me la, míakpɔe be nunya le Mawu ƒe Nya la me eye viɖe le eŋu.

Nuxlɔ̃ame Na Ame Siwo Le Srɔ̃ɖeɖe Ŋu Bum

4, 5. (a) Nu ka tae wòhiã be woakpɔ nyuie ne wole srɔ̃ɖeɖe ŋu bum? (b) Nu kae wòle be nyɔnu nawɔ hafi alɔ̃ be yeaɖe ame aɖe?

4 Nuxlɔ̃amenya aɖe le Biblia me na mí. Egblɔ be le xexe sia si dzi ɖum Abosam le me la, ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔa dzidzedze ŋutɔ gɔ̃ hã akpɔ “xaxa.” Eya ta togbɔ be Mawu ƒe ɖoɖoe srɔ̃ɖeɖea nye hã la, Biblia na nuxlɔ̃ame aɖe ame siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum. Biblia ŋlɔla aɖe si gbɔgbɔ ʋã gblɔ ku ɖe nyɔnu si srɔ̃ ku eye wòvo aɖe srɔ̃ bubu la ŋu be: “Nenye be, enɔ anyi nenema srɔ̃maɖemaɖee la, woayrae awu.” Yesu hã de trenɔnɔ ƒe dzi ƒo na ame siwo ‘ate ŋui.’ Ke hã, ne ame aɖe tiae be yeaɖe srɔ̃ la, ke ele be wòaɖee “le Aƒetɔ la me,” si fia be wòaɖe Mawu subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ.—Korintotɔwo I, 7:28, 36-40; Mateo 19:10-12.

5 Nu si koŋ tae wòle be nyɔnu nabu ame si wòadi be yeaɖe ŋu nyuie la ku ɖe nya aɖe si Biblia gblɔ ŋu be: ‘Nyɔnu srɔ̃tɔ la, se blae ɖe srɔ̃a ŋuti.’ Ne srɔ̃ŋutsua ku alo wɔ ahasi eye wogbe wo nɔewo ko hafi ‘wòvo tso eƒe se la me.’ (Romatɔwo 7:2, 3) Akpɔ ame zi gbãtɔ ko eƒe nu nalé dzi na ame ate ŋu anyo na lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna aɖewo ya, gake esia ɖeɖe mate ŋu ana woaɖo srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzɔ gɔme anyi o. Eya ta ahiã be nyɔnu si mekpɔ ɖe srɔ̃ o nabia eɖokui be, ‘Ðe malɔ̃ ade ta nubabla aɖe si ana be mava nɔ ŋutsu sia ƒe se te la mea?’ Ɣeyiɣi si me wòle be woabu nya sia ŋue nye do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea, ke menye le emegbe o.

6. Tiatia kae nyɔnu akpa gãtɔwo ŋutɔ ate ŋu awɔ egbea, eye nu ka tae esia le vevie?

6 Le teƒe geɖewo egbea la, nyɔnu ŋutɔ ate ŋu atiae be yealɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeŋugbedodo aɖe dzi loo alo agbee. Ke hã, be nyɔnu nawɔ tiatia si me nunya le lae nye nyametsotso sesẽtɔ, esi ƒomedodo kplikplikpli kple lɔlɔ̃ si tea ŋu nɔa srɔ̃ɖeɖe me ƒe dzodzroa nu ate ŋu asẽ le eme vevie ta. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Zi ale si míedi be míawɔ nane—eɖanye srɔ̃e míedi be míaɖe alo to aɖe koŋ míedi be míalia o—la, zi nenemae wònɔa bɔbɔe be míetea ŋu wɔa nyametsotso gbegblẽwo eye míedina be míaɖo to nya siwo avivi to me na mí la ko.” Nyametsotso gbegblẽ wɔwɔ ate ŋu ana toliala nabu eƒe agbe; nenema kee ame si woaɖe tiatia ŋumaɖɔɖotɔe ate ŋu agblẽ nu geɖe.

7. Aɖaŋuɖoɖo si me nunya le kae woɖo ku ɖe ame si woaɖe didi ŋu?

7 Ele be nyɔnu nabu nu si wòabia tso esi be wòava nɔ ŋutsu aɖe si le srɔ̃ɖeŋugbe dom nɛ ƒe se te ŋu vevie. Ƒe aɖewoe nye esia la, nyɔnuvi Indiantɔ aɖe gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Mía dzilawo tsi wu mí eye wonya nu hã wu mí, eye wometea ŋu flua wo bɔbɔe abe míawo ene o. . . . Mate ŋu awɔ vodada bɔbɔe.” Kpekpeɖeŋu si dzilawo kple ame bubuwo ate ŋu ana la le vevie. Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la, aɖaŋuɖola nyanu aɖe de dzi ƒo na sɔhɛwo be woadze agbagba anya ame si wodi be yewoaɖe la dzilawo, eye woalé ŋku ɖe ale si amea wɔa nu ɖe edzilawo kple ƒometɔ bubuwo ŋui la ŋu.

Ale Si Yesu Ðe Ðokuibɔbɔ Fiae

8, 9. (a) Aleke Yesu bu eɖokuibɔbɔ ɖe Mawu tee? (b) Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso ɖokuibɔbɔ me?

8 Togbɔ be ɖokuibɔbɔ ate ŋu asesẽ hã la, nyɔnuwo ate ŋu abui be enye nuwɔna aɖe si ŋu bubu le, abe ale si Yesu bui ene. Togbɔ be eɖokuibɔbɔ ɖe Mawu te bia be wòakpe fu, eye wòaku ɖe fuwɔameti ŋu hã la, ɖokuibɔbɔ ɖe Mawu te do dzidzɔ nɛ. (Luka 22:41-44; Hebritɔwo 5:7, 8; 12:3) Nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu, elabena Biblia gblɔ be: “Nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Korintotɔwo I, 11:3) Ke hã, nukutɔea, menye ne nyɔnuwo ɖe srɔ̃ ko hafi wova nɔa ŋutsuwo ƒe tanyenye te o.

9 Biblia ɖe eme be, ele be nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokui ɖe ŋutsu siwo woɖo be woakpɔ Kristo hamea dzi la ƒe tanyenye te, woɖanye srɔ̃tɔ alo womenyee o. (Timoteo I, 2:12, 13; Hebritɔwo 13:17) Ne nyɔnuwo wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiame sia dzi la, woɖoa kpɔɖeŋu ɖi na mawudɔla siwo le Mawu ƒe hakplɔɖoɖo la me. (Korintotɔwo I, 11:8-10) Gakpe ɖe eŋu la, nyɔnu srɔ̃tɔ tsitsiwo toa woƒe kpɔɖeŋu nyui siwo woɖona kple woƒe aɖaŋuɖoɖo tuameɖowo dzi fiaa ɖetugbiwo be “woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo.”—Tito 2:3-5.

10. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi le ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia mee?

10 Yesu kpɔ ɖokuibɔbɔ si sɔ ƒe vevienyenye dze sii. Ɣeaɖeɣi la, ebia tso Petro si be wòaxe adzɔ ɖe woa kple evea siaa ta na dziɖuɖumegãwo, eye wòfia Petro ale si wòawɔ akpɔ ga si wòatsɔ axe adzɔ lae. Petro ŋlɔ emegbe bena: “Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amewo ƒe nuɖoanyi katã te le Aƒetɔ la ŋuti.” (Petro I, 2:13; Mateo 17:24-27) Wogblɔ le Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si ɖe dzesi wu ŋu be: “Eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame tɔ ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me.”—Filipitɔwo 2:5-8.

11. Nu ka tae Petro de dzi ƒo na srɔ̃nyɔnuwo be woabɔbɔ wo ɖokui na srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔwo gɔ̃ hã?

11 Esime Petro nɔ dzi dem ƒo na Kristotɔwo be woabɔbɔ wo ɖokui na xexe sia me dziɖuɖumegã siwo wɔa nu madzɔmadzɔ hesẽa ŋuta gɔ̃ hã la, egblɔ be: “Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Esime Petro ƒo nu tso ale si gbegbe Yesu kpe fui kple ale si wòdo dzi ɖokuibɔbɔtɔe ŋu vɔ la, ede dzi ƒo na srɔ̃nyɔnu siwo srɔ̃wo nye dzimaxɔsetɔwo be: “Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.”—Petro I, 3:1, 2.

12. Nu nyui kawoe do tso Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ me?

12 Amewo ate ŋu abui be ne ame aɖe bɔbɔa eɖokui ne woɖu fewu le eŋu alo ɖi gbɔ̃e la, enye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ. Gake menye nenemae Yesu ya bui o. Petro ŋlɔ bena: “Esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o.” (Petro I, 2:23) Ame siwo kpɔ Yesu wònɔ fu kpem la dometɔ aɖewo va zu xɔsetɔwo le mɔ aɖe ya teti nu. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye adzodala si woklã ɖe ati ŋu le exa kple asrafomegã si xɔ ŋgɔ le Yesu wuwu me. (Mateo 27:38-44, 54; Marko 15:39; Luka 23:39-43) Nenema ke Petro gblɔ be srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔwo dometɔ aɖewo—esiwo sẽa ŋuta kura gɔ̃ hã—ava zu Kristotɔwo ne wokpɔ ale si wo srɔ̃wo bɔbɔa wo ɖokuii. Esia le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ egbea míele kpɔkpɔm.

Ale Si Srɔ̃nyɔnuwo Awɔ Aɖe Wo Srɔ̃wo

13, 14. Aleke ɖokuibɔbɔ na srɔ̃ŋutsu siwo nye dzimaxɔsetɔwo la ɖe vii?

13 Srɔ̃nyɔnu siwo va zu xɔsetɔwo to Kristo ƒe nɔnɔmewo ɖeɖe fia dzi ɖe wo srɔ̃wo. Le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me la, srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ le srɔ̃a si nye Kristotɔ ŋu be: “Mekpɔe be medzɔ lã ŋutɔ le ale si mewɔ nu ɖe srɔ̃nye ŋui me. Ke hã, egayi edzi de bubu ŋunye kokoko. Medo ŋukpem kpɔ o. Medze agbagba be yeazi yeƒe dzixɔsewo ɖe dzinye o. Elé be nam lɔlɔ̃tɔe. Nenye be ayi takpekpe la, edzea agbagba ɖaa nu dana ɖi nam eye ewɔa aƒemedɔwo hafi dzona. Eƒe nɔnɔme na be meva te ɖe tsɔtsɔ le Biblia me nyawo me. Eye fifia, nyee nye esi va zu Ðasefo!” Nyateƒee, srɔ̃nyɔnua ƒe agbenɔnɔ ‘ɖee nya aɖeke magblɔmagblɔ.’

14 Abe ale si Petro te gbe ɖe edzii ene la, nu siwo srɔ̃nyɔnu wɔna koŋue hea emetsonu nyuiwo vɛ, ke menye nya gbogbo siwo wògblɔna ye o. Esia dze le srɔ̃nyɔnu aɖe si srɔ̃ Biblia me nyateƒea eye wòɖoe kplikpa be yeanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem la gome. Srɔ̃a blu ɖe eta gbe ɖeka be: “Agnes, ne eto ʋɔtru ma nu do la, megagbɔ va aƒe sia me ake o!” Meto “ʋɔtru ma” nu do o, ke eto bubu nu boŋ. Esi game su na kpekpe si kplɔe ɖo la, edo ŋɔdzi nɛ be: “Ne eyi gbɔ la, magakpɔm le aƒe sia me o.” Alea wòdzɔe be menɔ aƒea me o—eʋu le aƒea me ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Esi wòtrɔ gbɔ va la, srɔ̃nyɔnua biae tufafatɔe be: “Nu kae maɖa na wò?” Agnes megbɔdzɔ vie gɔ̃ hã le eƒe Yehowa subɔsubɔ me o. Srɔ̃ŋutsua va lɔ̃ mlɔeba be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu heva zu dzikpɔla si dzi agbanɔamedzi geɖewo le emegbe.

15. “Lekewɔwɔ” kae wokafu na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo?

15 Apostolo Petro kafu nane si srɔ̃nyɔnu siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la ɖe fia, si nye “lekewɔwɔ,” gake mede dzi ƒo be woƒe susu katã nanɔ “ɖaƒoƒo” alo “awudodo” ŋu o. Petro gblɔ boŋ be: “[Miaƒe lekewɔwɔ nanye] dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.” Gbɔgbɔ fatu sia dzena le gbe si míetsɔna ƒoa nui kple nɔnɔme nyoameŋuwo me, ke menye to nyaʋiʋli kple tɔtete ɖe nya dzi me o. Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ toa esia wɔwɔ me dea bubu deto srɔ̃a ŋu.—Petro I, 3:3, 4.

Kpɔɖeŋu Siwo Míasrɔ̃

16. Mɔ kawo nue Sara nye kpɔɖeŋu nyui na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo le?

16 Petro ŋlɔ bena: “Nyɔnu kɔkɔewo hã, amesiwo kpɔ mɔ na Mawu la, wɔ leke na wo ɖokui tsã, eye wo bɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo srɔ̃wo.” (Petro I, 3:5) Ame siawo kpɔe dze sii be nuwɔwɔ wòadze Yehowa ŋu to wɔwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi me ahe ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kpakple agbe mavɔ vɛ godoo. Petro ƒo nu tso Sara, Abraham srɔ̃ dzetugbe la, ŋu hegblɔ le eŋu be ‘eɖoa to Abraham, eye wòyɔnɛ be aƒetɔ.’ Sara kpe asi ɖe srɔ̃a mawuvɔ̃la, ame si Mawu de dɔ asi na be wòayi aɖasubɔ le anyigba didi aɖe dzi, la ŋu. Etsɔ agbenɔnɔ si me dzidzeme le sa vɔe, eye wòde eƒe agbe gɔ̃ hã afɔku me. (Mose I, 12:1, 10-13) Petro kafu Sara le dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la ta hegblɔ be: “Amesi vinyɔnuviwo miezu azɔ, ne miewɔa nyui, eye mievɔ̃a ŋɔdzidodo aɖeke o.”—Petro I, 3:6.

17. Nu ka tae anya nɔ susu me na Petro be Abigail nye kpɔɖeŋu na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo?

17 Abigail hã nye nyɔnu dzinɔameƒotɔ bubu aɖe si hã kpɔ mɔ na Mawu, eye ɖewohĩ eya hã anya nɔ susu me na Petro. “Nyɔnu la ƒe tagbɔ kɔ,” gake srɔ̃a Nabal ya ‘nye ŋlɔmitɔ eye wòvɔ̃ɖi.’ Esi Nabal gbe be yemana kpekpeɖeŋu Dawid kple eƒe amewo o la, wodzra ɖo be yewoava tsrɔ̃ Nabal kple eƒemetɔwo katã. Gake Abigail ɖe afɔ aɖe tsɔ xɔ eƒemetɔwo ɖe agbe. Ebla nuɖuɖu ɖe tedziwo dzi yi ɖakpe Dawid esime woa kple eƒe asrafowo nɔ mɔ dzi gbɔna. Esi wòkpɔ Dawid ko la, eɖi le eƒe tedzi dzi, tsyɔ mo anyi hete kokoƒoƒo nɛ be wòagawɔ nu dzitsitsitɔe o. Esia wɔ dɔ ɖe Dawid dzi ŋutɔ, eye wògblɔ be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi dɔ wò ɖa nèva kpem egbe! Woakafu wò nunya.”—Samuel I, 25:2-33.

18. Kpɔɖeŋu ka ŋue srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu abu ne ame aɖe si menye wo srɔ̃ o le ahiãmo ɖom na wo, eye nu ka tae?

18 Sulamit ɖetugbi si wɔ nuteƒe na alẽkplɔla tsɛ, ame si wodo eƒe ŋugbe na, hã nye kpɔɖeŋu nyui bubu na srɔ̃nyɔnuwo. Egakpɔtɔ lɔ̃e vevie ko togbɔ be dziɖula kesinɔtɔ aɖe nɔ ahiã dzimee hã. Eɖe ale si wòsena le eɖokui me ɖe ɖekakpui alẽkplɔla la ŋu gblɔ ale: “Tsɔm wɔ ŋkɔsigɛ de wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, . . . Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisi gãwo mate ŋu akplɔe adzoe o.” (Hawo ƒe Ha 8:6, 7) Neva eme be nyɔnu siwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me hã naɖoe kplikpa alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na wo srɔ̃wo ahade bubu deto wo ŋu.

Mawumeɖaŋuɖoɖo Bubuwo

19, 20. (a) Susu ka tae wòle be srɔ̃nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokui na wo srɔ̃wo? (b) Kpɔɖeŋu nyui kae woɖo ɖi na srɔ̃nyɔnuwo?

19 Mlɔeba la, mina míadzro nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui si dzi wotu míaƒe nyatia ɖo me, egblɔ be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo.” (Efesotɔwo 5:22) Nu ka tae ɖokuibɔbɔ sia le vevie ɖo? Mawunyakpukpui si kplɔe ɖo yi edzi be: “Elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene.” Eya ta, woxlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnuwo be: “Alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me.”—Efesotɔwo 5:23, 24, 33.

20 Be srɔ̃nyɔnuwo nawɔ ɖe sedede sia dzi la, ehiã be woasrɔ̃ nu tso Kristo yomedzela amesiaminawo ƒe hame la ŋu ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Taflatse, xlẽ Korintotɔwo II, 11:23-28 ne nàkpɔ fu siwo apostolo Paulo, hame la me tɔwo dometɔ ɖeka, kpe le nuteƒewɔwɔ na Yesu Kristo, eƒe Ta, me la ɖa. Abe Paulo ene la, ehiã be srɔ̃nyɔnuwo kple hamea me tɔ mamlɛawo siaa nayi edzi abɔbɔ wo ɖokui na Yesu nuteƒewɔwɔtɔe. Nyɔnuwo ɖea esia fiana to wo ɖokuibɔbɔ na wo srɔ̃wo me.

21. Nu kawoe ate ŋu aʋã srɔ̃nyɔnuwo be woayi edzi abɔbɔ wo ɖokui na wo srɔ̃wo?

21 Togbɔ be ɖokuibɔbɔ mado dzidzɔ na srɔ̃nyɔnu geɖewo egbea o hã la, nyɔnu nyanu ya abu viɖe siwo ado tso eme ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le nyɔnu si srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ gome la, ne ebɔbɔa eɖokui na srɔ̃a le nuwo katã me, zi ale si nu siwo wòbia menya tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ŋu o ko la, ate ŋu akpɔ emetsonu nyui si nye be ‘wòaxɔ srɔ̃a ɖe agbe.’ (Korintotɔwo I, 7:13, 16) Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu akpɔ dzidzeme esi wònyae be Yehowa Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe yeƒe agbagbadzedzeawo ŋu, eye be ayra ye geɖe esi yele Via si gbɔ melɔ̃a nu le o srɔ̃m ta.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na srɔ̃nyɔnu be wòade bubu srɔ̃a ŋu?

• Nu ka tae lɔlɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeŋugbedodo dzi nye ŋkubiãnya nenema gbegbe ɖo?

• Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na srɔ̃nyɔnuwo, eye viɖe kawoe ate ŋu ado tso eme ne wosrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Nu ka tae lɔlɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeŋugbedodo dzi alo egbegbe nye ŋkubiãnya?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Nu kae srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Abigail si nye ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe dometɔ ɖeka ɖo la me?